Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Beléle Na Dzila Tsitsiwo

Beléle Na Dzila Tsitsiwo

“Vinye lɔlɔ̃awo, migana míatsɔ nya kple aɖe alɔ̃ ame o, ke boŋ míatsɔ nuwɔna kple nyateƒe alɔ̃ ame.”1 YOH. 3:18.

1, 2. (a) Nɔnɔme sesẽ kae dzea ŋgɔ ƒome geɖe, eye biabia kawoe esia fɔ ɖe te? (b) Aleke dzilawo kple wo viwo ate ŋu akpe akɔ kple kuxi siwo vana le tsitsime?

DZIGBAGBÃE wònyena ne èva de dzesii be ye dzila siwo nɔ lãmesẽ me eye woawo ŋutɔwo kpɔa wo ɖokuiwo dzi la megate ŋu le nu siwo wowɔna tsã la wɔm o. Ðewohĩ Papa alo Dada dze anyi eye afi aɖe ŋe nɛ, alo eƒe susu tɔtɔ eye wòbú, alo be ɖɔktawo kpɔ dɔléle sesẽ aɖe le eŋu. Le dzila tsitsiawo hã gome la, lãmesẽkuxiwo kple nɔnɔme si me woɖo fifia ate ŋu anɔ tetem ɖe wo dzi vevietɔ ne womegatea ŋu wɔa nanewo o. (Hiob 14:1) Aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋu? Eye aleke míate ŋu alé be na woe?

2 Nyati aɖe si ku ɖe ame tsitsiwo dzi kpɔkpɔ ŋu gblɔ be: “Togbɔ be esesẽna be woadzro kuxi siwo vana le tsitsime me hã la, ƒome si dzaka nyawo kpɔ do ŋgɔ helɔ̃ ɖe ale si woakpɔ wo gbɔe dzi la tea ŋu kpea akɔ kple nɔnɔme ɖe sia ɖe si ado mo ɖa la bɔbɔe wu.” Míenyae be kuxi siwo vana le tsitsime la ava godoo. Esia tae wòle vevie be míadzra ɖo ahatso nya me le nanewo ŋu do ŋgɔ. Mina míadzro ale si ƒomewo ate ŋu awɔ nu aduadu le lɔlɔ̃ me awɔ ɖoɖo ɖe kuxi sesẽ siawo gbɔ kpɔkpɔ ŋui la me.

 DZADZRAÐO ÐE “ŊKEKE VƆ̃WO” ŊU

3. Ne dzila tsitsiwo va hiã kpekpeɖeŋu geɖe la, nu kae wòle be ƒomewo nawɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

3 Ɣeyiɣi aɖe ɖona si dzila tsitsi geɖe megatea ŋu kpɔa wo ɖokuiwo dzi o eye wohiãa kpekpeɖeŋu. (Mixlẽ Nyagblɔla 12:1-7.) Ne edzɔ alea la, ele be wo kple wo vi tsitsiwo woade adaŋu le mɔ nyuitɔ si dzi woato akpɔ kuxiawo gbɔe ŋu. Zi geɖe la, nunya le eme be woawɔ ƒometakpekpe adzro ale si woawɔ nu aduadu, nu siwo hiã, kple ale si woama agba lae me. Ele be wo katã, vevietɔ dzilaawo, nagblɔ woƒe dzimenyawo faa eye woalɔ̃ ɖe ale si tututu nɔnɔmea le dzi. Woate ŋu adae akpɔ ne dzilawo ate ŋu akpɔtɔ anɔ wo ƒeme nenye be wonaa kpekpeɖeŋu wo enuenu mahã. * Alo woate ŋu aƒo nu tso nu si ƒometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe dzila tsitsiawo dzi kpɔkpɔ ŋu la ŋu. (Lod. 24:6) Le kpɔɖeŋu me, vovo ate ŋu anɔ ame aɖewo ŋu be woava nɔ nanewo wɔm na wo gbe sia gbe, eye ame bubuwo hã ate ŋu anɔ ga ɖom ɖa. Ele be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nanya be ame sia ame kple eƒe wɔƒee; gake nuwo ate ŋu atrɔ ne ɣeyiɣiawo va le yiyim, eye wòahiã be woatrɔ asi le ame sia ame ƒe wɔƒe ŋu.

