Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Se Si Mawu Na Israel La Le Dzɔdzɔe Hele Eteƒea?

Ðe Se Si Mawu Na Israel La Le Dzɔdzɔe Hele Eteƒea?

GBE ɖeka la, ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe si le Yevudedukɔ aɖe me la xɔ aʋatsoɖaseɖiɖiwo dzi se hedrɔ̃ ʋɔnu ŋutsu eve aɖewo be wowu ame eye wotso kufia na wo. Esi ʋɔnudrɔ̃lawo va kpɔe be yewowɔ vodada la, wodze agbagba vevie na woɖe asi le ame ɖeka ŋu. Gake ʋɔnudzrɔ̃la bibiwo gɔ̃ hã mate ŋu axɔ na ame evelia ya o, elabena wowui xoxo.

Esi wònye be vodada siawo tɔgbi tea ŋu doa mo ɖa le ʋɔnudrɔ̃nyawo me ta la, Biblia ɖo aɖaŋu be: “Nya dzɔdzɔe yome kokoko nàdi.” (5 Mose 16:20) Ne ʋɔnudrɔ̃lawo wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la, eɖea vi na dukɔmeviwo. Ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ameŋkumekpɔkpɔtɔe ŋuti mɔfiamewo le Se si Mawu na blema Israel la me. Mina míalé ŋku ɖe Se ma ŋu akpɔe ɖa be “[Mawu ƒe] mɔwo katã dzɔ” mahã.5 Mose 32:4.

ƲƆNUDRƆ̃LAWO NANYE “ŊUTSU, SIWO TAGBƆ LI NA, EYE WODZE AÐAŊU”

Ne ʋɔnudrɔ̃lawo dze aɖaŋu hewɔa nu si le eteƒe eye womexɔa zãnu o la, wodrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. Se si Mawu na Israel la de asixɔxɔ gã aɖe ʋɔnudrɔ̃la siawo tɔgbi ŋu. Esi Israel viwo nɔ gbea dzi la, Mawu gblɔ na Mose be wòatia “ŋutsu zãzɛwo le dukɔ la dome, ame iwo vɔ̃a Mawu, ɖia anukware, eye woléa fu ŋubiabiã” la ahaɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawoe. (2 Mose 18:21, 22) Ƒe 40 megbe la, Mose gaɖo ŋku edzi na wo be ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nanye “ŋutsu, siwo tagbɔ li na, eye wodze aɖaŋu.”5 Mose 1:13-17.

Ƒe alafa geɖe megbe la, Yuda Fia Yosafat * xlɔ̃ nu ʋɔnudrɔ̃lawo be: “Miɖo ŋku anyi le nu si ke miewɔna la me, elabena menye amegbetɔwo miedrɔ̃a ʋɔnu na o, ke boŋ Yehowa ye, eye ele mia gbɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒe la. Eya ta Yehowa ƒe ŋɔdzi nelé mi, eye mikpɔ nyuie le miaƒe nuwɔwɔwo me, elabena le Yehowa, mia Mawu gbɔ la, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ aɖeke, amedzidede aɖeke alo zãnuxɔxɔ aɖeke meli o!” (2 Kronika 19:6, 7) Aleae fia la ɖo ŋku edzi na ʋɔnudrɔ̃lawo be ne wokpɔ ame ŋkume alo xɔ zãnu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me la, Mawu abia akɔnta wo ɖe vɔ̃ ɖe sia ɖe si ado tso woƒe nuwɔna me la ta.

Ne Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo wɔ ɖe Mawu ƒe se deŋgɔ siawo dzi la, dukɔa nɔa dedie heɖea dzi ɖi bɔkɔɔ. Gake mɔfiame vevi aɖewo hã le Mawu ƒe Sea me siwo kpena ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋu wodrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe le ʋɔnudrɔ̃nya sesẽwo gɔ̃ hã me. Mɔfiame vevi siawo dometɔ aɖewo ɖe?

MƆFIAME VEVI SIWO NANA WODRƆ̃A ƲƆNU DZƆDZƆE

Togbɔ be ʋɔnudrɔ̃la siwo wotia la nye ŋutsu bibi dzeaɖaŋuwo hã la, womezãa woawo ŋutɔ ƒe nunya, aɖaŋudzedze, alo tagbɔkɔkɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Yehowa Mawu na mɔfiame siwo dzi woazɔ ɖo adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe la wo. Mɔfiame vevi siwo wona Israel ʋɔnudrɔ̃lawo la dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna.

Woaku nyaa me tsitotsito. Mawu gblɔ na Mose be wòagblɔ na ʋɔnudrɔ̃lawo bena: ‘Ne  miele mia nɔviwo dome nyawo drɔ̃m la, midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.’ (5 Mose 1:16) Ne ʋɔnudrɔ̃lawo ku nyaa me nyuie ko hafi woate ŋu atso afia dzɔdzɔe. Esia ta Mawu de se na ʋɔnudrɔ̃lawo be: “Di nya la gɔme, eye nàbia eta tsitotsito.” Ne wotso ame aɖe nu be ewɔ nu gbegblẽ aɖe la, ele be ʋɔnudrɔ̃lawo naku nu me ahaka ɖe edzi be ‘nyateƒee ewɔ nua’ hafi atso afia.5 Mose 13:15; 17:4.

