Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔ Mawu Nuteƒewɔwɔtɔe Togbɔ Be “Xaxa Geɖewo” Ava Hã

Subɔ Mawu Nuteƒewɔwɔtɔe Togbɔ Be “Xaxa Geɖewo” Ava Hã

“Ele be míato xaxa geɖewo me hafi age ɖe Mawu fiaɖuƒe la me.”DƆW. 14:22.

1. Nu ka tae Mawu subɔlawo ato “xaxa geɖewo” me ɖo?

ÐE WÒWƆA nuku na mí be míato “xaxa geɖewo” me hafi agbe mavɔ ƒe nunana la nasu mía sia? Anɔ eme be mewɔa nuku na mí o. Eɖanye ɣeyiɣi didi kae míele nyateƒea me o, mí katã míetoa xaxa mawo me. Nu ka tae? Susu ɖekae nye be Satana ƒe xexea mee míele.—Nyaɖ. 12:12.

2. (a) Tsɔ kpe ɖe kuxi siwo amegbetɔ madeblibowo katã doa goe ŋu la, xaxa kawoe Kristotɔwo kpɔna? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia tame.) (b) Ame ka gbɔe yometitiwo tsona, eye aleke míewɔ nya?

2 Esi míenye amegbetɔ madeblibowo ta la, mí katã míedoa go kuxiwo. Gake Kristotɔwo ya gadoa go xaxa bubuwo. (1 Kor. 10:13) Xaxa siwo wodoa goe la dometɔ ɖekae nye yometiti sẽŋuwo, le esi woɖoe kplikpaa be yewoawɔ nuteƒe na Mawu ta. Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Kluvi mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, ekema woati miawo hã mia yome.” (Yoh. 15:20) Ame ka gbɔe yometiti siawo tsona? Satanae. Biblia gblɔ tso eŋu be enye “dzata si le gbe ɖem” hele Mawu ƒe amewo ‘dim be yeavuvu ami.’ (1 Pet. 5:8) Satana adze agbagba ɖe sia ɖe be yeana míadzudzɔ nuteƒewɔwɔ na  Yehowa. Na míakpɔ nu si dzɔ ɖe apostolo Paulo dzi ɖa.

WOKPƆ XAXA LE LISTRA DUGÃ LA ME

3-5. (a) Xaxa ka mee Paulo to le Listra? (b) Nu ka tae nya si gblɔm wònɔ na nusrɔ̃lawo be woato xaxawo me la ado ŋusẽ wo?

3 Woti Paulo yome zi geɖe le eƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ta. (2 Kor. 11:23-27) Gbe ɖeka le Listra la, Paulo da gbe le ŋutsu aɖe si nye atatututɔ tso dadaa ƒe dɔ me la ŋu. Le nukunu ma ta la, ameawo susui be mawuwoe Paulo kple Barnaba wonye. Eva hiã be woaɖe kuku na amehaawo vevie be womegade ta agu na yewo o! Gake le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Yuda subɔsubɔhakplɔlawo va do heƒo nu gbegblẽ tso Paulo kple Barnaba ŋu. Amehaawo xɔ alakpanya mawo dzi se. Eya ta woƒu kpe Paulo va se ɖe esime wosusu be eku.—Dɔw. 14:8-19.

4 Paulo kple Barnaba va yi Derbe, emegbe “wotrɔ yi Listra kple Ikonio kple Antioxia, eye wonɔ ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wonɔ dzi dem ƒo na wo be woayi edzi anɔ xɔse la me, nɔ gbɔgblɔm be: ‘Ele be míato xaxa geɖewo me hafi age ɖe Mawu fiaɖuƒe la me.’” (Dɔw. 14:21, 22) Ðewohĩ nya si nye be woato “xaxa geɖewo” me la madze abe dzideƒonamenya ene o. Ekema aleke wòanya wɔ be nya si gblɔm Paulo kple Barnaba nɔ be woato xaxa geɖewo me la ‘ado ŋusẽ nusrɔ̃lawo’?

