Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 AGBEMEŊUTINYA

Nu Ðedzesi Siwo Dzɔ Le Nye Subɔsubɔdɔa Wɔɣi

Nu Ðedzesi Siwo Dzɔ Le Nye Subɔsubɔdɔa Wɔɣi

Gbe ɖeka le ƒe 1947 me la, amewo va dze dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe si nɔ Santa Ana, le El Salvador la dzi. Esime Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a nɔ edzi yim la, ŋutsuvi aɖewo va nɔ kpe gãgãwo dam ɖe xɔa me to ʋɔtru si nɔ ʋuʋu ɖi la me. Katoliko nunɔlawoe nɔ megbe na amedzidzedze ma. Eyome kpuie ko la, woawo ŋutɔwo nɔ ŋgɔ na ameha siwo do dziku vevie la wova do. Wo dometɔ aɖewo lé akakatiwo ɖe asi eye bubuwo hã lé aklama kpakpɛwo ɖe asi. Wonɔ kpewo dam ɖe dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea me henɔ ɣlidodo dzi be: “Dada Maria nenɔ agbe tegbee!” kple “Yehowa neku!” gaƒoƒo eve sɔŋ. Wodi be yewoado vɔvɔ̃ na dutanyanyuigblɔlaawo ne woadzo. Menya esia, elabena menɔ dutanyanyuigblɔla mawo dome ƒe 67 ye nye esi va yi. *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

ƑE EVE do ŋgɔ na amehawo ƒe amedzidzedze ma la, mía kple Evelyn Trabert míewu hehexɔxɔ nu le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Sukua ƒe klass enelia me. Ɣemaɣi la, wowɔa Gilead Sukua le afi si te ɖe Ithaca ŋu, le New York. Woɖo mí ɖe El Salvador be míanye dutanyanyuigblɔlawo, eye mesubɔ le afi ma ƒe 29 kloe. Hafi maƒo nu tso nye dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu la, na magblɔ nu si tae metsɔ ɖokuinye na be mawɔ dɔ sia.

MÍAƑE ƑOMEA XƆ NYATEƑEA

Wodzim le ƒe 1923 me le Spokane, Washington, le United States. Dzinyelawoe nye John kple Eva Olson, eye Luther sɔlemea mee wonɔ, gake dzinyelawo mexɔ hamenufiafia si ku ɖe dzo mavɔ ŋu la dzi se o. Womexɔe se be Mawu si lɔ̃a ame la awɔ funyafunya amewo o. (1 Yohanes 4:8) Fofonye nɔ dɔ wɔm le abolomeƒe aɖe. Gbe ɖeka ƒe zã me la, dɔwɔlawo dometɔ ɖeka tsɔ Biblia ɖe nu me nɛ be Mawu mewɔa funyafunya amewo le dzo mavɔ me o. Ema megbe kpuie koe dzinyelawo dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo. Wosrɔ̃ nu si tututu Biblia fia ku ɖe nu si dzɔna le ku megbe ŋu.

Ƒe asieke koe mexɔ ɣemaɣi, gake megaɖoa ŋku dzidzɔ si dzinyelawo kpɔ ɖe nu siwo srɔ̃m wonɔ ŋu la dzi. Dzi dzɔ wo ŋutɔ esi wova nya be Mawu  ƒe ŋkɔe nye Yehowa, eye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la menye nyateƒe o. (Yohanes 8:32) Dzinyelawo fia nu siwo srɔ̃m wonɔ lam eye nyateƒenya mawo ge ɖe menye abe ale si papahũ noa tsii ene. Biblia xexlẽ metiam gbeɖe o. Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ dzɔa dzi nam. Togbɔ be ŋu kpeam hã la, medea gbeadzi kple dzinyelawo. Woxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1934 me eye nye hã mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1939 me esime mexɔ ƒe 16.

Mía kple Papa kple Dada le ƒe 1941 ƒe takpekpea wɔɣi le St. Louis, Missouri

Le ƒe 1940 ƒe dzomeŋɔli la, dzinyelawo dzra woƒe aƒea eye míeʋu yi Coeur d’Alene, Idaho, eye míedze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme la afi ma. Míehaya xɔ ɖe dziƒoxɔ aɖe dzi eye wodzraa ʋuwo ɖo le dziƒoxɔa te. Wowɔa hame ƒe kpekpewo le míaƒe aƒe me. Ɣemaɣi la, hame ʋɛ aɖewo ko sie Fiaɖuƒe Akpata nɔ. Hame geɖewo kpena le xɔ si wohaya alo nɔviwo ƒe aƒewo me.

