Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Susu vevi kawo tae ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo “nɔ mɔkpɔkpɔ me” na Mesia la?

Le Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ŋkekeawo me la, “ameawo katã nɔ mɔkpɔkpɔ me, eye wonɔ bubum le woƒe dzi me tso Yohanes ŋu be: ‘Alo eyae nye Kristo laa?’ hã.” (Luka 3:15) Anye nu ka tae Yudatɔwo nɔ mɔ kpɔm na Mesia la ɣemaɣi? Susu geɖewo tae.

Esi wodzi Yesu la, Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fia alẽkplɔla siwo nɔ woƒe alẽwo ŋuti dzɔm le gbedzi le nuto si te ɖe Betlexem ŋu me. (1) Mawudɔla la gblɔ na wo be: “Wodzi Xɔla, si nye Kristo Aƒetɔ la, na mi egbea le David ƒe du la me.” (Luka 2:8-11) Eyome “dziƒoʋakɔ gã aɖe va kpe ɖe mawudɔla la ŋu nɔ Mawu kafum nɔ gbɔgblɔm be: * ‘Ŋutikɔkɔe na Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa nanɔ ame siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo la dome le anyigba dzi.’”Luka 2:13, 14.

Kakaɖedzitɔe la, mawudɔlaa ƒe nyatakaka sia kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe alẽkplɔla bɔbɔɖokui siawo dzi. Enumake wodze mɔ yi Betlexem, eye esi wokpɔ Yosef kple Maria kpakple vidzĩ Yesu la, “woka nya siwo wogblɔ na wo tso ɖevi sue sia ŋu la ta” na wo. Nu si do tso emee nye be, “ame siwo katã se nya siwo alẽkplɔlawo gblɔ na wo la ƒe mo wɔ yaa.” (Luka 2:17, 18) Nyagbɔgblɔ “ame siwo katã se nya sia” fia be alẽkplɔlaawo ka nya siawo ta na ame bubuwo hã to vovo na Yosef kple Maria. Eye esi alẽkplɔlawo trɔ yi aƒe me la, “wonɔ Mawu dom ɖe dzi henɔ ekafum ɖe nu siwo katã wose hekpɔ, abe ale si wogblɔe na wo ene, la ta.” (Luka 2:20) Ðikeke mele eme o be alẽkplɔla mawo memia nu ɖe nya nyui siwo wose tso Kristo la ŋu dzi o!

Esi Maria kɔ eƒe ŋgɔgbevia va Yerusalem be woatsɔe aɖo Yehowa ŋkume abe ale si Mose ƒe Sea bia ene la, nyɔnu nyagblɔɖila Hana ‘de asi akpedada me na Mawu henɔ nu ƒom tso ɖevi la ŋu na ame siwo katã nɔ Yerusalem ƒe ɖeɖe la lalam.’ (2) (Luka 2:36-38; 2 Mose 13:12) Eya ta Mesia la ƒe dodo ŋuti nya yi edzi nɔ kakam.

Emegbe la, “ɣletivimefakala aɖewo tso ɣedzeƒenutowo me va Yerusalem, eye wobia be: ‘Afi kae Yudatɔwo ƒe fia si wodzi la le? Elabena míekpɔ eƒe ɣletivi esime míenɔ ɣedzeƒe, eye míeva be míade bubu eŋu.’” (Mat. 2:1, 2) Esi “Fia Herodes se nya sia la, dzika tso eya kple Yerusalem bliboa katã ƒo; eye esi wòƒo dukɔ la ƒe nunɔlawo ƒe tatɔwo katã kple agbalẽfialawo nu ƒu la, ede asi wo biabia me be,  afi kae woadzi Kristo la le hã.” (3) (Mat. 2:3, 4) Eya ta ame geɖe va nya be: Ame si anye Mesia la va ɖo! *

Luka 3:15, si me nyawo míeyɔ va yi la, ɖee fia be Yudatɔ aɖewo susui be Yohanes Amenyrɔɖetsimela anya nye Kristo la. Ke hã Yohanes na wonya be woƒe susua mesɔ o, esi wògblɔ be: “Ame si le megbenye gbɔna la tri akɔ wum, ame si ƒe afɔkpawo nyemedze aɖe o. Ame ma atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo anyrɔ mi.” (Mat. 3:11) Nya siwo Yohanes gblɔ ɖokuibɔbɔtɔe la ana woaganɔ mɔ kpɔm na Mesia la vevie wu.

