Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Yehowa Nya Ame Siwo Nye Etɔwo’

‘Yehowa Nya Ame Siwo Nye Etɔwo’

“Ne ame aɖe lɔ̃a Mawu la, Mawu dzea sii.”—1 KOR. 8:3.

1. Gblɔ Biblia me ŋutinya si ɖe ale si Mawu subɔla aɖewo tsɔ nuŋububu totro ble wo ɖokuiwoe fia. (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia tame.)

GBE ÐEKA ŋdi la, Nunɔlagã Aron tɔ ɖe Yehowa ƒe avɔgbadɔ la nu eye wòlé dzudzɔdogba ɖe asi. Korax kple ŋutsu 250 hã nɔ exa nɔ dzudzɔ dom na Yehowa, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe dzudzɔdogba ɖe asi. (4 Mose 16:16-18) Edze abe ŋutsuawo katã nye Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ene. Gake to vovo na Aron la, Korax kple ŋutsu mamlɛawo nye dadala dzeaglã siwo di be yewoaxɔ nunɔladɔa le Aron si. (4 Mose 16:1-11) Woflu wo ɖokuiwo hesusui be yewoƒe tadedeagu adze Mawu ŋu. Gake woƒe nuwɔna ma nye bubumademade Yehowa, ame si tea ŋu kpɔa dziwo me la ŋu, elabena ede dzesi woƒe alakpanuwɔwɔ la.Yer. 17:10.

2. Nya kae Mose gblɔ ɖi, eye aleke eƒe nyawo va eme?

2 Esɔ ŋutɔ be Mose gblɔe ɖi ŋkeke si do ŋgɔ be: “Etsɔ la Yehowa aɖe ame si nye etɔ . . . afia.” (4 Mose 16:5) Yehowa de vovototo esubɔla akuakuawo kple alakpatɔwo dome esi “dzo tso Yehowa gbɔ fiã [Korax kple] ŋutsu alafa eve blaatɔ̃, siwo tsɔ dzudzɔdonu vɛ la.” (4 Mose 16:35; 26:10) Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yehowa kpɔ Aron ta tsɔ ɖee fia be eyae nye nunɔla si yetia si nye Mawu subɔla vavã.Mixlẽ 1 Korintotɔwo 8:3.

3. (a) Nu kae dzɔ le apostolo Paulo ƒe ŋkekea me? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si Yehowa tu kple aglãdzelawo ƒe alafa aɖewo do ŋgɔ me?

3 Nu sia tɔgbi gadzɔ anɔ abe ƒe 1,500 ene megbe le apostolo Paulo ƒe ŋkekea me. Ame aɖewo siwo yɔ wo ɖokui be Kristotɔwo la nɔ aʋatsonufiafiawo dom ɖe ŋgɔ; evɔ wogale hamea me. Awɔ na ame aɖewo be vovototo aɖeke mele xɔsegbela siawo kple hamea me tɔ mamlɛawo dome o. Gake woƒe xɔsegbegbea nye afɔku gã aɖe na Kristotɔ wɔnuteƒewo. Amegãxi siawo siwo do alẽgbalẽ la ‘trɔa ame aɖewo ƒe xɔse bua anyi.’ (2 Tim. 2:16-18) Yehowa ya le nu siwo katã le dzɔdzɔm la kpɔm nyuie! Eye anɔ eme be esia nɔ nyanya na Paulo, elabena enya nu si Mawu tu kple aglãdzela Korax kple edzidelawo ƒe alafa aɖewo do ŋgɔ. Eya ta mina míadzro Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa wɔdɔɖeamedzi aɖe me akpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso eme ɖa.

“NYE YEHOWA NYEMETRƆ O”

4. Nu ka dzie Paulo ka ɖo, eye nya kae wògblɔ na Timoteo?

4 Paulo ka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu akpɔ ame siwo mele esubɔm anukwaretɔe o la adze sii, eka ɖe edzi hã be Yehowa nya ame siwo ɖoa toe. Paulo ɖe ale si gbegbe wòka ɖe esia dzii fia le nya siwo wòzã esi gbɔgbɔ ʋãe wònɔ agbalẽ ŋlɔm na Timoteo la me. Esi Paulo ƒo nu tso ale si xɔsegbela mawo ƒe nuwɔna le nu gblẽm le hamea me ŋu vɔ la, egblɔ be: ‘Ke hã, Mawu ƒe gɔmeɖoanyi sesẽ la li ke, eye nutrenu sia le eŋu be: “Yehowa nya ame siwo nye etɔwo,” eye: “Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, nete ɖa le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ gbɔ.”’2 Tim. 2:18, 19.