Le ƒe 1941 me la, mía kple dzinyelawo míede takpekpe aɖe le St. Louis, le Missouri. Wona ŋkɔ takpekpea ƒe ŋkeke mamlɛa be “Ðeviwo ƒe Ŋkeke.” Gbe ma gbe la, wobia tso ɖevi siwo xɔ tso ƒe 5 va ɖo ƒe 18 la si be woanɔ anyi ɖe afi si te ɖe nuƒolanɔƒea ŋu. Le nuƒoawo dometɔ ɖeka ƒe nuwuwu lɔƒo la, Nɔviŋutsu Joseph F. Rutherford ƒo nu na mí ɖeviawo tẽe. Egblɔ na mí be míatsi tsitre nenye be míelɔ̃ ɖe edzi be “míaɖo to Mawu kple eƒe Fia la.” Mí katã míetso. Eyome Nɔviŋutsu Rutherford gblɔ be, “Mikpɔ Fiaɖuƒea ƒe ɖasefo yeye 15,000 kple edzivɔwo ɖa!” Ɣemaɣi tututue metso nya me be mawɔ mɔɖeɖedɔa nye agbemeŋkekewo katã.

DƆ SI WODE MÍAƑE ƑOMEA SI

Ɣleti ʋɛ aɖewo le takpekpe ma megbe la, woɖo míaƒe ƒomea ɖe dugã si nye Oxnard le California ƒe anyiehe. Wobia tso mía si be míaɖo hame ɖe afi ma. Míenɔ ʋu si wowɔ wònye xɔdɔme si me abati ɖeka ko nɔ la me. Míaƒe nuɖukplɔ̃ lae ganye nye abati, eye woɖoa aba ɖe edzi nam zã sia zã. Esia nye tɔtrɔ gã aɖe nam, elabena xɔdɔme nɔ nye ŋutɔ asinye va yi!

Le December 7, 1941 dzi la, Japantɔwo da bɔmb ɖe Pearl Harbor, le Hawaii, si wɔe be le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, United States de nu xexemeʋa evelia me. Míeʋu yi California megbe teti koe nye ema. Ɣemaɣi la, Japantɔwo ƒe ƒugɔmeʋawɔʋuwo nɔ afi si te ɖe ƒuta ŋu, eya ta dziɖuɖua de se be ame siwo katã te ɖe ƒua ŋu la nagasi woƒe akaɖiwo le zã me o. Viviti tsiɖitsiɖi la wɔe be wòsesẽ na ƒugɔmeʋawɔʋuawo be woada bɔmb ɖe dua me.

Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe, le September 1942 me la, míede Xexeme Yeye Teokrasi Takpekpea si wowɔ le Cleveland, Ohio. Meɖoa ŋku Nɔviŋutsu Nathan H. Knorr ƒe nuƒo si ƒe tanyae nye “Ŋutifafa—Ate Ŋu Anɔ Anyi Eteƒe Nadidia?” la dzi nyuie. Eƒo nu tso nyagblɔɖi si le Nyaɖeɖefia ta 17 lia me si ku ɖe “lã wɔadã” si “nɔ anyi kpɔ, gake meli o, eye eteƒe madidi o, ado tso aʋli me” la ŋu. (Nyaɖeɖefia 17:8, 11) Nɔviŋutsu Knorr ɖe nu me be “lã wɔadã” lae nye Dukɔwo ƒe Nubabla si dzudzɔ dɔwɔwɔ esime aʋaa nɔ edzi yim. Egblɔ hã be xexea me ƒe ŋutifafahabɔbɔ bubu aɖe ava eye ŋutifafa ƒe ɣeyiɣi aɖe akplɔe ɖo. Nu ma tututue dzɔ. Le ƒe 1945 me la, xexemeʋa evelia ke. Emegbe Dukɔ Ƒoƒuawo va xɔ ɖe Dukɔwo ƒe Nubabla la teƒe. Tso ɣemaɣi la, Yehowa Ðasefowo de asi gbeƒãɖeɖe nya nyuia me le dukɔ bubu geɖewo me le xexea me godoo. Dzidziɖedzi gã ka gbegbee nye esi teƒe kpɔm míele tso ɣemaɣi!

