Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si ‘Míaɖo Nya Ŋu Na Ame Sia Ame’

Ale Si ‘Míaɖo Nya Ŋu Na Ame Sia Ame’

“Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi . . . bene mianya ale si wòle be miaɖo nya ŋu na ame sia ame.”KOL. 4:6.

1, 2. (a) Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖe vevienyenye si le nyabiase siwo ŋu míebu nyuie ŋu la fia? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu ka tae mele be nufiafia siwo me ɖeɖe sesẽ la naɖo vɔvɔ̃ na mí o?

ƑE AÐEWOE nye esi va yi la, nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe nɔ Biblia me dzrom kple srɔ̃a si menye Ðasefo o. Ŋutsua nye Kristodukɔa ƒe sɔlemeha aɖe me tɔ eye wògblɔ be yexɔ Mawuɖekaetɔ̃ dzi se. Esi nɔvinyɔnua de dzesii be ɖewohĩ ye srɔ̃ mese Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa gɔme nyuie o ta la, ebiae ŋuɖɔɖotɔe be: “Ðe nèxɔe se be Mawu nye Mawu, Yesu nye Mawu, eye gbɔgbɔ kɔkɔea hã nye Mawu, gake menye Mawu etɔ̃e li o, ke Mawu ɖeka koa?” Nyaa wɔ moya na srɔ̃a, eye wògblɔ be: “Ao, menye nu ma dzie mexɔ se o!” To esia dzi la, woɖo dze nyuie tso ame si tututu Mawu nye ŋu.

2 Kpɔɖeŋu ma ɖe vevienyenye si le nyabiase siwo ŋu wobu nyuie biabia ŋuɖɔɖotɔe ŋu la fia. Eɖe nu vevi bubu aɖe hã fia, si nye be: Mele be míana nufiafia siwo me ɖeɖe sesẽ, abe Mawuɖekaetɔ̃, dzo mavɔ alo Wɔlaa ƒe anyinɔnɔ ene naɖo vɔvɔ̃ na mí o. Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hewɔ hehe si nam wòle mí ŋu dɔ nyuie la, zi geɖe la, míate ŋu ana ŋuɖoɖo siwo ana míaƒe  nyaselawo nabu tame eye míaɖo woƒe dzi gbɔ. (Kol. 4:6) Mina míadzro nu siwo gbeƒãɖela bibiwo wɔna ne wole nyati mawo me dzrom la me. Míadzro ale si (1) míazã nyabiasewo atsɔ ana amewo nagblɔ woƒe susu, (2) míade ŋugble kple amewo le nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ ŋu, kple (3) míazã kpɔɖeŋuwo be amewo nase nyaa gɔme.

BIA NYA SIWO ANA AMEWO NAGBLƆ WOƑE SUSU

3, 4. Nu ka tae wòle vevie be míazã nyabiasewo be míanya nu si dzi amewo xɔ se? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

3 Nyabiasewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nu si dzi ame aɖe xɔ se. Nu ka tae esia le vevie? Lododowo 18:13 gblɔ be: “Ne ame aɖe mekpɔ se nya, hafi ɖo eŋu o la, bometsitsi kple ŋukpe wònye nɛ.” Nyateƒee, hafi míadze nya si Biblia gblɔ tso nyati aɖe ŋu me dzodzro gɔme la, ele be míadze agbagba anya nu si tututu dzi amea xɔ se. Ne menye nenema o la, míagblẽ ɣeyiɣi anɔ agbagba dzem be amea nakpɔe be dzixɔse aɖe menye nyateƒe o, evɔ ɖewohĩ mexɔ nufiafia ma dzi se kura gɔ̃ hã o!1 Kor. 9:26.

4 Tsɔe be míele dzo mavɔ nufiafiaa me dzrom kple ame aɖe. Menye ame sia amee xɔe se be dzo mavɔ nye afi si wowɔa fu amewo le ŋutɔŋutɔ o. Ame aɖewo xɔe se be enye kaklã ɖa tso Mawu gbɔ ƒe nɔnɔme aɖe ko. Eya ta míate ŋu agblɔ be: “Susu vovovowoe le amewo si ku ɖe dzo mavɔ ŋu; nu kae nèsusu be dzo mavɔ nye?” Ŋuɖoɖo si amea na ye ana míanya ale si míakpe ɖe eŋu wòase nu si Biblia fia tso nya ma ŋu gɔme.

