Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Ame ka tututue le xexe sia dzi ɖum?

Ne Mawue le xexe sia dzi ɖum la, ɖe míanɔ fu kpem alea gbegbea?

Ame geɖe xɔe se be Mawu vavã lae le xexe sia dzi ɖum. Ne nya sia nye nyateƒe la, ɖe fukpekpe axɔ aƒe ɖe anyigba dzi alea gbegbea? (5 Mose 32:4, 5) Biblia na míenya be ame vɔ̃ɖi aɖee le ŋusẽ kpɔm ɖe xexe sia dzi.Xlẽ 1 Yohanes 5:19.

Aleke wòdzɔe be ame vɔ̃ɖi aɖee va kpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea dzi? Le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, mawudɔla aɖe dze aglã ɖe Mawu ŋu eye wòble atsu kple asi gbãtɔa hã nu be woadze aglã. (1 Mose 3:1-6) Wotiae be yewoaɖo to Satana, mawudɔla dzeaglã ma. Aleae wòdzɔe be wòva zu wo dzi ɖula. Gake Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖeɖe koe dze aɖu xexea dzi, ke hã edi be amegbetɔwo natia yeƒe dziɖuɖu le esi wolɔ̃ ye ta. (5 Mose 6:6; 30:16, 19) Nublanuitɔe la, woble ame akpa gãtɔ wowɔ tiatia gbegblẽ si atsu kple asi gbãtɔa wɔ.Xlẽ Nyaɖeɖefia 12:9.

Ame kae akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ?

Ðe Mawu aɖe mɔ ɖe Satana ƒe dziɖuɖu vɔ̃ɖia ŋu ɖaa? Ao! Mawu ato Yesu dzi aɖɔ nu siwo katã Satana gblẽ la ɖo.Xlẽ 1 Yohanes 3:8.

Mawu ana ŋusẽ Yesu be wòatsrɔ̃ Satana. (Romatɔwo 16:20) Emegbe Mawu aɖu ameƒomea dzi eye wòaɖɔ nu sia nu ɖo ale be ameƒomea nanɔ agbe le ŋutifafa kple dzidzɔ me abe ale si wòɖoe le gɔmedzedzea me ene.Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3-5.