Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Srɔ̃wò Megava Li O

Ne Srɔ̃wò Megava Li O

BIBLIA ƒe nya siawo me kɔ: Srɔ̃ŋutsu “nelɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene.” Ele be srɔ̃nyɔnu hã “nade bubu deto srɔ̃a ŋu.” Atsu kple asi nawɔ nu abe “ŋutilã ɖeka” ene. (Ef. 5:33; 1 Mose 2:23, 24) Ne ɣeyiɣiwo va le yiyim la, srɔ̃tɔwo va kuna ɖe wo nɔewo ŋu goŋgoŋ, eye woƒe lɔlɔ̃ hã saa kɔ ɖe edzi. Míate ŋu atsɔe asɔ kple ale si ati eve siwo wodo ɖe wo nɔewo xa ƒe kewo ɖoa wo nɔewo me. Nenemae srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu kpɔdzidzɔwo ƒe dzi kuna ɖe wo nɔewo ŋu vevie.

Ke ne eva dzɔ be srɔ̃tɔ ɖeka megava li o ɖe? Nublanu si metea ŋu tsona bɔbɔe le agbe me o lae nye ema tso. Esia ate ŋu ana ame si zu aho alo ahosi ƒe dzi nagbã, wòatsi akogo alo ɖewohĩ wòado dziku ahanɔ fɔ bum eɖokui. Daniella nɔ atsuƒe ƒe 58 sɔŋ eye wònya ame geɖe siwo srɔ̃wo ku le wo gbɔ. * Gake esi srɔ̃a ku la, egblɔ be: “Nyemenya kura be alea wòle o. Ðeko nàto eme hafi anya nu si wònye.”

VEVESESE SI NU MEFANA O

Numekula aɖewo gblɔ be naneke mevena wu ame srɔ̃ lɔlɔ̃a ƒe ku o. Ame siwo dzi ku dzɔ ɖo kpɔ la dometɔ geɖe alɔ̃ ɖe esia dzi. Millie srɔ̃ ku ƒe geɖee nye esi va yi. Egblɔ tso ale si agbea nɔ nɛ esi wòzu ahosi ŋu be: “Ðeko wòdze abe mezu wɔametɔ ene.” Enɔ nu ƒom tso nuxaxa si srɔ̃a si wo kplii wonɔ anyi ƒe 25 sɔŋ la ƒe ku nye nɛ ŋu.

Tsã la, ewɔna na Susan be ahosi siwo kpɔtɔ nɔa wo srɔ̃wo fam ƒe geɖe la ƒe nuxaxa gbɔ eme. Emegbe srɔ̃a si wo kplii wonɔ anyi ƒe 38 va ku.  Ƒe 20 kple edzivɔe nye esi va yi, gake egblɔ be, “Meɖoa ŋku srɔ̃nye dzi gbe sia gbe.” Zi geɖe la, aɖatsi gena le mo nɛ le esi wònɔa srɔ̃a susum ŋutɔ ta.

Biblia ɖo kpe edzi be vevesese gã aɖee wònyena ne ame srɔ̃ megava li o, eye vevesesea nɔa anyi ɣeyiɣi didi. Esime Sara ku la, srɔ̃a Abraham “va, be wòafa konyi, eye wòafa avi na Sara.” (1 Mose 23:1, 2) Togbɔ be Abraham xɔ tsitretsitsia dzi se hã la, exa nu vevie esi srɔ̃a lɔlɔ̃a megava li o. (Heb. 11:17-19) Nenema ke esi Raxel ku la, srɔ̃a lɔlɔ̃a Yakob meŋlɔe be o.—1 Mose 44:27; 48:7.

Nu kae míesrɔ̃ tso Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu siawo me? Zi geɖe la, ahowo kple ahosiwo yia edzi xaa nu ƒe geɖe. Ne wokpɔtɔ le nu xam alo lé blanui la, mele be wòawɔ na mí be ɖe wogbɔdzɔ o, ke boŋ ele be míase egɔme be nu gã aɖee bu na wo tae. Ele be míayi edzi ase veve ɖe wo nu ahado ŋusẽ wo.