5 Míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoa le Paulo ƒe nyawo me. Egblɔ be: “Ele be míato xaxa geɖewo me hafi age ɖe Mawu fiaɖuƒe la me.” Megblɔ ko be: “Ele be míato xaxa geɖewo me” o. Eya ta Paulo nɔ gbe tem ɖe teƒeɖoɖo nyui si li na ame siwo léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu la dzi. Menye drɔ̃e dzro koe teƒeɖoɖo sia nye o. Yesu gblɔ be: “Ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.”Mat. 10:22.

6. Teƒeɖoɖo kae li na ame siwo ado dzi le xaxawo me?

6 Ne míedo dzi le xaxawo me la, míaxɔ teƒeɖoɖo. Le Kristotɔ amesiaminawo gome la, makumakugbenɔnɔ asu wo si le dziƒo, afi si woanye fiawo aɖu dzi kple Yesu le. Le ‘alẽ bubuawo’ gome la, teƒeɖoɖo ma anye agbe tegbee nɔnɔ le ŋutifafa me le anyigba dzi. (Yoh. 10:16; 2 Pet. 3:13) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, míato “xaxa geɖewo” me. Na míadzro dodokpɔ ƒomevi eve siwo ate ŋu ava mía dzi la me akpɔ.

AMEDZIDZEDZE SI LE TẼE

7. Nu kae nye amedzidzedze si le tẽe?

7 Yesu gblɔe ɖi be: “Amewo ade mi asi na nutoa me ʋɔnudrɔ̃ƒewo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo, eye woana miaɖe mia ɖokui nu le nutomefiawo kple dufiawo ŋkume.” (Marko 13:9) Yesu ƒe nyaa fia be woadze Kristotɔ aɖewo dzi tẽe, ɖewohĩ to yometitiwo me. Ɣeaɖewoɣi la, subɔsubɔhakplɔlawo alo dziɖuɖumegãwoe nɔa megbe na yometitiwo. (Dɔw. 5:27, 28) Gabu Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Ðe wòvɔ̃ na yometiti si atso ame mawo gbɔa? Kura o.—Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 20:22, 23.

8, 9. Aleke Paulo ɖee fia be yeɖoe kplikpaa be yemana ta o? Aleke nɔvi aɖewo do dzi le amedzidzedze tẽwo me egbeae?

8 Paulo nɔ te ɖe Satana ƒe amedzidzedze siwo le tẽe la nu dzinɔameƒotɔe, eye wògblɔ be: “Nyemebu nye luʋɔ nu xɔasi aɖeke na ɖokuinye o; nu si le vevie nam la koe nye be mawu nye duɖimekeke kple subɔsubɔdɔ si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase tso Mawu ƒe amenuveve nya nyui la ŋu tsitotsito.” (Dɔw. 20:24) Yometitiwo medo ŋɔdzi na Paulo kura o. Ke boŋ eɖoe kplikpaa be yeado dzi. Eƒe taɖodzinue nye be ‘yeaɖi ɖase tsitotsito’ le dodokpɔɣiwo gɔ̃ hã me.

 9 Egbea, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo yi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Le dukɔ aɖewo me la, wode Ðasefowo gaxɔ me evɔ womedrɔ̃ nya na wo gɔ̃ hã o. Wole gaxɔ me ƒe 20 kloe ye nye esia. Nu ka tae? Elabena wogbe be yewomade nu dunyahehe me o. Mɔɖeɖe meli be woƒe ƒometɔwo alo ame bubu aɖeke nava srã wo kpɔ o, eye woƒo wo dometɔ aɖewo hewɔ funyafunya wo.