5. Aleke nyabiasewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nu si tae amea xɔ nufiafia aɖe dzi se ɖo?

5 Nya siwo míebia ŋuɖɔɖotɔe agate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nu si tae amea xɔ nufiafia aɖe dzi se ɖo. Le kpɔɖeŋu me, nu kae míawɔ ne míedo go ame si gblɔ be yemexɔ Mawu dzi se o? Anɔ bɔbɔe be míaƒo nya ta be nufiafia totrowo abe amedzɔtsokeseme ene ye kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. (Ps. 10:4) Gake ame aɖewo mexɔ Mawu dzi se o le fukpekpe siwo gbegbe teƒe wokpɔ alo esiwo me woawo ŋutɔwo woto ta. Ðewohĩ asesẽ na wo ŋutɔ be woaxɔe ase be Wɔla lɔ̃ame aɖe li hafi yewole nɔnɔme mawo me tom. Eya ta ne aƒemenɔlaa ke ɖi Mawu ƒe anyinɔnɔ la, míate ŋu abiae be: “Nenema koe nèsena le ɖokuiwò me xoxoxoa?” Ne amea gblɔ be ao la, míate ŋu abiae nu si koŋ na be megava xɔ Mawu dzi se o. Eƒe ŋuɖoɖoa akpe ɖe mía ŋu míanya mɔ nyuitɔ si dzi míato akpe ɖe eŋu.Mixlẽ Lododowo 20:5.

6. Nu kae wòle be míawɔ ne míebia nya aɖe vɔ?

6 Ne míebia nya aɖe vɔ la, ele be míaɖo to ase amea ƒe ŋuɖoɖoa nyuie, eye míase veve ɖe enu. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe ate ŋu agblɔ be afɔku aɖee na yemegava xɔe se tututu be Wɔla lɔ̃ame aɖe li o. Hafi míagblɔ nu siwo ɖo kpe edzi be Mawu li nɛ la, ele be míase veve ɖe enu, eye míana wòanya be naneke megblẽ le eŋu ne míebia nya tso susu si tae míele fu kpem ɖo ŋu o. (Hab. 1:2, 3) Ne míegbɔ dzi ɖi heɖe lɔlɔ̃ fiae la, esia aʋãe wòadi be yeanya nu geɖe. *

DE ŊUGBLE KPLE AMEWO LE NYA SI ŊƆŊLƆAWO GBLƆ ŊU

Nu ka koŋ gbɔe míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me tsona? (Kpɔ memama 7)

7. Zi geɖe la, nu ka gbɔe míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me tsona?

7 Azɔ mina míadzro ale si míate ŋu ade ŋugble kple amewo le nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ ŋu me. Bibliae nye míaƒe dɔwɔnu vevitɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ekpena ɖe mía ŋu be ‘míadze bliboe, eye míanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia  dɔ nyui wɔwɔ.’ (2 Tim. 3:16, 17) Gake zi geɖe la, míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ le gbeadzi metsoa ŋɔŋlɔ agbɔsɔsɔme si míexlẽ gbɔ o, ke boŋ etsoa ale si míede ŋugble kple amewo le ŋɔŋlɔ si míexlẽ ŋu kple ale si míeɖe emee gbɔ. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 17:2, 3.) Mina míazã nudzɔdzɔ etɔ̃ siwo gbɔna atsɔ awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui.

8, 9. (a) Mɔ ka dzie míate ŋu ato ade ŋugble kple ame si xɔe se be Yesu kple Mawu wosɔ? (b) Mɔ bubu ka dzie nètona dea ŋugble kple ame siwo xɔ nufiafia sia dzi se la dzidzedzetɔe?

8 Nudzɔdzɔ 1: Míedo go ame aɖe le gbeadzi si xɔe se be Yesu kple Mawu wosɔ. Ŋɔŋlɔ kawoe míate ŋu axlẽ atsɔ ade ŋugble kple amea le nya ma ŋu? Míate ŋu ana amea naxlẽ Yohanes 6:38, afi si Yesu ŋutɔ gblɔ le be: “Meɖi tso dziƒo va, menye be mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.” Ne míexlẽ kpukpui ma vɔ la, míate ŋu abiae be: “Ne Yesu ŋutɔe ganye Mawu ɖe, ke ame kae dɔe ɖe anyigba dzi? Ðe Ame ma manye gã wu Yesu oa? Eme kɔ ƒãa be ame si dɔ ame aɖe la alolo wu ame si wòdɔ.”