BU ŊKEKE ÐE SIA ÐE ƑE KUXIWO KO ŊU

Aho alo ahosi nyenye menye tɔtrɔ ɖe tregbenɔnɔ ŋu ake ƒe nya o. Le srɔ̃ɖeɖe ƒe geɖe megbe la, srɔ̃ŋutsu nyaa ale si wòafa akɔ na srɔ̃a ahana eƒe dzi nadze eme nenye be elé blanui alo nu te ɖe edzi. Eya ta ne srɔ̃ŋutsua megava li o la, ke lɔlɔ̃ kple akɔfafa tsoƒee nye ema bu ɖe nyɔnua. Nenema kee le ƒe geɖe megbe la, srɔ̃nyɔnua va nyaa ale si wòana srɔ̃a nakpɔ dzidzɔ eye eƒe dzi nadze eme. Nyɔnua ƒe beléname kple nya fadzinamewo kpakple ale si wòtsɔa ɖe le srɔ̃a ƒe nuhiahiãwo me la tɔgbi meli o. Ne edzɔ be nyɔnua megava li o la, ŋutsua ase le eɖokui me be yetsi akogo. Eya ta mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame siwo zu ahowo kple ahosiwo eye womenyaa ale si etsɔme anɔ na wo o. Biblia ƒe gɔmeɖose kawoe ate ŋu afa dzi na wo eye woanɔ dedie?

Mawu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi ato ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo me

“Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple ye ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.” (Mat. 6:34) Togbɔ be Yesu ƒe nya sia ku ɖe ŋutilãmenu siwo hiãa mí le agbe me ŋu hã la, ekpe ɖe ame geɖe ŋu wodo dzi le vevesese si ame srɔ̃ ƒe ku nyena hã me. Ɣleti aɖewo le Charles srɔ̃ ƒe ku megbe la, egblɔ be: “Megasusua srɔ̃nye Monique vevie ŋutɔ, eye ɣeaɖewoɣi menɔa bɔbɔe nam kura o. Gake menya be nenema ko wònɔna, eye nye vevesesea aɖiɖi mlɔeba ne ɣeyiɣiawo va le yiyim.”

Ɛ̃, ehiã be Charles nado dzi esi “ɣeyiɣiawo va le yiyim.” Nu kae kpe ɖe eŋu? Egblɔ be: “Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mebua ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo ko ŋu.” Charles mexaa nu wògbɔa eme o. Togbɔ be eƒe vevesesea nu meyi le ŋkeke ɖeka kple eƒe zãdodo me o hã la, mena vevesesea wu tsɔtsɔ nɛ o. Ne edzɔ be srɔ̃wò megava li o la, dze agbagba nàbu ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo ko ŋu. Mènya ale si etsɔ anɔ o; ate ŋu adzɔ be àse nya nyui aɖe si ana dzi nadzɔ wò alo dzi naɖo ƒowò.

Yehowa meɖoe tso gɔmedzedzea be amegbetɔwo naku o. Ke boŋ “Abosam ƒe dɔwɔwɔwo” ye he ku vɛ. (1 Yoh. 3:8; Rom. 6:23) Satana to ku kple vɔvɔ̃ na ku dzi na ame geɖewo zu kluvi siwo  si mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o. (Heb. 2:14, 15) Satana kpɔa dzidzɔ ne mɔkpɔkpɔ bu ɖe amewo ale be wosusu be yewomate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme vavã egbea alo le Mawu ƒe xexe yeyea gɔ̃ hã me o. Eya ta Adam ƒe nu vɔ̃ kple Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo ye he vevesese si ame srɔ̃ ƒe ku dona na ame la vɛ. (Rom. 5:12) Yehowa aɖɔ nu siwo katã Satana gblẽ la ɖo keŋkeŋ, eye wòaɖu ku, si nye Satana ƒe aʋawɔnu vɔ̃ɖitɔ dzi kpuie. Yehowa le ablɔɖe nam amewo tso vɔvɔ̃ si Satana ƒã ɖe wo me la si me. Eye ame siawo dometɔ geɖe nye ame siwo srɔ̃ ku, abe ale si ɖewohĩ wòle le gowòme ene.

