Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Dukɔ Si Ƒe Mawu Yehowa Nye”

“Dukɔ Si Ƒe Mawu Yehowa Nye”

“Woayra dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye!”—PSALMO 144:15.

1. Nu kae nye ame aɖewo ƒe susu ku ɖe ame siwo subɔa Mawu ŋu?

AME geɖewo gblɔna egbea be subɔsubɔha xɔŋkɔ siwo li la mewɔa nu boo aɖeke tsɔ kpena ɖe ameƒomea ŋu o. Ame aɖewo lɔ̃na ɖe edzi be Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu o, elabena womefiaa Mawu ŋuti nyateƒea o eye wowɔa nu gbegblẽwo. Ke hã wogaxɔnɛ sena be Mawu bua ame nyui siwo le subɔsubɔhawo katã me be wonye ye subɔlawo. Gake ɖe esia nye nyateƒea? Alo ɖe Mawu di be ame siwo le ye subɔm la nado go le alakpasubɔsubɔ mea? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, na míadzro nu si Biblia gblɔ tso Yehowa subɔla vavãwo ƒe ŋutinya ŋu me kpɔ.

MAWU BLA NU KPLE EƑE AMEWO

2. Ame kawoe va zu Yehowa ƒe amewo? Nu kae de dzesi wo be wole ƒomedodo tɔxɛ me kple Yehowa? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

2 Anɔ abe ƒe 4,000 ye nye esi va yi la, Yehowa tia ame aɖewo be woanye ye tɔ koŋ le anyigba dzi. Wogblɔ tso  Abraham ŋu le Biblia me be enye “fofo na ame siwo katã si xɔse le,” eye wònye ƒome gã aɖe si me dɔla alafa geɖewo le la ƒe ta. (Romatɔwo 4:11; 1 Mose 14:14) Le Kanaan la, wobua Abraham amegãe. (1 Mose 21:22; 23:6) Yehowa bla nu kple Abraham kpakple eƒe dzidzimeviwo. (1 Mose 17:1, 2, 19) Mawu gblɔ na Abraham be: “Nye nubabla, si le mía kpli mi kple megbewòviwo dome, si me dim mele be, mialé ɖe asi la, enye esi: Woatso aʋa na ŋutsu sia ŋutsu le mia dome!” Eye wògblɔ kpee be: “Esia anye mía kple mia dome nubabla la ƒe dzesi.” (1 Mose 17:10, 11) Eya ta wotso aʋa na Abraham kple eƒemetɔ siwo katã nye ŋutsuwo. (1 Mose 17:24-27) Aʋatsotsoa de dzesi Abraham ƒe dzidzimeviwo be wonye ame siwo le ƒomedodo tɔxɛ me kple Yehowa.

3. Aleke wòdzɔe be Abraham ƒe dzidzimeviwo va zu dukɔ?

3 Vi 12 ye nɔ Abraham ƒe tɔgbuiyɔvi Yakob, alo Israel, si. (1 Mose 35:10, 22b-26) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, viaŋutsu siawo va zu Israel to 12-awo fofowo. (Dɔwɔwɔwo 7:8) Wokplɔ Yakob vi Yosef yi ɖe Egipte, eye emegbe Farao tsɔe ɖo ɖoƒe kɔkɔ aɖe. Esi dɔ aɖe to la, Yosef ye wotsɔ ɖo nuɖuɖu dzi kpɔkpɔ ƒe dɔa nu le dukɔ bliboa me. Le dɔ si to ta la, Yakob kple eƒe ƒomea ʋu va tsi Egipte. (1 Mose 41:39-41; 42:6) Yakob ƒe dzidzimeviwo va sɔ gbɔ ale gbegbe eye woɖɔ wo be “dukɔha,” alo ameha gã aɖe.—1 Mose 48:4; mixlẽ Dɔwɔwɔwo 7:17.