4. Ame kawo ŋue ƒometɔwo ate ŋu atrɔ ɖo hena kpekpeɖeŋu?

4 Ne èdze dziwòla tsitsi dzi kpɔkpɔ gɔme la, anyo be nàdi ɣeyiɣi asrɔ̃ nu geɖe tso eƒe nɔnɔmea ŋu. Ne dɔlémafɔe lém wòle la, ku nu me tso nu siwo dɔlélea ate ŋu agblẽ le eŋu la ŋu. (Lod. 1:5) Bia nya tso ɖoɖo siwo dziɖuɖua wɔ na ame tsitsiwo, siwo ate ŋu aɖe vi na mi ŋu. Ne èle tɔtrɔ siwo ava le miaƒe ƒomea me ŋu bum la, ɖewohĩ esia ate ŋu ana nàlé blanui, dzidzi aƒo wò, alo nàtɔtɔ. Gblɔ nu siwo le fu ɖem na wò la na xɔlɔ̃ si dzi nèka ɖo. Ƒo wo katã ta la, do gbe ɖa nàgblɔ wò dzimenyawo na Yehowa. Ana wò susu nadze akɔ anyi ale be nàte ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme ɖe sia ɖe nu.Ps. 55:23; Lod. 24:10; Flp. 4:6, 7.

5. Nu ka tae nunya le eme be woanya tiatia siwo woawɔ le ame tsitsiwo ƒe lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ me ŋu do ŋgɔ?

5 Dzila tsitsi aɖewo kple woƒe ƒomea dzroa nu me be woanya tiatia siwo woawɔ le lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ me do ŋgɔ. Woadi be woanya ne anyo wu be dzilaa naʋu aɖanɔ wo vi aɖe gbɔ, alo woana ame aɖe nava nɔ wo gbɔ loo, alo esiawo tɔgbi. Ema afia be wokpɔ ‘fuɖename kple hiã’ siwo ate ŋu atu wo la do ŋgɔ hedzra ɖo ɖe eŋu. (Ps. 90:10) Ƒome geɖe mewɔa ɖoɖo aɖeke do ŋgɔ o, eye ne kuxiwo va tu wo ko hafi wowɔa nyametsotso sesẽwo kpatakpata. Tsitsi ŋuti nunyala aɖe gblɔ be edzena ƒãa be, “menye ɣeyiɣi nyuitɔ si me woawɔ nyametsotso mawo lee nye ema o.” Ne wowɔ nyametsotso sesẽwo kpatakpata alea la, ƒomea me tɔwo tsia dzodzodzoe, eye etea ŋu dea dzre wo dome. Gake ɖoɖowɔwɔ ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ ana woatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu bɔbɔe wu.Lod. 20:18.

Woate ŋu awɔ ƒometakpekpe adzro ale si woama agba lae me (Kpɔ memama 6-8)

