Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
 

Ðe Yesu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre nyateƒea?

Yesu fɔ Lazaro si ku ŋkeke ene sɔŋ la ɖe tsitre

Biblia gblɔe eme kɔ ƒãa be Yesu gbɔ agbe ame kukuwo. Menye nyakpakpawoe ŋutinya mawo nye o; wonye nu siwo dzɔ le teƒe siwo li ŋutɔŋutɔ kple le ɣeyiɣi aɖe koŋ dzi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 31 ƒe dzomeŋɔli la, ameha gã aɖe dze Yesu yome tso Kapernaum yina Nain. Esi woɖo Nain la, wodo go ameha bubu aɖe tso dua me gbɔna. Ɣemaɣie Yesu fɔ ɖekakpui aɖe ɖe tsitre. Àte ŋu aka ɖe ŋutinya sia dzi elabena woŋlɔe ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia me, eye gakpe ɖe eŋu la, ameha gbogbo aɖe nɔ eteƒe hafi wòfɔe ɖe tsitre.Xlẽ Luka 7:11-15.

Yesu fɔ exɔlɔ̃a Lazaro si ku ŋkeke ene sɔŋ la hã ɖe tsitre. Àte ŋu axɔ nu si Yesu wɔ gbe ma gbe la ŋuti nyatakaka dzi ase, elabena ame geɖe kpɔ tsitretsitsi ma hã teƒe.Xlẽ Yohanes 11:39-45.

Nu ka tae Yesu fɔ ame siwo ku la ɖe tsitre?

Veveseseɖeamenue ʋã Yesu wòfɔ ame siwo ku la ɖe tsitre. Gakpe ɖe eŋu la ewɔ esia tsɔ ɖee fia be ye Fofo, si nye Agbenala la, na ŋusẽ ye ɖe ku dzi.Xlẽ Yohanes 5:21, 28, 29.

Esi Yesu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la, esia na míeka ɖe edzi be awɔ nu siwo katã ƒe ŋugbe wòdo be yeawɔ na mí le etsɔme. Afɔ ame miliɔn geɖe ɖe tsitre, afɔ ame madzɔmadzɔ siwo menya naneke tso Mawu vavã la ŋu la hã ɖe tsitre. Woana mɔnukpɔkpɔ wo be woadze si Yehowa Mawu ahalɔ̃ eyama.Xlẽ Dɔwɔwɔwo 24:15.