Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔ Susu Nyuiwo Bum Tso Ðokuiwò Ŋu

Nɔ Susu Nyuiwo Bum Tso Ðokuiwò Ŋu

“Ne amegbetɔ nɔ agbe ƒe geɖe la, nekpɔ dzidzɔ le wo katã me.”NYAGB. 11:8.

1. Yehowa ƒe yayra kawoe nana dzi dzɔa mí?

YEHOWA di be míakpɔ dzidzɔ, eya ta edudua yayra siwo ana dzi nadzɔ mí la kɔna ɖe mía dzi. Gbã la, Mawu na agbe mí. Eya ta míate ŋu azã míaƒe agbe atsɔ akafui le esi wòhe mí va tadedeagu vavãtɔ me ta. (Ps. 144:15; Yoh. 6:44) Evelia, Yehowa ka ɖe edzi na mí be yelɔ̃ mí, eye wòkpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le esubɔsubɔ me. (Yer. 31:3; 2 Kor. 4:16) Hekpe ɖe eŋu la, míele vivi sem le míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa me—eya mee míekpɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu nyuiwo kple nɔviwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ le la le. Azɔ hã, mɔkpɔkpɔ xɔasi aɖe le mía si.

2. Nu kae Mawu subɔla wɔnuteƒe aɖewo le avu wɔm kplii?

2 Togbɔ be susu nyuiwo li siwo tae míakpɔ dzidzɔ ɖo hã la, Mawu subɔla wɔnuteƒe aɖewo le avu wɔm kple susu manyomanyowo bubu tso wo ɖokui ŋu. Ewɔna na wo be asixɔxɔ mele yewo alo yewoƒe subɔsubɔdɔa ŋu le Yehowa ŋkume o. Le nɔvi siawo gome la, be woanɔ dzidzɔ kpɔm “ƒe geɖe” la nye drɔ̃eƒenya dzro aɖe ko. Ewɔna na wo be yewoƒe agbemeŋkekewo nye vivitidogbewo sɔŋ.Nyagb. 11:8.

3. Nu kawoe nana nɔvi aɖewo sena le wo ɖokui me be asixɔxɔ mele yewo ŋu o?

3 Nu siwo nana nɔvi siawo sena le wo ɖokui me be asixɔxɔ  mele yewo ŋu o la ƒe ɖewoe nye mɔkpɔkpɔ siwo meva eme o, dɔléle, alo dzesidedee be yewole amegã alo nyagã kum. (Ps. 71:9; Lod. 13:12; Nyagb. 7:7) Ke hã ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nanyae be alakpatɔe míaƒe dzi nye, eye ate ŋu anɔ fɔ bum mí togbɔ be ɖewohĩ Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu hã. (Yer. 17:9; 1 Yoh. 3:20) Abosam tsoa Mawu subɔlawo nu alakpatɔe. Eye ame siwo bua nuwo ŋu abe Satana ene adze agbagba be yewoaƒã susu si nɔ xɔsemanɔsitɔ Elifaz si la ɖe mía me—be Mawu mebua mí ɖe nemi me gɔ̃ hã o. Alakpae nya mawo nye le Hiob ƒe ŋkekeawo me kple egbea siaa.Hiob 4:18, 19.

4. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

4 Yehowa gblɔe le Ŋɔŋlɔawo me eme kɔ be yeanɔ kple ame siwo ‘le zɔzɔm le bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me.’ (Ps. 23:4) Mɔ siwo dzi wòtona wɔa esia dometɔ ɖekae nye to eƒe Nya la dzi. Biblia la nye “ŋusẽ tso Mawu gbɔ, be míatsɔ amu nu siwo ƒo ke ɖe to sesĩe,” siwo ƒe ɖewoe nye susu manyomanyowo kple esiwo mesɔ o la, “ƒu anyi.” (2 Kor. 10:4, 5) Eya ta mina míadzro ale si míazã Biblia be wòakpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ susu nyuiwo bum tso mía ɖokui ŋu la me. Esia ate ŋu aɖe vi na wò geɖe, eye wòana nàkpɔ ale si nàde dzi ƒo na ame bubuwoe.

