Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ele Be Míanɔ Kɔkɔe Le Míaƒe Agbenɔnɔ Katã Me

Ele Be Míanɔ Kɔkɔe Le Míaƒe Agbenɔnɔ Katã Me

‘Minɔ kɔkɔe le miaƒe agbenɔnɔ katã me.’—1 PETRO 1:15.

1, 2. (a) Nu kae Yehowa di tso eƒe amewo si? (b) Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati sia me?

GBƆGBƆ ʋã apostolo Petro wòyɔ nya tso Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me eye wògblɔ be ele be Kristotɔwo nanɔ kɔkɔe, abe ale si ko wobia tso Israel-viwo hã si be woanɔ kɔkɔe ene. (Mixlẽ 1 Petro 1:14-16.) Yehowa, ame si nye “Kɔkɔetɔ” la, di tso amesiaminawo kple ‘alẽ bubuawo’ si be woawɔ woƒe ŋutete katã be woanɔ kɔkɔe le woƒe agbenɔnɔ katã me.—Yohanes 10:16.

2 Le nyati sia me la, míadzro gɔmeɖose aɖewo me tso Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me siwo akpe ɖe mía ŋu míanya nu si Mawu di tso mía si be míanɔ kɔkɔe, kple ale si míanɔ agbe ɖe eƒe nudidiawo nu. Míaɖo nyabiase siwo gbɔna hã ŋu: Aleke wòle be míabu Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi dadae? Nu kae Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia fia mí ku ɖe ale si wòle be míade Yehowa ƒe dziɖulagãnyenye dzi ŋu? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso vɔ siwo Israel-viwo sa la me?

KPƆ NYUIE LE YEHOWA ƑE MƆFIAMEWO DZI DADA ŊU

3, 4. (a) Nu ka tae mele be Kristotɔwo nada le Biblia ƒe se kple gɔmeɖosewo dzi o? (b) Nu ka tae mele be míawɔ wɔɖenui alo alé ame ɖe dɔme o?

3 Be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la, ele be míawɔ eƒe se kple gɔmeɖosewo dzi, eye míagana wòadzɔ gbeɖe be míava  zu ame siwo ŋea aɖaba ƒua wo dometɔ aɖe dzi, si anye nuwɔna makɔmakɔ o. Egbea, míele Mose ƒe Sea te ya o, gake Sea kpena ɖe mía ŋu míenyana nu si dzea Yehowa ŋu kple nu si medzea eŋu o. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ na Israel-viwo be: “Mègawɔ wɔɖenui o, eye mègalé dɔmedzoe, si wò dukɔmeviwo do na wò la, ɖi o; ke boŋ nàlɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Nyee nye Yehowa!”—3 Mose 19:18.

4 Yehowa medi be míawɔ wɔɖenui alo alé ame ɖe dɔme o. (Romatɔwo 12:19) Ne míeŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe se kple gɔmeɖosewo dzi la, dzi adzɔ Satana eye míado vlo Mawu ƒe ŋkɔ. Ne ame aɖe wɔ nu wòve mí gɔ̃ hã la, mele be dzi naku mí ale gbegbe be míalé amea ɖe dɔme o. Biblia tsɔ mí sɔ kple ‘anyigoe’ siwo me kesinɔnu aɖe le. Kesinɔnu mae nye míaƒe subɔsubɔdɔa. (2 Korintotɔwo 4:1, 7) Míadi be míatsɔ ameléleɖedɔme, si le abe aɖi ene la ade nugoe ma ke si me míaƒe kesinɔnu vevi ma le la me o.

5. Nufiame kae le nudzɔdzɔ si ku ɖe Aron viŋutsuwo ƒe ku ŋu me na mí? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

5 Biblia ƒo nu tso nudzɔdzɔ aɖe si do vevesese na Aron ƒe ƒomea vevie ŋutɔ la ŋu le 3 Mose 10:1-11. Yehowa na dzo tso dziƒo va fiã Aron viŋutsu siwo nye Nadab kple Abihu. Mawu gblɔ na Aron kple eƒe ƒomea be womegafa ame kukuawo o. Xɔse ƒe dodokpɔ kae nye esi! Ðe nèƒoa asa na hadede kple wò ƒometɔ kple ame bubu siwo woɖe le ha me ale be nànɔ kɔkɔea?—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 5:11.

6, 7. (a) Nu ka ŋue wòle be míabu ne wokpe mí be míade srɔ̃kpekpe si woawɔ le sɔlemexɔ me? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (b) Aleke míaɖe susu si tae míade srɔ̃kpekpe si woawɔ le sɔlemexɔ me o la mee?

