Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Aɖeke Mate Ŋu Asubɔ Aƒetɔ Eve O

Ame Aɖeke Mate Ŋu Asubɔ Aƒetɔ Eve O

“Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o . . . Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.”MAT. 6:24.

1-3. (a) Gakuxi ka me tom ƒome geɖe le, eye aleke ame aɖewo tee kpɔ be yewoakpɔ egbɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu ka ŋue dzilawo tsia dzi ɖo ku ɖe wo viwo ŋu?

NƆVINYƆNU aɖe si woyɔna be Marilyn * gblɔ be: “Kaka srɔ̃nye James nagbɔ tso dɔme la, ɖeɖi tea eŋu belibeli, evɔ eƒe fetu medea míaƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo nu tututu o. Medi be makpe ɖe eŋu be agbaa dzi naɖe kpɔtɔ nɛ, eye mate ŋu aƒle nu siwo le vinye Jimmy hatiwo si la ƒe ɖewo na eya hã.” Marilyn di be yeakpe ɖe yeƒe ƒometɔ bubuwo hã ŋu eye yeadzra ga ɖo ɖe etsɔme ta. Exɔlɔ̃ geɖewo zɔ mɔ yi dukɔ bubuwo me be yewoawɔ dɔ akpɔ ga geɖe. Gake eƒe susu nɔ wɔwɔm nɛ eveve esi wònɔ ŋugble dem le mɔzɔzɔ ayi duta ŋu. Nu ka tae?

2 Ale si Marilyn ƒe dzodzoa ana wòaklã tso eƒe ƒomea si gbɔ melɔ̃a nu le o gbɔ eye magate ŋu asubɔ kpli wo ɖekae o la na wòtsi dzimaɖi. Ke hã, egblɔ na eɖokui be, nɔvi aɖewo ʋu yi ɖanɔ yevuwode hena ɣeyiɣi aɖe eye wòdze abe naneke megblẽ le woƒe ƒomewo ŋu le gbɔgbɔ me o ene. Gake enɔ ŋugble dem tso ale si wòawɔ ahe Jimmy ne ele duta ŋu. Ðe wòate ŋu ato Internet dzi ‘ahee le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me’ dzidzedzetɔea?Ef. 6:4.

3 Marilyn di mɔfiame. Togbɔ be srɔ̃a gblɔ be yemate ŋu axe mɔ nɛ o hã la, medi be wòadzo o. Hamemetsitsiwo kple nɔvi bubu aɖewo ɖo aɖaŋu nɛ be wòagadzo o, gake nɔvinyɔnu geɖe de dzi  ƒo nɛ be woayi yevuwode. Wogblɔ nɛ be, “Ne èlɔ̃ wò ƒomea vavã la, àyi. Àte ŋu asubɔ Yehowa le afi mae.” Togbɔ be Marilyn tsi evedomesi hã la, edo baibai na James kple Jimmy eye wòdzo yi dɔwɔƒe le yevuwode. Edo ŋugbe na wo be: “Matrɔ agbɔ kpuie.”