5, 6. Nu ka tae Paulo zã nyagbɔgblɔ “Mawu ƒe gɔmeɖoanyi sesẽ,” eye ŋusẽ kae nya sia kpɔ ɖe Timoteo dzi?

5 Nu kae ɖe dzesi le nya siwo Paulo zã le mawunyakpukpui sia me ŋu? Teƒe sia koe nyagbɔgblɔ “Mawu ƒe gɔmeɖoanyi sesẽ” dze le le Biblia me. Wozãa nya “gɔmeɖoanyi” le Biblia me tsɔ wɔa kpɔɖeŋu na nu vovovowo. Le kpɔɖeŋu me, wozãe na Yerusalem si nye blema Israel ƒe fiadu. (Ps. 87:1, 2) Wotsɔ Yesu ƒe wɔƒe le Yehowa ƒe tameɖoɖowo me hã sɔ kple gɔmeɖoanyi. (1 Kor. 3:11; 1 Pet. 2:6) Ke nu kae nɔ susu me na Paulo esi wòƒo nu tso “Mawu ƒe gɔmeɖoanyi sesẽ” la ŋu?

6 Paulo zã nyagbɔgblɔ “Mawu ƒe gɔmeɖoanyi sesẽ” esi wòhe susu yi Mose ƒe nya si wògblɔ na Korax kple edzidelawo, si dze le 4 Mose 16:5, la dzi. Edze ƒãa be Paulo di be yeade dzi ƒo na Timoteo ahaɖo ŋku edzi nɛ be ŋutete le Yehowa si be wòakpɔ aglãdzelawo ahagblẽ woƒe tameɖoɖowo me. Esia tae wòhe susu yi Mose ƒe ŋkekea me nudzɔdzɔ ma dzi ɖo. Xɔsegbelawo mate ŋu agblẽ Yehowa ƒe tameɖoɖo me o, abe ale si ko Korax kple edzidelawo hã mete ŋu gblẽ eƒe tameɖoɖo me le blema o ene. Paulo meɖe nu si “Mawu ƒe gɔmeɖoanyi sesẽ” la fia me tsitotsito o. Ke hã, nya si wòzã la ado ŋusẽ Timoteo be wòaka ɖe Yehowa dzi ahaɖo ŋu ɖe eŋu bliboe.

7. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ dzi?

7 Yehowa ƒe nudidiwo metrɔna o. Psalmo 33:11 gblɔ be: “Yehowa ƒe adaŋudede li tegbee, eye eƒe dzimesusuwo tso dzidzime yi dzidzime.” Biblia ƒe akpa bubuwo ɖee fia be Yehowa ƒe fiaɖuɖu, eƒe amenuveve, eƒe dzɔdzɔenyenye kple eƒe nuteƒewɔwɔ li tegbee. (2 Mose 15:18; Ps. 106:1; 111:3; 117:2) Maleaxi 3:6 gblɔ be, “Nye Yehowa nyemetrɔ o.” Nenema kee Yakobo 1:17 gblɔ be, Yehowa “metrɔna abe vɔvɔli ene o.”

“NUTRENU” SI NANA MÍEXƆA YEHOWA DZI SENA GEÐE WU

8, 9. Nusɔsrɔ̃ kae le nuŋɔŋlɔ si woɖe ɖe “Mawu ƒe gɔmeɖoanyi sesẽ” la ŋu me na mí?

8 “Nutrenu” si wozã le 2 Timoteo 2:19 fia nuŋɔŋlɔ si woɖe ɖe nu ŋu. Eya ta kpɔɖeŋu si wɔm Paulo le le afi sia la ku ɖe xɔ ƒe gɔmeɖoanyi si ŋu woɖe nuŋɔŋlɔ aɖe ɖo ŋu. Wowɔa esia le blema, ɖewohĩ be woatsɔ aɖe ame si tu xɔa alo ame si tɔ wònye la afia. Paulo ye nye Biblia ŋlɔla gbãtɔ si zã kpɔɖeŋu sia. * Nuŋɔŋlɔ evee le “Mawu ƒe gɔmeɖoanyi sesẽ” la ŋu. Gbãtɔe nye, ‘Yehowa nya ame siwo nye etɔwo.’ Eveliae nye, ‘Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, nete ɖa le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ gbɔ.’ Esia ɖo ŋku nya si dze le 4 Mose 16:5 dzi na mí.Mixlẽe.

