Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa—Nunala Kple Ametakpɔla

Yehowa—Nunala Kple Ametakpɔla

“Esi melɔ̃a nu le gbɔnye o ta la, nye hã maɖee. Makpɔ eta, elabena enya nye ŋkɔ.”PS. 91:14, NW.

1, 2. Nɔnɔme vovo kawo mee míetsi le? Eye mɔ vovovo kawo dzie míeto va xɔ nyateƒea?

YEHOWA ye wɔ ƒome ƒe ɖoɖoa. (Ef. 3:14, 15) Ke hã, míaƒe amenyenye kple nɔnɔmewo toa vovo ne ƒome ɖeka me tɔwoe míenye gɔ̃ hã. Ðewohĩ ènɔ dziwòlawo gbɔ tso ɖevime va se ɖe esime nètsi. Gake le ame aɖewo gome la, wo dzilawo ku ɖewohĩ le dɔléle alo afɔku aɖe ta. Ame bubu aɖewo ya medze si wo dzilawo kura gɔ̃ hã o.

2 Nenema kee togbɔ be mí katã míenye Yehowa subɔlawo ƒe ƒome gã la me tɔwo hã, mɔ siwo dzi míeto va xɔ nyateƒea le vovovo. Ðewohĩ abe ale si ame aɖewo gblɔna ene la, ‘wonyi wò le nyateƒea me,’ eye dziwòlawo ƒã Biblia me mɔfiamewo ɖe mewò. (5 Mose 6:6, 7) Alo anɔ eme be ènye ame akpe geɖe siwo va srɔ̃ nyateƒea to gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm Yehowa subɔlawo le dzi la dometɔ ɖeka.Rom. 10:13-15; 1 Tim. 2:3, 4.

3. Nu kawo mee mí katã míesɔ le?

3 Togbɔ be ele alea hã la, mí katã míele agba ɖeka me le go aɖewo me. Mí katã míenyi blibomademade, nu vɔ̃ kple ku ƒe dome le Adam ƒe tomaɖomaɖo ta. (Rom. 5:12) Ke hã, esi míenye tadeagula vavãwo ta la, míate ŋu ayɔ Yehowa be  “mía Fofo” wòasɔ. Esia tae Mawu ƒe dukɔ tiatia si nɔ anyi le blema te ŋu gblɔ nya siwo dze le Yesaya 64:7 wòsɔ be: “Yehowa, mía fofo nènye.” Yesu hã dze eƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa la gɔme be: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.”Mat. 6:9.

4, 5. Be míaƒe lɔlɔ̃ na mía Fofo Yehowa nagade to ɖe edzi la, nu kawo mee míadzro?

4 Mía Fofo si le dziƒo naa nu siwo esubɔla siwo yɔa eŋkɔ le xɔse me hiã la wo hekpɔa wo ta. Le hakpalaa ƒe nya nu la, Yehowa gblɔ be: “Esi [nye subɔla vavã la] melɔ̃a nu le gbɔnye o ta la, nye hã maɖee. Makpɔ eta, elabena enya nye ŋkɔ.” (Ps. 91:14, NW) Nyateƒee, lɔlɔ̃ ʋãa Yehowa Mawu wòɖea mí eƒe amewo tso futɔwo si me, eye wòkpɔa mía ta be woagatsrɔ̃ mí ɖa o.

5 Be míaƒe lɔlɔ̃ na mía Fofo si le dziƒo nagade to ɖe edzi la, mina míadzro ale si Yehowa nye (1) Nunala, (2) Ametakpɔla kple (3) mía Xɔlɔ̃ vevitɔ, la me. Ne míele nya vevi siawo me dzrom la, anyo be míanɔ ŋugble dem le ale si mía kple Mawu dome le ŋu ahakpɔ ale si míate ŋu ade bubu eŋu abe mía Fofo ene. Anyo hã be míanɔ yayra siwo Yehowa dzra ɖo ɖi na ame siwo tena ɖe eŋu la ŋu bum.Yak. 4:8.

