Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lé Dzi Ðe Ƒo—Yehowa Ye Nye Wò Kpeɖeŋutɔ!

Lé Dzi Ðe Ƒo—Yehowa Ye Nye Wò Kpeɖeŋutɔ!

“Dzi naɖo mía ƒo bliboe míagblɔ be: ‘Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ.’”HEB. 13:6.

1, 2. Kuxi kawoe ame siwo trɔ gbɔ tso duta la doa goe? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

EDUARDO * gblɔ be: “Dɔ gã aɖe wɔm menɔ le duta eye menɔ ga geɖe kpɔm. Gake esi Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplim la, meva kpɔe be agba si gale vevie wu le dzinye—be makpɔ nye ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na wo, ke menye ŋutilãmenuhiahiãwo ko o. Eya ta metrɔ gbɔ va wo gbɔ.”Ef. 6:4.

2 Eduardo nyae be esi yetrɔ gbɔ va yeƒe ƒomea gbɔ la, edze Yehowa ŋu. Gake abe Marilyn, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me ene la, eva hiã be Eduardo naɖɔ kadodo si le eya kple eƒe ƒomea dome ɖo, eye esia xɔ ɣeyiɣi. Ele nɛ be wòawɔ dɔ le dukɔ si me ganyawo mede ame dzi le o me atsɔ akpɔ srɔ̃a kple viawo dzi. Aleke esia anya wɔe? Ðe hamea me tɔwo akpe ɖe eŋua?

NU SIWO GBLẼ LE ƑOMEA KPLE WOƑE MAWUSUBƆSUBƆ ŊU ÐƆÐƆÐO

3. Ne dzilawo mele wo viwo gbɔ o la, nu kae wògblẽna le ɖeviawo ŋu?

3 Eduardo gblɔ be: “Menyae be megblẽ vinyewo ɖi esime wohiã nye mɔfiame kple lɔlɔ̃ vevie wu. Nyemenɔ wo gbɔ ne manɔ  Biblia me ŋutinyawo xlẽm na wo, anɔ gbe dom ɖa kpli wo, akɔ wo ɖe akɔ nu ahafe kpli wo o.” (5 Mose 6:7) Via tsitsitɔ Anna gblɔ be: “Esime mía fofo menɔ mía gbɔ o la, dzi medzɔam kura o. Esi wòtrɔ gbɔ la, míekpɔe dze sii be mía fofo ƒe mo kple gbee nye ema, gake esi wòwɔ atuu nam la, nyemese naneke le ɖokuinye me o.”

4. Nu ka tae wòsesẽna na srɔ̃ŋutsu si mele eƒe ƒomea gbɔ o la be wòawɔ eƒe tanyenyea ŋu dɔ?

4 Ne vifofo mele eƒe ƒomea gbɔ o la, esesẽna nɛ be wòawɔ eƒe tanyenyea ŋu dɔ. Eduardo srɔ̃ Ruby gblɔ be: “Ele be mawɔ Papa kple Dada siaa ƒe wɔƒe, eye wòva zu numame nam be nye ɖeka mawɔ ƒomea ƒe nyametsotsowo. Esi Eduardo trɔ gbɔ la, eva hiã be masrɔ̃ nu si srɔ̃nyɔnu Kristotɔ ƒe ɖokuibɔbɔ bia. Va se ɖe fifia gɔ̃ hã la, ehiãna ɣeaɖewoɣi be maɖo ŋku edzi na ɖokuinye be srɔ̃nye le afi sia.” (Ef. 5:22, 23) Eduardo gblɔ be: “Ne vinyenyɔnuviawo awɔ nane la, wo dada gbɔe wobiaa mɔ le. Abe dzilawo ene la, míekpɔe be ele be míaƒe nu nasɔ le mía viawo hehe me, eye ehiã be masrɔ̃ ale si maxɔ ŋgɔ abe srɔ̃ŋutsu Kristotɔ ene.”