ƑOMEGBANƆAMEDZI KPLE BIBLIA ME MƆFIAMEWO

4. Nu ka tae ame geɖe zɔa mɔ yia duta? Ame kawo si mee wogblẽa wo viwo dzi kpɔkpɔ ɖo zi geɖe?

4 Yehowa medi be ye subɔlawo nanɔ aya ɖum o; eye ʋuʋu ayi dukɔ bubu me nye ahedada gbɔkpɔnu aɖe tso blema ke. (Ps. 37:25; Lod. 30:8) Blemafofo Yakob dɔ viawo ɖe Egipte be woaɖaƒle nuɖuɖu ale be dɔ nagawu yewo yewoaku o. * (1 Mose 42:1, 2) Gake egbea menye esi ame siwo ʋuna yia dukɔ bubuwo me mekpɔ naneke kura aɖu o tae woʋuna ɖo o. Ke hã ate ŋu anye be fe gbogbo aɖewo le wo ŋu woaxe. Ðeko ame bubu aɖewo hã di be nunɔamesi geɖe wu nasu yewoƒe ƒomea si. Esi ganyawo le sesẽm ta la, ame geɖe dzona le woƒe ƒomewo gbɔ ɖanɔa dukɔa ƒe akpa bubu alo dukɔ bubu me be woaɖo woƒe taɖodzinua gbɔ. Zi geɖe la, wogblẽa ɖevi suewo ɖe dzila ɖeka, alo wo vi tsitsi aɖe, tɔgbuiwo kple mamawo, ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã gbɔ. Togbɔ be etena ɖe ame siwo zɔ mɔ yi duta dzi be yewogblẽ yewo srɔ̃wo kple yewo viwo ɖi hã la, wosusuna be ema koe yewoate ŋu awɔ.

5, 6. (a) Nu kae Yesu fia tso dzidzɔkpɔkpɔ kple dedienɔnɔ ŋu? (b) Ŋutilãmenu kawoe Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia? (d) Mɔ kawo nue Yehowa yraa mí le?

5 Le Yesu ƒe ŋkekea hã me la, ame geɖewo da ahe eye nu mede wo dzi o, eye woanya se le wo ɖokuiwo me be ne ɖe ga le yewo si vie wu la, anye ne yewoakpɔ dzidzɔ eye yewoanɔ dedie wu. (Marko 14:7) Gake Yesu di be amewo natsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo nu bubu aɖe ŋu. Edi be woaɖo ŋu ɖe Yehowa, Ame si gbɔ kesinɔnu mavɔwo tso la, ŋu. Le Yesu ƒe Todzimawunyaa me la, egblɔ be menye ŋutilãmenuwo alo míawo ŋutɔwo míaƒe agbagbadzedze ye ana míakpɔ dzidzɔ kple dedienɔnɔ vavãtɔ o, ke boŋ ƒomedodo nyui si anɔ mía kple mía Fofo si le dziƒo dome gbɔe wòatso.

6 Le Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa me la, efia mí be míado gbe ɖa abia “míaƒe abolo si asu mía nu egbe,” si fia míaƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo, ke menye be míakpɔ ga geɖe o. Egblɔ na eƒe nyaselawo be: “Midzudzɔ nu xɔasiwo nu ƒoƒoƒu na mia ɖokui ɖe anyigba dzi. . . . Ke boŋ miƒo nu xɔasiwo nu ƒu na mia ɖokui ɖe dziƒo.” (Mat. 6:9, 11, 19, 20) Míeka ɖe edzi be Yehowa ayra mí abe ale si wòdo ŋugbee ene. Mawu ƒe yayra mese ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu ko dzi o; efia be ana nu siwo míehiã ŋutɔŋutɔ la hã mí. Mɔ si ko dzi míato akpɔ dzidzɔ kple dedienɔnɔ vavãtɔ ye nye be míaɖo ŋu ɖe mía Fofo lɔ̃ame la ŋu, ke menye ɖe ga ŋu o.Mixlẽ Mateo 6:24, 25, 31-34.

7. (a) Ame kawoe Yehowa tsɔ ɖeviwo hehe de asi na? (b) Nu ka tae wòle be dzila evea siaa nanɔ wo viwo gbɔ be woafia nu wo?

7 ‘Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye didi gbãgbiagbã’ bia hã be míabu ƒomegbanɔamedziwo abe ale si Yehowa bua wo ene. Mɔfiame aɖe le Mose ƒe Sea me si yi na Kristotɔwo hã, si nye: Ele be dzilawo ŋutɔwo nafia nu wo viwo tso Mawu ŋu. (Mixlẽ 5 Mose 6:6, 7.) Dzilawo sie Mawu tsɔ dɔ sia dee, ke menye tɔgbuiwo kple mamawo alo ame bubuwo o. Fia Salomo gblɔ be: “Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.” (Lod. 1:8) Yehowa di be dzila evea siaa nanɔ wo viwo gbɔ be woafia mɔ wo ahafia nu wo. (Lod. 31:10, 27, 28) Nya  siwo dzilawo gblɔna na wo viwo tso Yehowa ŋu ne wole dze ɖom kpli wo gbe sia gbe kple kpɔɖeŋu si woɖona mee ɖeviwo srɔ̃a nu akpa gãtɔ tsoe, vevietɔ nu siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu.