Woase ɖaseɖilawo ƒe nyawo. Ðaseɖilawo ƒe wɔƒe le vevie le ʋɔnudrɔ̃nyawo me kuku me. Mawu ƒe Se gblɔ be: “Ame ɖeka mekpɔ mɔ aɖi ɖase le ame si ke da vo alo wɔ nu vɔ̃ bubu ƒomevi aɖe la ŋu o, ke boŋ ne ame eve alo ame etɔ̃ ɖi ɖase la, hafi woaxɔ nya la.” (5  Mose 19:15) Mawu ƒe Se bia tso ɖaseɖila si be: ‘Mèganɔ alakpanya kakam o. Wò nu meganɔ ŋutasẽla ƒe nya me, be nàzu aʋatsoɖaseɖila o.’2 Mose 23:1.

Woaɖi anukware le nyawo dɔdrɔ̃ me. To si gbegbe wohena na aʋatsoɖaseɖilawo la nyea nuxlɔ̃ame na ame siwo katã nyaa ka. Sea gblɔ be: “Ne ʋɔnudrɔ̃lawo dzro nya la me tsitotsito kpɔ bena, aʋatsoɖase ɖim wòle, eye wòka aʋatso ɖe nɔvia si la, ekema miawɔe, abe ale si wòbe yeawɔ nɔviae ene, eye nàɖe vɔ̃ ɖa le dowòme.” (5 Mose 19:18, 19) Eya ta ne ame aɖe ka aʋatso le ʋɔnu be yeaxɔ nɔvia ƒe domenyinu la, ele be woabu fɔe eye woagaxɔ nu si dim wòle la ƒe home le esi. Mɔfiame sia ƒonɛ ɖe amewo nu be woato nyateƒe.

Mele be woakpɔ ame ŋkume le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Ne nyateƒenyawo katã dze ko la, ʋɔnudrɔ̃lawo ate ŋu atso afia azɔ. Le afi sia la, ele be woawɔ ɖe mɔfiame vevi sia si le Mawu ƒe Sea me dzi: “Migawɔ apasa le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Migade ame dahe dzi o, eye migakpɔ amegãwo ŋkume o; ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu mia nɔewo ɖe eteƒe.” (3 Mose 19:15) Le ʋɔnudrɔ̃nya ɖe sia ɖe me la, ele be ʋɔnudrɔ̃lawo natso afia abe ale si tututu nyaa le  ene, mele be woakpɔ ame ŋkume alo ade ame dzi o.

Ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti mɔfiame vevi siawo siwo le Se si Mawu na Israel ƒe alafa geɖe enye esia me la agate ŋu aɖe vi le ʋɔnudrɔ̃nyawo me egbea. Ne wozɔ ɖe mɔfiame mawo dzi la, woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye womawɔ vodada le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.

Ne wozɔ ɖe mɔfiame vevi siwo le Mawu ƒe Sea me dzi la, woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye womawɔ vodada le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o

DUKƆ SI ƲƆNU DZƆDZƆE DƆDRƆ̃ ÐE VI NA

Mose bia nya sia Israel viwo be: “Dukɔ gã kae li, si ƒe ɖoɖowo kple sewo to mɔ ɖeka abe se, siwo katã meɖo mia ŋkume egbea ene?” (5 Mose 4:8) Nyateƒee, dukɔ bubu aɖeke meli o. Esime Fia Salomo ɖekakpui la nɔ dzi ɖum eye wòlé Yehowa ƒe sewo me ɖe asi la, dukɔ la nɔ “eƒe wainka kple gboti te bɔkɔɔ,” wonɔ ŋutifafa me eye nu dze edzi na wo, “woɖua nu, noa nu, eye wokpɔa dzidzɔ.”1 Fiawo 4:20; 5:5.

Nublanuitɔe la, Israel viwo va trɔ megbe de woƒe Mawua. Mawu to nyagblɔɖila Yeremiya dzi gblɔ be: “Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya wogbe, nunya kae hele wo si azɔ ma?” (Yeremiya 8:9) Nu si va dzɔe nye be Yerusalem va zu “hlɔ̃dodu” si me “ŋunyɔnuwo” yɔ fũu. Mlɔeba futɔwo va tsrɔ̃ du la eye wowɔe aƒedoe ƒe 70 sɔŋ.Xezekiel 22:2; Yeremiya 25:11.

Nyagblɔɖila Yesaya hã nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Israel viwo nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom la me. Esi wòɖo ŋku ɣeyiɣi ma dzi la, esia ʋãe wògblɔ nyateƒenya vevi sia tso Yehowa Mawu kple Eƒe Se la ŋu be: “Ne wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo va anyigba dzi la, xexea me tɔwo srɔ̃a dzɔdzɔenyenye.”Yesaya 26:9.

Dzi dzɔ Yesaya esi Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wogblɔ nya ɖi ku ɖe Mesia Fia, Yesu Kristo, ŋu be: “Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu o, eye matso afia ɖe nu si eƒe to le sesem la nu o. Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe.” (Yesaya 11:3, 4) Yayra ka gbegbee nye esi wòanye na ame siwo ava nɔ Mawu Fiaɖuƒea, si dzi Mesia Fia aɖu la me!Mateo 6:10.

^ mm. 6 Ŋkɔ Yosafat gɔmee nye “Yehowa Nye Ʋɔnudrɔ̃la.”