5. Nu kae vifofo aɖe wɔ tsɔ ɖɔ nu si gblẽ le eƒe ƒomea ŋu esi wòdzo le wo gbɔ la ɖo? Eye nu kae do tso eme?

5 Eduardo ɖoe kplikpaa be yeawɔ nu sia nu si yeate ŋui aɖɔ ƒomekadodoa ɖo ahado ŋusẽ ƒomedodo si le ye kple Yehowa dome. Egblɔ be: “Nye taɖodzinue nye be maƒã nyateƒea ɖe vinyewo ƒe dzi me to nyagbɔgblɔ kple kpɔɖeŋu dzi—menye be magblɔ kple nu be melɔ̃ Yehowa ko o, ke boŋ maɖee afia le nuwɔna me hã.” (1 Yoh. 3:18) Ðe Yehowa yra ɖe Eduardo ƒe agbagbadzedzewo dzia? Via Anna gblɔ be: “Ale si Papa le agbagba dzem be yeanye vifofo nyui ahate mí ɖe eɖokui ŋu ake la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mía dzi. Edo dzidzɔ na mí ŋutɔ esi míekpɔ ale si wòle agbanɔamedziwo minyam le hamea me. Xexea nɔ agbagba dzem be yeahe mí ɖa tso Yehowa ŋu. Gake míekpɔ ale si mía dzilawo lé fɔ ɖe nyateƒea ŋu eye míawo hã míesrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu. Papa do ŋugbe na mí be yemagadzo le mía gbɔ akpɔ o, eye medzo o hã vavã. Ne ɖe wògadzo la, ɖewohĩ nyemanɔ Yehowa ƒe habɔbɔa me egbea o.”

AGBANƆAMEDZIWO TSƆTSƆ

6. Nu kae dzila aɖewo srɔ̃ le aʋawɔɣi?

6 Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be esime aʋa nɔ edzi yim le Balkan-nutowo me la, Yehowa Ðasefowo ƒe viwo nɔ dzidzɔ kpɔm togbɔ be nɔnɔmeawo nɔ sesẽm le afi ma hã. Nu ka tae? Dzilawo mete ŋu nɔ dɔme yim o. Wonɔa aƒe me le wo viwo gbɔ, nɔa nu srɔ̃m kpli wo, nɔa fefem kpli wo henɔa dze ɖom kpli wo. Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Ðeviwo hiã wo dzilawo wu ga kple nunanawo. Abe ale si Mawu ƒe Nyaa gblɔe ene la, eɖea vi na ɖeviwo ne dzilawo kpɔ vovo ɖe wo ŋu eye wohe wo.Lod. 22:6.

7, 8. (a) Vodada kae dzila siwo trɔ gbɔ va woƒe ƒomea gbɔ dometɔ aɖewo wɔna? (b) Nu kae dzilawo awɔ atsɔ adzra wo kple wo viwo dome ɖo?

7 Ne dzila aɖewo trɔ gbɔ hekpɔ ale si wo viwo megakana ɖe wo dzi o, eye ɖeviawo le nu wɔm abe ɖe medo dzidzɔ na wo be yewotrɔ gbɔ o ene la, wodoa dziku hegblɔna be: “Nu ka tae màkpɔ ŋudzedze ɖe nu gbogbo siwo metsɔ sa vɔ ɖe tawò ŋu o?” Ke hã ɖeviawo ƒe nuwɔna gbegblẽawo ƒe akpa gãtɔ tso dzilawo ƒe wo gbɔ manɔmanɔ gbɔ. Nu kae dzilaa ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ kuxi sia gbɔ?

8 Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàse nu gɔme na wò ƒomea geɖe wu. Azɔ hã le dzeɖoɖo kple wò ƒomea me la, lɔ̃ ɖe edzi be kuxia ƒe akpa aɖe tso ye gbɔ. Ðe kuku na wo tso dzi me. Ne srɔ̃wò kple viwòwo kpɔe be èle agbagba ɖe sia ɖe dzem be yeaɖɔ nuwo ɖo la, ekema woade dzesii be èdi vevie tso dzi me be nuwo nanyo. Tameɖoɖo kplikpaa kple dzigbɔɖi awɔe be vivivi la, wò ƒomea agalɔ̃ wò ahade bubu ŋuwò.