9 Alo míate ŋu axlẽ Filipitɔwo 2:9, afi si apostolo Paulo ƒo nu tso nu si Mawu wɔ esi Yesu ku eye wofɔe ɖe tsitre megbe ŋu. Kpukpui ma gblɔ be: “Mawu [do Yesu] ɖe dzi wòle nɔƒe kɔkɔ aɖe, eye wòlɔ̃ faa tsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubu ɖe sia ɖe ta la nɛ.” Be míakpe ɖe amea ŋu wòade ŋugble tso mawunyakpukpui ma ŋu la, míate ŋu abiae be: “Ne Yesu kple Mawu wosɔ hafi wòku, eye Mawu doe ɖe dzi wòle ɖoƒe si kɔkɔ wu la, ɖe esia mafia be Yesu va kɔ wu Mawu oa? Gake, ɖe ame aɖe ate ŋu akɔ wu Mawua?” Ne amea dea bubu Mawu ƒe Nya la ŋu eye dzi nyui le esi la, ŋugbledede kplii alea ana wòagbugbɔ ŋku alé ɖe nufiafia ma ŋu.Dɔw. 17:11.

10. (a) Aleke míawɔ ade ŋugble kple ame si xɔ dzo mavɔ nufiafiaa dzi se? (b) Mɔ ka dzie nètona dea ŋugble kple ame siwo xɔ dzo mavɔ nufiafiaa dzi se la dzidzedzetɔe?

10 Nudzɔdzɔ 2 lia: Esesẽ na aƒemenɔla aɖe si doa vevie mawusubɔsubɔ be wòase egɔme be womawɔ fu ame vɔ̃ɖiwo le dzo mavɔ me o. Ðewohĩ nu si tae wòxɔ dzo mavɔ nufiafiaa dzi se lae nye be, edi vevie be ame vɔ̃ɖiwo naxɔ woƒe nu gbegblẽ wɔwɔwo ŋuti tohehe. Aleke míate ŋu ade ŋugble kple ame sia tɔgbi? Gbã la, míate ŋu aka ɖe edzi nɛ be woahe to na ame vɔ̃ɖiwo godoo. (2 Tes. 1:9) Eyome míate ŋu ana wòaxlẽ 1 Mose 2:16, 17, afi si ɖee fia be nu vɔ̃ ŋuti tohehee nye ku. Míate ŋu aɖe eme nɛ be, Adam ƒe nu vɔ̃a tae wodzi amegbetɔwo katã ɖe nu vɔ̃ me ɖo. (Rom. 5:12) Gake míate ŋu ana wòakpɔe be Mawu megblɔ na wo be woawɔ fu wo le dzo mavɔ me o. Eyome míate ŋu  abiae be, “Ne ɖe woawɔ fu Adam kple Xawa le dzo mavɔ me tegbee la, ke ɖe mele be Mawu naxlɔ̃ nu wo tso eŋu do ŋgɔ oa?” Azɔ míate ŋu axlẽ 1 Mose 3:19; le afi ma la, Mawu gblɔ woƒe nu vɔ̃a me tsonu na wo, gake megblɔ nya aɖeke tso dzo mavɔ ŋu o. Ke boŋ egblɔ na Adam be agatrɔ azu anyi. Míate ŋu abiae azɔ be, “Ne dzo mavɔ mee Adam ayi nyateƒe la, ɖe wòanye nu dzɔdzɔe wɔwɔ be Mawu nagblɔ nɛ be agatrɔ azu anyi si me woɖee tsoea?” Ne amea dea ŋugble le ame bubuwo hã ƒe susuwo ŋu la, nyabiase mawo tɔgbi ana wòabu nyaa ŋu ayi ŋgɔe.