6 Ðewohĩ menye dodokpɔ si va Aron kple eƒe ƒomea dzie ava mía dzi o. Ke ne edzɔ be wokpe mí na ƒometɔ aɖe si menye Ðasefo o ƒe srɔ̃kpekpe si ayi edzi le sɔlemexɔ aɖe me ya ɖe? Se aɖeke mele Biblia me si gblɔ be mele be míayi ya o, gake gɔmeɖosewo li siwo ŋu wòle be míabu hafi atso nya me. *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

7 Ðewohĩ míaƒe ƒometɔwo mase nyametsotso si míawɔ be míadze Yehowa ŋu ale be míayi edzi anɔ kɔkɔe la gɔme o. (1 Petro 4:3, 4) Menye míaƒe didie  wònye be míaɖia wo nu o, eya ta ele be míaƒo nu na wo ameŋububutɔe, gake míato nyateƒe na wo. Ele be míawɔ esia ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na wɔnaa ne anya wɔ. Míate ŋu ada akpe na wo be wokpe mí na srɔ̃kpekpea. Eyome míate ŋu agblɔ hã be míedi be woakpɔ dzidzɔ le woƒe ŋkeke tɔxɛa dzi, eye manye míaƒe didi be míade ŋukpe mo na woawo kple ame kpekpeawo, le esi míele gome kpɔ ge le subɔsubɔwɔnawo me o ta o. Esia nye mɔ ɖeka si dzi míato aƒo asa na nu si medze Mawu ŋu o la wɔwɔ.

NƆ YEHOWA, DZIÐULAGÃ LA ƑE AKPA DZI

8. Aleke Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia te gbe ɖe Yehowa ƒe dziɖulagãnyenye dzi?

8 Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia te gbe ɖe Yehowa ƒe dziɖulagãnyenye dzi. Wogblɔ wu zi 30 le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me be Mawu gbɔe se siwo le eme la tso. Mose nya esia eye wòwɔ nu si tututu Yehowa bia tso esi be wòawɔ. (3 Mose 8:4, 5) Abe Mose ene la, ele be míawo hã míawɔ nu siwo míaƒe Dziɖulagã Yehowa bia tso mía si be míawɔ la ɣesiaɣi. Togbɔ be Mawu ƒe habɔbɔa akpe ɖe mía ŋu hã la, ɣeaɖewoɣi la, míedzea ŋgɔ dodokpɔwo ne míawo ɖeɖe míeli, abe ale si wòdzɔ ɖe Yesu dzi esime wònɔ gbedadaƒo ene. (Luka 4:1-13) Ne míeka ɖe Mawu dzi eye míede eƒe dziɖulagãnyenye dzi la, ame aɖeke mate ŋu ana míada le Mawu ƒe mɔfiamewo dzi o, eye míana ta le vɔvɔ̃ ta hã o.—Lododowo 29:25.

Abe Mose ene la, ele be míawo hã míawɔ nu siwo míaƒe Dziɖulagã Yehowa bia tso mía si be míawɔ la ɣesiaɣi

9. Nu ka tae woléa fu Mawu ƒe amewo le xexea me godoo ɖo?

9 Ele be míakpɔ mɔ be woati Mawu ƒe ame siwo le anyigba dzi la yome, elabena Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Amewo ade mi asi na fukpekpe eye woawu mi, eye dukɔwo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta.” (Mateo 24:9) Togbɔ be woléa fu mí hã la, míeyia edzi ɖea gbeƒã henɔa kɔkɔe le míaƒe agbenɔnɔ katã me. Míeɖia anukware eye míenɔa dzadzɛ le ŋutilã me kple agbenɔnɔ gome. Míenye dumevi nyuiwo hã. Ekema nu ka tae ame aɖewo léa fu mí ɖo? (Romatɔwo 13:1-7) Elabena Yehowa koe míeɖoa toe abe míaƒe Dziɖulagã ene, ke menye ame bubu aɖeke o. “Eya ɖeka koe” míedea ta agu na eye míada le eƒe se kple gɔmeɖose dzɔdzɔeawo dzi gbeɖe o.—Mateo 4:10.