 ‘WÒ AƑEMETƆWO DZI KPƆKPƆ’

9. Nu ka tae ‘míaƒe aƒemetɔwo dzi kpɔkpɔ’ mefia be míanɔ kesinɔnuwo yome o?

9 Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu be, ne Kristotɔ tsitsiwo magate ŋu akpɔ wo ɖokuiwo dzi o la, viwo kple mamayɔviwo “[naɖo] eteƒe na wo dzilawo kple wo tɔgbuiwo kpakple mamawo.” Gake Paulo yi edzi xlɔ̃ nu Kristotɔwo katã be, ne wokpɔ woƒe gbe sia gbe nuhiahiã siwo nye nuɖuɖu, nudodo kple mlɔƒe ko la, nu siawo nadze wo ŋu. Mele be míanɔ ʋiʋlim ɣesiaɣi be míazu kesinɔtɔwo alo be ganyawo nade mía dzi le etsɔme o. (Mixlẽ 1 Timoteo 5:4, 8; 6:6-10.) Mele be Kristotɔ nati xexe sia me kesinɔnu, siwo nu ava yi kpuie la, yome hafi ate ŋu ‘akpɔ eƒe aƒemetɔwo dzi’ o. (1 Yoh. 2:15-17) Mele be míaɖe mɔ “kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” alo “agbe me dzimaɖitsitsiwo” nawɔe be “agbe vavã” si minyam míele le Mawu ƒe xexe yeye dzɔdzɔe me la nato míaƒe ƒomea ŋu o!Marko 4:19; Luka 21:34-36; 1 Tim. 6:19.

10. Nu ka tae nunya le eme be míaƒo asa na fenyinyi?

10 Yehowa nyae be ga hiã mí. Gake ga mate ŋu akpɔ mía ta ahalé mí ɖe te abe ale si wòle le mawumenunya gome ene o. (Nyagb. 7:12; Luka 12:15) Ame geɖe bua nu siwo mɔzɔzɔ aɖawɔ dɔ le duta ate ŋu agblẽ la nu tsɛ, eye kakaɖedzi meli hã be woakpɔ ga kokoko o. Le nyateƒe me la, afɔku gãwo le eme. Yevuwode kple duta yila geɖe gbɔna vaa aƒe kple fe siwo lolo wu. Wometea ŋu vona subɔa Mawu abe ale si wodii ene o, ke boŋ wova zua kluviwo na woƒe fetɔwo. (Mixlẽ Lododowo 22:7.) Nunya le eme wu be míaƒo asa na fenyinyi.

11. Aleke ɖoɖowɔwɔ ɖe gazazã ŋu akpe ɖe ƒomewo ŋu?

11 Eduardo nyae be hafi yeate ŋu alé be na yeƒe ƒomea dzidzedzetɔe esi yetrɔ gbɔ va wo gbɔ la, ele be yeanya gazazã. Eya kple srɔ̃a wonɔ anyi wɔ ɖoɖo ɖe woƒe nuhiahiãwo kple gazazãwo ŋu. Edze ƒãa be womagakpɔ ga aƒle nu geɖe abe ale si wowɔnɛ tsã ene o. Gake ƒome bliboa kpe asi ɖe ɖoɖo si wowɔ ŋu ale be woaganɔ ga gblẽm ɖe nu siwo mehiã o la ŋu o. * Le kpɔɖeŋu me, Eduardo gblɔ be: “Meɖe vinyewo tso suku si amewo ŋutɔ ɖo yi dziɖuɖu alo fiaha suku siwo nyo.” Eya kple eƒe ƒomea wodo gbe ɖa be wòakpɔ dɔ si maxe mɔ na woƒe mawusubɔsubɔ o. Aleke Yehowa ɖo woƒe gbedodoɖaa ŋu na woe?