6. Vi kae wòaɖe ne dzilawo kple wo viwo dzro afi si woanɔ kple wo dzi kpɔkpɔ ƒe ɖoɖowo me?

6 Ðewohĩ asesẽ na wò be nàɖo dze kple dziwòlawo ku ɖe asitɔtrɔwo wɔwɔ le nuwo ŋu le woƒe aƒe me alo ale si wòava hiã be woaʋu ŋu. Gake ame geɖe gblɔ be esia wɔwɔ va kpe ɖe yewo ŋu ŋutɔ. Nu ka tae? Elabena ena mɔnukpɔkpɔ wo wote ŋu ɖo dze tso nya sesẽwo ŋu, woɖo to wo nɔewo bubutɔe, eye wowɔ ɖoɖo nyuiwo hafi kuxiwo va do mo ɖa. Wode dzesii be ne wolé nyawo kpɔ le dziɖeɖi kple lɔlɔ̃ me ale be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe gblɔ eƒe susu do ŋgɔ la, enana nyametsotsowo  wɔwɔ nɔa bɔbɔe wu le wo wɔɣi. Ne dzila tsitsiwo di be yewoanɔ yewo ɖokui si ɣeyiɣi didi si wòanya wɔ hã la, eɖea vi ŋutɔ ne wodzro dzikpɔkpɔ ƒe ɖoɖo si tɔgbi ado dzidzɔ na wo ne wova hiã kpekpeɖeŋu la me kple wo viwo.

7, 8. Nya kawo mee wòanyo be ƒomewo nadzro, eye nu ka tae?

7 Dzilawo, le numedzodzro siawo me la, migblɔ miaƒe didiwo, ganyawo, kple nu siwo asɔ na mi la faa. Esia akpe ɖe miaƒe ƒomea ŋu woawɔ nyametsotso siwo sɔ ɖe mia nu ne eva hiã. Woadi godoo be yewoade bubu miaƒe susu ŋu ahakpɔ egbɔ be mievo le mia ɖokui me. (Ef. 6:2-4) Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèdi be viwò ɖeka nakplɔ wò nàva nɔ eya kple eƒe ƒomea gbɔa, alo ɖoɖo bubu aɖee nèdi be woawɔ na yea? Ele be nàda asɔ eye nànyae be menye ame sia amee abu nuwo abe ale si nèle ebum ene o—eɖanye dzila alo vi o. Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi hafi woase wò susuwo gɔme.

8 Ele be mí katã míanyae be ne míede adaŋu hewɔ ɖoɖo nyuiwo la, míaƒo asa na kuxi geɖe. (Lod. 15:22) Esia lɔ nuƒoƒo tso atikewɔnyawo kple ame ŋutɔ ƒe didiwo ŋu ɖe eme. Ele be míadzro nyatakaka siwo le DPA ʋugbalẽvi si Yehowa Ðasefowo zãna me la hã me. Ele be ame sia ame nase atikewɔmɔnu vovovo siwo li gɔme ahatia esiwo dzi wòalɔ̃ ɖo kple esiwo dzi malɔ̃ ɖo o. Agbalẽ siawo tɔgbi kpekpeɖo ana woanya tiatia siwo amea ŋutɔ wɔ. Ameteƒenɔla le atikewɔnyawo me tiatia awɔe be ame si dzi woka ɖo nawɔ nyametsotso siwo sɔ ɣesiaɣi si wòahiã. Ele be woawɔ DPA ʋugbalẽvia ƒe fotokɔpi na ame sia kple ame siwo le ame tsitsia dzi kpɔm ale be woate ŋu awɔ eŋu dɔ ne eva hiã. Ame tsitsi aɖewo tsɔa agbalẽvi ma kpena ɖe woƒe agbalẽ veviwo abe nugblẽfexeɖoɖogbalẽ, gadzraɖoƒegbalẽwo, kple agbalẽ vevi bubuwo ŋu.

TENƆNƆ ÐE NƆNƆME SESẼWO NU

9, 10. Tɔtrɔ kawoe ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe kpekpeɖeŋu si wonaa dzila tsitsiwo dzi?

9 Zi geɖe la, ƒomea me tɔwo dina be dzila tsitsiwo nanɔ wo ɖokuiwo si va se ɖe afi si wòanya wɔ le, eye dzilawo hã daa asi ɖe edzi. Ne ŋutete le wo ŋu be woaɖa nu, adzra aƒea me ɖo, ano woƒe atikewo ɖe ɣeyiɣi dzi, eye woado ka kple amewo la, ke mahiã be wo viwo naxɔ nu mawo katã ƒe ablɔɖe le wo si o. Gake ne ɣeyiɣiawo va le yiyim eye dzilawo megate ŋu le zɔzɔm nyuie o, alo womate ŋu ayi aɖaɖi asi o, alo wova le nu ŋlɔm be kabakaba la, ke ahiã be wo viwo nawɔ ɖoɖo bubuwo atsɔ akpɔ nɔnɔmea gbɔe.

