Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èle “Ame Si Womekpɔna O” La Kpɔma?

Èle “Ame Si Womekpɔna O” La Kpɔma?

“Eyi edzi nɔ te sesĩe, abe ɖe wònɔ Ame si womekpɔna o la kpɔm ene.”HEB. 11:27.

1, 2. (a) Ðe nu si tae wòdze abe Mose ƒe agbe ɖo afɔku me ene la me. (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu ka tae Mose mevɔ̃ fia la ƒe dziku o?

FARAO nye fia sẽŋu aɖe si Egiptetɔwo subɔna abe mawu ene. Agbalẽ aɖe gblɔ be, le woƒe susu nu la, “eƒe nunya kple ŋusẽ ƒo” anyigba dzi nuwɔwɔ bubuwo katã tɔ ta sãa. (When Egypt Ruled the East) Be Farao teviwo navɔ̃e la, eɖɔa fiakuku si ŋu wowɔ ƒli si le klalo be yeaɖu ame ƒe nɔnɔme ɖo—esia ɖoa ŋku edzi na amewo be ame sia ame si atsi tre ɖe fiaa ŋu la, woawui enumake. Eya ta bu ale si Mose anya se le eɖokui me esi Yehowa gblɔ nɛ be, “mele dɔwòm ɖe Farao gbɔ, be nàkplɔ nye dukɔ Israel-viwo adzoe tso Egipte” la ŋu kpɔ.2 Mose 3:10.

2 Mose yi ɖagblɔ Mawu ƒe gbedeasia na Farao, eye esia na Farao do dɔmedzoe. Esi fuwɔame asieke va Egipte-dukɔa dzi megbe la, Farao do ŋɔdzi na Mose be: “Kpɔ nyuie, bena nàgava nye ŋku ta azɔ o, elabena gbe si gbe nàgava nye ŋku ta la, ku ke nàku!” (2 Mose 10:28) Hafi Mose nadzo le Farao ŋkume la, egblɔe ɖi be fia la ƒe ŋgɔgbevi aku. (2 Mose 11:4-8) Mlɔeba, Mose gblɔ na Israel viwo be ƒome sia ƒome newu gbɔ̃ alo agbo eye woasisi eƒe ʋu ɖe woƒe ʋɔtrutiwo ŋu. Ɣemaɣi la, agbo  nye lã kɔkɔe na Egiptetɔwo ƒe mawu Ra. (2 Mose 12:5-7) Nu kae Farao awɔ? Mose mevɔ̃ ale si fia la awɔ nui o. Nu ka tae? Esi wòxɔ Yehowa dzi se heɖoa toe ta la, “mevɔ̃ fia ƒe dziku la o, elabena eyi edzi nɔ te sesĩe, abe ɖe wònɔ Ame si womekpɔna o la kpɔm ene.”Mixlẽ Hebritɔwo 11:27, 28.

3. Biabia kawo mee míadzro ku ɖe ale si Mose xɔ “Ame si womekpɔna o” la dzi se ŋu?

3 Ðe wò xɔse sesẽ ale gbegbe, abe ɖe nèle ‘Mawu kpɔm’ enea? (Mat. 5:8) Be míaƒe xɔse nasẽ ale be míate ŋu akpɔ “Ame si womekpɔna o” la, mina míadzro Mose ƒe kpɔɖeŋua me. Aleke Yehowa dzi xɔxɔ se kpɔ eta tso amegbetɔvɔvɔ̃ me? Aleke wòɖee fia be yexɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se vavã? Aleke “Ame si womekpɔna o” la kpɔkpɔ do ŋusẽ Mose kple eƒe amewo esime woƒe agbe ɖo afɔku me?

“MEVƆ̃ FIA ƑE DZIKU LA O”

4. Le amegbetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu la, aleke Mose le le Farao ŋkume?

4 Le amegbetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu la, Mose meɖi naneke kura le Farao gbɔ o. Ðeko wòdze abe Farao si mee Mose ƒe agbe, dedienɔnɔ kple etsɔme le ene. Do ŋgɔ la, Mose ŋutɔ bia Yehowa be: “Ame ka menye, be mayi Farao gbɔ, eye makplɔ Israel-viwo adzoe atso Egipte?” (2 Mose 3:11) Ƒe 40 aɖewo do ŋgɔ la, Mose si dzo le Egipte. Ðewohĩ anɔ eɖokui biam be, ‘Ðe nunya le eme be matrɔ ayi Egipte ahaho dziku na fia la?’