12, 13. Afɔ kawoe vifofo aɖe ɖe tsɔ kpɔ eƒe ƒomea dzi, eye aleke Yehowa yra ɖe woƒe nyametsotso be yewoanɔ agbe tsɛ la dzi?

12 Eduardo gblɔ be: “Le ƒe eve gbãtɔwo me la, ga si nu míanɔ agbe ɖo kpɔkpɔ sesẽ. Ðeko ga si medzra ɖo la nɔ vɔvɔm, fetu sue si mexɔna medea míaƒe nuhiahiãwo katã nu o, eye ɖeɖi tea ŋunye belibeli. Gake míedea kpekpeawo katã hedea gbeadzi hã ɖekae.” Eduardo ɖoe kplikpaa be yemagawɔ dɔ aɖeke si ana yeadzo le yeƒe ƒomea gbɔ ɣletiwo alo ƒewo o. Egblɔ be: “Mesrɔ̃ dɔ vovovowo wɔwɔ ale be ne nyemekpɔ ɖe o la, makpɔ bubu ya.”

Ðe nàte ŋu asrɔ̃ dɔ vovovowo wɔwɔ atsɔ akpe asi ɖe ƒomea dzi kpɔkpɔ ŋua? (Kpɔ memama 12)

13 Esi wòhiã be Eduardo naxe ga si wòdo vivivi ta la, eva xe deme si sɔ gbɔ wu gatia ŋutɔ gɔ̃ hã. Gake ekpɔe be asixɔxɔ le ɣeyiɣi si yeatsɔ anɔ ƒomea gbɔ be yewoawɔ nuwo ɖekae abe ale si Yehowa dii tso dzilawo si ene la ŋu kura wu ga ma. Eduardo gblɔ be: “Ne woma ga si meɖuna le dɔme le yevuwode ɖe akpa 10 la, esi mexɔna fifia mede eƒe akpa ɖeka gɔ̃ hã o, gake dɔ mewua mí o. ‘Yehowa ƒe asi metò ɖe eme o.’ Le nyateƒe me la, míetso nya me be míawɔ mɔɖeɖedɔa. Nu si ganyo wue nye be, ganyawo va ka ɖe eme le dukɔa me eye míetea ŋu kpɔa míaƒe nuhiahiãwo gbɔ bɔbɔe wu.”Yes. 59:1.

 TENƆNƆ ÐE ƑOMETƆWO ƑE NYAƑOÐEAMENU NU

14, 15. Nu kae ƒomewo awɔ be woagatsɔ gbɔgbɔmenuwo asa vɔe ɖe ŋutilãmenuwo ta o, eye nu kae ate ŋu ado tso eme ne woɖo kpɔɖeŋu nyui le esia gome?

14 Le teƒe geɖewo la, amewo bunɛ be ele kokoko be yewoanɔ nunanawo kple ga nam ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo. Eduardo gblɔ be: “Enye míaƒe dekɔnu eye nunana dzɔa dzi na mí.” Gake egblɔ kpee be: “Míeɖo seɖoƒe nɛ. Meɖe eme na nye ƒometɔwo be, mana nu wo le nye ŋutete nu ne esia magblẽ nu le nye ƒomea ƒe ɖoɖowo kple mawusubɔsubɔ ŋu o.”

15 Ƒometɔwo doa dziku ɖe ame siwo trɔ gbɔ kple ame siwo gbe be yewomazɔ mɔ agblẽ yewoƒe ƒomea ɖi o la ŋu, wodzua wo, eye wobua wo be womeɖo ta o, le esi wole mɔ kpɔm be woawoe ahe ga va aƒee ta. Ame aɖewo gblɔna be womelɔ̃ ame o. (Lod. 19:6, 7) Eduardo vinyɔnu Anna gblɔ be: “Ke hã, esi míegbe be míatsɔ gbɔgbɔmenuwo asa vɔ ɖe ŋutilãmenuwo ta o la, míaƒe ƒometɔ aɖewo ate ŋu ava kpɔ ale si Kristotɔnyenye le vevie na mí la adze sii mlɔeba. Gake aleke woawɔ ase egɔme ne míelɔ̃ wɔ ɖe woƒe didiwo dzi na wo?”—Tsɔe sɔ kple 1 Petro 3:1, 2.