Nye Gilead nuwuwu ƒe ɖaseɖigbalẽ

Nyagblɔɖi ma kpe ɖe ŋunye mese egɔme be dɔ geɖe li woawɔ. Eya ta esi woɖe gbeƒãe be woadze  Gilead Sukua gɔme le ƒe si kplɔe ɖo me la, medi be made sukua ale be mava zu dutanyanyuigblɔla. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, woɖom ɖe Portland, le Oregon be maɖawɔ mɔɖeɖedɔa le ƒe 1943 me. Ɣemaɣi la, míezãa mɔ̃ siwo dzi wolé nuƒo ɖo tsɔ ƒoa nuƒo siwo wolé ɖi la na aƒemenɔlawo le woƒe ʋɔtru nu, eyome míetsɔa Biblia srɔ̃gbalẽ siwo ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu la naa wo. Le ƒe ma me la, dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu koe nye susu nɔ.

Le ƒe 1944 me la, wokpe mía kple xɔ̃nye vevi Evelyn Trabert be míava de Gilead Sukua. Dzi dzɔm ale gbegbe! Le ɣleti atɔ̃ siwo míetsɔ de sukua me la, míaƒe nufialawo fia ale si míase vivi na Biblia sɔsrɔ̃ la mí. Woƒe ɖokuibɔbɔ wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖewoɣi la, míaƒe nufialawo zua kplɔ̃ŋusubɔlawo hetsɔa nuɖuɖu ɖoa mía kɔme. Míewu Gilead Sukua nu le January 22, 1945 dzi.

MEZU DUTANYANYUIGBLƆLA

Le June 1946 me la, mía kple Evelyn kpakple Leo kple Esther Mahan, míeva ɖo Santa Ana, le El Salvador. Agbleawo ƒu “hena ŋeŋe” le afi ma. (Yohanes 4:35) Ɣleti ʋɛ aɖewo le míaƒe afi ma ɖoɖo megbe la, míewɔ míaƒe nutome sue takpekpe gbãtɔ le Santa Ana. Míekpe amewo na takpekpea, eye dzi dzɔ mí ŋutɔ esi ame 500 kloe va. Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ku dzi na sɔlemehakplɔlawo, eye le kwasiɖa ɖeka megbe la, woƒo dzo ɖe amehawo te be woava dze mía dzi, abe ale si wòdze le ŋutinya sia ƒe gɔmedzedze ene. Wodi be yewoado vɔvɔ̃ na mí ale be míadzo. Gake ema boŋue na míeɖoe kplikpaa be míanɔ afi ma akpe ɖe amewo ŋu. Woƒe hakplɔlaawo de se na wo be woagaxlẽ Biblia o, eye ame ʋɛ aɖewo si koe ŋutete nɔ be woaƒle Biblia. Gake ame geɖewo di be yewoasrɔ̃ nyateƒea. Edzɔ dzi na wo be míenɔ Spaingbea srɔ̃m ale be míate ŋu afia nu wo tso ŋugbe si Yehowa do be yeava na anyigba nazu paradiso la ŋu.

Gilead sukunuwula siwo dome menɔ la dometɔ atɔ̃ siwo woɖo ɖe El Salvador. Tso miame yi ɖusime: Evelyn Trabert, Millie Brashier, Esther Mahan, nye, kple Leo Mahan

Nye Biblia nusrɔ̃vi gbãtɔwo dometɔ ɖekae nye Rosa Ascencio. Ŋutsu aɖe gbɔe wònɔ, gake womeɖe wo nɔewo o. Esi wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, edzo le ŋutsua gbɔ. Ŋutsua hã va dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Wova ɖe wo nɔewo eye woxɔ nyɔnyrɔ zu Ðasefo siwo doa vevie nu. Rosa ye nye gbesiagbe mɔɖela gbãtɔ le Santa Ana. *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

Fiase nɔ Rosa si si me wòdzraa nu kpotoekpotoewo le. Ne ele gbeadzi yi ge la, etua eƒe fiasea eye wòɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu be akpɔ yeƒe nuhiahiãwo gbɔ na ye. Asisiwo megbea Rosa si nɔnɔ gbeɖe o. Ekpɔe be Yehowa nɔ be lém na ye, abe ale si wodo esia ƒe ŋugbe le Mateo 6:33 ene. Rosa wɔ nuteƒe na Yehowa va de asi na eƒe kugbe.