10. Nu ka tae mele be xaxa siwo ate ŋu ava mía dzi kpata la nado ŋɔdzi na mí o?

10 Le teƒe bubuwo la, mía nɔviwo doa dzi le xaxa siwo doa mo ɖa kpata la me. Ne esia dzɔ ɖe dziwò la, ŋɔ megadzi wò o. Ðo ŋku Yosef dzi. Gbe ɖeka kple eƒe zãdodo koe wodzrae wòzu kluvi. Gake Yehowa ɖee “tso eƒe xaxawo katã me.” (Dɔw. 7:9, 10) Yehowa ate ŋu awɔ nenema ke na wò hã. Ðo ŋku edzi ɣesiaɣi be “Yehowa nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la tso tetekpɔ me.” (2 Pet. 2:9) Susu nyuiwo li siwo tae wòle be nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ahado dzi le yometitiwo me dzinɔameƒotɔe. Ka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu aɖe wò tso xexe vɔ̃ɖi sia me ahana agbe mavɔ wò.—1 Pet. 5:8, 9.

AMEDZIDZEDZE SIWO MELE TẼE O

11. Vovototo kae le amedzidzedze siwo le tẽe kple esiwo mele tẽe o la dome?

11 Ate ŋu adzɔ be amedzidzedze siwo mele tẽe o hã nava mía dzi. Vovototo kae le amedzidzedze siawo kple yometiti siwo le tẽe la dome? Amedzidzedze siwo le tẽe la le abe ahom sesẽ aɖe si atu ahagbã wò xɔ zi ɖeka la ene. Gake amedzidzedze siwo mele tẽe o la le abe baba siwo anɔ wò xɔ ƒe akpa siwo nye ati la ɖum vivivi ene. Kaka nàkpɔ la etsi megbe akpa, elabena wogblẽ xɔa dome keŋkeŋ vɔ kloe.

12. (a) Satana ƒe amedzidzedzemɔnu siwo mele tẽe o la dometɔ ɖekae nye ka, eye nu ka tae wòdzea edzi nɛ nenema gbegbe ɖo? (b) Nu ka tae dzi ɖe le Paulo ƒo?

12 Satana di be yeagblẽ ƒomedodo nyui si le mía kple Yehowa dome la me. Ate ŋu ati mía yome tẽe alo awɔ mɔnu siwo mele tẽe o, abe dziɖeleameƒo ene ŋu dɔ, eye esia nye mɔnu siwo dzea edzi nɛ wu la dometɔ ɖeka. Nu ka tae? Elabena ate ŋu ana mía kple Mawu dome nanɔ gbegblẽm vivivi. Dzi ɖe le apostolo Paulo hã ƒo ɣeaɖewoɣi. Gbe ɖeka gɔ̃ hã la, egblɔ tso eɖokui ŋu be yenye “nublanuitɔ.” (Mixlẽ Romatɔwo 7:21-24.) Nu ka tae dzi aɖe le ame abe Paulo ene ƒo? Ƒomedodo nyui nɔ wo kple Yehowa dome, eye anɔ eme be enye dɔdzikpɔha la me tɔ gɔ̃ hã. Ke hã, dzi ɖe le Paulo ƒo le eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta. Edina be yeawɔ nu si le eteƒe, gake esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ne wò hã èsena le ɖokuiwò me nenema la, ke dzi aɖo ƒowò ne ènya be Paulo hã to nɔnɔme mawo me.

13, 14. (a) Nu ka tae dzi ɖena le ame aɖewo ƒo le Mawu ƒe amewo dome? (b) Ame kae di be yeagblẽ míaƒe xɔse dome, eye nu ka tae?

13 Ɣeaɖewoɣi la, dzi ɖena le nɔvi geɖe ƒo, wotsia dzimaɖi alo wosena le wo ɖokui me be yewomele ɖeke me o. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si me dzo le la gblɔ be: “Mebua vo siwo meda va yi la ŋu enuenu, eye ɣesiaɣi si meɖo ŋku wo dzi la, egatena ɖe dzinye wu tsã. Ne mebu nu siwo katã nyemewɔ nyuie o ŋu la, mesena le ɖokuinye me be ame aɖeke mate ŋu alɔ̃m o, eye Yehowa hã mate ŋu alɔ̃m o.”