5, 6. Nu kae kpe ɖe Mose ŋu wòvɔ̃ Yehowa ke menye Farao o?

5 Hafi Mose natrɔ ayi Egipte la, Mawu fia nu vevi aɖee. Nya ma tututu ŋue Mose ŋlɔ nu tsoe emegbe le Hiob ƒe agbalẽa me, be: ‘Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya.’ (Hiob 28:28) Be Yehowa nakpe ɖe Mose ŋu wòatu vɔvɔ̃ sia ɖo ahawɔ nu le nunya me la, ehe eƒe susu yi vovototo si le amegbetɔwo kple Eya si nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ dome dzi. Ebia be: ‘Ame kae wɔ nu na ame? Ame kae wɔ aɖetututɔ alo tokunɔ alo nukpɔla alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowa oa?’2 Mose 4:11.

6 Nufiame kae le nya ma me? Mele be Mose navɔ̃ o. Elabena Yehowa ye dɔe, eye eyae ana nu sia nu si wòhiã be wòagblɔ Mawu ƒe gbedeasia na Farao lae. Farao mate ŋu anɔ te ɖe Yehowa nu kura o. Menye esiae nye zi gbãtɔ si Mawu ƒe amewo ɖo afɔku me le Egipte o. Eye ɖewohĩ Mose de ŋugble le ale si Yehowa kpɔ Abraham, Yosef kple eya Mose ŋutɔ ta tso Farao siwo ɖu dzi do ŋgɔ la si me ŋu. (1 Mose 12:17-19; 41:14, 39-41; 2 Mose 1:22–2:10) Esi Mose xɔ Yehowa, “Ame si womekpɔna o” la dzi se ta la, edo ɖe Farao ŋkume dzideƒotɔe eye wògblɔ nya sia nya si Yehowa de enu la nɛ.

7. Aleke Yehowa dzi xɔxɔ se kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe ŋui?

7 Xɔse kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Ella hã ŋu wòɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi. Le ƒe 1949 me la, adzamekpovitɔ siwo woyɔna be KGB la lé Ella le Estonia, woɖe amae, eye ɖekakpui kpovitɔwo fɔ ŋku ɖe edzi dzoɣlii. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be woɖi gbɔm. Gake le gbedodoɖa na Yehowa megbe la, meɖe dzi ɖi eye nye susu dze akɔ anyi.” Eyome wode Ella ameɖekɛgaxɔ me ŋkeke etɔ̃. Ella gblɔ be: “Dziɖuɖumegãwo do ɣli be: ‘Míakpɔ egbɔ be womagaɖo ŋku Yehowa ƒe ŋkɔ dzi le Estonia o! Èyina gakpɔ me, eye nɔviwò bubuawo yina Siberia!’ Eye wogblɔ fewuɖuɖutɔe be, ‘Afi kae miaƒe Yehowa la le?’” Ðe Ella avɔ̃ amegbetɔwo loo, alo aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋua? Esi wonɔ gbe biamee la, egblɔ na fewuɖulaawo vɔvɔ̃manɔmee be: “Mebu nya sia ŋu ɣeyiɣi didi, eye malɔ̃ anɔ gaxɔ me be ƒomedodo nyui nakpɔtɔ anɔ nye kple Mawu dome tsɔ wu be woaɖe asi le  ŋunye eye ƒomedodo ma me nagblẽ.” Le Ella gome la, Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ abe ŋutsu siwo tsi tre ɖe eŋkume la ke ene. Eƒe xɔse kpe ɖe eŋu wòwɔ nuteƒe.

8, 9. (a) Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi? (b) Ne amegbetɔvɔvɔ̃ ƒe mɔ̃ di be yeaɖe wò la, ame ka ŋue wòle be wò susu nanɔ?