KA ÐE MAWU DZI

16. (a) Aleke nɔvi aɖe ate ŋu atsɔ ‘nuŋububu totrowo anɔ eɖokui blem’? (Yak. 1:22) (b) Nyametsotso kawo tɔgbi dzie Yehowa yrana ɖo?

16 Esi nɔvinyɔnu aɖe si zɔ mɔ dzo le srɔ̃a kple viawo gbɔ va ɖo yevuwode dukɔ aɖe me la, egblɔ na hamemetsitsi siwo le afi ma be: “Nu geɖe ŋutɔe míetsɔ sa vɔe hafi mete ŋu va afi sia. Eva hiã be srɔ̃nye naɖe asi le eƒe hamemetsitsi nyenye gɔ̃ hã ŋu. Eya ta mele gbe dom ɖa be Yehowa nayra ɖe nye mɔzɔzɔ sia dzi.” Nyametsotso siwo xɔse ʋã mí míewɔ wòwɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu dzie wòyrana ɖo. Ke aleke wɔ wòayra ɖe nyametsotso si tsi tre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋu, vevietɔ esi bia be woaɖe asi le agbanɔamedzi kɔkɔewo ŋu la dzi?Mixlẽ Hebritɔwo 11:6; 1 Yohanes 5:13-15.

17. Nu ka tae wòle be míadi Yehowa ƒe mɔfiafia do ŋgɔ hafi atso nya me, eye aleke míawɔ esia?

17 Ele be míadi Yehowa ƒe mɔfiafia do ŋgɔ hafi awɔ nyametsotsowo alo aƒo ta ɖe nanewo me, ke menye be míawɔe vɔ hafi o. Do gbe ɖa gbã nàbia eƒe gbɔgbɔ  kɔkɔea, nunya kple eƒe mɔfiafia. (2 Tim. 1:7) Bia ɖokuiwò be: ‘Afi kae madi be maɖo to Yehowa ase ɖo? Ðe maɖo toe le yometiti sesẽwo gɔ̃ hã mea?’ Ne nenemae la, ke ɖe nàlɔ̃ aɖo toe anɔ wò ƒomea gbɔ ne esia abia be nànɔ agbe tsɛa? (Luka 14:33) Bia Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo tso hamemetsitsiwo gbɔ, eye nàka ɖe ŋugbe si Yehowa do be yeakpe ɖe ŋuwò ne èxɔ ye dzi se hewɔ yeƒe mɔfiamewo dzi la dzi. Hamemetsitsiwo mate ŋu atso nya me na wò o, gake woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ tiatia siwo ahe dzidzɔ vɛ na wò fifia kple etsɔme.2 Kor. 1:24.

18. Ame ka ƒe agbae ƒomea dzi kpɔkpɔ nye, gake nɔnɔme kawoe ana mɔnukpɔkpɔ ame bubuwo be woana kpekpeɖeŋu?

18 Yehowa tsɔ ƒomea dzi kpɔkpɔ ɖaa ƒe ‘agba’ de ƒomea ƒe ta si. Ele be míakafu nɔvi siwo le agbanɔamedzi sia tsɔm evɔ womedzo le wo srɔ̃ kple wo viwo gbɔ o togbɔ be anɔ wo dzrom alo ame bubuwo anɔ eƒom ɖe wo nu hã, eye míanɔ gbe dom ɖa ɖe wo ta. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne woƒe ƒomea me tɔ aɖe dze afɔku alo dze dɔ kpata la, ele be míawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ aɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ vavã afia wo. (Gal. 6:2, 5; 1 Pet. 3:8) Ðe nàte ŋu ana ga haxɔsetɔ siawo woatsɔ akpɔ hiahiã kpata aɖe gbɔ, alo akpe ɖe wo ŋu woakpɔ dɔ awɔ le nutoa mea? Esiawo wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be womadi be yewoadzo le ƒomea gbɔ aɖadi dɔ le teƒe bubu o.Lod. 3:27, 28; 1 Yoh. 3:17.

