Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | NE MÍEKU KO EVƆA?

Aʋa Si Amegbetɔwo Ho Ðe Ku Ŋu

Aʋa Si Amegbetɔwo Ho Ðe Ku Ŋu

FIAGÃ QIN SHI HUANG

ANYIGBAYEYEDILA PONCE DE LEÓN

Futɔ dziŋɔ aɖee ku nye. Míeho aʋa ɖe eŋu kple míaƒe ŋusẽ katã. Ne ku va xɔ míaƒe ame vevi aɖe le mía si la, esesẽna na mí be míaxɔe ase. Alo ne míele ɖekakpuime eye ɖekakpuimeŋusẽ le mía ŋu la, míasusu be futɔ sia mate ŋu akpe mía dzi o—míeléa susu ma me ɖe asi sesĩe va se ɖe esime wòva hiã be míana ta.

Ame siwo agbenɔnɔ le ku megbe nɔ vevie na wu la dometɔ aɖewoe nye Farao siwo nɔ anyi le blema. Wozã woawo ŋutɔwo kpakple ame akpeakpewo ƒe agbenɔƒe ƒe akpa gãtɔ tsɔ ku kutri vevie be yewoaɖu ku dzi. Xɔ kɔkɔ siwo wotu la ɖia ɖase le woƒe kutrikuku kpakple woƒe kpododonu siaa ŋuti.

Chinatɔwo ƒe fiagãwo hã di be yewoanɔ agbe tegbee, negbe ɖeko woawo ya woti taɖodzinu sia yome to mɔ bubu dzi—woku kutri be yewoawɔ agbemavɔtike. Fiagã Qin Shi Huang de dɔ asi na eƒe atikewɔlawo be woato atike wɔnuku aɖe si ana ame nanɔ agbe tegbee la vɛ. Gake aɖinu si nye mercury la nɔ woƒe atikeawo dometɔ geɖe me, eye anɔ eme be atike siawo dometɔ aɖee wòno eye wòku.

Le ƒe alafa 16 lia Mía Ŋɔli me la, Spaintɔ anyigbayeyedila Juan Ponce de León dze mɔ nɔ tsatsam le Carib-ƒua dzi nɔ anyigba si dzi wòake ɖe tsidzɔƒe si ana ame nanɔ sɔhɛme ɖaa ŋu la dim. Eva ke ɖe Florida ŋu le United States, gake le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, eku le aʋa aɖe si wowɔ kple Amerika Vidzidziwo la me. Eye va de asi na egbea la, womeke ɖe sɔhɛmenɔnɔ ƒe tsidzɔƒe aɖeke ŋu o.

Faraowo, fiagãwo kple anyigbayeyedila mawo katã dze agbagba be yewoaɖu ku dzi. Eye ne mɔ si dzi woto be yewoaɖo taɖodzinu sia gbɔ medze mía ŋu o hã la, mía dometɔ kae agblɔ be viɖe aɖeke mele nu si dim wonɔ la ŋu o? Mí katã kloe ƒe dzimedidie wònye be míagaku o.

ÐE MÍATE ŊU AÐU KU DZIA?

Nu ka tae míedina be míaku o? Biblia ɖe nu si tae la me. Biblia gblɔ tso mía Wɔla, Yehowa Mawu *  ŋu be: “Ewɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde mavɔmavɔ dzi me na [amegbetɔwo].” (Nyagblɔla 3:11) Adzɔ dzi na mí be míanɔ anyigba dzi ase vivi na anyigba dzi nu nyuiwo ɖaa, ke menye hena ƒe 80 aɖewo ko o. (Psalmo 90:10) Esiae nye míaƒe dzimedidi.

Nu ka tae Mawu de “mavɔmavɔ” dzi me na mí ɖo? Be agbe mavɔ nɔnɔ nadzro mí ko, evɔ míaƒe asi mate ŋu asu edzi oa? Gbeɖe. Ke boŋ Mawu do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si ku maganɔ anyi o. Biblia ƒo nu tso ku ɖeɖeɖa keŋkeŋ kpakple agbe mavɔ si ŋugbe Mawu do la ŋu zi geɖe.—Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye,  “Ku Dzi Ðuɖu.”

Yesu Kristo ŋutɔ gblɔ eme kɔ nyuie be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3, Eʋegbe Biblia) Eya ta mɔkpɔkpɔ li be woava ɖu ku dzi mlɔeba. Ke hã Yesu ka ɖe edzi na mí be Mawu koe ate ŋu aɖu aʋa la dzi na mí.

^ mm. 9 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.