Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE AME AÐE ATE ŊU ANYA ETSƆMEA?

Etsɔmegbɔgblɔɖi—Ðewo Va Eme, Geɖe Do Kpo Nu

Etsɔmegbɔgblɔɖi—Ðewo Va Eme, Geɖe Do Kpo Nu

Àdi be yeanya wò etsɔmea? Ame geɖe dina be yewoanya yewoƒe etsɔme. Ame aɖewo gblɔa ale si nuwo ava nɔ le etsɔme ɖi, gake menye ɣesiaɣie wòvaa eme o. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa:

  • DZƆDZƆMEŊUTINUNYALAWO wɔa mɔ̃ deŋgɔwo ŋu dɔ hezãa ga geɖe be yewoagblɔ ale si nuwo ava nɔ le etsɔme ɖi. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔa ale si ɖiƒoƒo anyigbaa ava gblẽ nui ɖi, eye wogblɔnɛ nenye be tsi adza ŋufɔke le miaƒe nutoa me loo alo madza o.

  • ASITSATSA ŊUTI NUNYALA BIBIWO gblɔa ale si asitsanyawo kple dunyahenyawo ava yii ɖi. Wobua Warren Buffet, si hã nye kesinɔtɔ gã siwo le xexea me la dometɔ ɖeka, be enye ame si ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi woate ŋu aka ɖo le asitsanyawo me, elabena ekpɔa dzidzedze le eƒe gasitsatsawo me. Numekula bubu si ŋkɔe nye Nate Silver la léa ŋku ɖe akɔntabubuwo ŋu be yeagblɔ nya ɖi tso nu sia nu kloe ŋu, tso Amerika ƒe dukplɔnyawo dzi va ɖo nunana siwo Hollywood fefewɔlawo xɔna dzi.

  • BLEMANUŊLƆÐIWO nye nu bubu siwo dzi amewo tona be yewoagblɔ etsɔme ɖi. Ame aɖewo gblɔna be Michel de Notredame (Nostradamus) si nɔ anyi le ƒe alafa 16 lia me ƒe nuŋlɔɖi gbadzaa la me nyawo le eme vam egbea. Ame aɖewo hã gblɔe va yi be Mayawo ƒe ɣletikɔntabubu ƒe ŋkeke mamlɛtɔ si dze December 21, 2012 dzi la, anye tɔtrɔ gã dziŋɔwo ƒe dzesi.

  • SUBƆSUBƆHAKPLƆLAWO hã gblɔa etsɔme dovoɖinamewo ɖi ɣeaɖewoɣi tsɔ xlɔ̃a nu amewo ale be ame geɖe nava dze wo yome. Harold Camping si gblɔ xexea ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu nya ɖi la kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒãe wòde didiƒe ke be anyigbaa atsrɔ̃ le ƒe 2011 me. Gake edze ƒãa be eƒe nyawo zu tofloko, elabena xexea kpɔtɔ li.

  • GBƆGBƆYƆLAWO ƒua asi akɔ be etsɔmegbɔgblɔɖi ƒe ŋutete tɔxɛwo le yewo si. Edgar Cayce kple Jeane Dixon siaa gblɔ nya aɖewo ɖi tso ƒe alafa 20 lia ŋu, eye wova eme hã. Gake wo ame evea siaa gblɔ nya geɖewo hã ɖi siwo meva eme o. Le kpɔɖeŋu me, Dixon gblɔe ɖi be Xexemeʋa III afe ati le ƒe 1958 me, eye Cayce hã gblɔe ɖi be atsiaƒu aɖe New York dugã la le ƒe 1970-awo ƒe domedomee.

Gake ɖe mɔ aɖe li si dzi nàto anya etsɔme vavã? Biabia nyui aɖee nye ema. Ne ɖe nàte ŋu anya ale si nuwo ava nɔ le etsɔme la, esia ana nàwɔ tiatia nyuiwo le agbe me.