ÐO ŊKU EDZI BE YEHOWAE NYE WÒ KPEÐEŊUTƆ!

19, 20. Nu ka tae Kristotɔwo ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe yewo ŋu?

19 Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be: “Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me, eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu. Elabena [Mawu gblɔ] be: ‘Nyemaɖe asi le ŋuwò gbeɖe o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.’ Ale be dzi naɖo mía ƒo bliboe míagblɔ be: ‘Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o. Nu kae amegbetɔ ate ŋu awɔm?’” (Heb. 13:5, 6) Aleke míatsɔ nya siawo ade dɔwɔwɔ me ŋutɔŋutɔ?

20 Hamemetsitsi aɖe si le dukɔ dahe aɖe me gblɔ be: “Ame geɖe ƒoa nu tso ale si Yehowa Ðasefowo nyea dzidzɔmewo ŋu. Wokpɔe hã be Ðasefo dahewo gɔ̃ hã dzrana ɖo nyuie, eye edzena abe ɖe nu de wo dzi wu ame bubuwo ene.” Esia nye ŋugbe si Yesu do na ame siwo tsɔa Fiaɖuƒea ɖoa nɔƒe gbãtɔ la me vava. (Mat. 6:28-30, 33) Vavãe, Yehowa, mía Fofo si le dziƒo, lɔ̃ wò vevie eye wòdi be eme nanyo na wò kple viwòwo. Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” (2 Kron. 16:9) Míaƒe nyonyo tae eƒe sewo li ɖo—se siwo ku ɖe ƒomegbenɔnɔ kple míaƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu hã le eme. Ne míewɔ ɖe wo dzi la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ eyama heka ɖe edzi. “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi: be míawɔ eƒe seawo dzi; eye eƒe seawo menye agba o.”1 Yoh. 5:3.

21, 22. Nu ka tae nèɖoe kplikpaa be yeaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu?

21 Eduardo gblɔ be: “Menya be ɣeyiɣi siwo katã medzo le srɔ̃nye kple vinyewo gbɔ la magasu asinye gbeɖe o, evem, gake nyemena ema xɔ nye susu me o. Ame siwo zɔ mɔa kplim ɣemaɣi la dometɔ geɖe zu kesinɔtɔwo, gake womele dzidzɔ kpɔm o. Ƒomekuxi sesẽwo le fu ɖem na wo. Gake nye ƒomea le dzidzɔ geɖe kpɔm! Eye ale si nɔvi bubu siwo le dukɔ sia me tsɔa gbɔgbɔmenuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le agbe me, togbɔ be woda ahe hã, la teƒe kpɔkpɔ wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Ŋugbe si Yesu do la le eme vam na mí katã.”Mixlẽ Mateo 6:33.

22 Eya ta lé dzi ɖe ƒo! Ðo to Yehowa, eye nàɖo ŋu ɖe eŋu. Neva eme be lɔlɔ̃ si le asiwò na Mawu, na srɔ̃wò kple viwòwo naʋã wò nàtsɔ ƒomegbanɔamedzi si Mawu de asi na wò la nyuie. Ne èwɔ esia la, ‘Yehowa anye wò kpeɖeŋutɔ.’

^ mm. 1 Míetrɔ ŋkɔawo.

^ mm. 11 Kpɔ nyati si nye “Biblia Ƒe Nukpɔsusu—Aleke Mawɔ Azã Ga Nyuie?” le Nyɔ!, July-September 2010, axa 26-27 (yevugbe me tɔ, May 2010, axa 18-19) me.