YEHOWA XƆ NA EƑE AMEWO

4. Le gɔmedzedzea me la, aleke Egiptetɔwo kple Yakob ƒe dzidzimeviwo dome nɔ?

4 Yakob ƒe dzidzimeviwo nɔ Egipte ƒe akpa si woyɔ be Gosen la ƒe 200 kple edzivɔ. (1 Mose 45:9, 10) Farao na Israel-viwo va nɔ Egipte, elabena edze si Yosef eye wòdea bubu eŋu. (1 Mose 47:1-6) Wo kple Egiptetɔwo nɔ anyi le ŋutifafa me abe ƒe 100 ene. Israel-viwo nye lãnyilawo, eye wonɔ du suewo me. Togbɔ be Egiptetɔwo nyɔa ŋu lãnyilawo hã la, woɖo to Farao eye wolɔ̃ be Israel-viwo nanɔ yewoƒe duwo me.—1 Mose 46:31-34.

5, 6. (a) Aleke nɔnɔmeawo va trɔ na Mawu ƒe amewo le Egipte? (b) Aleke wòdzɔe be womewu Mose o, eye nu kae Yehowa wɔ na Eƒe amewo?

 5 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Egiptetɔwo wɔ Israel-viwo kluviwoe. Biblia gblɔ be: “Fia yeye aɖe ɖu fia le Egipte, ame si menya naneke le Yosef ŋuti o. Eye wògblɔ na eƒe dukɔ la bena: ‘Mikpɔ ɖa, Israel-dukɔ la sɔ gbɔ, eye wòsẽ ŋu wu mí.’” Le esia ta, Egiptetɔwo zi Israel-viwo dzi be woamè anyikpewo, woawɔ agbledɔwo kple dɔ sesẽ bubu siwo kluviwo wɔna. Wosẽ ŋuta le Israel-viwo ŋu.—2 Mose 1:8, 9, 13, 14.

6 Farao sia gade se hã be ne Israel-vi aɖe dzi ŋutsuvi la, woawu ɖevia. (2 Mose 1:15, 16) Le ɣemaɣi la, Israel nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Yoxebet la dzi Mose. Esi Mose xɔ ɣleti etɔ̃ la, dadaa tsɔe ɣla ɖe aƒla siwo le Nil-tɔsisia to la me. Eteƒe medidi o, Farao vinyɔnu la va fɔ Mose eye wòtsɔe abe via ene. Eɖe mɔ na Mose dada be wòakpɔ edzi esime wònɔ tsitsim. Emegbe Mose va zu Yehowa subɔla wɔnuteƒe. (2 Mose 2:1-10; Hebritɔwo 11:23-25) Yehowa kpɔe be yeƒe amewo le fu kpem, eya ta eto Mose dzi kplɔ Israel-viwo dzoe le Egipte. (2 Mose 2:24, 25; 3:9, 10) Ale Yehowa ‘ɖe’ Israel-viwo.—2 Mose 15:13; mixlẽ 5 Mose 15:15.

MAWU ƑE AMEWO VA ZU DUKƆ

7, 8. Aleke wòdzɔe be Yehowa ƒe amewo va zu dukɔ kɔkɔe?

7 Togbɔ be Yehowa mena Israel-viwo zu dukɔ si si sewo kple nunɔlanyenye ƒe ɖoɖo le haɖe o hã la, etia wo be woanye yeƒe amewo. Esia tae Mawu gblɔ na Mose kple Aron be woagblɔ na Farao be: “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: ‘Ðe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòayi aɖaɖu ŋkekenyui nam le gbedzi!’”—2 Mose 5:1.

8 Gake Farao medi be yeaɖe asi le Israel-viwo ŋu woadzo o. Be Yehowa naɖe eƒe amewo la, ehe fuwɔame ewo va Egiptetɔwo dzi, eye emegbe la, etsrɔ̃ Farao kple eƒe aʋakɔwo le Ƒudzĩa me. (2 Mose 15:1-4) Hafi ɣleti etɔ̃ naɖo la, Yehowa bla nu kple Israel-viwo le Sinai-toa gbɔ hegblɔ be: “Ne miaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tɔnye koŋ le dukɔwo katã dome.” Yehowa gblɔ hã be woanye “dukɔ kɔkɔe” na ye.—2 Mose 19:5, 6.