11. (a) Aleke míate ŋu ade ŋugble kple ame si xɔe se be ame nyuiwo katã ayi dziƒo? (b) Mɔ ka dzie nètona dea ŋugble kple amewo dzidzedzetɔe ku ɖe dziƒoyiyi ŋu nya sia ŋu?

11 Nudzɔdzɔ 3 lia: Míedo go ame aɖe le gbeadzi si xɔe se be ame nyuiwo katã ayi dziƒo. Dzixɔse ma ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si aƒemenɔlaa sea Biblia me nyawo gɔmee dzi. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be míexlẽ Nyaɖeɖefia 21:4 nɛ. (Mixlẽe.) Amea ate ŋu asusui be ale si agbea anɔ le dziƒo ŋue nya mawo ku ɖo. Aleke míate ŋu akpe ɖe eŋu wòade ŋugble? Le esi míaxlẽ mawunyakpukpui bubuwo be míatsɔ akɔ eme teƒe la, míate ŋu azã nya vevi aɖe si dze le ŋɔŋlɔ ma ke me atsɔ awɔ esia. Wogblɔ be “ku maganɔ anyi o.” Míate ŋu abia amea nenye be elɔ̃ ɖe edzi be, hafi nane maganɔ anyi o la, ke ɖe mefia be nua nɔ anyi kpɔ oa? Anɔ eme be alɔ̃ ɖe edzi. Eyome míagblɔ nɛ be, ku menɔ dziƒo kpɔ o; anyigba dzi afi sia koe amewo kuna le. Eya ta susu le eme be míaƒo nya ta be yayra siwo ava anyigba dzi ŋu nya gblɔm Nyaɖeɖefia 21:4 le.Ps. 37:29.

ZÃ KPƆÐEŊUWO BE AMEWO NASE NYAA GƆME

12. Nu ka tae Yesu wɔ kpɔɖeŋuwo?

12 To vovo na nyabiasewo la, Yesu zã kpɔɖeŋuwo le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. (Mixlẽ Mateo 13:34, 35.) Kpɔɖeŋu siwo Yesu wɔ la na wòde dzesi nɔnɔme si le ame siwo nɔ to ɖomee la si. (Mat. 13:10-15) Kpɔɖeŋuawo gana Yesu ƒe nufiafiawo wɔ dɔ ɖe amewo dzi eye wòtsi susu me na wo. Aleke míate ŋu azã kpɔɖeŋuwo le míaƒe nufiafia me?

13. Kpɔɖeŋu kae míate ŋu awɔ atsɔ aɖe eme be Mawu kple Yesu mele tasɔsɔ me o?

13 Enyona wu ne míezã kpɔɖeŋu siwo gɔme sese le bɔbɔe. Ne míedi be míaɖe eme na amewo be Yesu mesɔ kple Mawu o la, míate ŋu awɔ kpɔɖeŋu sia. Mawu kple Yesu siaa zã ƒomekadodowo tsɔ ɖɔ ƒomedodo si le wo dome. Mawu yɔ Yesu be ye Vi, eye Yesu hã yɔ Mawu be ye Fofo. (Luka 3:21, 22; Yoh. 14:28) Azɔ míate ŋu abia aƒemenɔlaa be: “Tsɔe be èdi be yeafiam be ame eve aɖewo le tasɔsɔ me; ƒomekadodo kae nàtsɔ awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui?” Amea ate ŋu ayɔ nɔviwo, alo venɔviwo gɔ̃ hã. Ne egblɔe alea la, ke míate ŋu agblɔ nɛ be eƒe kpɔɖeŋua sɔ nyuie. Eyome míate ŋu abiae be: “Ne míete ŋu wɔ kpɔɖeŋu nyui sia bɔbɔe la, ke ɖe kpɔɖeŋu sia mava susu me na Yesu, ame si nye Nufiala Gãtɔ oa? Gake Yesu mezã kpɔɖeŋu ma o, ke boŋ egblɔ be Mawu nye ye Fofo. Yesu to esia dzi ɖee fia be Mawu tsi boo wu ye, eye ŋusẽ hã le esi wu ye.”