EMETSONU SIWO WOMEKPƆA MƆ NA O

8, 9. (a) Nu kae dzɔna ne dzila aɖe dzo le ƒomea gbɔ? (b) Ne dzilawo kple wo viwo mele teƒe ɖeka o la, nu kae gblẽna le woƒe seselelãme kple nɔnɔme ŋu?

8 Ame geɖe dea ŋugble le afɔku siwo ate ŋu ado tso eme ne wogblẽ woƒe ƒomea ɖi zɔ mɔ yi duta ŋu, gake wo dometɔ geɖe mekpɔa emetsonuawo katã doa ŋgɔ o. (Lod. 22:3) * Esi Marilyn dzo megbe kpuie ko la, eva le eƒe ƒomea susum vevie. Srɔ̃a kple via hã nɔ esusum. Via sue Jimmy bianɛ zi geɖe be, “Nu ka tae nèdzo le gbɔnye?” Eye esi ɣletiwo kple ƒewo va nɔ yiyim la, Marilyn va kpɔe be nu le gbegblẽm le yeƒe ƒomea ŋu. Jimmy megadina be yeagblɔ eƒe nyawo nɛ o. Marilyn gblɔ kple aɖatsi be, “Vinyea megalɔ̃m o.”

9 Ne dzilawo kple wo viwo mele teƒe ɖeka o la, egblẽa nu le woƒe seselelãme kple agbenɔnɔ ŋu. * Nuwo gagblẽna ɖe edzi wu ne ɖeviawo le sue eye dzilawo hã dzo le wo gbɔ eteƒe didi. Marilyn ɖe eme na Jimmy be eya ƒe nyonyo tae yetsɔ nu geɖe sa vɔe ɖo. Gake Jimmy ya se le eɖokui me be ye nɔ gblẽ ye ɖi. Le gɔmedzedzea la, medzɔ dzi nɛ be ye nɔ dzo le ye gbɔ o. Gake emegbe la, ne nɔa ɖi tsa va le wo gbɔ hena ɣeyiɣia aɖe la, medzɔa dzi nɛ o. Abe ale si wònɔna le ɖevi siwo wo dzilawo gblẽ ɖi dometɔ geɖe gome ene la, Jimmy se le eɖokui me be mele be ye nɔ nakpɔ mɔ be yealɔ̃e ahaɖo toe o.Mixlẽ Lododowo 29:15.

Màte ŋu awɔ atuu na viwò le Internet dzi o (Kpɔ memama 10)

10. (a) Nu kae ate ŋu agblẽ le ɖeviwo ŋu ne dzila aɖe mele wo gbɔ o eye ŋutilãmenuwo koe wòɖona ɖe wo? (b) Ne dzila aɖe le didiƒe tso viawo gbɔ la, nu kawoe mate ŋu awɔ o?

10 Esi Marilyn megale via gbɔ o ta la, edzea agbagba be yeanɔ ga kple nunanawo ɖom ɖee be nɔnɔmea naɖɔ ɖo. Gake eva de dzesii be ɖeko yele ye kple ye via dome mam eye yele efiam le manyamanya me be ŋutilãmenuwo le vevie wu Yehowa subɔsubɔ kple ƒomekadodowo. (Lod. 22:6) Jimmy gblɔna nɛ be: “Mègatrɔ gbɔ o. Wò ya nɔ nuwo ɖom ɖem ko.” Marilyn va kpɔe be yemate ŋu ato lɛtaŋɔŋlɔ, kaƒoƒo, alo dzeɖoɖo to Internet dzi ahe ye via o. Egblɔ be ne èle viwòa kpɔm le videoa dzi hã la, “màte ŋu awɔ atuu na viwò le Internet dzi alo agbugbɔ alɔgo dzi nɛ hafi wòamlɔ anyi o.”