ALE SI NÀZÃ BIBLIA BE WÒAKPE ÐE ŊUWÒ

5. Dodokpɔ kae akpe ɖe mía ŋu be míabu susu nyui tso mía ɖokui ŋu?

5 Apostolo Paulo ƒo nu tso nu siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míabu susu nyuiwo tso mía ɖokui ŋu la dometɔ aɖewo ŋu. Exlɔ̃ nu Korinto hamea be: “Miyi edzi mianɔ mia ɖokui dom kpɔ be miele xɔse la me hã.” (2 Kor. 13:5) “Xɔse” si wòwɔnɛ le afi siae nye Kristotɔwo ƒe dzixɔse siwo katã le Biblia me. Ne míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo sɔ ɖe míaƒe dzixɔsewo nu la, ekema míekpɔ dzidzedze le dodokpɔa me, eye esia ɖenɛ fiana be ‘míele xɔse la me.’ Azɔ hã, ele be míanɔ ekpɔm ɖa be míaƒe agbenɔnɔ sɔ ɖe Kristotɔwo ƒe nufiafia bliboa nu mahã. Mímate ŋu atia nufiafia siwo nu míedi be míanɔ agbe ɖo ahagblẽ ɖewo ya ɖi o.Yak. 2:10, 11.

6. Nu ka tae wòle be míanɔ mía ɖokui dom kpɔ be ‘míele xɔse la me hã’? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

6 Ðewohĩ màdi be yeawɔ dodokpɔ ma o, le esi nèle vɔvɔ̃m be yeado kpo nu ta. Gake ale si Yehowa bua míi ye le vevie wu, eye eƒe susuwo kɔ boo wu mía tɔwo. (Yes. 55:8, 9) Medzroa esubɔlawo me be yeabu fɔ wo o, ke boŋ be yeakpɔ nu siwo me wodzea agbagba le ne yeakpe ɖe wo ŋu. Ne èzãa Mawu ƒe Nya la tsɔ doa ɖokuiwò kpɔ be yele “xɔse la me hã” la, àva nɔ ɖokuiwò bum abe ale si Mawu bua wòe ene. Esia ana nàtrɔ susu si nye be mèɖi naneke le Mawu ŋkume o la ahatsɔ Biblia ƒe kakaɖedzinya si nye, èxɔ asi le Yehowa ŋkume, boŋ aɖɔlii. Esia wɔwɔ anɔ ko abe ɖe nèʋu fesre be ɣe naklẽ ɖe xɔ doviviti aɖe me ene.

7. Aleke nuteƒewɔla siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ƒe kpɔɖeŋuwo ate ŋu aɖe vi na mí?

7 Mɔ nyui aɖe si dzi míato ado mía ɖokui kpɔe nye be míanɔ ŋugble dem le nuteƒewɔla siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu. Tsɔ nɔnɔme siwo me woto kple ale si wose le wo ɖokui me la sɔ kple tɔwò nàkpɔe ɖa be ne wòe ɖe, anye ne aleke nàwɔ nui? Mina míadzro kpɔɖeŋu etɔ̃ siwo ana nàkpɔ ale si nàzã Biblia atsɔ ado ɖokuiwò kpɔ be ‘yele xɔse la me hã’ la me. Esia wɔwɔ ana nànɔ susu nyuiwo bum tso ɖokuiwò ŋu.

AHOSI DAHE LA

8, 9. (a) Aleke nɔnɔmea nɔ na ahosi dahe la? (b) Nya ɖefuname kawo ŋu bum ahosia anya nɔ?

8 Yesu nɔ ŋku lém ɖe ahosi dahe  aɖe ŋu le gbedoxɔa me le Yerusalem. Ahosia ƒe kpɔɖeŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagada mía ɖokui ɖe anyi ne ŋutete boo mele mía ŋu o hã. (Mixlẽ Luka 21:1-4.) Bu nɔnɔme si me ahosia le ŋu kpɔ. Srɔ̃a ƒe ku do nuxaxa nɛ, evɔ eŋɔli me subɔsubɔhakplɔlawo ‘daa adzo ahosiwo ƒe aƒewo’ le esi teƒe be woakpe ɖe wɔnamanɔŋutɔ siawo ŋu. (Luka 20:47) Nyɔnu sia da ahe ale gbegbe be ga si apaɖila akpɔ ne ewɔ dɔ miniti 15 pɛ ko ye wòte ŋu dzɔ de nudzɔɖakaa me.

9 Bu ale si ahosia ase le eɖokui me esime wòlé gaku sue eve mawo ɖe asi heva ɖo gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu ŋu kpɔ. Ðe wòanɔ ale si gbegbe eƒe nudzɔdzɔa le sue ŋutɔ ne wotsɔe sɔ kple esi wòdzɔna esime srɔ̃a nɔ agbe la ŋu buma? Ne ekpɔ ga gbogbo siwo dzɔm ame siwo nɔ ŋgɔ nɛ le la, ɖe etɔ suea akpe ŋu nɛ eye wòasusui be mele ɖeke me oa? Ne nya siawo tɔgbi va susu me nɛ hã la, ewɔ nu si wòate ŋui tsɔ do alɔ tadedeagu vavãtɔ.