10. Aleke nuwo va yi na nɔviŋutsu aɖe si mete ŋu wɔ nuteƒe o le akpaɖekedzimademade ƒe nyaa me?

10 Míenye “xexea ƒe akpa aɖeke o,” eya ta míedea akpa aɖeke dzi le xexe sia ƒe aʋawɔwɔwo kple dunyahehe me o. (Mixlẽ Yohanes 15:18-21; Yesaya 2:4.) Kristotɔ ɖeadzɔgbe aɖewo mete ŋu wɔ nuteƒe le go sia me o. Gake wo dometɔ geɖe trɔ dzi me hedzra wo kple Yehowa dome ɖo. (Psalmo 51:19) Ke hã, wo dometɔ ʋɛ aɖewo metrɔ dzi me o. Le kpɔɖeŋu me, esime Xexemeʋa II nɔ edzi yim la, wode nɔvi gbogbo aɖewo gaxɔwo me madzemadzee le Hungary. Dumegãwo ƒo wo dometɔ 160 siwo mexɔ ƒe 45 haɖe o la nu ƒu ɖe du aɖe me eye woƒoe ɖe wo nu be woazu asrafowo. Wo dometɔ akpa gãtɔ gbe,  gake ame asieke le wo dome lɔ̃ heka atam be yewoawɔ asrafodɔ, eye woxɔ asrafowuwo. Ƒe eve megbe la, wobia tso ame siawo dometɔ ɖeka si be wòawu Ðasefo wɔnuteƒeawo. Eya ŋutɔ nɔvia kpamkpam hã nɔ wo dome! Ke hã womegaxa wu Ðasefo wɔnuteƒe siwo wotso kufia na hafi la o.

TSƆ WÒ NU NYUITƆ NA YEHOWA

11, 12. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso vɔ siwo wosana le blema Israel la me?

11 Sea gblɔ nu siwo wòle be Israel-viwo natsɔ asa vɔe. (3 Mose 9:1-4, 15-21) Ele be nu siwo woatsɔ asa vɔe la nasɔ blibo, elabena wonye vɔvɔli na Yesu ƒe vɔsa si de blibo la. Azɔ hã, le vɔsa siawo dometɔ ɖe sia ɖe gome la, wobia tso Israel-viwo si be woazɔ ɖe ɖoɖo aɖewo koŋ dzi. Le 3 Mose 12:6 la, wogblɔ nu si wòle be nyɔnu si dzi vi yeye la nawɔ ale: “Nenye ŋutsuvi alo nyɔnuvie, eye ŋkekeawo de eŋu kɔ la, ekema wòalé alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, woawɔ numevɔsae, kple ahɔnevi alo akpakpa woawɔ nuvɔ̃vɔsae avae na nunɔla le Mawu ƒe agbadɔ la nu.” Togbɔ be Yehowa ƒe Sea ƒe nudidiwo le tẽe hã la, eɖe eƒe lɔlɔ̃ kple ameŋububu fia kɔtɛ. Le kpɔɖeŋu me, ne ŋutete mele vidada ŋu be wòatsɔ alẽ asa vɔe o la, Sea ɖe mɔ be wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi eve asa vɔe. (3 Mose 12:8) Togbɔ be eda ahe hã la, Yehowa lɔ̃e hedea asixɔxɔ eŋu, abe ale si ko wòlɔ̃ ame si tsɔ nunana si xɔ asi wu vɛ ene. Nu kae míesrɔ̃ tso esia me?

Sea ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple ameŋububu fia kɔtɛ

12 Apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woatsɔ “kafukafuvɔsa” anɔ Mawu nam. (Hebritɔwo 13:15) Míetsɔa kafukafuvɔsawo nana ne míeƒoa nu tso Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu na amewo. Nɔvi siwo nye tokunɔwo la kafua Mawu le tokunɔgbe me. Kristotɔ siwo tsi xɔ me la toa lɛtaŋɔŋlɔ, telefondziɖaseɖiɖi kple gbeƒãɖeɖe na ame siwo va srãa wo kpɔ dzi kafua Yehowa. Ale si gbegbe míekafua Yehowae la nɔa te ɖe míaƒe lãmesẽ kple ŋutete dzi, gake ele be nu siwo míetsɔna nanɛ la nanye míaƒe nu nyuitɔ.—Romatɔwo 12:1; 2 Timoteo 2:15.