Ðe wòanye be ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo nɔ te ɖe kwasiɖa 70 ŋu nya si wogblɔ ɖi le Daniel 9:24-27 dzi bu akɔnta henya ɣeyiɣi si me Mesia la ava? Ate ŋu anɔ eme ya, gake kpeɖodzi gobii aɖeke mele nya ma ŋu o. Nyateƒeae nye be, le Yesu ƒe ŋkekea me la, susu vovovo siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ye nɔ amewo si ku ɖe kwasiɖa 70-awo ŋu, eye woƒe susuawo mesɔ kple gɔmesese si su mía si fifia kura o. *

Esenetɔwo, siwo ame geɖe buna be wonye Yudatɔwo ƒe kɔmama aɖe si ʋu yi ɖanɔ gbedzi la, susui be Mesia eve ye ado le ƒe 490 ƒe nuwuwu lɔƒo. Gake mímate ŋu aka ɖe edzi be Daniel ƒe nyagblɔɖia dzie Esenetɔwo nɔ te ɖo bu woƒe akɔntawo o. Ne eya dzie wonɔ te ɖo kura gɔ̃ hã la, asesẽ be ƒuƒoƒo si me tɔwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso amewo gbɔ alea ƒe akɔntabubu ma nakpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔ akpa gãtɔ dzi.

Le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me la, Yudatɔ aɖewo xɔe se be kwasiɖa 70-awo anye tso ɣeyiɣi si wotsrɔ̃ gbedoxɔ gbãtɔa le ƒe 607 D.M.Ŋ. va se ɖe ɣeyiɣi si me wotsrɔ̃ gbedoxɔ evelia le ƒe 70 M.Ŋ. me. Gake ame bubuwo bui be nyagblɔɖia me vava do ƒome kple Maccabeewo ƒe ɣeyiɣia, si nye ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. Eya ta amewo ƒe nu mesɔ le ale si woabu kwasiɖa 70-awo ƒe akɔnta la ŋu o.

Nenye ɖe amewo se kwasiɖa 70-awo me vava gɔme nyuie le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, anye ne apostoloawo kple Kristotɔ bubu siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la azãe atsɔ aɖo kpe edzi be Mesia la va le ɣeyiɣi ɖoɖia dzi, eye be eyae nye Yesu Kristo. Ke hã kpeɖodzi aɖeke meli be Kristotɔ gbãtɔwo wɔ esia o.

Nu vevi bubu hã li si wòle be míade dzesii. Zi geɖe la, Nyanyuigbalẽŋlɔlawo yɔa Hebri Ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖi siwo va eme ɖe Yesu Kristo dzi. (Mat. 1:22, 23; 2:13-15; 4:13-16) Gake wo dometɔ aɖeke metsɔ Yesu ƒe anyigba dzi vava do ƒome kple nyagblɔɖi siwo ku ɖe kwasiɖa 70-awo ŋu o.

Eya ta míate ŋu aƒo nya ta be: Mímate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be ame siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me la se kwasiɖa 70-awo ŋuti nyagblɔɖia gɔme nyuie o. Ke hã Nyanyuigbalẽawo na míekpɔ susu vevi bubu siwo tae amewo “nɔ mɔkpɔkpɔ me” na Mesia la ɖo.

^ mm. 4 Biblia la megblɔ be mawudɔlawo “dzi ha” esi wodzi Yesu o.

^ mm. 7 Ðewohĩ míabia be: Aleke ɣletivimefakalawo wɔ te ŋu tsɔ “ɣletivi” si wokpɔ esime wonɔ Ɣedzeƒe la do ƒome kple “Yudatɔwo ƒe fia” la dzidzi? Ðe wòanye be wose Yesu dzidzi ŋuti nya esi wonɔ mɔ zɔm to Israel-nyigba dzia?

^ mm. 9 Àte ŋu akpɔ gɔmesese si su mía si fifia ku ɖe kwasiɖa 70-awo ŋuti nyagblɔɖia ŋu le Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ƒe ta 11.