Edze ƒãa be tɔtrɔ geɖe ava le ƒomekadodowo me le ame siwo woafɔ ɖe tsitre be woanɔ agbe le anyigba dzi afi sia dome. Wò ya bu dziwòlawo, tɔgbuiwòwo kple mamawòwo kpakple tɔgbuitɔgbui siwo agbɔ agbe, eye vivivi la, wo kple wo viwo kple tɔgbuiyɔviwo aɖo blibodede gbɔ la ŋu kpɔ. Woaɖe amegãkuku kple nyagãkuku kple wo me kuxiwo ɖa. Ðe dzidzimeviwo asrɔ̃ ale si woabu wo tɔgbuitɔgbuiwo le mɔ si to vovo na ale si wobua woe egbea nua? Eye ɖe mèxɔe se be tɔtrɔ mawo hã akpe ɖe ŋgɔyiyi nyui siwo amegbetɔƒomea awɔ ŋu oa?

Biabia geɖe ate ŋu anɔ susu me na mí ku ɖe ame siwo woafɔ ɖe tsitre ŋu. Le kpɔɖeŋu me, aleke wòanɔ na ame siwo srɔ̃ ku eye wogaɖe evelia alo etɔ̃lia? Zadukitɔwo bia nya tso nyɔnu si srɔ̃ gbãtɔ ku, evelia hã ku, va se ɖe esime srɔ̃ adre  sɔŋ ku nɛ la ŋu. (Luka 20:27-33) Ƒomedodo kae ava nɔ ame siawo dome ne wofɔ wo ɖe tsitre? Míenya o, eye mehiã be míasusu nane agblɔ alo atsi dzi fũu ɖe nu siwo míenya o ŋu o. Le nya sia me la, ele be míaka ɖe Mawu dzi bliboe. Kakaɖedzi le nu ɖeka aɖe ŋu—nu sia nu si Yehowa awɔ le etsɔme la anyo ŋutɔ, enye nu si míakpɔ mɔ na vevie, ke menye nu si míavɔ̃ na kura o.

TSITRETSITSIMƆKPƆKPƆA FAA AKƆ NA MÍ

Nufiafia siwo me kɔ na mí nyuie le Mawu ƒe Nya la me dometɔ ɖekae nye be, míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku agagbɔ agbe ake. Ame siwo wofɔ ɖe tsitre va yi ŋuti nuŋlɔɖi siwo le Biblia me ɖo kpe edzi be, “ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase [Yesu ƒe] gbe, eye woado go.” (Yoh. 5:28, 29) Ame siwo anɔ agbe ɣemaɣi akpɔ dzidzɔ ale gbegbe ne wodo go ame siwo woɖe tso ku si me. Eye dzidzɔ si gbegbe ame siwo wofɔ ɖe tsitre akpɔ la awu gbɔgblɔ.

Ne wole kukuawo fɔm ɖe tsitre la, dzidzɔ si tɔgbi míekpɔ kpɔ o lae ayɔ anyigba bliboa dzi. Ame miliɔn miliɔn geɖe siwo ku va yi agatrɔ ava agbagbeawo dome. (Marko 5:39-42; Nyaɖ. 20:13) Ŋugbledede le nukunu sia si ava eme kpuie ŋu nefa akɔ na ame siwo katã ame veviwo ku na.