13. Nu ka tae wòle be míabu ɣeyiɣi si míezã le gbedzi ŋuti kɔnta?

13 Esi míelɔ̃ Yehowa ta la, míelɔ̃na faa tsɔa kafukafuvɔsawo nanɛ. (Mateo 22:37, 38) Gake aleke wòle be míawɔ nui ne wobia tso mía si be míabu ɣeyiɣi si míetsɔ ɖea gbeƒãe ɣleti sia ɣleti la ŋuti kɔnta? Ele be míalɔ̃ faa awɔ esia, elabena míetoa esia dzi ɖea míaƒe mawusosroɖa fiana. (2 Petro 1:7) Gake mele be esia naƒoe ɖe ame aɖeke nu be wòazã ɣeyiɣi geɖe le gbeadzi kple susu be yeƒe gaƒoƒoa nadzi ɖe edzi ta ko o. Le nyateƒe me la, ne gbeƒãɖela aɖe mete ŋu le geɖe wɔm le gbeadzi o, le tsitsi alo lãmesẽkuxiwo ta la, ate ŋu abu miniti 15 pɛ ko ƒe akɔnta. Esi emae nye eƒe ŋutete katã ta la, Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu. Yehowa nyae hã be mía nɔviwo lɔ̃ ye eye wodi vavã be yewoanye yeƒe Ðasefowo. Abe ale si ko blema Israel-vi siwo da ahe la tea ŋu tsɔa nunanawo vanɛ na Mawu ene la, egbea hã, ame siwo megate ŋu wɔa geɖe o la hã ate ŋu atsɔ gbeadzikɔntabubu si ŋu woakpɔ dzidzɔ ɖo la ana. Wotsɔa míaƒe  gbeadzikɔntabubuwo kpena ɖe xexea me godoo tɔ ŋu, eye esia wɔnɛ be habɔbɔa tea ŋu wɔa ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nyuie wu. Susu sia tae míebua gbeadzikɔnta ɖo.

ALE SI MÍESRƆ̃A NUI KPLE MÍAƑE KAFUKAFUVƆSAWO

14. Gblɔ nu si tae wòle be míalé ŋku ɖe ale si míesrɔ̃a nui la ŋu.

14 Esi míedzro nufiame vevi siawo me le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me vɔ la, ɖe wòna nègakpɔ ŋudzedze ɖe susu si tae wotsɔ agbalẽ sia kpe ɖe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ŋu geɖe wua? (2 Timoteo 3:16) Ðe wòna nèɖoe kplikpaa wu be yeanɔ kɔkɔea? Yehowa di tso mía si be míatsɔ míaƒe nu nyuitɔ ana ye, eye edze nɛ hã. Anɔ eme be àdi be yeadzro Biblia ƒe akpa bubuawo hã me geɖe wu. (Mixlẽ Lododowo 2:1-5.) Lé ŋku ɖe ale si nèsrɔ̃a nui la ŋu nyuie. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mele nye nu nyuitɔ tsɔm na Yehowa? Alo ɖe meɖea mɔ televisiondziwɔnawo, videodzifefewo, alo dzidzɔdonamenuwo doa kplamatsɛ nye gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔwɔa?’ Ne nenemae la, ke anyo be nàbu nya si Paulo gblɔ le Hebritɔwo ƒe agbalẽa me ŋu nyuie.

Ðe nètsɔa Biblia sɔsrɔ̃ kple ƒometadedeagu ɖoa nɔƒe gbãtɔa? (Kpɔ memama 14)

15, 16. Nu ka tae Paulo mede ba mo na nyawo le agbalẽ si wòŋlɔ na Hebri Kristotɔwo la me o?

15 Paulo mede ba mo na nyawo le agbalẽ si wòŋlɔ na Hebri Kristotɔwo la me o. (Mixlẽ Hebritɔwo 5:7, 11-14.) Egblɔ na wo be: “Nusese zu dɔ na mi.” Nu ka tae wògblɔ nyawo kaŋkaŋ alea? Elɔ̃ wo, abe ale si Yehowa hã lɔ̃ wo ene, eye etsi dzi ɖe ale si wonɔ didim be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo ɖeɖe ko, si le abe notsi ene  nu la ŋu. Togbɔ be gɔmedzenufiafiawo gɔme sese le vevie hã la, ne míedi be míawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi la, míehiã na “nuɖuɖu sesẽ” hã, si nye Biblia me nufiafia goglowo.

16 Le esi teƒe be Hebritɔwo nafia nu ame bubuwo la, wogahiã na ame si afia nu wo boŋ. Nu ka tae? Esi womeɖua “nuɖuɖu sesẽ” o tae. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nɔnɔme nyuitɔ le asinye ɖe Biblia me nufiafia goglowo me dzodzro ŋua? Ðe meléa fɔ ɖe wo sɔsrɔ̃ ŋua? Alo ɖe meƒoa asa na nusɔsrɔ̃ deto kple gbedodoɖa? Ne nenemae la, ɖe nɔnɔme si le asinye ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu gbɔe kuxia tsoa?’ Menye gbeƒã koe wòle be míaɖe na amewo o, ele be míafia nu wo ahawɔ wo woanye nusrɔ̃lawo hã.—Mateo 28:19, 20.