10. Aleke Yesu ɖee fia be asixɔxɔ le ahosia ŋu le Mawu ŋkume?

10 Yesu gblɔ be ahosia kple eƒe nudzɔdzɔa xɔ asi le Yehowa ŋkume. Egblɔ be “nu si wòtsɔ de eme la sɔ gbɔ wu esi [kesinɔtɔawo] katã [tsɔ] de eme.” Eƒe gakua tsaka kple ame bubuwo ƒe nudzɔdzɔwo, ke hã Yesu de dzesii hekafui. Ame siwo xlẽa ga siwo wodzɔ de nudzɔɖakaa me la manya asixɔxɔ si gbegbe le gaku sue eve mawo kple ame si dzɔ wo la ŋu le Yehowa ŋkume o. Gake Mawu ƒe susu ye le vevie wu, ke menye nu si amewo alo ahosia ŋutɔ gɔ̃ hã susu ye o. Ðe nàte ŋu azã ŋutinya sia atsɔ ado ɖokuiwò kpɔ be nèle xɔse la me mahã?

Nu kae nèsrɔ̃ tso ahosia ƒe ŋutinyaa me? (Kpɔ memama 8-10)

11. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso ahosia ƒe ŋutinyaa me?

11 Nɔnɔme siwo me nèle ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe nu siwo nàte ŋu awɔ le Yehowa subɔsubɔ me dzi. Le tsitsi alo dɔléle ta la, ɣeyiɣi sue aɖe ko nɔvi aɖewo ate ŋu atsɔ aɖe gbeƒã nya nyuia. Ðe wòle be woasusui be ɣeyiɣi si yewozã le subɔsubɔdɔa me  mesɔ gbɔ ne yewoabu eŋuti kɔnta oa? Ne mèle nɔnɔme madeamedzi siawo me o hã la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be yeƒe agbagbadzedzewo mede naneke kura ne wotsɔe sɔ kple gaƒoƒo gbogbo siwo Mawu ƒe amewo zãna le subɔsubɔdɔa me ƒe sia ƒe o. Ke hã, míesrɔ̃e le ahosi dahea ƒe ŋutinyaa me be Yehowa dea dzesi nu sia nu si míewɔna nɛ, eye wòdea asixɔxɔ eŋu, vevietɔ ne nɔnɔme sesẽ aɖe mee míele hafi wɔe. Bu subɔsubɔdɔ si nèwɔ na Yehowa le ƒe si va yi me ŋu kpɔ. Ðe gaƒoƒo siwo nèzã la dometɔ aɖe bia be nàtsɔ nu gã aɖe asa vɔe hafia? Ne ele alea la, ka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ nu si nèwɔ nɛ le gaƒoƒo ma me ŋu. Ne èle nu sia nu si nàte ŋui wɔm le Yehowa subɔsubɔ me abe ahosi dahea ene la, àte ŋu aka ɖe edzi bliboe be ‘yele xɔse la me.’

ÐE NYE AGBE ÐA

12-14. (a) Aleke Eliya se le eɖokui me? (b) Nu ka tae wòse le eɖokui me nenema?

12 Nyagblɔɖila Eliya wɔ nuteƒe na Yehowa eye xɔse sẽŋu nɔ esi. Gake ɣeaɖeɣi la, dzi ɖe le eƒo ale gbegbe be wòbia be Yehowa naɖe yeƒe agbe ɖa esime wògblɔ be: “Esɔ gbɔ! Azɔ, Yehowa, xɔ nye luʋɔ.” (1 Fia. 19:4) Ate ŋu awɔ na ame siwo meto nɔnɔme sesẽ ma tɔgbi me kpɔ o la be Eliya ƒe gbedodoɖa ma nye ‘nya tatrawo’ sɔŋ. (Hiob 6:3) Gake ale si wòse le eɖokui me la sɔ le dzɔdzɔme nu. De dzesii be Yehowa medo dziku ɖe Eliya ŋu esi wòdi be yeaku o, ke ɖe wòkpe ɖe eŋu boŋ.