8 Yehowa dzi xɔxɔ se akpe ɖe wò hã ŋuwò nàɖu vɔvɔ̃ dzi. Ne dziɖuɖumegãwo le agbagba dzem be yewoaxe mɔ ɖe wò mawusubɔsubɔblɔɖe nu la, ɖeko wòadze abe wò agbe, dedienɔnɔ kple etsɔme le amegbetɔwo si me ene. Eya ta ɖewohĩ ànɔ ɖokuiwò biam be ɖe nunya le eme be yeayi edzi anɔ Yehowa subɔm ahanɔ dziku dom na dziɖuɖumegãwo mahã. Ðo ŋku edzi be nu si akpe ɖe ŋuwò nàɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzie nye Mawu dzi xɔxɔ se. (Mixlẽ Lododowo 29:25.) Yehowa bia be: “Ame ka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?”Yes. 51:12, 13.

9 Wò susu nenɔ Fofowò ŋusẽkatãtɔ la ŋu. Ekpɔa ame siwo katã kpea fu madzemadzee la, esea veve ɖe wo nu, eye wòkpena ɖe wo ŋu. (2 Mose 3:7-10) Ne ehiã be nàʋli wò xɔse ta le dziɖuɖumegã sẽŋuwo ŋkume hã la, ‘mègatsi dzimaɖi le ale si nàƒo nui alo nya si nàgblɔ ŋuti o; elabena woatsɔ nya si nàgblɔ la ana wò le gaƒoƒo ma me.’ (Mat. 10:18-20) Ne wotsɔ dukplɔlawo kple dziɖuɖumegãwo sɔ kple Yehowa la, womele ɖeke me kura o. Ne èyi edzi do ŋusẽ wò xɔse fifia la, àva kpɔe be Yehowa nye Ame ŋutɔŋutɔ si le klalo be yeakpe ɖe ŋuwò.

EXƆ MAWU ƑE ŊUGBEDODOWO DZI SE

10. (a) Mɔfiame kae Yehowa na Israel viwo le ƒe 1513 D.M.Ŋ. ƒe Nisan me? (b) Nu kae na Mose wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi?

10 Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. ƒe Nisan me la, Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be woana mɔfiame wɔmoya sia Israel viwo: Mitia agbo alo gbɔ̃tsu si nu mewɔ afi aɖeke na o, miwui, eye miasisi eƒe ʋu ɖe miaƒe ʋɔtrutiwo ŋu. (2 Mose 12:3-7) Aleke Mose wɔ nui? Apostolo Paulo gblɔ tso eŋu emegbe be: “Le xɔse me eɖu ŋutitoto la hewɔ ɖe ʋuhehlẽ ƒe ɖoɖowo dzi, bene nutsrɔ̃la la nagaka asi woƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o.” (Heb. 11:28) Mose nyae be Yehowa nye ame si dzi woate ŋu aka ɖo, eye exɔ ŋugbe si Yehowa do be yeawu ŋgɔgbeviwo le Egipte-nyigbaa dzi la dzi se.

11. Nu ka tae Mose xlɔ̃ nu Israel viwo?

11 Edze ƒãa be Mose ŋutɔ ƒe viwo le keke Midian-nyigba dzi ke, afi si megogo “nutsrɔ̃la la” kura o. * (2 Mose 18:1-6) Ke hã, eɖo to Mawu eye wòxlɔ̃ nu Israel viwo ƒe ƒomewo ale be woƒe ŋgɔgbeviwo natsi agbe. Mose lɔ̃ ehaviwo ŋutɔ. Enyae be amewo ƒe agbe le afɔku me. Eya ta Biblia gblɔ be: “Mose yɔ Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã vɛ, eye wògblɔ na wo be: Miyi ɖalé alẽ . . . eye miawui hena ŋutitotoŋkekenyui la!”2 Mose 12:21.

12. Nya vevi kae Yehowa de mía si be míagblɔ na amewo?

12 Mawudɔlawo le kpekpem ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu wole gbeƒã ɖem gbedeasi vevi sia: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabena eƒe ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye mide ta agu na Ame si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsidzɔƒewo.” (Nyaɖ. 14:7) Fifia ye nye ɣeyiɣi si wòle be míaɖe gbeƒã gbedeasi ma. Ele be míaxlɔ̃ nu mía haviwo be woado go tso Babilon Gã la me, ale be ‘woagaxɔ eƒe fuwɔamewo ƒe ɖeke o.’ (Nyaɖ. 18:4) ‘Alẽ bubuawo’ wɔ ɖeka kple Kristotɔ amesiaminawo hele kuku ɖem na ame siwo te wo ɖokuiwo ɖa le Mawu gbɔ la vevie be: “Mina woadzra mia kple Mawu dome ɖo.”Yoh. 10:16; 2 Kor. 5:20.

Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi xɔxɔ se ana didi si le mewò be nàɖe gbeƒã nya nyuia nu nasẽ ɖe edzi (Kpɔ memama 13)

13. Nu kae ana didi si le mía me be míaɖe gbeƒã nya nyuia nu nasẽ ɖe edzi?

 13 Míeka ɖe edzi be “ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo” ma ɖo. Eye míeka ɖe edzi hã be gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa hiã kpata abe ale si tututu Yehowa gblɔe ene. Apostolo Yohanes kpɔ “mawudɔla ene” le ŋutega me “wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wolé anyigba ƒe ya eneawo ɖe asi goŋgoŋ.” (Nyaɖ. 7:1) Ðe nèle ekpɔm kple wò xɔseŋkuwo be mawudɔla mawo le klalo fifia be yewoaɖe asi le xaxa gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ ƒe yawo ŋu ɖe xexe sia dzia? Ne èle wo kpɔm kple wò xɔseŋkuwo la, esia ana nàyi edzi aɖe gbeƒã nya nyuia dzonɔamemetɔe.

14. Nu kae ʋãa mí be ‘míaxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la be wòakpɔ eɖokui dzi ɖe eƒe mɔ vɔ̃ɖiwo ŋu’?

14 Xɔlɔ̃wɔwɔ le mí Kristotɔ vavãwo kple Yehowa dome xoxo, eye agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ hã le mía si. Ke hã míekpɔe be agba le mía dzi be ‘míaxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la be wòakpɔ eɖokui dzi ɖe eƒe mɔ vɔ̃ɖiwo ŋu ne wòatsi agbe.’ (Mixlẽ Xezekiel 3:17-19.) Gake menye ɖeko míeɖea gbeƒã ale be míagaɖi ʋufɔ o. Míeɖea gbeƒã le esi míelɔ̃ Yehowa helɔ̃ mía haviwo hã ta. Yesu ɖe nu si lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ nye ŋutɔŋutɔ me le Samariatɔ havilɔ̃la ƒe kpɔɖeŋu si wòwɔ la me. Anyo be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Abe Samariatɔ la ene la, ɖe “amewo ƒe nu wɔa nublanui nam” meɖia ɖase na woa?’ Míadi gbeɖe be míanɔ abe nunɔla kple Lewitɔ siwo le kpɔɖeŋua me ene, atsɔ nanewo ado taflatsɛ ahadze to ‘mɔa ƒe akpa kemɛ adzo’ o. (Luka 10:25-37) Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi xɔxɔ se kple havilɔlɔ̃ aʋã mí  míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe hafi wòava tsi megbe akpa.

“WOTO ƑUDZĨ LA ME”

15. Nu ka tae wòwɔ na Israel viwo be yewotsi asi?

15 Ale si Mose xɔ “Ame si womekpɔna o” dzi se la kpe ɖe eŋu esime Israel viwo ɖo afɔku me le woƒe ʋuʋu tso Egipte megbe. Biblia gblɔ be, esi “Israel-viwo fɔ kɔ dzi kpɔ Egiptetɔwo le wo megbe gbɔna la, wovɔ̃ ŋutɔ. Tete Israel-viwo do ɣli yɔ Yehowa.” (2 Mose 14:10-12) Ðe womenya be nu sia adzɔ oa? Wonya, elabena Yehowa gblɔe ɖi be: “Mana Farao ƒe dzime nasẽ, ale be wòati wo yome, eye maɖe nye ŋusẽ afia ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ blibo la ŋuti; bena Egiptetɔwo nadze sii be, nyee nye Yehowa.” (2 Mose 14:4) Nu siwo Israel viwo ƒe ŋku le kpɔkpɔm koe nye Ƒudzĩ si le ŋgɔ na wo si womate ŋu atso o kple Farao ƒe aʋatasiaɖam siwo le du dzi gbɔna le wo megbe kpakple alẽkplɔla si xɔ ƒe 80 si le wo kplɔm! Ewɔ na wo be yewotsi asi.