17, 18. (a) Nu ka tae wòle be míanɔ “nuɖuɖu sesẽ” ɖum edziedzi? (b) Aleke wòle be míabu nu muamewo zazã hafi ade kpekpeawoe?

17 Yehowa menana míesena fɔbubu le mía ɖokui me kple susu be esia naʋã mí míasrɔ̃ Biblia o. Ne Biblia sɔsrɔ̃ menɔa bɔbɔe na mí o gɔ̃ hã la, ele be míayi edzi anɔ “nuɖuɖu sesẽ” ɖum, metsɔ le eme ɣeyiɣi didi si míetsɔ le nyateƒea me o. Esia le vevie ne míedi be míayi edzi anɔ kɔkɔe.

18 Be míanɔ kɔkɔe la, ele be míadzro Ŋɔŋlɔawo me nyuie ahawɔ nu si tututu Mawu di tso mía si. Nadab kple Abihu, siwo nye Aron viŋutsuwo la ku le “dzo bubu” dodo ta, ɖewohĩ le esi wode nu aha me ta. (3 Mose 10:1, 2) De dzesi nya si Mawu gblɔ na Aron. (Mixlẽ 3 Mose 10:8-11.) Ðe nudzɔdzɔ sia fia be mele be míano nu muame ƒomevi aɖeke hafi ade Kristotɔwo ƒe kpekpewo oa? Bu nya siawo ŋu kpɔ: Míele Sea te o. (Romatɔwo 10:4) Le dukɔ aɖewo me la, mía nɔviwo tea ŋu zãa aha muamewo le ŋuɖɔɖo me le nuɖuɣiwo hafi dea kpekpewo. Wozã wain kplu ene le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi. Esi Yesu nɔ Ŋkuɖodzia ɖom anyi la, ena eƒe nusrɔ̃lawo no wain, si le tsitre ɖi na eƒe ʋu. (Mateo 26:27) Biblia ƒo nu tsi tre ɖe aha geɖe nono kple ahamumu ŋu. (1 Korintotɔwo 6:10; 1 Timoteo 3:8) Eye Kristotɔ geɖewo hã ƒe dzitsinya maɖe mɔ na wo be woano aha muame hafi akpɔ gome le míaƒe tadedeagu na Yehowa ƒe akpa aɖeke me o. Gake nɔnɔmeawo to vovo le dukɔ ɖe sia ɖe me, eye nu vevitɔe nye be Kristotɔwo nade “vovo nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo” dome, ale be woanɔ kɔkɔe eye woadze Yehowa ŋu.

19. (a) Aleke míate ŋu ana míaƒe ƒometadedeagu kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ naɖe vi? (b) Aleke nàte ŋu aɖee afia be yeɖoe kplikpaa be yeayi edzi anɔ kɔkɔe?

19 Biblia me gɔmeɖose nyui geɖewo li míate ŋu asrɔ̃ ne míedzro Mawu ƒe Nya la me nyuie. Wɔ dɔwɔnu siwo míetsɔ wɔa numekukui la ŋu dɔ, ale be miaƒe ƒometadedeagua kple wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ naɖe vi. Srɔ̃ nu geɖe tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu, eye nàte ɖe eŋu kplikplikpli. (Yakobo 4:8) Do gbe ɖa na Mawu, abe ale si hakpalaa dzi ha ene be: “Klo nu ɖa le nye ŋku dzi, ne makpɔ nukunuwo le wò se la me!” (Psalmo 119:18) Mègada le Biblia ƒe se kple gɔmeɖosewo dzi gbeɖe o. Lɔ̃ faa nàwɔ Yehowa, “Kɔkɔetɔ” la ƒe sewo dzi, eye nàwɔ “Mawu ƒe nya yui la ƒe dɔ kɔkɔe la” dzonɔamemetɔe. (1 Petro 1:15; Romatɔwo 15:16) Ele be míayi edzi anɔ kɔkɔe le ŋkeke mamlɛ vɔ̃ɖi siawo me. Neva eme be mí katã míanɔ kɔkɔe le míaƒe agbenɔnɔ me eye míade Yehowa ƒe dziɖulagãnyenye dzi.

^ mm. 6 Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le May 15, 2002 ƒe Gbetakpɔxɔ me.