YEHOWA NYE NUNALA GÃTƆ

6. Mɔ siwo dzi Yehowa to ɖee fia be yenye ‘nunana nyuiwo katã’ Nala dometɔ ɖekae nye ka?

6 Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: ‘Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã tso dziƒo, etso kekeliwo Fofo la gbɔ.’ (Yak. 1:17) Agbe si míele la ŋutɔ hã nye nunana wɔnuku tso Yehowa gbɔ. (Ps. 36:10) Eya ta ne míezã míaƒe agbe tsɔ wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, ayra mí geɖe fifia eye míakpɔ agbe mavɔ le xexe yeyea me. (Lod. 10:22; 2 Pet. 3:13) Gake aleke esia anya wɔe esi mí katã míenyi blibomademade, nu vɔ̃ kple ku ƒe dome tso Adam gbɔ?

7. Afɔ kae Mawu ɖe tsɔ ʋu mɔ na mí be míate ɖe ye ŋu?

7 Yehowa nye Nunala Gãtɔ le mɔ siwo mele xexlẽ me o nu. Le kpɔɖeŋu me, exɔna na mí le eƒe amenuveve me. Nu vɔ̃ wɔlawoe mí katã míenye, eye míenyi blibomademade dome tso Adam gbɔ. (Rom. 3:23) Gake le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ta la, eɖe afɔ si hiã tsɔ ʋu mɔ na mí be míate ɖe ye ŋu. Apostolo Yohanes gblɔ be: “Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖe go fia le le mía gome, elabena Mawu dɔ eƒe Tenuvi la ɖo ɖe xexea me, be míakpɔ agbe to edzi. Esia me lɔlɔ̃ la le, menye be míawo míelɔ̃ Mawu o, ke boŋ be eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via be wòanye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.”1 Yoh. 4:9, 10.

8, 9. Aleke Yehowa ɖee fia be yenye Nunala Gãtɔ le Abraham kple Isak ƒe ɣeyiɣia me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

8 Anɔ abe ƒe 1,800 hafi woava dzi Yesu la, nane dzɔ si nye kpɔɖeŋu na nu gã si gbegbe lɔlɔ̃ ʋã Yehowa wòwɔ be amegbetɔ toɖolawo nakpɔ agbe mavɔ. Hebritɔwo 11:17-19 gblɔ be: ‘Le xɔse me Abraham, esime wodoe kpɔ la, etsɔ Isak na, eya, ame si xɔ ŋugbedodoawo kple dzidzɔ la, tsɔ eƒe tenuvi la sa vɔe kloe, togbɔ be wogblɔ nɛ be: “Ame si woayɔ be ‘wò dzidzimevi’ la ato Isak dzi” hã. Ke ebui be Mawu ate ŋu afɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome; eye exɔe tso ku me hã le kpɔɖeŋumɔ nu.’ Kpɔɖeŋu sia me kɔ. Ale si ko Abraham lɔ̃ be yeatsɔ ye vi Isak asa vɔe la, nenema kee Yehowa hã lɔ̃ faa tsɔ Via, Yesu Kristo, sa vɔe hena amegbetɔƒomea ɖeɖe.Mixlẽ Yohanes 3:16, 36.

9 Kpɔ ale si gbegbe Isak ƒe dzi adze emee esi Mawu xɔ nɛ ale be meku vɔsaku o ɖa! Ðikeke mele eme o be ada akpe na Mawu be wòtsɔ vɔsalã bubu na, si  nye agbo si ƒe dzowo ku aveka le afi ma lɔƒo. (1 Mose 22:10-13) Mewɔ nuku o be Abraham tsɔ ŋkɔ na teƒe ma be “Yehowa-Yire,” si gɔmee nye “Yehowa ye naa nu.”1 Mose 22:14, Biblia, ƒe 2010 tɔ.

ALE SI MAWU LE EYA KPLE AMEWO DOME DZRAM ÐO

10, 11. Ame kawoe xɔ ŋgɔ le ‘subɔsubɔdɔ si dzraa amewo kple Mawu dome ɖo’ la me, eye aleke wole ewɔm?