Afɔku ka mee nàte ŋu age ɖo ne wò kple srɔ̃wò miele afi ɖeka o (Kpɔ memama 11)

11. (a) Nu kae ƒomea gbegblẽ ɖi aɖawɔ dɔ le duta gblẽna le srɔ̃ɖeɖe ŋu? (b) Nu kae na Marilyn va kpɔe dze sii be ehiã be yeatrɔ ayi aƒe?

 11 Ƒomedodo si le Marilyn kple Yehowa, kple esi le eya kple srɔ̃a James dome hã nɔ gbegblẽm. Ŋkeke ɖeka koe Marilyn kpɔna le kwasiɖaa me tsɔ dea hamea ƒe kpekpe kple gbeadzi, eye ele be wòanɔ avu wɔm kple eƒe dɔmemegã si nɔa agbagba dzem be yeadze ahiãe. Esi Marilyn kple James megale teƒe ɖeka aɖo dze o ta la, ame bubuwoe wo ame evea siaa gblɔa woƒe dzimenyawo na, eye esia na wowɔ ahasi kloe. Marilyn va kpɔe be togbɔ be yewomewɔ ahasi o hã la, esi yewomele teƒe ɖeka o ta la, yewomele wɔwɔm ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si ku ɖe yewo nɔewo ƒe seselelãme nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu dzi o. Womegatea ŋu wɔa nu siwo wowɔna esime wole wo nɔewo gbɔ, abe susu aɖe léle kpɔ enumake, wo nɔewo ŋkume kpɔkpɔ, nukoko, asilili wo nɔewo ŋu, asikpakpla kɔ na wo nɔewo, “lɔlɔ̃” ɖeɖe fia wo nɔewo, alo srɔ̃nu la nana ene o. (Haw. 1:2; 1 Kor. 7:3, 5) Eye womegatea ŋu subɔa Yehowa bliboe abe ƒome ene o. Marilyn gblɔ be: “Esi mesee le takpekpe aɖe me be ƒometadedeagu wɔwɔ edziedzi le vevie hafi míate ŋu atsi agbe le Yehowa ƒe ŋkeke gã la dzi la, mede dzesii be ehiã be matrɔ ayi aƒe. Ele be magadze ŋusẽdodo ƒomedodo si le nye kple Yehowa dome gɔme, eye magbugbɔ atu nye ƒomea ɖo.”

AÐAŊUÐOÐO NYUITƆA KPLE GBEGBLẼA

12. Aɖaŋu kae míate ŋu aɖo tso Biblia me na srɔ̃tɔ siwo dzo le woƒe ƒomea gbɔ?

12 Esi Marilyn ɖoe be yeatrɔ ayi aƒe la, ame aɖewo ɖo aɖaŋu nyui nɛ, eye ame bubuwo ɖo aɖaŋu gbegblẽ nɛ. Hamemetsitsi siwo le afi ma kafui ɖe eƒe xɔse kple dzinɔameƒoa ta. Gake ame bubu siwo hã dzo le woƒe ƒomewo gbɔ ya mewɔe nenema o. Le esi woasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua teƒe la, ɖe wodze agbagba be yewoana wòatrɔ susu boŋ. Wogblɔ nɛ be: “Ne èyia, madidi hafi nàgatrɔ ava afi sia o. Aleke nàwɔ akpɔ ga akpɔ ƒomea dzi ne ètrɔ yi aƒe?” Gake mele be Kristotɔwo nagblɔ dziɖeleameƒonya mawo tɔgbi o, ke boŋ “woaɖo ŋku edzi na ɖetugbuiwo be woalɔ̃ wo srɔ̃wo, woalɔ̃ wo viwo, woanye . . . aƒemedɔwɔlawo” le woawo ŋutɔwo ƒe aƒewo me, “bene woagaƒo nu gbegblẽ tso Mawu ƒe nya la ŋu o.”Mixlẽ Tito 2:3-5.