Mí dutanyanyuigblɔla ade míehaya xɔ le asitsala xɔŋkɔ aɖe ƒe me. Gbe ɖeka nunɔla aɖe va ŋutsua gbɔ va gblɔ nɛ be ne medzudzɔ xɔa hayahaya na mí o la, woaɖe wo kple srɔ̃a le ha me. Ŋutsua mevɔ̃ na nunɔlaa o eye wògblɔ nɛ be ate ŋu aɖe yewo le ha me faa. Dɔme nɔ evem xoxo ɖe hakplɔlawo  ƒe nuwɔna aɖewo ta. Eka ɖe edzi na mí be míate ŋu anɔ aƒea me ɣeyiɣi didi si nu míedi.

BUBUME AÐE VA ZU ÐASEFO

Alɔdzedɔwɔƒe si wotu le ƒe 1955 me

Le dugã si nye San Salvador me la, dutanyanyuigblɔla bubu srɔ̃ Biblia kple mɔɖaŋudɔwɔla aɖe si ŋkɔe nye Baltasar Perla la srɔ̃. Ŋutsua megava xɔ Mawu dzi se o, elabena ekpɔe be subɔsubɔhakplɔla geɖe nye alakpanuwɔlawo. Gake ŋutsu dɔmenyotɔ aɖee wònye. Esime mezu Ðasefo haɖe o gɔ̃ hã la, elɔ̃ be yeawɔ xɔ ƒe tatawo na El Salvador alɔdzedɔwɔƒe si tu ge wogbɔna eye wòkpe asi ɖe etutu ŋu hã, gake mexɔ ga aɖeke le Ðasefowo si o.

Esime wonɔ alɔdzedɔwɔƒea tum la, Baltasar wɔ dɔ kple Ðasefo geɖewo, eye wòva ka ɖe edzi be yeke ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu. Exɔ nyɔnyrɔ le July 22, 1955 dzi, eye srɔ̃a, Paulina hã xɔ nyɔnyrɔ le ema megbe kpuie. Wo vi eveawo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Wo viŋutsu Baltasar junior, le subɔsubɔm le Bethel le New York ƒe 49 ye nye esia. Eya hã le asi kpem ɖe xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu eye wònye United States Alɔdzekɔmitia me tɔ. *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

Esi míedze takpekpewo wɔwɔ gɔme le San Salvador la, Nɔviŋutsu Perla kpe ɖe mía ŋu míaƒe asi su fefewɔƒe gã aɖe dzi hena kpekpeawo wɔwɔ. Zi gbãtɔ si míekpe le afi ma la, zikpui geɖe tsi anyi. Gake amewo nɔ dzidzim ɖe edzi ƒe sia ƒe, si wɔe be eteƒe medidi hafi zikpuiawo megava nɔ mía sum le fefewɔƒea o. Míekpɔe be Yehowa nɔ yayram ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi. Le takpekpe mawo me la, medoa go ame siwo mesrɔ̃ Biblia kplii va yi. Eye dzi dzɔam ŋutɔ ne nye Biblia nusrɔ̃viwo ƒe nusrɔ̃viwo xɔ nyɔnyrɔ! Mese le ɖokuinye me be ame yeye mawo nye nye mamayɔviwo.

Nɔviŋutsu F. W. Franz le nu ƒom na dutanyanyuigblɔlawo le takpekpe me

Le takpekpe aɖe me la, nɔviŋutsu aɖe va gblɔ nam be yedi be yeaɖe kuku. Nyemenya nya ka tututu gblɔm wònɔ o, eye nyemekpɔe dze sii hã o. Egblɔ be, “Menɔ ŋutsuvi siwo nɔ kpe dam mi le Santa Ana la dome.” Edzɔ dzi nam ŋutɔ be eya hã va le Yehowa subɔm kplim. Dze si míeɖo gbe ma gbe la ɖoa ŋku edzi nam be ɣeyiɣiawo katã ƒe  subɔsubɔdɔa ye nye agbemedɔ si me dzidzeme le wu dɔ bubu ɖe sia ɖe.

Nutome sue takpekpe gbãtɔ si míede le El Salvador

MEWƆ TIATIA SIWO NA MEKPƆ DZIDZEME

Menɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi le El Salvador ƒe 29 kloe. Mesubɔ le Santa Ana, Sonsonate, Santa Tecla kple San Salvador. Dzinyelawo hã nɔ tsitsim, si wɔe be wòva hiã be maɖakpɔ wo dzi. Eya ta esi medo gbe ɖa tso nya sia ŋu zi geɖe megbe la, meɖe asi le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu hetrɔ yi Spokane le ƒe 1975 me.

Fofonye ku le ƒe 1979 me eye meyi edzi kpɔ danye dzi le ƒe enyi siwo kplɔe ɖo me. Egbɔdzɔ ale gbegbe be nye koe kpena ɖe eŋu le nu geɖe wɔwɔ me. Exɔ ƒe 94 hafi ku. Nuwo menɔ bɔbɔe nam le ɣeyiɣi mawo me o. Nutikɔname kple nuteɖeamedzi wɔe be nu te ŋunye vevie. Ʋa ƒom eye mese veve ŋutɔ. Gake mese le ɖokuinye me be Yehowa nɔ kpekpem ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe. Ese nye gbedodoɖawo eye wòkpe ɖe ŋunye le ɣeyiɣi sesẽ mawo me. Yehowa wɔ ŋugbe si wòdo be yealé be nam le nye tsitsime la dzi.Yesaya 46:4.

Le ƒe 1990 me la, meʋu yi Omak, le Washington. Meɖea gbeƒã na Spaingbedola siwo le afi ma, si na be mese le ɖokuinye me be mele ɖe wɔm. Nye Biblia nusrɔ̃vi geɖewo xɔ nyɔnyrɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nyemegate ŋu nɔ be lém na nye aƒe si nɔ Omak la o. Eya ta le November 2007 me la, meʋu yi xɔhaya aɖe me le Chelan, Washington, afi si medidi tso Omak gbɔ o. Spaingbe hame si me mele le afi sia la léa be nam eye medaa akpe ɖe esia ta. Esi nye koe nye Ðasefo tsitsi le wo dome ta la, wolɔ̃m abe wo mama ene.

Metiae be nyemaɖe srɔ̃ adzi viwo o, ale be mate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu. (1 Korintotɔwo 7:34) Mekpɔe be le agbe sia me la, menye nu sia nue ate ŋu asu ame si o. Eya ta meɖoe be mana nye susu nanɔ nu si le vevie wu la dzi, si nye Yehowa subɔsubɔ kple nye dzi blibo. Mekpe ɖe ame geɖe ŋu wosrɔ̃ nyateƒea, eye wova le ko abe nye ŋutɔ vinyewo ene. Eye le xexe yeyea me la, makpɔ vovo awɔ nu sia nu si dzrom be mawɔ. Mawunyakpukpui si me nyawo doa dzidzɔ nam wue nye Psalmo 145:16, afi si Yehowa do ŋugbe le be yeatsɔ ‘nu gbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na woe.’

Mɔɖeɖedɔa na be megale geɖe wɔm, si wɔe be taɖodzinu le nye agbe ŋu

Mexɔ ƒe 91 fifia eye mele lãmesẽ me, eya ta megakpɔtɔ nye mɔɖela. Mɔɖeɖedɔa na be megale geɖe wɔm, si wɔe be taɖodzinu le nye agbe ŋu. Wodze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le El Salvador teti koe nye ema meva dukɔa me zi gbãtɔ. Gake gbeƒãɖela 39,000 kple edzivɔwoe le El Salvador fifia. Menya be togbɔ be Satana le agbagba dzem kpem hã la, mate ŋu atɔ te míaƒe dɔa o. Amewo ƒe dzidziɖedzi la doa ŋusẽ nye xɔse ŋutɔ. Meka ɖe edzi bliboe be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le kpekpem ɖe eƒe amewo ŋu.

^ mm. 4 Kpɔ ƒe 1981 ƒe Ƒegbalẽa me, axa 45-46.

^ mm. 19 Kpɔ ƒe 1981 ƒe Ƒegbalẽa, axa 41-42.

^ mm. 24 Kpɔ ƒe 1981 ƒe Ƒegbalẽa, axa 66-67, 74-75.