13 Nu kae na Eliya se le eɖokui me nenema? Do ŋgɔ teti na esia la, exɔ ŋgɔ wowɔ dodokpɔ vevi aɖe le Israel, si ɖo kpe edzi be Yehowae nye Mawu vavã la, eye esia megbe la, wowu Baal ƒe nyagblɔɖila 450. (1 Fia. 18:37-40) Anɔ eme be Eliya nɔ mɔ kpɔm be Mawu ƒe amewo atrɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu, gake meva eme alea o. Fianyɔnu vɔ̃ɖi Izebel dɔ ame ɖo ɖe Eliya be woagblɔ nɛ be yeawui godoo. Esi Eliya nɔ vɔvɔ̃m ta la, esi yi anyiehe gome eye wòto Yuda-nyigba dzi va do ɖe gbedadaƒo.1 Fia. 19:2-4.

14 Fifia esi Eliya ɖeɖe va tsi gbedadaƒo la, eva le ebum be viɖe aɖeke mele yeƒe nyagblɔɖidɔa ŋu o. Egblɔ na Yehowa be: ‘Nyemenyo wu tɔgbuinyewo o.’ Ese le eɖokui me be viɖe aɖeke mele ye ŋu o abe ye tɔgbui kuku siwo nyunyɔ la ƒe ƒuwo ko ene. Le eya ŋutɔ ƒe susu me la, enye ame dokponu si mele bo aɖeke nu le Yehowa alo ame bubu aɖeke gbɔ o.

15. Aleke Mawu na Eliya nya be yekpɔtɔ dea asixɔxɔ eŋu?

15 Gake Ŋusẽkatãtɔ la ya bu Eliya le mɔ bubu nu. Asixɔxɔ kpɔtɔ nɔ Eliya ŋu le Yehowa ŋkume, eye wòna Eliya nya esia. Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòva do ŋusẽ Eliya. Eyome Yehowa to nukumɔ dzi na nuɖuɖu kple tsi Eliya si lée ɖe te wòte ŋu zɔ ŋkeke 40 yi anyiehe va do ɖe keke Xoreb Toa gbɔ ke. Azɔ hã Mawu ɖɔ Eliya ƒe susu ɖo dɔmenyotɔe le esi wònɔ sesem le eɖokui me be Israel vi bubu aɖeke megali si le nuteƒe wɔm na Yehowa o ta. Eɖe dzesi ŋutɔ be Mawu de dɔ yeyewo asi na Eliya, eye wòlɔ̃ xɔe. Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ɖe vi na Eliya ale be dzo yeye ɖo eme wògatrɔ yi eƒe dɔ gbɔ.1 Fia. 19:5-8, 15-19.

16. Gblɔ mɔ aɖe si dzi Mawu to lé wò ɖe te.

16 Àte ŋu azã Eliya ƒe ŋutinya sia atsɔ ado ɖokuiwò kpɔ nenye be èle xɔse la me, eye esia akpe ɖe ŋuwò be susu nyui nakpɔtɔ anɔ asiwò. Gbã la, bu mɔ siwo dzi Yehowa tona léa wò ɖe te ŋu kpɔ. Ðe esubɔla aɖe, ɖewohĩ hamemetsitsi alo Kristotɔ bubu aɖe si tsi le gbɔgbɔ me, kpe ɖe ŋuwò esi nèɖo hiã me kpɔa? (Gal. 6:2) Ðe Biblia, míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo, alo hamea ƒe kpekpe me nya aɖe do ŋusẽ wòa? Ɣesiaɣi si esiawo dometɔ aɖe ɖe vi na wò la, nyae be Yehowa gbɔe wòtso, eye nàdo gbe ɖa ada akpe nɛ ɖe eta.Ps. 121:1, 2.

17. Nu ka ŋue Yehowa dea asixɔxɔe le esubɔlawo ŋu?

 17 Evelia, ɖo ŋku edzi be susu manyomanyowo bubu tso ɖokuiwò ŋu ate ŋu aflu wò. Ale si Mawu bua míi ye le vevie. (Mixlẽ Romatɔwo 14:4.) Yehowa dea asixɔxɔ míaƒe ɖokuitsɔtsɔna kple nuteƒewɔwɔ ŋu; menye dɔ agbɔsɔsɔ si míewɔ nɛ ye wòtsɔ dzidzea mí o. Ðewohĩ abe ale si wònɔ le Eliya gome ene la, èwɔ geɖe na Yehowa wu ale si wò ŋutɔ nèsusui. Anɔ eme be wò kpɔɖeŋu le ŋusẽ nyui kpɔm ɖe hamea me tɔ aɖewo dzi, eye wò agbagbadzedzee na wò anyigbamama me tɔ aɖewo va nya nyateƒea.