10 Ame tsitsiwo ate ŋu atɔtɔ alo woalé blanui. Womaganɔ nu sem, anɔ nu kpɔm, alo anɔ ŋku ɖom nuwo dzi nyuie o, eye afɔdzidede kple aɖuɖɔɖɔɖɔ ƒe kuxiwo nanɔ fu ɖem na wo. Ne lãmesẽkuxi mawo do mo ɖa la, ahiã be woadi atikewɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu kaba. Ahiã  be wo viwo nawɔ ɖoɖo woayi kɔdzi. Ne eva ɖo afi aɖe la, ahiã be woakpɔ nanewo siwo dzilawo ŋutɔ tea ŋu wɔna tsã la gbɔ na wo. Be woakpɔ dzilawo gbɔ nyuie la, ate ŋu ahiã be ɖeviawo naƒo nu ɖe wo nu, akpe agbalẽviwo ɖo na wo, akɔ wo kple ʋu ayi kɔdzi kple bubuawo.Lod. 3:27.

11. Nu kawoe woawɔ be wòanɔ bɔbɔe na dzilawo be woatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu?

11 Ne dziwòlawo ƒe nɔnɔmea mate ŋu aɖɔ ɖo o la, ahiã be miawɔ asitɔtrɔwo le beléle na wo kple afi si woanɔ ŋu. Minɔ asitɔtrɔawo wɔm vivivi le ale si nɔnɔmea biae nu. Ne miele didiƒe tso mia dzilawo gbɔ la, ɖe wòanya wɔ be Ðasefo alo aƒelika aɖe nanɔ wo gbɔ yim edziedzi ahanɔ ale si nuwo le la ta kam na mia dometɔ aɖea? Nuɖaɖa kple aƒea me dzadzraɖo me koe wohiã kpekpeɖeŋu lea? Ðe tɔtrɔ aɖewo wɔwɔ le nuwo ŋu le aƒea me ana tsaɖiɖi, tsiléle, alo nu bubu aɖewo wɔwɔ nanɔ bɔbɔe na wo wua? Ðewohĩ nu si dzila tsitsiwo hiã koe nye be ame aɖe nava nɔ kpekpem ɖe wo ŋu le aƒea me. Gake ne womanɔ dedie ne woawo ɖeɖe wole aƒea me o la, ke ele be woadi ame wòanɔ wo gbɔ koŋ. Aleke kee wòɖale o, anyo be miawɔ ɖoɖo siwo asɔ ɖe mia gbɔ nɔnɔmewo nu. *Mixlẽ Lododowo 21:5.

ALE SI AME AÐEWO LE KUXIAWO GBƆ KPƆMEE

12, 13. Aleke vi tsitsi siwo le didiƒe tso wo dzilawo gbɔ ate ŋu ayi edzi anɔ bubu dem wo ŋu ahanɔ be lém na wo?

12 Vi siwo lɔ̃a wo dzilawo dina be woanɔ dedie. Ne wonya be yewole be lém na yewo dzilawo nyuie la, woƒe dzi dzea eme. Gake le susu aɖewo ta la, vi tsitsi geɖe kple wo dzilawo dome didi. Wo dometɔ aɖewo zãa woƒe mɔkeɣiwo ɖia tsa yia wo dzilawo gbɔ be woakpe asi ɖe wo dzi kpɔkpɔ ŋu ahawɔ aƒemedɔ siwo meganya le wɔwɔm na wo o la na wo. Kaƒoƒo na dzilawo edziedzi—alo gbe sia gbe gɔ̃ hã ne anya wɔ—lɛtaŋɔŋlɔ na wo, alo e-mail ɖoɖo ɖe wo ana woaka ɖe edzi be yewo viwo lɔ̃ yewo.Lod. 23:24, 25.