10 Ne míede ŋugble le nu siwo Yehowa wɔ tsɔ ɖee fia be yenye Nunala Gãtɔ ŋu la, míekpɔnɛ be Yesu Kristo manɔmee la, míate ŋu azu Mawu xɔlɔ̃wo o. Paulo gblɔ be: “Aleae míekpɔe enye esi: be ame ɖeka ku ɖe wo katã ta; eye ale wo katã ku; eye wòku ɖe wo katã ta, bene ame siwo le agbe la naganɔ agbe na wo ɖokuiwo azɔ o, ke na ame si ku ɖe wo ta, eye wofɔe ɖe tsitre la boŋ.”2 Kor. 5:14, 15.

11 Esi Kristotɔ gbãtɔwo lɔ̃ Mawu eye wode asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ gã si su wo si be woasubɔe ŋu ta la, wolɔ̃ wɔ ‘subɔsubɔdɔ si dzraa amewo kple Mawu dome ɖo’ la dzidzɔtɔe. Woƒe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ʋu mɔ na dzianukwaretɔwo be woava nɔ ŋutifafa me kple Mawu, woazu exɔlɔ̃wo, eye woava nye eƒe gbɔgbɔmeviwo mlɔeba. Egbea Yehowa subɔla amesiaminawo le subɔsubɔdɔ ma ke wɔm. Dɔ siwo wowɔna abe Mawu kple Kristo ƒe amedɔdɔwo ene la le kpekpem ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woate ɖe Yehowa ŋu ahazu xɔsetɔwo.Mixlẽ 2 Korintotɔwo 5:18-20; Yoh. 6:44; Dɔw. 13:48.

12, 13. Aleke míaɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nunana gbogboawo ŋu?

12 Esi Kristotɔ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la kpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo wɔm Yehowa le abe Nunala Gãtɔ ene ŋu ta la, wo katã wowɔ ɖeka kple amesiaminawo le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me. Míezãa Biblia, si nye Mawu ƒe nunana nyuiwo dometɔ ɖeka, le dɔ sia wɔwɔ me. (2 Tim. 3:16, 17) Ne míewɔa Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me ŋu dɔ nyuie la, míana agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ nasu amewo si. Yehowa ƒe nunana bubu, si nye gbɔgbɔ kɔkɔea, hã kpena ɖe mía ŋu le dɔ sia wɔwɔ me. (Zak. 4:6; Luka 11:13) Abe ale si míaƒe Ƒegbalẽwo ɖenɛ fiana ene la, nu nyuiwo le dodom tso míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. Bubu gã ka gbegbee nye esi wònye na mí be míele gome kpɔm le dɔ sia me be wòanye kafukafu na mía Fofo kple Nunala la!

13 Esi Mawu na nu gbogbo siawo mí ta la, anyo be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe mele nu sia nu si mate ŋui wɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me be matsɔ aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia Yehowa ɖe nu nyui siwo katã wòwɔ nam la ta? Aleke mawɔ agabi ɖe edzi le nya nyuia gbɔgblɔ me?’ Míate ŋu aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana nyuiawo ŋu ne míetsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Ne míewɔ esia la, Yehowa hã akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí. (Mat. 6:25-33) Esi Mawu lɔ̃ mí alea gbegbe ta la, ele be míadze agbagba ɖe sia ɖe awɔ nu si adze eŋu ahado dzidzɔ na eƒe dzi.Lod. 27:11.

14. Aleke Yehowa xɔna na eƒe amewoe?

14 Hakpala David dzi ha be: “Ke nyea, nenye be hiã tum eye meɖo ko hã, Aƒetɔ la alé be nam. Nye kpeɖeŋutɔ kple xɔnametɔ nènye.” (Ps. 40:18) Yehowa xɔ na eƒe amewo enuenu, vevietɔ le ɣeyiɣi siwo me woƒe futɔwo ti wo yome vevie heɖe wo ɖe nu kutɔkutɔe. Míedaa akpe na Mawu be enaa nu siwo akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nuteƒe le ɣeyiɣi sesẽwo me la mí ɣesiaɣi!