9, 10. (a) Abe ale si woɖe emee le 5 Mose 4:5-8 ene la, aleke Sea na be Israel-viwo to vovo tso dukɔ bubuwo gbɔe? (b) Nu kae wòle be Israel-viwo nawɔ atsɔ aɖee afia be yewonye “dukɔ kɔkɔe na Yehowa”?

9 Le ƒe alafa siwo do ŋgɔ me la, ƒome ƒe tawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple nunɔlawoe nɔ Yehowa ƒe amewo nu. Esime Israel-viwo nɔ Egipte la, alea koe nuwo nɔ hafi wova zu kluviwo. (1 Mose 8:20; 18:19; Hiob 1:4, 5) Gake esi Yehowa ɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte megbe la, ena sewo woamawo, si wɔe be woto vovo tso dukɔ bubuwo katã gbɔ.  (Mixlẽ 5 Mose 4:5-8; Psalmo 147:19, 20) Le Sea me la, woɖo ame aɖewo koŋ be woanye nunɔlawo na dukɔa. Azɔ hã, Sea bia be “ame tsitsiwo,” siwo ŋu wodea bubui le woƒe sidzedze kple nunya ta la, nanye ʋɔnudrɔ̃lawo. (5 Mose 25:7, 8) Sea na mɔfiame ameawo ku ɖe woƒe tadedeagu kple gbe sia gbe gbenɔnɔ ŋu.

Yehowa na sewo Israel-viwo, si wɔe be woto vovo tso dukɔ bubuwo katã gbɔ

10 Esi wòsusɔ vie Israel-viwo nage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Yehowa gate gbe ɖe eƒe seawo dzi na wo. Mose gblɔ na wo be: “Yehowa ka ɖe edzi na wò egbea bena, ànye eya ŋutɔ ƒe dukɔ, abe ale si wòdo ŋugbe na wò ene, eye nàlé eƒe sewo katã me ɖe asi, yeatsɔ wò aɖo gã ɖe dukɔ, siwo katã wòwɔ la nu hena eƒe kafukafu, bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo, eye nànye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, wò Mawu la.”—5 Mose 26:18, 19.

DUKƆ BUBU ME TƆWO ATE ŊU ASUBƆ KPLE MAWU ƑE AMEWO

11-13. (a) Ame kawo hãe va wɔ ɖeka kple Mawu ƒe amewo le tadedeagu me? (b) Ne dukɔ bubu me tɔwo di be yewoasubɔ Yehowa la, nu kae wòhiã be woawɔ?

11 Togbɔ be Israel-viwoe nye Yehowa ƒe ame tiatiawo le anyigba dzi hã la, eɖe mɔ na dukɔ bubu me tɔwo be woanɔ wo dome. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be amedzro geɖewo, siwo dome Egiptetɔwo le, la yi kple Israel-viwo esi Mawu kplɔ wo tso Egipte. (2 Mose 12:38) Anɔ eme be Farao ŋuti me siwo wɔ Mose ƒe nuxlɔ̃amea dzi esi fuwɔame adrelia va la hã nɔ wo dome.—2 Mose 9:20.