13 Afi ka kee nèɖale o, ehiã be nàtso nya me le ale si nàkpɔ dziwòlawo ƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ na woe ŋu. Ne èle didiƒe tso wo gbɔ, evɔ wonye Ðasefowo la, ɖo dze kple woƒe hamemetsitsiwo nàbia aɖaŋuɖoɖo tso wo gbɔ. Ƒo wo katã ta la, do gbe ɖa tso nɔnɔmea ŋu. (Mixlẽ Lododowo 11:14.) Ne dziwòlawo menye Ðasefowo o gɔ̃ hã la, ele be ‘nàbu fofowò kple dawò.’ (2 Mose 20:12; Lod. 23:22) Kakaɖedzitɔe la, menye nyametsotso ɖeka tɔgbie ƒomewo katã awɔ o. Ame aɖewo wɔa ɖoɖo wo dzila tsitsiwo ʋuna va nɔa wo gbɔ alo va nɔa teƒe si te ɖe wo ŋu. Gake menye ɣesiaɣie esia nya wɔna o. Dzila aɖewo medina be yewoanɔ yewo vi tsitsiwo kple woƒe ƒomewo gbɔ o; wodina be yewoanɔ yewo ɖokui si be yewoaganye agba na wo o. Ate ŋu adzɔ be ga le dzilawo si, eya ta woadi be yewoanɔ yewoƒe aƒe me anɔ fe xem na yewo dzikpɔlawo.Nyagb. 7:12.

14. Kuxi kae ate ŋu adze ŋgɔ ame si koŋ le dzilawo dzi kpɔm?

14 Le ƒome geɖewo me la, edze abe vi ɖeka dzi koe beléle na dzila tsitsi ƒe agbaa va tsina ene—vevietɔ wo dometɔ si tsɔ wo gbɔ. Gake ehiã be ame si koŋ le dzilaawo dzi kpɔm nada asɔ le woƒe nuhiahiãwo kple eya ŋutɔ hã ƒe ƒomea tɔwo gbɔ kpɔkpɔ me. Seɖoƒe li na ɣeyiɣi kple nu si ame sia ame ate ŋu awɔ. Eye dzikpɔlaa ƒe nɔnɔmewo ate ŋu atrɔ, si ana wòahiã be woawɔ asitɔtrɔ le ɖoɖo siwo wowɔ va yi la ŋu. Ðe agbaa va sɔ gbɔ akpa ɖe ame ɖeka dzia? Ðe vi bubuawo ate ŋu akpe asi ɖe eŋu geɖe wu, ɖewohĩ  woanɔ wo nɔewo ɖɔlim le wo dzilawo dzi kpɔkpɔ mea?

15. Nu kae woawɔ be nu mate ame si le dzila tsitsia dzi kpɔm ŋu o?

15 Ne ehiã be ame si le dzila tsitsia dzi kpɔm nanɔ dagbadagbam la, nu va tea eŋu. (Nyagb. 4:6) Vi siwo lɔ̃a wo dzilawo dina be yewoawɔ nu sia nu si yewoate ŋui na wo, gake ne ehiã be woanɔ dzilawo gbɔ kpɔm zã kple keli la, agbaa tea ŋu wua tsɔtsɔ na wo. Ele be vi siwo ɖo nɔnɔme sia me nada asɔ eye ne anya wɔ la, woabia kpekpeɖeŋu. Ne ame bubuwo doa alɔ wo edziedzi la, agbaa dzi aɖe kpɔtɔ vie na dzikpɔlaa.

16, 17. Nɔnɔme sesẽ kawoe ate ŋu adze ŋgɔ viwo le wo dzila tsitsiwo dzi kpɔkpɔ me? Nu kae woate ŋu awɔ? (Kpɔ aɖaka si nye “Dzila Tsitsiwo Dzi Kpɔkpɔ Dzidzɔtɔe” hã.)