 YEHOWA KPƆA MÍA TA

15. Gblɔ ale si fofo lɔ̃ame kpɔa viawo ta ƒe kpɔɖeŋu.

15 Menye nu siwo ɖeviwo hiã koe vifofo nyui naa wo o, ke ekpɔa wo ta hã. Ne viawo ɖo afɔku me la, etsona kpla xɔna na wo. Nɔviŋutsu aɖe ɖoa ŋku nane si dzɔ esi wònye ŋutsuvi dzaa ko la dzi. Eya kple fofoa wotso gbeadzi gbɔna aƒe me eye wova ɖo tɔsisi lɛ aɖe si wòle be woatso la nu. Gake tsi gã aɖe dza ŋdi ma, si na tɔa ɖɔ gbagba. Amewo da kpe gãgãwo ɖe tsia me, eye ele be woati kpo tso kpe ɖeka dzi yi bubu dzi. Ðevia nɔ ŋgɔ na fofoa nɔ tɔa tsom; eƒe afɔ ɖiɖi le kpe aɖe dzi eye wòdze tɔa me heyi to; eho ɖe dzi eye kasia wògayi to ake. Aleke gbegbe ɖevia da akpee nye esi be fofoa wɔ kaba hee do go be tsia melée o! Nenema kee mía Fofo si le dziƒo ɖea mí tso xexe vɔ̃ɖi sia ƒe tsi nyanyrawo kple xexea dziɖula Satana si me. Yehowae nye Ametakpɔla nyuitɔ kekeake vavã.Mat. 6:13; 1 Yoh. 5:19.

16, 17. Aleke Yehowa kpe ɖe Israel viwo ŋu hekpɔ wo ta esi Amalekitɔwo ho aʋa ɖe wo ŋu?

16 Ale si Yehowa ɖe Israel viwo tso kluvinyenye me le Egipte hekpɔ wo ta nukutɔe to Ƒudzĩa me le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la nye Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ lɔlɔ̃tɔe ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe. Esi dukɔa nɔ gbedadaƒo yina Sinai-toa gbɔ la, wova ɖo Refidim.

17 Le nyagblɔɖi si le 1 Mose 3:15 ta la, Satana anya nɔ mɔnu dim vevie be yeadze Israel dukɔ si ŋu wɔna aɖeke mele o la dzi. Satana to Amalekitɔ siwo nye Mawu ƒe amewo ƒe futɔwo dzi wɔ esia. (4 Mose 24:20) Kpɔ nu si Yehowa to esubɔla wɔnuteƒe ene, siwo nye Yosua, Mose, Aron kple Xur dzi wɔ ɖa. Esi Yosua nɔ aʋa wɔm kple Amalekitɔwo la, Mose, Aron kple Xur ya tsi tre ɖe togbɛ aɖe tame. Ne Mose kɔ eƒe asi dzi la,  ekema Israel viwo nɔa dzi ɖum. Esi abɔ va nɔ Mose kum la, Aron kple Xur lé eƒe abɔwo ɖe dzi. Aleae le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu kple ametakpɔkpɔ me la, “Yosua ɖu Amalek kple eƒe aʋakɔ dzi.” (2 Mose 17:8-13) Mose ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be “Yehowa-Nisi,” si gɔmee nye ‘Yehowa Nye Nye Aflaga.’Mixlẽ 2 Mose 17:14, 15.

YEHOWA ÐEA MÍ TSO SATANA SI ME

18, 19. Aleke Mawu le esubɔlawo ta kpɔm le míaƒe ŋkeke siawo me?

18 Yehowa kpɔa ame siwo lɔ̃e eye woɖoa toe la ta. Míekpɔa Mawu sinu be wòaɖe mí tso futɔwo si me abe ale si Israel viwo wɔe le Refidim ene. Yehowa kpɔa eƒe amewo ta abe ƒuƒoƒo ene, eye wòɖea mí tso Abosam si me. Wò ya bu ale si Mawu kpɔ mía nɔvi Kristotɔ siwo mede akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o la ta zi gbɔ zi geɖe ŋu kpɔ. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye nu si dzɔ le Nazitɔwo ƒe dziɖuɣi le ƒe 1930-awo kple ƒe 1940-awo ƒe gɔmedzedze le Germany kple dukɔ bubuwo me. Ne míexlẽa mía nɔviwo ƒe agbemeŋutinyawo kple nuteƒekpɔkpɔ siwo le míaƒe Ƒegbalẽwo me ku ɖe ale si Mawu kpɔ wo tae le yometitiwo me ŋu hedea ŋugble le wo ŋu la, ana míagaka ɖe edzi geɖe wu be Yehowa nye míaƒe Sitsoƒe.Ps. 91:2.