13, 14. Nu ka tae wòbia xɔse be woatsɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu aɖo ŋgɔ na ƒometɔwo ƒe didiwo? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

13 Ame geɖe siwo gblẽ woƒe ƒomewo ɖi yi ɖale dɔ wɔm le duta tsɔa wo detɔwo ƒe nuŋububu be woade bubu ƒometɔwo, vevietɔ dzilawo, ŋu la ɖoa ŋgɔ na nu bubu ɖe sia ɖe. Ebia xɔse hafi Kristotɔ nate ŋu awɔ nu si to vovo na ƒometɔwo ƒe didiwo ale be wòadze Yehowa ŋu.

 14 De ŋugble le Carin ƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Esime medzi vinye Don la, nye kple srɔ̃nye míenɔ dɔ wɔm le yevuwode, eye medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme tetie nye ema. Nye ƒometɔwo katã nɔ mɔ kpɔm be maɖo Don ɖe dzinyelawo le aƒe be woakpɔ edzi ale be mate ŋu ayi nye dɔ dzi akpɔ ga.” Esi Carin gblɔ be ye ŋutɔ yeanyi ye vi Don la, srɔ̃a kple ƒometɔwo dzui be enye kuviatɔ eye wokoe. Carin gblɔ be: “Le nyateƒe me la, nyemese nu si tae masɔ be mana vinye Don nanɔ dzinyelawo gbɔ ƒe ʋɛ aɖewo la gɔme tututu ɣemaɣi o. Gake menyae be Yehowae de mía viwo hehe asi na mí—na mí dzilawo.” Esi Carin gafɔ fu ake la, srɔ̃a si nye dzimaxɔsetɔ ƒoe ɖe enu be wòaɖe fua. Nyametsotso nyui si Carin wɔ va yi la do ŋusẽ eƒe xɔse, eya ta fifia hã, egaɖoe kplikpaa be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Egbea, eya kple srɔ̃a kpakple viawo le dzidzɔ kpɔm be ƒomea wɔ ɖeka hele teƒe ɖeka. Ne ɖe Carin ɖo ɖeviawo dometɔ ɖeka alo wo ame evea ɖe dzilaawo be woawo nahe wo la, anye ne nuwo manɔ abe ale si wòle fifia ene o.

15, 16. (a) Gblɔ nɔvinyɔnu aɖe si dzilawo na wòyi ɖanɔ mamaa gbɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ. (b) Nu ka tae nɔvinyɔnua tiae be yeawɔ nu si to vovo na ema le ye via hehe me.

15 Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Vicky gblɔ be: “Meyi ɖanɔ mamanye gbɔ ƒe aɖewo esime nɔvinyenyɔnu suea nɔ dzinyelawo gbɔ. Kaka matrɔ agbɔ va dzinyelawo gbɔ la, nyemegalɔ̃ wo abe tsã ene o. Nɔvinyea ya ɖoa dze kple dzinyelawo bɔbɔe, wɔa atuu na wo, eye wo dome vivina. Gake nye kple dzinyelawo dome menɔ kplikplikpli o, eye esi metsi hã la, esesẽna nam kokoko be magblɔ nye dzimenyawo na wo. Nye kple nɔvinyea míedo ŋugbe na mía dzilawo be míakpɔ wo dzi le woƒe tsitsime. Esi nɔvinyea lɔ̃ wo tae wòawɔ esia ɖo, gake nye ya mawɔe le esi wòle be mawɔe ta ko.”

