Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

“Nuŋeŋedɔ Geɖe Li Woawɔ”

“Nuŋeŋedɔ Geɖe Li Woawɔ”

George Young va ɖo Rio de Janeiro le March 1923 me

ƑE 1923 mee. Amewo yɔ fefewɔƒe si le São Paulo ƒe Drama Kple Haƒoƒo Srɔ̃ƒe la tititi! Nɔviŋutsu George Young le dutoƒonuƒo ƒom, eye àte ŋu ase eƒe gbe si me kɔ nyuie la. Gbegɔmeɖela aɖe le eƒe nuƒoa gɔme ɖem ɖe Portugalgbe me. Ame 585 siwo va ƒo ƒu la katã nɔ to ɖom vevie. Le nuƒoa me la, wonɔ Biblia ƒe kpukpuiwo me nyawo ɖem le sinimaɖekpe dzi le Portugalgbe me. Le nuƒoa ƒe nuwuwu la, woma agbalẽvi si nye Millions Now Living Will Never Die! (Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O!) alafa geɖe le Eŋlisigbe, Germanygbe kple Italygbe me. Dutoƒonuƒoa kpɔ dzidzedze! Eŋuti nya kaka. Eya ta le ŋkeke etɔ̃agbe la, amewo gayɔ fefewɔƒea ake na nuƒo bubu sese. Gake aleke esiawo katã dze egɔmee?

Le ƒe 1867 me la, Sarah Bellona Ferguson kple eƒe ƒomea ʋu tso United States, Amerika, yi Brazil. Le ƒe 1899 me esi Sarah xlẽ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo siwo nɔviaŋutsu tsɔ tso United States va Brazil la, ekpɔe dze sii be yeke ɖe nyateƒea ŋu. Esi nuxexlẽ dzɔa dzi na Sarah ta la, edɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ eye wòxɔnɛ to posu dzi. Biblia me nyateƒe siwo srɔ̃m wòle vivi enu ale gbegbe be, eŋlɔ agbalẽ na Nɔviŋutsu C. T. Russell gblɔ tso eɖokui ŋu be yenye “kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ be ame aɖeke mele didiƒe akpa be nyateƒea mate ŋu aɖo egbɔ o.”

Agbalẽ si nye “Ðe Agbagbeawo Ate Ŋu Aƒo Nu Kple Kukuawoa?” (le Portugalgbe me)

Sarah Ferguson dze agbagba ɖe sia ɖe be yeagblɔ Biblia me nyateƒea na amewo, gake zi geɖe la, ebua tame le ame si akpe ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea kpakple ame nyui geɖe siwo le Brazil ŋu ale be woagasrɔ̃ nu geɖe kpee. Le ƒe 1912 me la, Brooklyn Betel na wònya be nɔvi aɖe tsɔ trakt si nye Where Are the Dead? (Afi Kae Kukuawo Le?) ƒe tata akpe geɖe siwo le Portugalgbe me la gbɔna São Paulo. Le ƒe 1915 me la, Sarah gblɔ be ewɔa nuku na ye ŋutɔ be Biblia Nusrɔ̃viwo dometɔ geɖe le mɔ kpɔm be eteƒe madidi o woakplɔ yewo ayi dziƒo. Egblɔ be: “Ke ame siwo le Brazil kple Anyiehe Amerika katã ya ɖe? . . . Esi  wònye anyigba gã aɖee Anyiehe Amerika nye le xexea me ta la, ele bɔbɔe be nàkpɔe be nuŋeŋedɔ geɖe li woawɔ.” Vavãe, nuŋeŋedɔ geɖe li woawɔ!