Yehowa ate ŋu azã míaƒe haxɔsetɔwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ nuteƒe le nɔnɔme sesẽwo me (Kpɔ memama 18-20)

19 Yehowa gakpɔa mía ta to ŋkuɖodzinya siwo míexɔna tso eƒe habɔbɔa gbɔ kple agbalẽ siwo wotana na mí dzi. De ŋugble le ale si ŋkuɖodzinya siawo le vi ɖem na mí le ɣeyiɣi siawo me ŋu kpɔ. Ŋukpenanuwɔwɔwo, ahamumu kple amamaɖeɖe fotowo xɔ aƒe ɖe xexe sia me. Le esia ta Yehowa naa nuxlɔ̃ame siwo dzi wòle be míawɔ ɖo kpata la mí henaa kpekpeɖeŋu mí be wòakpɔ mía ta tso afɔku siawo me. Le kpɔɖeŋu me, mía Fofo si le dziƒo ɖoa aɖaŋu na mí be míatsri hadede vɔ̃wo le Internet dzi hahoo kadodowo dzi. *1 Kor. 15:33.

20. Aleke wokpɔa mía ta hefiaa mɔ mí le Kristo hamea me?

20 Aleke míaɖee afia be míenye “Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo” nyateƒe? To eƒe sewo dzi wɔwɔ pɛpɛpɛ me. (Yes. 54:13) Míaƒe hamewo nye dedienɔƒe, afi si wokpɔa mía ta eye míexɔa mɔfiame siwo hiã la le. Afi siae hamemetsitsi wɔnuteƒewo tsɔa Ŋɔŋlɔawo kpena ɖe mía ŋu heɖoa aɖaŋu na mí le. (Gal. 6:1) Yehowa le “nunana siwo nye amewo” dzi tom le be lém na mí lɔlɔ̃tɔe. (Ef. 4:7, 8) Eya ta nu kae wòle be míawɔ ne hamemetsitsiwo ɖo aɖaŋu na mí? Ele be míabɔbɔ mía ɖokui ahaɖo to, be Yehowa nayra mí.Heb. 13:17.

21. (a) Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa awɔ? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Mina míaɖoe kplikpaa aɖe mɔ gbɔgbɔ kɔkɔea nakplɔ mí eye míawɔ ɖe mía Fofo si le dziƒo ƒe mɔfiamewo dzi. Ele be míanɔ ŋugble dem le Via Yesu Kristo ƒe agbenɔnɔ hã ŋu esi míele agbagba ɖe sia ɖe dzem be míasrɔ̃ kpɔɖeŋu ɖedzesi si wòɖo ɖi la. Esi Yesu ɖo to yi ɖase ɖe keke ku me ke ta la, woɖo eteƒe nɛ geɖe. (Flp. 2:5-11) Yehowa ayra míawo hã nenye be míeɖo ŋu ɖe eŋu tso dzi blibo me. (Lod. 3:5, 6) Eya ta mina míaɖo ŋu ɖe Yehowa, ame si nye Nunala kple Ametakpɔla si ɖeke mesɔ kplii o, ŋu ɣeawokatãɣi. Dzidzɔ kple mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye na mí be míenye esubɔlawo! Míaƒe lɔlɔ̃ na mía Fofo si le dziƒo agade to ɖe edzi wu ne míedzro ale si Yehowa nye mía Xɔlɔ̃ vevi la me. Míakpɔ esia le nyati si kplɔe ɖo me.

^ mm. 19 Àte ŋu akpɔ ŋkuɖodzinya siawo dometɔ aɖewo le nyati siawo me: “Internet—Ale Si Míawɔ Eŋu Dɔ Le Nunya Me,” le August 15, 2011, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 3-5 kple “Kpɔ Nyuie Le Abosam Ƒe Mɔtetrewo Ŋu!” kpakple “Nɔ Tsitre Sesĩe Eye Nàƒo Asa Na Satana Ƒe Mɔtetrewo!” le August 15, 2012, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 20-29.