14 Nu ka tae nu tena ɖe Yehowa subɔla dovevienu aɖewo, abe nɔvinyɔnu si ŋu nya míegblɔ va yi la dzi vevie nenema ɖo? Ate ŋu atso nu vovovowo gbɔ. Le dzɔdzɔme nu la, ame aɖewo sena le wo ɖokui me nenema tso wo ɖokui ŋu eye nu tena ɖe wo dzi kabakaba wu.  (Lod. 15:15) Le ame bubuwo gome la, lãmesẽkuxi aɖee wɔnɛ be woƒe seselelãmewo ɖea fu na wo. Aleke kee wòɖale o, ɖo ŋku edzi be ame aɖee le didim be yeawɔ seselelãme mawo ŋu dɔ atsɔ agblẽ nu le mía ŋu. Ame kae di be dzi naɖe le mía ƒo ale be míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ? Edze ƒãa be Satanae. Enya be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be yeatsi agbe o, eye edi be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe hã. (Nyaɖ. 20:10) Satana di be yeaɖe fu na mí ahana míagbɔdzɔ. Eɖazã amedzidzedze si le tẽe alo esi mele tẽe o, eƒe taɖodzinue nye be yeana míadzudzɔ Mawu subɔsubɔ. Mègaŋlɔ be o be aʋagbedzie Mawu ƒe amewo le eye wole avu wɔm be yewoalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa.

15. Le 2 Korintotɔwo 4:16, 17 ƒe nya nu la, nu kae míeɖoe kplikpaa be míawɔ?

15 Ðoe kplikpaa be yemana ta o. Wò ŋku nenɔ fetu la dzi. Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto la be: “Míenaa ta o; ke boŋ ne ame si míenye le gotagome le gbegblẽm hã la, kakaɖedzi li be, wole ame si míenye le ememe ya wɔm yeyee tso ŋkeke yi ŋkeke. Elabena togbɔ be ɣeyiɣi vi aɖe ƒe xaxa si nu mesẽ o koe wònye hã la, ehea ŋutikɔkɔe gã mavɔ si ƒe kpekpeme ƒoa nu sia nu ta sãsãsã la vanɛ na mí.”—2 Kor. 4:16, 17.

DZRA ÐO ÐE XAXAWO ŊU FIFIA

Kristotɔwo xɔa hehe be yewoaʋli yewoƒe xɔse ta (Kpɔ memama 16)

16. Nu ka tae wòle vevie be míadzra ɖo ɖe xaxawo ŋu fifia?

16 Satana wɔa ‘aɖaŋu vɔ̃’ geɖewo ŋu dɔ tsɔ trea mɔ̃ na mí. (Ef. 6:11) Ema tae wòle be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le 1 Petro 5:9 la dzi be: “Mitsi tsitre ɖe eŋu, minɔ te sesĩe le xɔse me.” Be míanɔ tsitre sesĩe la, ele be míadzra míaƒe dzi kple susuwo ɖo fifia ale be míanɔ klalo ahalɔ̃ faa be míawɔ nu si le eteƒe. Le kpɔɖeŋu me: Asrafowo nɔa hehe tɔxɛ xɔm ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ hafi aʋa  dzɔna. Nenema kee wòle le míawo hã gome. Míenya aʋa si tɔgbi míava wɔ le etsɔme o. Eya ta ele be míadze aʋa ɖi. Apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be: “Miyi edzi mianɔ mia ɖokui dom kpɔ be miele xɔse la me hã, miyi edzi mianɔ ame siwo mia ŋutɔwo mienye la dom kpɔ.”—2 Kor. 13:5.

17-19. (a) Mɔ kawo dzie míato ado mía ɖokui kpɔ? (b) Aleke ɖeviwo ate ŋu adzra ɖo be woaʋli woƒe xɔse ta le suku?

17 Mɔ ɖeka si dzi míato ado mía ɖokui kpɔe nye be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe medoa gbe ɖa edziedzia? Ne amewo le eƒom ɖe nunye be mawɔ nu gbegblẽ la, ɖe meɖoa to Mawu abe dziɖula ene wu amewoa? Ðe medea kpekpeawo edziedzia? Ðe meƒoa nu tso nye dzixɔsewo ŋu dzinɔameƒotɔea? Ðe metsɔa nɔvinyewo ƒe vodadawo kea wo faa abe ale si ko nye hã madi be woatsɔe akem faa enea? Ðe meɖoa to hamemetsitsiwo kple dzikpɔla siwo le ŋgɔ xɔm le xexea me katã ƒe hamea mea?’