Le ƒe 1920 me lɔƒo la, ɖekakpui enyi siwo nye Braziltɔ ƒudzidelawo de hame ƒe kpekpe aɖe le New York City esime woƒe aʋawɔtɔdziʋua gblẽ wonɔ edzram ɖo. Esi wotrɔ gbɔ va Rio de Janeiro la, wogblɔ nu yeye siwo wosrɔ̃ tso Biblia me la na amewo. Ema megbe le March 1923 me la, Nɔviŋutsu George Young, si nye dzikpɔla mɔzɔla, va ɖo Rio de Janeiro, eye wòkpɔ ame geɖe siwo tsɔ ɖe le nya nyuia me. Ewɔ ɖoɖo woɖe agbalẽ geɖe gɔme ɖe Portugalgbe me. Eteƒe medidi o, Nɔviŋutsu Young zɔ mɔ yi São Paulo, eye ɣemaɣi ame abe 600,000 ene ye nɔ dugã la me. Afi mae wòƒo dutoƒonuƒo hema “Ame Miliɔn Geɖe” ƒe agbalẽviawo le, abe ale si míegblɔe le nyati sia ƒe gɔmedzedze ene. Eka nya ta be: “Esi wònye nye ɖeka koe ta la, mezãa nyadzɔdzɔgbalẽwo koŋ tsɔ doa boblo dutoƒonuƒoawo.” Egblɔ kpee be emawoe nye “dutoƒonuƒo siwo wodo bobloe le I.B.S.A. ƒe ŋkɔ me le Brazil la dometɔ gbãtɔwo.” *

Woɖea Biblia ƒe kpukpuiwo me nyawo le sinimaɖekpe dzi ne Nɔviŋutsu Young le eƒe nuƒowo ƒom

Woka nya ta tso Brazil ŋu le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, December 15, 1923, me be: “Ne míede ŋugble le eŋu be June 1 dzie dɔa dze egɔme le afi ma evɔ míaƒe agbalẽwo menɔ dukɔa me ɣemaɣi o la, ale si Aƒetɔ la yra ɖe dɔa dzi la ɖe dzesi ŋutɔ.” Nyatakakaa yi edzi be, Nɔviŋutsu Young ƒo dutoƒonuƒo eve le São Paulo. Nuƒo mawo kpe ɖe dutoƒonuƒo 21 siwo wòƒo tso June 1 va se ɖe September 30 lia dzi la ŋu, eye vavalawo katã le ame 3,600. Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia nɔ kakam vivivi le Rio de Janeiro. Eye le ɣleti ʋɛ aɖewo ko me la, woma míaƒe agbalẽ siwo wu 7,000 siwo le Portugalgbe me la na amewo! Gawu la, wodze Gbetakpɔxɔ tata gɔme ɖe Portugalgbe me, tso November-December 1923 ƒe tataa dzi.

Sarah Bellona Ferguson, ame gbãtɔ si dɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ le Brazil to posu dzi

Woka nya ta le Gbetakpɔxɔa me be esi Nɔviŋutsu George Young yi Sarah Ferguson gbɔ la, “Nɔvinyɔnua va do goe le akpataa me, eye meke nu o hena ɣeyiɣi aɖe. Eyome elé Nɔviŋutsu Young ƒe asi, le eƒe mo kpɔm tututu, eye wògblɔ mlɔeba be: ‘Dzikpɔla mɔzɔla la ŋutɔŋutɔe nènyea?’” Eteƒe medidi o, nɔvinyɔnua kple viawo dometɔ aɖewo xɔ nyɔnyrɔ. Le nyateƒe me la, nɔvinyɔnua nɔ lalam ƒe 25 sɔŋ ye nye ema be yeaxɔ nyɔnyrɔ! August 1, 1924, ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be ame 50 ye xɔ nyɔnyrɔ le Brazil ɣemaɣi, eye wo dometɔ akpa gãtɔ nɔ Rio de Janeiro.

Fifia le ƒe 90 megbe la, mehiã be míagabia be, “Ke ame siwo le Brazil kple Anyiehe Amerika katã ya ɖe?” o. Elabena Yehowa Ðasefo siwo wu 760,000 sɔŋ ye le nya nyuia gblɔm le Brazil fifia. Eye egbea amewo le Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia sem le Anyiehe Amerika bliboa le Portugalgbe, Spaingbe kple afi ma tɔwo degbe bubu geɖewo me. Nyateƒee Nɔvinyɔnu Sarah Ferguson to le ƒe 1915 me esi wògblɔ be, ‘Nuŋeŋedɔ geɖe li woawɔ.’—Nu nyui siwo le míaƒe nudzraɖoƒe le Brazil.

^ mm. 6 I.B.S.A. tsi tre ɖi na Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo Ƒe Habɔbɔ, le Eŋlisigbe me.