14. Kpɔɖeŋu kae ɖee fia be susu manɔ eme be Mawu nana Abosam nawɔ fu amewo le dzo mavɔ me o?

14 Bu kpɔɖeŋu sia hã ŋu kpɔ. Ame aɖewo xɔe se be Satana ye wotsɔ ɖo dzo mavɔa nu be wòanɔ fu wɔm amewo. Kpɔɖeŋu aɖe akpe ɖe dzilawo ŋu woakpɔ nu si tae Mawu mate ŋu abia tso Abosam si be wòawɔ nu sia o. Míate ŋu agblɔ be: “Tsɔe be viwò dze aglã hele nu gbegblẽ geɖe wɔm. Nu kae nàwɔ?” Ðewohĩ dzilaa agblɔ be yeaɖɔ ye via ɖo. Anɔ eme dzilaa adze agbagba zi geɖe be yeakpe ɖe eŋu  wòadzudzɔ nu gbegblẽwo wɔwɔ. (Lod. 22:15) Azɔ míate ŋu abia dzilaa be, nu kae wòawɔ ne via gbe tonusese kokoko. Dzila geɖe agblɔ be naneke megali yewoawɔ tsɔ wu be yewoahe to na ɖevia o. Míate ŋu abiae be, “Ke ne èva nya be ame vɔ̃ɖi aɖee ble viwòa wòdze aglã ya ɖe?” Ðikeke mele eme o be dzi aku dzilaa ɖe ame ma ŋu. Be míana dzilaa nase kpɔɖeŋu ma gɔme la, míagate ŋu abiae be, “Azɔ esi nènyae be ame vɔ̃ɖi gblẽku mae kpɔ ŋusẽ ɖe viwòa dzi la, ɖe nàbia tso ame ma si be wòahe to na viwòa na wòa?” Kakaɖedzitɔe la, aɖo eŋu be ao. Eme kɔ ƒãa be Mawu mabia tso Satana Abosam, ame si tututu le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi be woawɔ nu vɔ̃ɖiwo la, si be wòahe to na wo o!

DA SƆ

15, 16. (a) Nu ka tae mele be míakpɔ mɔ be ame siwo katã míeɖea gbeƒã na lae axɔ Fiaɖuƒegbedeasia o? (b) Ðe wòle be ŋutete tɔxɛwo nanɔ mía si hafi míate ŋu afia nu dzidzedzetɔea? Ðe eme. (Kpɔ aɖaka si nye “ Dɔwɔnu Aɖe Si Kpena Ðe Mía Ŋu Míeɖoa Nya Ŋu” hã.)

15 Míenya be menye ame sia ame si míeɖea gbeƒã na lae axɔ Fiaɖuƒegbedeasia o. (Mat. 10:11-14) Anɔ alea nenye be míebia nya siwo sɔ, míede ŋugble kple amewo le mɔ nyuitɔ nu, eye míewɔ kpɔɖeŋu nyuitɔwo kekeake gɔ̃ hã. Esia mewɔ nuku o, elabena ame ʋɛ aɖewo koe ɖo to Yesu gɔ̃ hã—togbɔ be eyae nye Nufiala gãtɔ si nɔ anyigba dzi kpɔ hã!Yoh. 6:66; 7:45-48.

16 Ne ewɔ na mí be nufiafia ƒe ŋutete tɔxɛwo mele mía si o hã la, míate ŋu akpɔ dzidzedze le míaƒe subɔsubɔdɔa me. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 4:13.) Mawu ƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be, “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ la” axɔ nya nyui la. (Dɔw. 13:48) Eya ta mina míada asɔ le ale si míebua mía ɖokuiwo kple ame siwo míegblɔa Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na ŋu. Neva eme be míalɔ̃ awɔ hehe si Yehowa le mía nam la ŋuti dɔ bliboe, esi míeka ɖe edzi be aɖe vi na mía kple ame siwo ɖoa to mí la siaa ta. (1 Tim. 4:16) Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ale si wòle be ‘míaɖo nya ŋu na ame sia ame.’ Abe ale si míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene la, mɔ bubu aɖe si dzi míato akpɔ dzidzedze le gbeadzi ye nye be míawɔ ɖe nu si míeyɔna be Sikasedede la dzi.

^ mm. 6 Kpɔ nyati si nye “Ðe Wòanya Wɔ Be Míaxɔ Edzi Ase Be Wɔla Aɖe Lia?” le October 1, 2009, ƒe Gbetakpɔxɔ me.