9 Nusɔsrɔ̃ kae le nuŋɔŋlɔ si woɖe ɖe “Mawu ƒe gɔmeɖoanyi sesẽ” la ŋu me na mí? Le ame siwo nye Mawu tɔwo gome la, Yehowa ƒe sewo kple gɔmeɖosewo nɔ te ɖe nyateƒenya vevi eve dzi: (1) Yehowa lɔ̃a ame siwo wɔa nuteƒe nɛ, eye (2) Yehowa lé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ. Aleke nya sia do ƒome kple xɔsegbegbe ƒe nya si le hamea me?

10. Ŋusẽ kae xɔsegbela siwo nɔ Paulo ƒe ŋkekea me ƒe nuwɔna kpɔ ɖe nuteƒewɔlawo dzi?

10 Anɔ eme be xɔsegbela siwo nɔ hamea me la ƒe nuwɔnawo nɔ fu ɖem na Timoteo kple nuteƒewɔla bubuwo. Kristotɔ aɖewo anya tsi dzi ɖe nu si tae woɖe mɔ na ame mawo tɔgbi wokpɔtɔ nɔ hamea me ŋu. Nuteƒewɔlawo anya nɔ wo ɖokuiwo biam be ɖe Yehowa le vovototo si le yewoƒe nuteƒewɔwɔ veviedodotɔe kple xɔsegbelawo ƒe alakpasubɔsubɔ dome la kpɔma?Dɔw. 20:29, 30.

Xɔsegbelawo ƒe nuwɔnawo meflu Timoteo o (Kpɔ memama 10-12)

11, 12. Aleke Paulo ƒe lɛtaa do ŋusẽ Timoteo ƒe xɔse?

11 Ðikeke mele eme o be Paulo ƒe lɛtaa do ŋusẽ Timoteo ƒe xɔse. Eye eɖo ŋku nu si dzɔ esime Yehowa ʋli nuteƒewɔla Aron ta heklo nu le Korax kple edzidelawo ƒe alakpanuwɔwɔwo dzi la dzi nɛ. Yehowa gbe wo hetsrɔ̃ wo. Le nyateƒe me la, Paulo nɔ gbɔgblɔm be togbɔ be Kristotɔ alakpatɔwo nɔ hamea me hã la, Yehowa nya ame siwo nye etɔwo abe ale si wònɔ le Mose ƒe ŋkekea me ene.

12 Yehowa metrɔna gbeɖe o; eya ta míate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu ɣesiaɣi. Elé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, eye ehea to na nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo le ɣeyiɣi si sɔ dzi. Esi Timoteo nye ame si “le Yehowa ƒe ŋkɔ yɔm” ta la, lɛtaa me nyawo ɖo ŋku agba si le eya ŋutɔ hã dzi be wòaƒo asa na Kristotɔ alakpatɔawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo la dzi nɛ. *

YEHOWA ÐOA ETEƑE NA ESUBƆLA WƆNUTEƑEWO GODOO

13. Nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

13 Nya siwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ la ate ŋu ado ŋusẽ míawo hã. Gbã la, míeka ɖe edzi be míaƒe nuteƒewɔwɔ le nyanya na Yehowa nyuie. Menye ɖeko Yehowa nya be ye subɔla wɔnuteƒewo li dzro ko o. Ke boŋ etsɔ ɖe le eme na ame siwo nye etɔwo la vevie. Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” (2 Kron. 16:9) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa maŋlɔ nu siwo míewɔ nɛ “tso dzi dzadzɛ” me la be o, aɖo eteƒe na mí godoo.1 Tim. 1:5; 1 Kor. 15:58.

14. Subɔsubɔ ka ƒomevie Yehowa lé fui?

14 Evelia, míekpɔe be Yehowa lé fu subɔsubɔ si me alakpanuwɔwɔ le. Esi eƒe ŋku “kpɔa anyigba blibo la dzi” ta la, edea dzesi ame siwo meku ɖe eŋu “kple woƒe dzi blibo” o. Lododowo 3:32 gblɔ be: “Godzela [alo, ameflula] enye ŋunyɔ na Yehowa.” Le kpɔɖeŋu me, Yehowa lé fu ame si wɔa nu le amewo ŋkume abe ɖe wòle to ɖom Yehowa ene gake wòtsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe le bebeme. Biblia gblɔ be: “Ame si tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o.” Nu si tae nye be, Yehowa nye ŋusẽkatãtɔ kple dzɔdzɔetɔ, eya ta aklo nu le ameflulawo dzi godoo.Lod. 28:13; mixlẽ 1 Timoteo 5:24; Hebritɔwo 4:13.

