Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | ALE SI MAWU BUA ATAMANONOE

Atamanono Zu Kuxi Le Xexea Me Godoo

Atamanono Zu Kuxi Le Xexea Me Godoo

Ame gbogbo aɖewo le kukum le atamanono ta.

  • Ewu ame 100,000,000 le ƒe alafa si va yi me.

  • Eɖea ame siwo ade 6,000,000 ƒe agbe ɖa ƒe sia ƒe.

  • Le mama dedie nu la, ewua ame ɖeka le sekɛnd ade ɖe sia ɖe me.

Eye naneke meɖee fia be nuwo ava ka ɖe eme o.

Kuxi sia ŋuti nunyalawo bu akɔnta be ne nuwo aganɔ edzi yim alea la, ekema kaka ƒe 2030 naɖo la, ame siwo anɔ kukum le atamanono ta ƒe sia ƒe la asɔ gbɔ wu 8,000,000. Eye wobu akɔnta hã be kaka ƒe alafa 21 lia nawu enu la, atamanono aɖe ame 1,000,000,000 ƒe agbe ɖa.

Menye ame siwo noa atama la ŋu koe wògblẽa nu le o. Egblẽa nu le atamanola si megava li o la ƒe ƒometɔwo hã ŋu, elabena woxaa nu eye ganyawo ɖea fu na wo, eye ame 600,000 siwo menoa atama o hã kuna ƒe sia ƒe le atama ƒe dzudzɔ si wogbɔna ta. Esia wɔe be kɔdzifewo le dzi yim eye esia ɖea fu na ame sia ame.

Atamanono ƒe kuxia mele abe dɔvɔ̃ siwo nana ɖɔktawo nɔa dɔ dzi zãdomadɔlɔ̃e be woakpɔ atike na wo la ene o, woate ŋu atsi enu hafi, elabena wonya egbɔkpɔnua nyuie. Aƒenɔ Margaret Chan, si nye Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe dɔdzikpɔlagã la gblɔ be: “Amegbetɔwo ƒe nuwɔna gbɔe wòtso be atamanono va zu kuxi le xexea me godoo, eye ne dziɖuɖuwo kple ɖokuisihabɔbɔwo dze agbagba wɔ nu aduadui la, woate ŋu akpɔ kuxia gbɔ.”

Dukɔwo le agbagba dzem fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe be yewoakpɔ lãmesẽkuxi sia gbɔ. Woka nya ta be kaka August 2012 naɖo la, dukɔ 175 da asi ɖe edzi be yewoaɖe afɔ aɖewo be atamazazã dzi naɖe akpɔtɔ. * Ke hã womate ŋu alé enu bɔbɔe o. Elabena dɔwɔƒe siwo wɔa sigaret la zãa dɔlar biliɔn geɖe ɖe boblododo ŋu be woatsɔ ahe ame bubuwo hã ade atamanono me, vevietɔ nyɔnuwo kple sɔhɛ siwo le dukɔ madeŋgɔwo me. Eye ale si atamanono ŋutɔ hã va tsia ame si la wɔe be atamanola biliɔn ɖeka siwo wòzu numame na xoxo la dometɔ geɖe aku. Ne ame siwo le enom fifia medzudzɔ o la, ke ame siwo aku le atamanono ta la adzi ɖe edzi ŋutɔ le ƒe blaene siwo gbɔna me.

Atamanono ŋuti boblododowo kple ale si wòtsia ame sii la wɔe be asiɖeɖe le eŋu zu dɔ na ame geɖe, togbɔ be wodi be yewoadzudzɔ hafi hã. Aleae wòdzɔe le Naoko gome. Ðetugbuivi dzaa ko wònye esi wòdze atamanono gɔme. Ale si woɖea atamanolawo fiana le boblododowo me la sɔsrɔ̃ na wòse le eɖokui me be yede ŋgɔ. Togbɔ be dzitodzito me kansa wu edzilawo hã la, ekpɔtɔ nɔ atamanono dzi, evɔ vinyɔnuvi eve le esi hafi. Eya ŋutɔ gblɔ be: “Menɔ vɔvɔ̃m be mava kpɔ dzitodzito me kansa eye metsi dzi ɖe vinyewo hã ƒe lãmesẽ ŋu, gake nyemete ŋu ɖe asi le eŋu o. Mesusu be nyemate ŋu adzudzɔ gbeɖe o.”

Ke hã Naoko va dzudzɔ mlɔeba. Nu si kpe ɖe eŋu wòte ŋu dzudzɔ la kee kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu woƒo asa na atamanono. Nu kae? Míeɖe kuku, yi nuxexlẽa dzi.

^ mm. 11 Afɔɖeɖe siawo dometɔ aɖewoe nye nufiafia amewo tso nu siwo atamanono gblẽna le ame ŋui ŋu, asiɖoɖo dɔwɔƒe siwo wɔa sigaret la ƒe boblododowo dzi, adzɔ gãwo xɔxɔ le dɔwɔƒe mawo si, kple habɔbɔ siwo akpe ɖe amewo ŋu woaɖe asi le atamanono ŋu kaba la ɖoɖo anyi.