16 Etena ɖe mía dzi vevie ne míekpɔ ale si tsitsi le nu gblẽm le mía dzila lɔlɔ̃awo ŋui. Ame geɖe siwo le wo dzila tsitsiwo dzi kpɔm léa blanui, tsia dzodzodzoe, wotɔtɔna, doa dziku, bua fɔ wo ɖokui, alo léa ame ɖe dɔme gɔ̃ hã. Ɣeaɖewoɣi la, dzila tsitsia daa gbe ɖe ame gbɔ alo nu siwo wɔm wole nɛ medea edeƒe nɛ gbeɖe o. Ne edzɔ alea la, mègado dziku o. Susu ŋuti nunyala aɖe gblɔ be: “Mɔ nyuitɔ si dzi nàto anɔ te ɖe nane si di be yeaho dziku na wò, vevietɔ nu si kpea ŋu na wò, nu ye nye be nàlɔ̃ ɖe edzi nenema. Mègabu fɔ ɖokuiwò le ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la ta o.” Ðe wò seselelãmewo gblɔ na srɔ̃wò, ƒomea me tɔ bubu, alo xɔlɔ̃ aɖe si dzi nèka ɖo. Dzeɖoɖo kpli wo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖe dzi ɖi.

17 Ate ŋu aɖo ɣeyiɣi aɖe si aɖaŋu kple ŋutete si hiã le dzila tsitsia dzi kpɔkpɔ me la maganɔ ƒomea si o. Ne edzɔ alea la, ɖewohĩ ahiã be woadi kpekpeɖeŋu bubu le beléle tɔxɛ nanae ŋkeke bliboa me. Nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe yina ɖakpɔa dadaa ɖa le ame tsitsiwo dzikpɔƒe gbe sia gbe kloe. Egblɔ be: “Dada hiã beléle gaƒoƒo 24 gbe sia gbe, evɔ míate ŋu anɔ egbɔ alea o. Nyametsotso be míakplɔe aɖada ɖe ame tsitsiwo dzikpɔƒe menɔ bɔbɔe kura o. Esesẽ na mí wu gbɔgblɔ. Gake ema koe ade edzi wu le eƒe agbenɔɣi ƒe ɣleti mamlɛtɔ mawo me, eye eya hã se egɔme nenema.”

18. Nu ka dzie ame siwo le wo dzila tsitsiwo dzi kpɔm ate ŋu aka ɖo?

18 Beléle na dzila tsitsiwo ƒe agbaa tsɔtsɔ ate ŋu asesẽ eye wòate ŋu ate ɖe ame ƒe dzi dzi vevie. Míate ŋu agblɔ ale si tututu woakpɔ nya sia nya gbɔe o. Ke hã, ɖoɖo nyui wɔwɔ, nuwɔwɔ aduadu, dzeɖoɖo tso eŋu nyuie, eye ƒo wo katã ta la, gbedodoɖa tso dzi me akpe ɖe ŋuwò nàde bubu dziwòlawo ŋu. Nu mawo katã wɔwɔ ana wò dzi nadze eme be yele be lém na wo hele wo dzi kpɔm ale si dze. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 13:4-8.) Vevietɔ wu la, àte ŋu aka ɖe edzi be ŋutifafa si sua ame siwo bua wo dzilawo si la asu asiwò, eye Yehowa ayra wò geɖe.Flp. 4:7.

^ mm. 3 Ale si nuwo le le mia gbɔ ye afia tiatia siwo dzilawo kple wo viwo awɔ. Le nuto aɖewo me la, wobunɛ be esɔ be dzilawo, wo viwo, kple wo tɔgbuiyɔviwo katã nanɔ teƒe ɖeka, eye emae dzɔa dzi na wo gɔ̃ hã.

^ mm. 11 Ne dziwòlawo ɖeɖee le aƒea me la, kpɔ egbɔ be ʋɔtruawo ƒe safuiwo le wo dzikpɔla siwo dzi mieka ɖo la si, ale be woate ŋu aʋu ʋɔa ne nane dzɔ kpata.