15. Nu kae wòle be míaƒo asa na, eye nu ka tae?

15 Yehowa subɔla akpa gãtɔ lɔ̃nɛ kple woƒe dzi blibo eye woɖia anukware nɛ. Menye nu si bɔ be nɔvi aɖe naɖoe koŋ anɔ alakpanu wɔm le Yehowa subɔsubɔ me o. Gake ne esia dzɔ le Mose ƒe ŋkekea kple Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli la, ke ate ŋu adzɔ egbea hã. (2 Tim. 3:1, 5) Ðe esia fia be míanɔ nazã bum ɖe nɔvi Kristotɔwo ŋu, anɔ ɖi kem woƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowaa? Kura o! Masɔ be míanɔ susu vɔ̃ bum ɖe mía nɔviwo ŋu o. (Mixlẽ Romatɔwo 14:10-12; 1 Korintotɔwo 13:7.) Gawu la, ne enye numame na mí be míekea ɖi nɔvi siwo le hamea me ƒe nuteƒewɔwɔ la, esia agblẽ mía kple Yehowa dome.

16. (a) Nu kae wòle be míawɔ be míaho alakpanuwɔwɔ ɖe sia ɖe ɖa le míaƒe dzi me? (b) Nu kawoe nèsrɔ̃ tso aɖaka si nye “ Miyi Edzi Mianɔ Mia Ðokui Dom Kpɔ” me?

16 Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe ‘nadzro ye ŋutɔ ƒe nuwɔnawo me kpɔ.’ (Gal. 6:4) Esi míede blibo o ta la, ate ŋu adzɔ be le manyamanya me la, mímanɔ Yehowa subɔm kple susu nyui o. (Heb. 3:12, 13) Eya ta anyo be tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, míanɔ susu si tae míele Yehowa subɔm ɖo la me dzrom. Míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe mele Yehowa subɔm le esi melɔ̃e eye medi be wòanye nye dziɖula ta? Alo yayra siwo mava kpɔ le Paradisoa me ŋu koŋue nye susu nɔna?’ (Nyaɖ. 4:11) Nyabiase siawo akpe ɖe mía ŋu míadzro mía ɖokui me ale be míaho alakpanuwɔwɔ ɖe sia ɖe ɖa le dzi me.

NUTEƑEWƆWƆ NANA WOKPƆA DZIDZƆ

17, 18. Nu ka tae wòle be míasubɔ Yehowa anukwaretɔe?

17 Ne míesubɔa Yehowa anukwaretɔe alakpanuwɔwɔ manɔmee la, míakpɔ yayra geɖe. Hakpalaa gblɔ be: “Woayra ame si Yehowa mebu vodada na o, eye eƒe gbɔgbɔ me la alakpa aɖeke meli o.” (Ps. 32:2) Ɛ̃, ame siwo ɖea alakpanuwɔwɔ ɖe sia ɖe ɖa le woƒe dzi me la kpɔa dzidzɔ wu fifia, eye woakpɔ dzidzɔ mavɔ le etsɔme.

18 Eteƒe madidi o, Yehowa aklo nu le nu gbegblẽ wɔlawo kple ame siwo nɔa agbe eve la katã dzi, eye wòana ‘vovototo si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovototo si le mawusubɔla kple ame si mesubɔnɛ o dome’ la nadze ƒãa. (Mal. 3:18) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, efaa akɔ na mí ŋutɔ be “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kokoƒoƒo ŋu.”1 Pet. 3:12.

^ mm. 8 Nyaɖeɖefia 21:14, si woŋlɔ ƒe geɖewo le lɛta siwo Paulo ŋlɔ na Timoteo megbe la, ƒo nu tso “gɔmeɖokpe” 12 siwo ŋu woŋlɔ apostolo 12-awo ƒe ŋkɔwo ɖo la ŋu.

^ mm. 12 Nyati si kplɔ esia ɖo la dzro ale si míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ahate ɖa le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ gbɔ me.