Dukɔ bubu me tɔwo ate ŋu asubɔ Yehowa nenye be wowɔ ɖeka kple eƒe ame tiatiawo

12 Do ŋgɔ teti hafi Israel-viwo natso Yordan-tɔsisia ayi Kanaan la, Mose gblɔ na wo be woalɔ̃ amedzrowo, si fia ame siwo menye Israel-viwo o siwo le wo dome la. (5 Mose 10:17-19) Wogblɔ na Mawu ƒe amewo be ne ame si menye Israel-vi o lɔ̃ be yeawɔ se veviawo, abe Se Ewoawo ene dzi la, woalɔ̃ faa ana wòanɔ wo dome. (3 Mose 24:22) Dukɔ bubu me tɔ aɖewo gɔ̃ hã va zu Yehowa subɔlawo. Le kpɔɖeŋu me, Rut nye Moabtɔ si di be yeasubɔ Yehowa. Egblɔ na Naomi, si nye Israel-vi la be: “Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu.” (Rut 1:16) Woyɔ dukɔ bubu me tɔ siawo be ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo, eye wotso aʋa na wo dometɔ siwo nye ŋutsuwo. (2 Mose 12:48, 49) Edzɔ dzi na Yehowa be yeaɖe mɔ na wo be woava nye yeƒe dukɔ tiatia la me tɔwo.—4 Mose 15:14, 15.

Israel-viwo lɔ̃ dukɔ bubu me tɔ siwo nɔ wo dome (Kpɔ memama 11-13)

13 Edze le Salomo ƒe gbedodoɖawo dometɔ ɖeka me be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe esubɔla siwo menye Israel-viwo o la ŋu. Le gbedoxɔa ŋu kɔɣi la, Salomo do gbe ɖa be: “Ne du bubu me tɔ hã, ame si metso wò dukɔ Israel dome o, ke boŋ anyigba didi aɖe dzi wòtso va le wò ŋkɔ gã, wò asi sesẽ kple wò abɔ, si nèdo ɖe dzi ta, eye wòva do gbe ɖa le aƒe sia me la, ekema nàsee le nɔwòƒe le dziƒo, eye nàwɔ nu siwo katã ŋuti du bubu me tɔ la le yɔwòm ɖo la, ne anyigba dzi dukɔwo  katã nadze si wò ŋkɔ, eye woavɔ̃ wò abe wò dukɔ Israel ene, eye woadze sii bena, wò ŋkɔ woyɔ ɖe xɔ sia, si metu la ŋu!” (2 Kronika 6:32, 33) Le Yesu ƒe ŋkekea gɔ̃ hã me la, woɖe mɔ na dukɔ bubu me tɔ siwo di be yewoasubɔ Yehowa la be woawɔ esia nenye be wowɔ ɖeka kple Eƒe ame tiatiawo.—Yohanes 12:20; Dɔwɔwɔwo 8:27.

ÐASEFOWO ƑE DUKƆ

14-16. (a) Mɔ ka nue Israel-viwo ava nye ɖasefowo ƒe dukɔ na Yehowa le? (b) Nu kae Yehowa di tso eƒe amewo si egbea?

14 Israel-viwo subɔ woƒe Mawu, si nye Yehowa, gake dukɔ bubu me tɔwo subɔ mawu bubuwo. Eya ta biabia vevi aɖe va fɔ ɖe te: Ame kae nye Mawu vavã la? Le Yesaya ƒe ŋkekea me la, Yehowa gblɔ be ele be woaɖo biabia sia ŋu abe ale si ko woakpɔ nya aɖe si fɔ ɖe te gbɔe le ʋɔnudrɔ̃ƒe ene. Egblɔ be ne dukɔwo ƒe mawuwo nye mawuwo vavã la, ke woakplɔ woƒe ɖasefowo vɛ. Egblɔ be: “Woƒe ɖasefowo neva, ne woatso na wo, eye woasee ahagblɔ bena: ‘Ele eme.’”—Yesaya 43:9.

15 Dukɔwo ƒe mawuwo mete ŋu ɖo kpe woƒe mawunyenye dzi o. Legba maƒonuwo koe wonye, eye womate ŋu aʋã hã o, negbe ɖeko wokɔ wo. (Yesaya 46:5-7) Gake Yehowa gblɔ na eƒe amewo, siwo nye Israel-viwo la be: “Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla, si metia, ne mianyae, miaxɔ dzinye ase, eye miadze sii be, nyee. Womewɔ mawu aɖeke do ŋgɔ  nam o, eye ɖeke mado megbe nam o. Nyee nye Yehowa, eye xɔnametɔ aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o. . . . Miawoe nye nye ɖasefowo, eye nyee nye Mawu.”—Yesaya 43:10-12.

