Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 FIA NU VIWÒWO

Yesu Kristo—Aleke Wòle Be Míabui Egbea?

Yesu Kristo—Aleke Wòle Be Míabui Egbea?

Le December me la, ame geɖe kpɔa Yesu ƒe vidzĩmenɔɣi ƒe nɔnɔmetatawo alo nɔmewɔwɔewo le xexea me godoo. Wokpɔnɛ be ele lãnuɖunu me. Lãnuɖunu nye nugo si me wokɔa gbe ɖo na lãwo be woaɖu. Gake vidzĩe wòle be míabu be Yesu kpɔtɔ nyea? * Na míaƒo nu tso nu si le vevie wu si dzi wòle be míaɖo ŋkui ku ɖe Yesu ŋu la ŋu. Míate ŋu asrɔ̃ nu tso eŋu le nu si teƒe alẽkplɔla aɖewo kpɔ esime wonɔ gbedzi le zã me le afi si gogo Betlexem la me.

Esime alẽkplɔlaawo nɔ gbea dzi la, kasia mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia wo. Egblɔ na wo be: “Wodzi Xɔla, si nye Kristo Aƒetɔ la, na mi.” Mawudɔlaa gblɔ na wo hã be woakpɔe be “woxatsa avɔ [ɖe Yesu ŋu hetsɔ] mlɔ lãnuɖunu me.” Enumake mawudɔla bubuwo hã va kpe ɖe eŋu eye wonɔ “Mawu kafum.”

Aleke nàse le ɖokuiwò me ne èsee mawudɔlawo le Mawu kafum?— Dzi dzɔ alẽkplɔlaawo ŋutɔ! Eye wogblɔ na wo nɔewo be: ‘Mina míayi Betlexem, ne míakpɔ nu sia si dzɔ la ɖa.’ Esi woyi afi ma la, wokpɔ “Maria kple Yosef kpakple vidzĩ, si nɔ anyimlɔƒe le lãnuɖunu me la.”

Esia megbe kpuie la, ame bubuwo hã va afi si Maria kple Yosef nɔ le Betlexem. Esi alẽkplɔlaawo gblɔ nu si dzɔ ŋuti nya na wo la, ewɔ nuku na wo katã. Ðe wòdo dzidzɔ na wò be ènya nu tso dzidzɔnya siawo ŋua?— Edzɔa dzi na mí ame siwo katã lɔ̃ Mawu. Azɔ na míakpɔ nu si tae Yesu dzidzi ŋuti nyaa nye dzidzɔnya alea gbegbe ɖo. Gake ehiã be míadzro nu si dzɔ do ŋgɔ na esia esime Maria meɖe srɔ̃ haɖe o la me gbã.

Gbe ɖeka, mawudɔla aɖe si ŋkɔe nye Gabriel la va Maria gbɔ. Edo ŋugbe nɛ be adzi vi aɖe si “anye gã, eye woayɔe be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi.” Gabriel gagblɔ hã be: ‘Aɖu fia, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.’

Esi Maria meɖe srɔ̃ ɣemaɣi o ta la, edi be yeanya ale si nu sia ate ŋu ava emee. Eya ta Gabriel ɖe eme  nɛ be: “Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò,” eye “woayɔ vi si nàdzi la be kɔkɔetɔ, Mawu ƒe Vi.” Nukunu gã aɖee wònye be woatrɔ Mawu ƒe Vi la ƒe agbe tso dziƒo atsɔ ade Maria ƒe vidzidɔ me be wòatsi abe vidzĩ ene!

Ðe nèkpɔ nɔnɔmetata alo wɔwɔfia siwo me “nunyala” etɔ̃ kple alẽkplɔlawo siaa yi ɖasrã Yesu vidzĩ la kpɔa?— Míekpɔa esia zi geɖe le Kristmas ɖuɣiwo (Noël dzi). Gake menye nenema tututue nyaa le o. Le nyateƒe me la, ɣletivimefakalawoe “nunyala” mawo nye, eye Mawu de se ɖe ɣletivimefakaka ŋu. Na míakpɔ nu si dzɔ esi wova ɖo la ɖa. Biblia gblɔ be: “Esi woyi aƒea me la, wokpɔ ɖevi sue la kple dadaa Maria.” Eya ta ɣemaɣi la, Yesu meganye vidzĩ si nɔ lãnuɖunu me o, ke boŋ enye ɖevi eye woa kple Yosef kpakple Maria wonɔ aƒe aɖe me!

Aleke ɣletivimefakalawo wɔ ke ɖe Yesu ŋu?— “Ɣletivi” aɖee fia mɔ wo, gake ekplɔ wo yi Fia Herodes gbɔ le Yerusalem gbã hafi kplɔ wo yi Betlexem. Biblia gblɔ be Herodes di be yeanya afi si Yesu le ale be yeawui. Azɔ bu nya sia ŋu kpɔ. Ame kae nèsusu be eyae na nu si dze abe ɣletivi ene la fia mɔ ɣletivimefakalaawo yi Herodes gbɔ?— Menye Mawu vavã, Yehowa, ye o, ke boŋ eƒe futɔ, Satana Abosam ye!

Egbea, Satana dzea agbagba be yeana amewo nabu Yesu abe vidzĩ kokoe ene. Gake mawudɔla Gabriel gblɔ na Maria be: ‘Yesu aɖu fia, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.’ Ɛ̃, Yesu zu Fia le dzi ɖum le dziƒo fifia, eye eteƒe madidi o, atsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo katã. Nu siae wòle be wòanɔ susu me na mí tso Yesu ŋu, eye ele be míagblɔe na ame bubuwo hã.

^ mm. 3 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.