Ne wogbɔ agbe ame siawo katã la, ɖe ame aɖe tɔ adzɔ be wòagalé blanuia? Biblia ɖo eŋu be oa. Yesaya 25:8 gblɔ be Yehowa “ami ku saɖagatsi tegbee.” Aɖe nuxaxa ɖe sia ɖe si ku dona na ame hã ɖa, elabena nyagblɔɖia gblɔ yi edzi be: “Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.” Ne èlé blanui fifia hele srɔ̃wò lɔlɔ̃a ƒe ku fam la, ekema ka ɖe edzi be tsitretsitsia ahe dzidzɔ geɖe vɛ na wò godoo.

Amegbetɔ aɖeke mese nu siwo katã Mawu awɔ le xexe yeyea me la gɔme bliboe o. Yehowa gblɔ be: “Ale si dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo kple nye susuwo wu miaƒe susuwoe.” (Yes. 55:9) Tsitretsitsi ƒe ŋugbe si Yesu do la nana míekana ɖe Yehowa dzi vevie, abe ale si Abraham ka ɖe edzii ene. Nu vevi si wòle be Kristotɔ ɖe sia ɖe nawɔ fifiae nye be wòawɔ nu si Mawu di tso esi, ale be wòazu “ame siwo wobu be, wodze be woƒe asi nasu nuɖoanyi  ma” dzi la dometɔ ɖeka hekpe ɖe ame siwo katã woafɔ ɖe tsitre ŋu.—Luka 20:35.

ELE BE MÍALÉ MƆKPƆKPƆ ME ÐE ASI

Le esi nànɔ vɔvɔ̃m na nu siwo adzɔ le etsɔme teƒe la, na wò susu nanɔ nu nyui siwo míele mɔ kpɔm na la ŋu boŋ. Mɔkpɔkpɔ vavã aɖeke mele ame geɖe si o. Gake Yehowa do nane si nyo wu la ŋugbe na mí. Togbɔ be míate ŋu anya ale si tututu Yehowa awɔ akpɔ míaƒe hiahiãwo kple didiwo katã gbɔe na mí o hã la, ele be míaka ɖe edzi be awɔe godoo. Apostolo Paulo gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ si wokpɔna la menye mɔkpɔkpɔ o, elabena ne ame aɖe le nane kpɔm la, ɖe wògakpɔa mɔ nɛa? Gake ne míele mɔ kpɔm na nu si kpɔm míele o la, míetsɔa dzidodo yia edzi nɔa elalam.” (Rom. 8:24, 25) Ne èkpɔa mɔ na nu siwo ŋugbe Mawu do vevie la, esia akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi ado dzi. Dzidodo ana etsɔme nyui si ŋugbe Yehowa do be yeana “nu si wò dzi di la wò” la nava eme na wò. Nyateƒee, atsɔ “nu gbagbewo katã ƒe nudidi [aɖi] ƒo na woe.”—Ps. 37:4; 145:16; Luka 21:19.

Ka ɖe ŋugbe si Yehowa do be esusɔ vie dzidzɔ nayɔ anyigbaa dzi la dzi

Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, eƒe apostoloawo tɔtɔ vevie. Yesu fa akɔ na wo be: “Migana dzika natso mia ƒo o. Miɖee fia be miexɔ Mawu dzi se, miɖee fia be miexɔ nye hã dzinye se.” Eyome egblɔ na wo be: “Nyemagblẽ mi ɖi tsyɔ̃eviwoe o. Megbɔna mia gbɔ.” (Yoh. 14:1-4, 18, 27) Yesu ƒe nya siawo na mɔkpɔkpɔ eyomedzela amesiaminawo tso ɣemaɣi va ɖo fifia, eye wòna wole dzi dom. Nenema kee mele be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe ame siwo katã di vevie be yewoakpɔ yewoƒe lɔlɔ̃tɔ siwo woafɔ ɖe tsitre le anyigba dzi la o. Yehowa kple Via magblẽ wo ɖi akpɔ o. Woafɔ kukuawo ɖe tsitre. Àte ŋu aka ɖe esia dzi bliboe!

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo.