Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesu Ƒe Tsitretsitsia—Yayra Si Wònye Na Mí

Yesu Ƒe Tsitretsitsia—Yayra Si Wònye Na Mí

“Wofɔe ɖe tsitre.”—MATEO 28:6.

1, 2. (a) Nu kae subɔsubɔhakplɔla aɖewo di be yewoanya, eye nya kae Petro gblɔ na wo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu ka tae Petro te ŋu ƒo nu dzinɔameƒotɔe?

KWASIÐA ʋɛ aɖewo le Yesu ƒe ku megbe la, apostolo Petro dze ŋgɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔla siwo ŋu vɔvɔ̃ le. Ame siawo kee ɖo nugbe ɖe Yesu ŋu hewui. Fifia wodo dziku ɖe Petro ŋu le esi wòda gbe le ŋutsu aɖe si nye atatututɔ ŋu ta. Wobia Petro be: “Ŋusẽ ka dzi alo ame ka ƒe ŋkɔ me ye miewɔ nu sia le?” Petro ɖo eŋu dzinɔameƒotɔe be: “Yesu Kristo, Nazaretetɔ la, ame si miawo miehe ɖe ati ŋu, ame si Mawu ya fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ame sia ƒe ŋkɔ mee ŋutsu sia le tsitre le lãmesẽ me le mia ŋkume le.”—Dɔwɔwɔwo 4:5-10.

2 Ɣeaɖeɣi do ŋgɔ la, Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃ le vɔvɔ̃ ta. (Marko 14:66-72) Gake fifia ya, vɔvɔ̃ meɖo Petro o, ke boŋ ewɔ nu dzinɔameƒotɔe le subɔsubɔhakplɔla mawo ŋkume. Nu ka tae? Tsɔ kpe ɖe ale si gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ Petro ŋu la, eka ɖe edzi hã be Yesu le agbe. Nu kae na apostoloa ka ɖe esia dzi nenema gbegbe? Eye nu ka tae kakaɖedzi ma ate ŋu asu míawo hã si?

3, 4. (a) Tsitretsitsi kawoe yi edzi hafi wova dzi Yesu ƒe apostoloawo? (b) Ame kawoe Yesu fɔ ɖe tsitre?

 3 Apostoloawo nyae be woagate ŋu afɔ kukuawo ɖe tsitre. Hafi woava dzi apostoloawo la, Mawu na ŋusẽ nyagblɔɖila Eliya kple Elisa wofɔ ame kukuwo ɖe tsitre. (1 Fiawo 17:17-24; 2 Fiawo 4:32-37) Edzɔ kpɔ gɔ̃ hã be ame kuku aɖe si wotsɔ ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me la gbɔ agbe esi eƒe ŋuti ka nyagblɔɖilaa ƒe ƒuwo ŋu. (2 Fiawo 13:20, 21) Kristotɔ gbãtɔwo xɔ ŋutinya mawo dzi se, abe ale si ko míawo hã míexɔe se be Mawu ƒe Nya la nye nyateƒe ene.

Nuxexlẽ tso ale si Yesu gbɔ agbe kukuawoe ŋu la wɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ

4 Anɔ eme be nuxexlẽ tso ale si Yesu gbɔ agbe kukuawoe ŋu la wɔa dɔ ɖe dziwò ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si gbegbe ahosia ƒe mo awɔ yaa esi Yesu fɔ viaŋutsu ɖeka kolia la ɖe tsitre ŋu kpɔ. (Luka 7:11-15) Alo bu ɣeyiɣi si me Yesu fɔ nyɔnuvi dzaa aɖe ɖe tsitre la ŋu kpɔ. Ðikeke mele eme o be, edzilawo ƒe konyifafaa trɔ zu dzidzɔ esi wokpɔ be yewo vinyɔnu la gbɔ agbe! (Luka 8:49-56) Eye dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye na ame siwo kpɔ eteƒe esi Lazaro tsi tre hedo go le eƒe yɔdoa me agbagbee!—Yohanes 11:38-44.

NU SI TAE YESU ƑE TSITRETSITSIA LE ETƆXƐ

5. Vovototo kae le Yesu ƒe tsitretsitsia kple esiwo katã do ŋgɔ nɛ dome?

5 Apostoloawo nyae be Yesu ƒe tsitretsitsia to vovo na esiwo katã do ŋgɔ nɛ. Ame siwo wofɔ ɖe tsitre do ŋgɔ na Yesu la gbɔ agbe le ŋutilã me eye wogaku ake emegbe. Gake Yesu ya gbɔ agbe kple gbɔgbɔŋutilã si womate ŋu atsrɔ̃ gbeɖe o. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 13:34.) Petro ŋlɔ bena “wowu [Yesu] le ŋutilã me, gake wogbɔ agbee le gbɔgbɔ me.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, “eyi dziƒo, eye wòva le Mawu ƒe nuɖusi me; eye wotsɔ mawudɔlawo kple dziɖulawo kpakple ŋusẽtɔwo de ete.” (1 Petro 3:18-22) Tsitretsitsi bubuawo hã nye nukunu ya, gake Yesu fɔfɔ ɖe tsitre ye nye nukunu gãtɔ kekeake.

6. Dɔ kae Yesu ƒe tsitretsitsia wɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi?

6 Yesu ƒe tsitretsitsia wɔ dɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi ŋutɔ. Meganye ame kuku, abe ale si eƒe futɔwo susui ene o. Ke boŋ wofɔe ɖe tsitre eye wònye  gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ si ame aɖeke mate ŋu awɔ nu vevii o. Eƒe tsitretsitsia ɖo kpe edzi be enye Mawu ƒe Vi. Esi nusrɔ̃lawo nyae be Yesu le agbe ta la, womegaléa blanui alo vɔ̃na o. Ke boŋ, dzo nɔ wo me eye dzi nɔ wo ƒo hã. Ne ɖe womefɔ Yesu ɖe tsitre o la, Mawu ƒe tameɖoɖo mava eme o eye viɖe aɖeke manɔ nya nyui si wonɔ gbeƒã ɖemee la ŋu o.

7. Nu ka wɔm Yesu le fifia, eye biabia kawoe fɔ ɖe te?

7 Míenyae be menye ame vevi aɖe koe Yesu nye o. Yesu le agbe eye wòle mɔ fiam xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Eyae nye Fia le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me. Fiaɖuƒe ma ava ɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa le anyigba dzi kpuie, eye wòatrɔ anyigba wòazu paradiso si me amegbetɔwo anɔ agbe le tegbee. (Luka 23:43) Esiawo dometɔ aɖeke mava eme ne ɖe womefɔ Yesu ɖe tsitre o. Ekema nu kae na míeka ɖe edzi be wofɔ Yesu ɖe tsitre? Eye yayra kae eƒe tsitretsitsia nye na mí?

Ne ɖe womefɔ Yesu ɖe tsitre o la, Mawu ƒe tameɖoɖo mava eme o eye viɖe aɖeke manɔ nya nyuia hã ŋu o

YEHOWA KPƆ ŊUSẼ ÐE KU DZI

8, 9. (a) Nu ka tae Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo dɔ dzɔlawo be woadzɔ Yesu ƒe yɔdoa ŋu? (b) Nu ka teƒee nyɔnuawo kpɔ esi woyi yɔdoa to?

8 Esi wowu Yesu vɔ megbe la, Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo va gblɔ na Pilato be: “Aƒetɔ, míeɖo ŋku edzi be, esime ameblela ma nɔ agbe la, egblɔ be, ‘Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woafɔm ɖe tsitre.’ Eya ta de se be woadzɔ yɔdo la ŋu nyuie va se ɖe ŋkeke etɔ̃agbe, ne eƒe nusrɔ̃lawo nagava fii adzoe ahagblɔ na amewo be, ‘Wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome!’ ne amebeble mamlɛtɔ sia navɔ̃ɖi wu gbãtɔ o.” Eya ta Pilato gblɔ na wo be: “Dzɔlawo li. Miheyi miadzɔ eŋu ale si miate ŋui.” Eye nenema tututue woyi ɖawɔ hã.—Mateo 27:62-66.

9 Woɖi Yesu ɖe yɔdo si woɖe ɖe agakpe gã aɖe me la me, eye womli kpe gã aɖe tsɔ xe yɔdoa nu. Subɔsubɔhakplɔlaawo di be Yesu natsi yɔdo ma me ɖikaa. Gake susu bubu kura ye nɔ Yehowa si. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yesu ƒe nusrɔ̃la eve, Maria Magdalatɔ kple Maria kemɛa, woyi yɔdoa to. Le afi ma la, wokpɔ be womli kpea ɖa eye mawudɔla aɖe bɔbɔ nɔ edzi. Mawudɔlaa gblɔ na nyɔnuawo be woakpɔ yɔdo si tsi ƒuƒlu la me ɖa. Eye wògblɔ kpee be: “Mele afi sia o, elabena wofɔe ɖe tsitre.” (Mateo 28:1-6) Yesu le agbe!

10. Nya kawoe Paulo gblɔ si ɖo kpe edzi be wofɔ Yesu ɖe tsitre?

10 Nu siwo dzɔ le ŋkeke 40 siwo kplɔe ɖo me la ɖo kpe edzi kɔtɛ be wofɔ Yesu ɖe tsitre. Apostolo Paulo gblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ na Korintotɔwo la me be: “Le nu gbãtɔwo dome la, metsɔ nu siwo nye hã mexɔ la de asi na mi, be Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta le Ŋɔŋlɔawo nu; eye be woɖii, ɛ̃, be wofɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe le Ŋɔŋlɔawo nu; eye be eɖe eɖokui fia Kefas, emegbe la, ame wuieveawo. Le ema megbe la, eɖe eɖokui fia nɔvi siwo wu alafa atɔ̃ zi ɖeka, ame siwo  dometɔ akpa gãtɔ kpɔtɔ li va se ɖe fifia, gake wo dometɔ aɖewo dɔ alɔ̃ le ku me. Le ema megbe la, eɖe eɖokui fia Yakobo, eye le emegbe la, apostoloawo katã; gake mlɔeba la, eɖe eɖokui fia nye hã, abe ame si ƒe ŋkeke mede hafi wodzii o ene.”—1 Korintotɔwo 15:3-8.

NU ENE SIWO NA MÍENYA BE WOFƆ YESU ÐE TSITRE

11. Aleke wofɔ Yesu ɖe tsitre abe ale si “Ŋɔŋlɔawo” gblɔe ɖi ene?

11 Wofɔ Yesu ɖe tsitre abe ale si “Ŋɔŋlɔawo” gblɔe ɖi ene. Wogblɔ tsitretsitsia ŋu nya ɖi le Mawu ƒe Nya la me. Le kpɔɖeŋu me, David ŋlɔ bena, Yehowa magblẽ eƒe “mawumeme la” ɖe yɔdo me o. (Mixlẽ Psalmo 16:10.) Le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, Petro ɖe nu me be “mawumeme” lae nye Yesu esi wògblɔ be: “[David kpɔ] Kristo la ƒe tsitretsitsi la do ŋgɔ, eye wòƒo nu tso eŋu, be womegblẽe ɖe [Tsiẽƒe] o, eye eƒe ŋutilã hã mekpɔ nyunyɔ o.”—Dɔwɔwɔwo 2:23-27, 31.

12. Ame kawoe kpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre la?

12 Ame geɖe kpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre la kple ŋku. Le ŋkeke 40 siwo kplɔ Yesu ƒe tsitretsitsia ɖo me la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo le abɔ si te ɖe yɔdo si me woɖii ɖo ŋu la me, kple esime wonɔ mɔ dzi yina Emaus, kpakple teƒe bubuwo. (Luka 24:13-15) Eƒo nu kple ame ɖekaɖekawo, abe Petro ene, eye wòƒo nu na amewo le ha me hã. Gbe ɖeka Yesu ɖe eɖokui fia ame siwo wu 500 zi ɖeka gɔ̃ hã. Ame gbogbo mawo siwo kpɔ Yesu, si wofɔ ɖe tsitre la, ƒe ɖaseɖiɖi nye kpeɖodzi si dzi míate ŋu aŋe aɖaba aƒui o.

13. Aleke dzo si nɔ nusrɔ̃laawo me la ɖee fia be woka ɖe edzi be wofɔ Yesu ɖe tsitre vavã?

13 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒã eƒe tsitretsitsia dzonɔamemetɔe. Woti wo yome, wowɔ fu wo, eye wowu wo dometɔ aɖewo ɖe woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ta. Bu nya sia ŋu kpɔ: Ne ɖe womefɔ Yesu ɖe tsitre o la, ɖe Petro ade eƒe agbe afɔku me anɔ gbeƒã ɖem na ame mawo ke siwo lé fu Yesu eye woɖo nugbe ɖe eŋu hewui la? Petro kple nusrɔ̃la bubuawo ka ɖe edzi be Yesu le agbe eye wònɔ mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔa. Azɔ hã, Yesu ƒe tsitretsitsia wɔe be eyomedzelawo nɔ mɔ kpɔm vevie be woafɔ yewo hã ɖe tsitre. Le kpɔɖeŋu me, hafi Stefano naku la, eka ɖe edzi be woafɔ ye ɖe tsitre.—Dɔwɔwɔwo 7:55-60.

14. Nu kae na nèka ɖe edzi be Yesu le agbe?

14 Kpeɖodzi li be Yesu nye Fia le dzi ɖum fifia eye wònye Kristo hame la ƒe ta. Kristotɔ vavãwo le dzidzim ɖe edzi. Ðe wòanɔ alea ne ɖe womefɔ Yesu ɖe tsitre oa? Le nyateƒe me la, ne ɖe womefɔ Yesu ɖe tsitre o la, ɖewohĩ míele eŋkɔ gɔ̃ hã se ge akpɔ o. Gake míekpɔ kpeɖodzi sẽŋu siwo na míeka ɖe edzi be Yesu le agbe eye wòle mɔ fiam xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa.

YAYRA SI YESU ƑE TSITRETSITSIA NYE NA MÍ

15. Nu ka tae Yesu ƒe tsitretsitsia nana dzi nɔa mía ƒo be míaɖe gbeƒã?

15 Kristo ƒe tsitretsitsia nana dzi nɔa mía ƒo be míaɖe gbeƒã. Tso Yesu ŋɔli ke la, Mawu ƒe futɔwo to mɔ vɔ̃ geɖewo dzi be yewoatɔ te gbeƒãɖeɖedɔa. Mɔnu siawo dometɔ aɖewoe nye xɔsegbegbe, alɔmeɖeɖe, ŋutasẽnuwɔwɔwo, asiɖoɖo dɔa dzi, funyafunyawɔwɔ ame, kple amewuwu. Gake Biblia  gblɔe ɖi be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o.” (Yesaya 54:17) Míevɔ̃a ame siwo Satana zãna la o. Yesu le kpekpem ɖe mía ŋu, abe ale si wòdo ŋugbee ene. (Mateo 28:20) Susu aɖeke meli si ta míavɔ̃ o, elabena nu ka kee míaƒe futɔwo ɖawɔ o, womate ŋu akpe mía dzi o!

Yesu ƒe tsitretsitsia nana dzi nɔa mía ƒo be míaɖe gbeƒã (Kpɔ memama 15)

16, 17. (a) Aleke Yesu ƒe tsitretsitsia ɖoa kpe edzi be eƒe nufiafiawo katã nye nyateƒe? (b) Le Yohanes 11:25 ƒe nya nu la, ŋusẽ kae Mawu na Yesu?

16 Yesu ƒe tsitretsitsia ɖoa kpe nu siwo katã wòfia la dzi. Biblia ŋuti nunyala aɖe ŋlɔ bena, ne womefɔ Kristo ɖe tsitre o la, ke Kristotɔwo nye bometsila siwo xɔ alakpanya gã aɖe dzi se. Paulo hã ŋlɔ bena, ne womefɔ Yesu ɖe tsitre o la, ke viɖe aɖeke manɔ Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa kple woƒe xɔse ŋu o. Ðeko wòafia be Nyanyuigbalẽawo me nyawo nye ŋutinya wɔnublanui aɖe si ku ɖe ŋutsu nunyala aɖe si nye ame nyui si eƒe futɔwo wu la ŋu. Gake wofɔ Yesu ɖe tsitre, eye esia ɖoa kpe edzi be eƒe nufiafiawo katã nye nyateƒe.—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 15:14, 15, 20.

17 Yesu gblɔ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la. Ame si ɖenɛ fiana be yexɔ dzinye se la, togbɔ be aku hã la, agagbɔ agbe.” (Yohanes 11:25) Yesu ƒe ŋugbedodo sia ava eme godoo. Yehowa na ŋusẽ Yesu be wòafɔ ame siwo aɖu fia kplii le dziƒo kpakple ame biliɔn geɖe siwo anɔ agbe le anyigba dzi la ɖe tsitre. Yesu ƒe vɔsaa kple eƒe tsitretsitsia ɖoa kpe edzi be  ku maganɔ anyi o. Esia doa ŋusẽ mí be míado dzi le dodokpɔwo me eye míagavɔ̃ na ku ƒe ŋɔdzidoname gɔ̃ hã o!

18. Nu ka dzie Yesu ƒe tsitretsitsia na míeka ɖo?

18 Yesu ƒe tsitretsitsia na míeka ɖe edzi be woadrɔ̃ ʋɔnu amewo ɖe Yehowa ƒe dzidzenu siwo me lɔlɔ̃ le la nu. Le Atene la, Paulo gblɔ na ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe be, Mawu adrɔ̃ “ʋɔnu anyigba dzi tɔwo katã le dzɔdzɔenyenye me to ŋutsu aɖe si wòɖo la dzi,” eye ena “eŋuti kpeɖodzi amewo katã to efɔfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome me.” (Dɔwɔwɔwo 17:31) Mawu ɖo Yesu be wòanye míaƒe Ʋɔnudrɔ̃la, eye míeka ɖe edzi be adrɔ̃ ʋɔnu mí le lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye me.—Mixlẽ Yesaya 11:2-4.

Míedea asixɔxɔ tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu hedina vevie be míaɖo to Yehowa ɣesiaɣi

19. Ŋusẽ kae Kristo ƒe tsitretsitsia kpɔna ɖe mía dzi?

19 Yesu ƒe tsitretsitsia ʋãa mí be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ne ɖe Yesu metsɔ eƒe agbe sa vɔ eye wofɔe ɖe tsitre o la, míayi edzi anɔ nu vɔ̃ kple ku ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. (Romatɔwo 5:12; 6:23) Mɔkpɔkpɔ aɖeke manɔ mía si o, eye ɖeko míanɔ gbɔgblɔm be: “Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge.” (1 Korintotɔwo 15:32) Gake menye agbe me dzidzɔdonamenuwoe nye nu vevitɔ na mí o. Ke boŋ míedea asixɔxɔ tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu hedina vevie be míaɖo to Yehowa ɣesiaɣi.

20. Aleke Yesu ƒe tsitretsitsia ɖe Mawu ƒe gãnyenye fiae?

20 Yehowa nyea “teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie” eye Yesu ƒe tsitretsitsia ɖea Mawu ƒe gãnyenye fiana. (Hebritɔwo 11:6) Yehowa wɔ ŋusẽ triakɔ kple nunya ŋu dɔ esi wòfɔ Yesu ɖe tsitre hena makumakunyenye su esi le dziƒo. Mawu gaɖe ŋutete si le esi be wòana eƒe ŋugbedodowo nava eme hã fia. Yehowa do ŋugbe be ‘dzidzimevi’ tɔxɛ aɖe ava kpɔ nya si fɔ ɖe te ku ɖe ame si dze anye xexea me katã ƒe dziɖulagã la gbɔ. Hafi ŋugbedodo ma nava eme la, ele be Yesu, si nye ‘dzidzimevi’ la, naku eye woafɔe ɖe tsitre.—1 Mose 3:15.

21. Yayra kae tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa nye na wò?

21 Míedaa akpe na Yehowa ŋutɔ ɖe tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa ta. Biblia do ŋugbe be: “Kpɔ ɖa! Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woanye eƒe dukɔwo. Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.” Apostolo Yohanes ye wogblɔ ŋugbedodo ma me nyawo na, eye wogblɔ nɛ be: “Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nyateƒenyawo kple nya vavãwo.” Ame kae ɖe nya mawo fia Yohanes? Yesu Kristo, si wofɔ ɖe tsitre lae!—Nyaɖeɖefia 1:1; 21:3-5.