18. Nu ka ƒe kpeɖodzie dɔ siwo Yehowa de asi na wò la nye?

18 Mlɔeba la, bu dɔ ɖe sia ɖe si Yehowa de asi na wò la be enye kpeɖodzi be eli kpli wò. (Yer. 20:11) Abe Eliya ene la, dzi ate ŋu aɖe le ƒowò le esi wòwɔ na wò be wò subɔsubɔdɔa mele ku tsem o alo esi màte ŋu aɖo wò gbɔgbɔmetaɖodzinu aɖe gbɔ o ta. Ke hã mɔnukpɔkpɔ gãtɔ si ate ŋu asu ame si fifia lae su asiwò—èle gbeƒã ɖem nya nyuia eye Mawu ƒe ŋkɔ le ŋuwò. Yi edzi nàwɔ nuteƒe. Ekema abe ale si Yesu gblɔe le eƒe lododo aɖe me ene la, woagblɔ na wò be: “Ge ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me.”Mat. 25:23.

‘AME SI HIÃ TU ƑE GBEDODOÐA’

19. Nɔnɔme ka mee Psalmo 102 ŋlɔlaa ɖo?

19 Nu te ɖe Psalmo 102 ŋlɔla la dzi vevie. ‘Hiã tui,’ enɔ fu kpem henɔ veve sem le dzi me, eye ŋusẽ megale eŋu wòado dzi atsɔ eƒe kuxiwo o. (Ps. 102:1) Eƒe nyawo ɖee fia be eƒe vevesese, akogotsitsi kple kuxiwo sɔŋ koe xɔ susu me nɛ. (Ps. 102:4, 5, 7, 12) Ewɔ nɛ be Yehowa di be yeatsɔ ye aƒu gbe.Ps. 102:11.

20. Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ame si le avu wɔm kple susu manyomanyowo ŋu?

20 Gake le esiawo katã me la, hakpala la yi edzi zã eƒe agbe tsɔ kafu Yehowa. (Mixlẽ Psalmo 102:20-22.) Abe ale si míekpɔe le Psalmo 102 me ene la, ame siwo le xɔse la me hã ate ŋu anɔ veve sem, eye wòanɔ sesẽm na wo be woaɖe susu ɖa le woƒe kuxiwo dzi. Hakpalaa se le eɖokui me be yele “abe xevi tsi akogo le xɔta ene,” abe yeƒe kuxiwo koe ɖe to ɖe ye ene. (Ps. 102:8) Ne eva dzɔ be nèse le ɖokuiwò me alea la, trɔ wò dzimenyawo ƒo ɖe Yehowa ŋkume abe ale si hakpalaa wɔe ene. Ame si hiã tu ƒe gbedodoɖa—ɛ̃, wò gbedodoɖa—ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ avu kple susu manyomanyowo bubu tso ɖokuiwò ŋu. Yehowa do ŋugbe be ‘yeatrɔ ɖe ame dahewo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye yemado vlo woƒe kukuɖeɖe o.’ (Ps. 102:18) Ka ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi.

21. Nu kae akpe ɖe ame ŋu be wòanɔ susu nyuiwo bum?

21 Psalmo 102 ɖe nu si míawɔ be míanɔ susu nyuiwo bum la hã fia. Hakpalaa trɔ susu ɖe eya kple Yehowa dome ƒomedodo boŋ ŋu. (Ps. 102:13, 28) Efa akɔ nɛ esi wònyae be Yehowa alé Eƒe amewo ɖe te ɣeawokatãɣi be woado dzi le dodokpɔwo me. Eya ta ne seselelãme siwo mesɔ o na be mète ŋu le geɖe wɔm le Mawu subɔsubɔ me abe ale si nàdii ene o la, do gbe ɖa tso eŋu. Ðe kuku na Mawu be wòase wò gbedodoɖawo, menye be nàkpɔ gbɔdzɔe ko o, ke be “woaxlẽ nya afia le Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu” hã.Ps. 102:21, 22.

22. Nu kae ana míaƒe nu nadze Yehowa ŋu?

22 Nyateƒee, míate ŋu azã Biblia atsɔ akpɔ kakaɖedzi be míele xɔse la me, eye asixɔxɔ le mía ŋu le Yehowa ŋkume. Kakaɖedzitɔe la, míate ŋu aɖe dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo katã ɖa keŋkeŋ le nuɖoanyi sia me o. Ke hã, ne míedo dzi hesubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe la, míaƒe nu ate ŋu adze eŋu, eye wòaxɔ mí ɖe agbe.Mat. 24:13.