16 Vicky gblɔ kpee be: “Fifia nɔnye di be maɖo vinyenyɔnuvi ɖa wòava nɔ ye gbɔ, abe ale si ko wòna meyi ɖanɔ mamanye gbɔ ene. Gake megbe. Nye kple srɔ̃nye míedi be míahe mía via be wòava lɔ̃ Yehowa. Eye nyemedi be nye kple vinyea dome nagblẽ le etsɔme o.” Vicky kpɔe be mɔ nyuitɔ si dzi yeato akpɔ dzidzedzee nye be yeatsɔ Yehowa subɔsubɔ kple eƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ na gadidi kple ƒometɔwo ƒe didiwo. Yesu gblɔe eme kɔ nyuie be, “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o,” na Mawu kple Kesinɔnuwo siaa o!Mat. 6:24; 2 Mose 23:2.

YEHOWA NAA MÍAƑE AGBAGBADZEDZEWO “DZEA EDZI”

17, 18. (a) Tiatia kae dze ŋgɔ Kristotɔwo? (b) Biabia kawo mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

17 Mía Fofo Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe mía ŋu míaƒe asi nasu nu siwo míehiã ŋutɔŋutɔ dzi nenye be míetsɔ Fiaɖuƒea kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. (Mat. 6:33) Eya ta ekpo ɖe Kristotɔ vavãwo ŋutɔwo gbɔ be woatiae be yewoawɔ esia. Yehowa do ŋugbe be tetekpɔ ka kee ɖava mía dzi o, yeana ‘mɔ si dzi míato ado le eme’ la mí si manye to Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi dada me o. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 10:13) Ne míedoa gbe ɖa biaa Yehowa be wòana nunya kple mɔfiame mí, eye míewɔna ɖe eƒe sewo kple mɔfiamewo dzi pɛpɛpɛ, ‘míekpɔa esinu heɖoa ŋu ɖe eŋu’ la, ekema eya hã ‘awɔe na mí ade goe.’ (Ps. 37:5, 7) Ayra ɖe agbagba ɖe sia ɖe si míadze be míasubɔ eya si nye mía Aƒetɔ vavãtɔ ɖeka la anukwaretɔe dzi. Ne míetsɔa eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ la, ana agbe ‘nadze edzi na mí.’—Tsɔe sɔ kple 1 Mose 39:3.

18 Nu kae ame siwo zɔ mɔ gblẽ woƒe ƒomea ɖi la ate ŋu awɔ atsɔ aɖɔ nu siwo esia gblẽ la ɖo? Afɔ kawoe míate ŋu aɖe be míakpɔ míaƒe ƒomewo dzi esi mahiã be míazɔ mɔ agblẽ wo ɖi o? Eye aleke míate ŋu ade dzi ƒo na mía nɔviwo lɔlɔ̃tɔe be woawɔ nyametsotso siwo sɔ le go sia me? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔ esia ɖo me.

^ mm. 1 Míetrɔ ŋkɔawo.

^ mm. 4 Le mɔ siwo Yakob viwo zɔ yi Egipte dometɔ ɖe sia ɖe me la, womegblẽ woƒe ƒomewo ɖi wòwu kwasiɖa etɔ̃ o. Emegbe esi Yakob kple viawo ʋu yi Egipte la, wokplɔ wo srɔ̃wo kple wo viwo katã yii.1 Mose 46:6, 7.

^ mm. 8 Kpɔ nyati si nye “Ablotsiyiyi—Eŋuti Drɔ̃ewo Kple Ale Si Wòle” le February 2013 ƒe Nyɔ! me.

^ mm. 9 Nyatakaka si tso dukɔ vovovowo me ɖee fia be ne srɔ̃tɔwo zɔ mɔ gblẽ wo srɔ̃wo alo wo viwo ɖi la, etea ŋu hea kuxi sesẽwo vanɛ. Kuxia ƒe ɖewoe nye be, srɔ̃tɔ ɖeka alo evea siaa wɔa ahasi, woƒoa wo ɖokui ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ, alo ƒometɔ kekeake gbɔ dɔdɔ me. Le ɖeviawo gome la, wogblẽna, etea ŋu dzɔna be womeganyaa nu le suku o, wowɔa adã, wotsia dzimaɖi, woléa blanui, alo wobua wo ɖokui wuwu ŋu gɔ̃ hã.