18 Ame siwo dzea agbagba be yewoakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi domee míele. Ehiãna be dzi nanɔ mía nɔvi sɔhɛ geɖewo ƒo be woaƒo nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu le suku. Eye womevɔ̃a esia wɔwɔ alo nana wòkpea ŋu na wo o. Nu kae kpena ɖe sɔhɛ siawo ŋu be woaƒo nu kple dzideƒo? Wowɔa mɔfiame siwo le míaƒe magazineawo me la dzi. Le kpɔɖeŋu me, July 2009 ƒe Nyɔ! la gblɔ be ne wò sukuhati aɖe bia wò be: “Nu ka tae mèxɔ amedzɔtsolãme nufiafiaa dzi se o?” hã la, àte ŋu agblɔ ko be: “Nu ka tae wòle be maxɔ edzi se ɖo? Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gɔ̃ hã melɔ̃ ɖe nya ɖeka dzi o, evɔ woawoe wòle be woanyae wu hafi!” Dzilawo, mifia mia viwo mɔ vovovo siwo dzi woato aʋli woƒe xɔse ta ale be esia nanya wɔ na wo le suku.

19 Enye nyateƒe be menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be míaʋli míaƒe xɔse ta alo awɔ nu bubu siwo Yehowa di tso mía si la o. Le kpɔɖeŋu me, ne míewɔ dɔ ŋkeke bliboa katã la, ele be míadze agbagba vevie hafi ate ŋu ade kpekpeawo. Alo ate ŋu asesẽ na mí be míafɔ kaba le aba dzi ŋdi me be míayi gbeadzi. Gake ɖo ŋku edzi be: Ne nu siawo wɔwɔ nye numame na wò fifia la, akpe ɖe ŋuwò be nàdo dzi le dodokpɔ gã siwo ava le etsɔme la me.

20, 21. (a) Aleke ŋugbledede le tafea ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míaƒe seselelãmewo le fu ɖem na mí? (b) Nu kae wòle be míaɖoe kplikpaa be míawɔ?

20 Ke le amedzidzedze siwo mele tẽe o gome ɖe? Le kpɔɖeŋu me, aleke míawɔ aɖu dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo dzi? Mɔ vevi ɖeka si dzi míato awɔ esiae nye be míade ŋugble le Yesu ƒe tafevɔsa la ŋu. Ema tututue apostolo Paulo wɔ. Eƒe nu wɔ nublanui na eɖokui ɣeaɖewoɣi. Ke hã enyae be nu vɔ̃ wɔlawo abe ye ene tae Kristo ku ɖo, ke menye ɖe ame deblibowo ta o. Eŋlɔ bena: ‘Mele agbe nɔm to Mawu ƒe Vi si lɔ̃m, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye la, dzi xɔxɔse me.’ (Gal. 2:20) Ɛ̃, Paulo xɔ tafea dzi se eye wòka ɖe edzi be ye tae woxee ɖo.

21 Tafea ate ŋu aɖe vi geɖe na wò hã ne èka ɖe edzi be nunanae wònye tso Yehowa gbɔ na ye. Esia mefia be wò dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo nu ayi enumake o. Ame aɖewo anɔ avu wɔm kple dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo ɣeaɖewoɣi va se ɖe esime nuɖoanyi yeyea nava. Gake ɖo ŋku edzi be: Ame siwo mena ta o lae axɔ fetua. Ɣesiaɣi si ŋu nya ke ko la, míegatena ɖe ŋkeke si dzi Mawu Fiaɖuƒea ava la ŋu wu. Ɣemaɣi la, ŋutifafa axɔ anyigba la dzi eye ame sia ame ade blibo. Ðoe kplikpaa be yeage ɖe Fiaɖuƒe ma me, ne esia abia be nàto xaxa geɖewo me gɔ̃ hã.