16. Aleke Mose ƒe xɔse do ŋusẽe le Ƒudzĩa nu?

16 Gake Mose ya mevɔ̃ kura o. Nu ka tae? Elabena eƒe xɔseŋkuwo le ‘ale si Yehowa le wo ɖe gee’ la kpɔm, ke menye atsiaƒua alo aʋakɔ siwo gbɔna o. Eye enyae be Yehowa awɔ aʋa na Israel viwo. (Mixlẽ 2 Mose 14:13, 14.) Mose ƒe xɔse do ŋusẽ Mawu ƒe amewo. Biblia gblɔ be: “Le xɔse me woto Ƒudzĩ la me abe anyigba ƒuƒui dzi ene, gake esi Egiptetɔwo tee kpɔ la, ƒu la mi wo.” (Heb. 11:29) Le nudzɔdzɔ sia megbe la, ‘dukɔ la vɔ̃ Yehowa, eye woxɔ Yehowa kple eƒe dɔla Mose dzi se.’2 Mose 14:31.

17. Etsɔme nudzɔdzɔ kawoe ado míaƒe xɔse kpɔ?

17 Eteƒe madidi o, awɔ abe ɖe míawo hã míaƒe agbe ɖo afɔku me ene. Kaka xaxa gã la ƒe akpa mamlɛa naɖo la, xexe sia ƒe dziɖulawo tsrɔ̃ subɔsubɔha siwo lolo hesɔ gbɔ wu mí kura la keŋkeŋ. (Nyaɖ. 17:16) Yehowa ɖɔ wɔnamanɔŋu ƒe nɔnɔme si me míanɔ ɣemaɣi la le nyagblɔɖi me be, míanɔ abe “anyigba, si le nuvo . . . eye gli, gameti kple agbo mele wo si o” ene. (Eze. 38:10-12, 14-16) Le amegbetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu la, adze abe míate ŋu ado le eme o ene. Nu kae nàwɔ?

18. Ðe nu si tae míate ŋu anɔ te sesĩe le xaxa gãa me la me.

18 Mele be míavɔ̃ kura o. Nu ka tae? Elabena Yehowa Mawu gblɔe ɖi be woadze yeƒe amewo dzi. Egblɔ nu si ado tso eme hã ɖi. “Aƒetɔ Yehowa be: Ava me le ɣemaɣi be, gbe si gbe Gog aho ɖe Israel-nyigba ŋu la, nye dɔmedzoe ade dzi le nye ŋɔti me. Nye ŋuʋaʋã kple nye dziku ƒe dzo mee [maƒo] nu le.” (Eze. 38:18-23) Yehowa Mawu atsrɔ̃ ame siwo katã adi be yewoawɔ nu vevi eƒe amewo. Ale si gbegbe nèxɔe se be Yehowa akpɔ tawò le eƒe “ŋkeke gã dziŋɔ” la dzi akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ‘ale si Yehowa le mía ɖe gee’ eye nàlé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi.Yoel 3:4, 5.

19. (a) Aleke gbegbe Mose kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli? (b) Ne èléa ŋku ɖe Yehowa ŋu le wò mɔwo katã dzi la, yayra kae nàkpɔ?

19 Yi edzi nànɔ te sesĩe, abe ɖe nèle ‘Ame si womekpɔna o la kpɔm ene,’ be nàto esia dzi adzra ɖo fifia ɖe nudzɔdzɔ dodzidzɔname siwo gbɔna ŋu! Do ŋusẽ xɔlɔ̃wɔwɔ si le wò kple Yehowa Mawu dome to nusɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa edziedzi me. Xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli nɔ Mose kple Yehowa dome, eye Mawu zãe ale gbegbe be Biblia gblɔ be Yehowa nya Mose “ŋkume kple ŋkume.” (5 Mose 34:10) Nyagblɔɖila ɖedzesi aɖee Mose nye. Ne xɔse le asiwò la, wò hã ƒomedodo kplikplikpli ma ate ŋu anɔ wò kple Yehowa dome ale be ɖeko wòanɔ abe ɖe nèle Mawu kpɔm ŋutɔŋutɔ ene. Ne èléa ŋku ɖe eŋu “le wò mɔwo katã dzi” abe ale si Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na mí ene la, ekema “ata mɔ na wò.”Lod. 3:6.

^ mm. 11 Edze ƒãa be mawudɔlawoe Yehowa dɔ ɖa be woabia hlɔ̃ Egiptetɔwo.Ps. 78:49-51.