Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Ðe Biblia nye Mawu ƒe Nya vavã?

Àkpɔ mɔ be Mawu ƒe Nya la nanɔ etɔxɛ, eye nenema tututue Biblia le. Wota Biblia biliɔn geɖe ɖe gbegbɔgblɔ alafa geɖe me. Mawumenunya si le Biblia me la ate ŋu atrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ wòanyo ɖe edzi.Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:13; 2 Timoteo 3:16.

Míenya be Mawu gbɔe Biblia tso, elabena egblɔa etsɔme ɖi wòvaa eme pɛpɛpɛ. Amegbetɔ aɖeke mate ŋu awɔ esia le eɖokui si o. Míatsɔ Yesaya ƒe agbalẽa me nyawo awɔ esia ƒe kpɔɖeŋu. Wofɔ agbalẽa ƒe ŋɔŋlɔ aɖe si nɔ anyi ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ hafi wova dzi Yesu la le agado aɖe si te ɖe Ƒu Kukua ŋu la me. Woŋlɔ ɖe eme be Babilon dugã la azu aƒedo. Esi Yesu va anyigba dzi dzo vɔ ƒe geɖe megbee nya sia va eme zi gbãtɔ.Xlẽ Yesaya 13:19, 20; 2 Petro 1:20, 21.

Aleke wowɔ ŋlɔ Biblia?

Biblia ŋɔŋlɔ xɔ ƒe 1,600 kple edzivɔ. Tanya ɖeka ŋue ame siwo ade 40, siwo kpɔ gome le Biblia ŋɔŋlɔ me la ƒo nu tsoe, eye woƒe nyawo metsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu o. Aleke esia te ŋu va emee? Mawue fia nu si woaŋlɔ la wo.Xlẽ 2 Samuel 23:2.

Ɣeaɖewoɣi la, Mawu toa mawudɔlawo, ŋutegawo, alo drɔ̃ewo dzi ƒoa nu na ame siwo wòzã tsɔ ŋlɔ Biblia. Zi geɖe la, Mawu dea nu si woaŋlɔ la ta me na Biblia ŋlɔlawo, eye wòɖea mɔ na wo be woaŋlɔ Mawu ƒe gbedeasia le woawo ŋutɔwo ƒe nyagbewo me.Xlẽ Nyaɖeɖefia 1:1; 21:3-5.