16 Abe ale si ɖasefowo ɖia ɖase le ʋɔnui ene la, mɔnukpɔkpɔe wònye na Yehowa ƒe amewo be woaɖi ɖase be Yehowa ye nye Mawu vavã ɖeka la. Eyɔ wo be “dukɔ, si mewɔ na ɖokuinye [be woaxlẽ] nya afia le nye kafukafu ŋu.” (Yesaya 43:21) Wonye ame siwo ŋu Yehowa ƒe ŋkɔ le. Esi wònye be Yehowae ɖe Israel-viwo tso Egipte ta la, edi tso wo si be woalɔ̃ faa aɖo to ye ahatsɔ ŋutikɔkɔe ana ye abe woƒe Dziɖulagã ene. Yehowa di tso eƒe amewo si be woawɔ nenema ke egbea. Nyagblɔɖila Mixa ƒo nu tso nɔnɔme si wòle be wòanɔ Mawu ƒe amewo si la ŋu ale: “Ne dukɔwo katã dometɔ ɖe sia ɖe le zɔzɔm le eƒe mawu ƒe ŋkɔ me hã la, míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.”—Mixa 4:5.

DUKƆ DZEAGLÃ

17. Nu ka tae Yehowa bu Israel be enye wainka si ŋu viɖe aɖeke mele o?

17 Nublanuitɔe la, Israel-viwo mewɔ nuteƒe na Yehowa o. Wova srɔ̃ dukɔ siwo subɔa mawu siwo nye ati kple kpe, eye woɖi vɔsamlekpui geɖewo hena trɔ̃subɔsubɔ. Anɔ abe ƒe 2,800 ye nye esi va yi la, nyagblɔɖila Hosea tsɔ Israel-viwo sɔ kple wainka si megale ku nyui tsem o. Egblɔ kpee be: “Woƒe dzi dze eve, eya ta woakpɔe ɖe enu.” (Hosea 10:1, 2) Anɔ abe ƒe 150 megbe la, Yeremiya hã tsɔ Israel-vi dzeaglãwo sɔ kple wainka. Eɖɔ wo be wonye wainka nyuitɔ si trɔ va zu wainka si ŋu viɖe aɖeke mele o. Yehowa gblɔ to Yeremiya dzi be: “Ke afi ka wò mawu, siwo nèwɔ na ɖokuiwò la le? Woawo netso kpɔ, be woate ŋu aɖe wò le wò hiãɣi la hã?” Eye wògblɔ kpee be: “Nye dukɔ ŋlɔm be.”—Yeremiya 2:21, 28, 32.

Ame siwo le nubabla yeyea me la anye dukɔ yeye

18, 19. (a) Aleke Yehowa gblɔe ɖi be yeatia ame bubuwo be woava nye yeƒe dukɔ yeye? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Israel-viwo tse ku gbegblẽ, elabena womesubɔ Yehowa le mɔ nyuitɔ nu o. Womeyi edzi nye eƒe ɖasefowo o, eye wova subɔ trɔ̃wo boŋ. Eya ta Yesu gblɔ na eŋɔli me Yudatɔwo ƒe kplɔla alakpanuwɔlawo be: “Woaxɔ Mawu fiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ si tsea eƒe ku la.” (Mateo 21:43) Ame siwo Yehowa ŋutɔ atia koe ate ŋu anye dukɔ yeye, si nye gbɔgbɔ me Israel la me tɔwo. Awɔ ‘nubabla yeye’ kpli wo. Yehowa gblɔ tso wo ŋu be: “Manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ.”—Yeremiya 31:31-33.

19 Esi Israel-viwo meva wɔ nuteƒe o la, Yehowa tia gbɔgbɔ me Israel be woanye yeƒe amewo le ƒe alafa gbãtɔ me. Ke ame kawoe nye eƒe amewo egbea? Aleke ame siwo di be yewoanye Mawu subɔlawo la awɔ ade dzesi esubɔla vavãwo? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.