Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 EXLẼLAWO BIA Be . . .

Nu Ka Tae Mawu Ðea Mɔ Ŋusẽtɔwo Tea Ame Gblɔewo Ðe Anyi?

Nu Ka Tae Mawu Ðea Mɔ Ŋusẽtɔwo Tea Ame Gblɔewo Ðe Anyi?

Ale si ŋusẽtɔwo te ame gblɔewo ɖe anyii la ƒe ŋutinya wɔnublanuiwo le Biblia me. Nabot ƒe ŋutinyaa nye esiawo dometɔ ɖeka. * Israel Fia Axab, si nɔ anyi le ƒe alafa ewolia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli la ɖe mɔ na srɔ̃a Izebel be wòna wowu Nabot kple viaŋutsuwo ale be fia la nate ŋu axɔ Nabot ƒe waingble wòazu etɔ. (1 Fiawo 21:1-16; 2 Fiawo 9:26) Nu ka tae Mawu ɖe mɔ ŋutasẽnuwɔna dziŋɔ sia dzɔ?

“Mawu . . . mate ŋu aka aʋatso o.”Tito 1:2

Na míadzro susu veviawo dometɔ ɖeka me kpɔ: Mawu mate ŋu aka aʋatso o. (Tito 1:2) Aleke nya sia do ƒome kple ameteteɖeanyi nuwɔna vɔ̃ɖiwo? Tso gɔmedzedzea me ke la, Mawu gblɔ nu wɔnublanui si adzɔ ɖe amegbetɔwo dzi ne wodze aglã ɖe eŋu la na wo—eyae nye be woaku. Mawu ƒe nya la va eme pɛpɛpɛ, elabena tso esime amegbetɔwo dze aglã le Eden-bɔa me la, amegbetɔwo le kukum va de asi na egbea. Le nyateƒe me la, ameteteɖeanyi nuwɔnae he ku vɛ zi gbãtɔ. Esia dzɔ esi Kain wu nɔvia Habel.1 Mose 2:16, 17; 4:8.

Mawu ƒe Nya la ɖɔ nu si me ameƒomea to tso ɣemaɣi va de asi na fifia la kpuie ale: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Ðe nya mawo nye nyateƒea? Yehowa xlɔ̃ nu eƒe dukɔ Israel be woƒe fiawo ate wo ɖe anyi, si awɔe be Israel viwo ado ɣli ayɔ Mawu. (1 Samuel 8:11-18) Fia nyanu Salomo gɔ̃ hã ƒe asi sẽ ɖe eteviwo dzi. (1 Fiawo 11:43; 12:3, 4) Fia vɔ̃ɖiwo abe Axab ene ya sẽ ŋuta le wo teviwo ŋu. Bu eŋu kpɔ: Ne ɖe Mawu xe mɔ ɖe ameteteɖeanyi mawo katã nu la, ɖe ema mana eya ŋutɔ ƒe nya nazu aʋatso oa?

“Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”Nyagblɔla 8:9

Ðo ŋku edzi hã be Satana gblɔ be ɖokuitɔdidi tae amewo subɔa Mawu ɖo. (Hiob 1:9, 10; 2:4) Ne Mawu kpɔa esubɔlawo katã ta tso ameteteɖeanyi ɖe sia ɖe me la, ɖe esia maɖee afia be Satana ƒe nyaa nye nyateƒe oa? Eye ne Mawu kpɔa ame sia ame ta tso teteɖeanyi ɖe sia ɖe me la, ɖe ema mana wòadze abe ɖe Mawu ka aʋatso si lolo wu ene ao? Ne Mawu kpɔa amewo ta alea la, ame geɖe asusui be amegbetɔwo ate ŋu aɖu wo ɖokuiwo dzi dzidzedzetɔe Mawu manɔmee. Evɔ Mawu ƒe Nya la gblɔ boŋ be amegbetɔwo mate ŋu aɖu wo ɖokuiwo dzi wòadze edzi gbeɖegbeɖe o. (Yeremiya 10:23) Míehiã na Mawu Fiaɖuƒea be wòava; ɣemaɣi ko hafi nu madzɔmadzɔ wɔwɔ nu ayi.

Ðe ema fia be Mawu mewɔa naneke tso ameteteɖeanyi ŋu oa? Kpao. Bu nu eve aɖewo siwo wòwɔna ŋu kpɔ: Gbã la, eɖe ale si gbegbe ŋutasẽnuwɔwɔ nye nu gbegblẽe la fia kɔtɛ. Le kpɔɖeŋu me, eƒe Nya la klo nu le Izebel ƒe nugbe vɔ̃ɖi si wòɖo ɖe Nabot ŋu la dzi gaglãa. Biblia ɖee fia hã be dziɖula sẽŋu aɖe si ɣlaa eɖokui ɖe mí lae le megbe na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ siawo. (Yohanes 14:30; 2 Korintotɔwo 11:14) Biblia ɖee fia kɔtɛ be dziɖula mae nye Satana Abosam. Esi Mawu klo nu le vɔ̃ɖinyenye kple ameteteɖeanyi kpakple ame si le megbe nɛ dzi ta la, eto esia dzi le kpekpem ɖe mía ŋu be míatsri nu vɔ̃ɖi wɔwɔ. Mawu to esia dzi le mía ta kpɔm be míate ŋu ava nɔ agbe tegbee.

Evelia, Mawu na kakaɖedzi sẽŋu mí be yeava ɖe ameteteɖeanyi ɖa. Ale si wòklo nu le Axab kple Izebel kpakple ame bubu siwo wɔ nu abe woawo ene ƒe nuwɔna dzi eye wòdrɔ̃ ʋɔnu wo hehe to na wo la na míeka ɖe ŋugbe si wòdo be yeava he to na ame vɔ̃ɖiwo gbe ɖeka la dzi. (Psalmo 52:3-7) Azɔ hã Mawu do ŋugbe si ŋu kakaɖedzi le be eteƒe madidi o, yeaɖɔ nu si vɔ̃ɖinyenye gblẽ le ame siwo lɔ̃a ye ŋu la ɖo. * Eya ta nuteƒewɔla Nabot kple viawo ava nɔ agbe le paradisonyigba si dzi nu madzɔmadzɔ wɔwɔ maganɔ o la dzi tegbee.Psalmo 37:34.

^ mm. 3 Kpɔ magazine sia me nyati si ƒe tanyae nye “Srɔ̃ Woƒe Xɔse.

^ mm. 8 Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 11 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.