Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÀTE ŊU ATE ÐE MAWU ŊU

Ènya Mawu Ƒe Ŋkɔa, Èzãnaea?

Ènya Mawu Ƒe Ŋkɔa, Èzãnaea?

Xɔlɔ̃ vevi aɖe le asiwò si ƒe ŋkɔ mènya oa? Àɖo eŋu be ao. Bulgaria nyɔnu aɖe gblɔe wòsɔ be, “Manya wɔ be míate ɖe Mawu ŋu ne míenya eŋkɔ o.” Abe ale si wòdze le nyati si do ŋgɔ mee ene la, enye dzidzɔ ŋutɔ be nànya be Mawu di be nàte ɖe ye ŋu kplikplikpli. Eya ta, eto Biblia dzi ɖe eɖokui fia wò esi wògblɔ be: “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee.”Yesaya 42:8.

Mawu to Biblia dzi ɖe eɖokui fia wò esi wògblɔ be: “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee.”Yesaya 42:8

Ðe wòle vevie na Yehowa ne ame nya eƒe ŋkɔ hezãnae alo mele vevie nɛ o? Bu nya sia ŋu kpɔ: Wotsɔ Hebrigbe me xaxagbeɖiɖi ene si woyɔna be Tetragrammaton ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔa. Ŋkɔ sia dze zi 7,000 kloe le Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe nuŋlɔɖi gbãtɔawo me. Woyɔ ŋkɔ sia enuenu wu ŋkɔ ɖe sia ɖe si dze le Biblia me. Esia ɖo kpe edzi be Mawu di godoo be míanya yeƒe ŋkɔ ahazãe. *

Zi geɖe la, xɔlɔ̃wɔwɔ dzea egɔme ne ame eve aɖewo va nya wo nɔewo ŋkɔwo. Ènya Mawu ƒe ŋkɔa?

Gake ame aɖewo asusui be esi wònye be Mawu le kɔkɔe eye wònye Ŋusẽkatãtɔ ta la, anye bubumademade eŋu be woazã eƒe ŋkɔa. Le nyateƒe me la, mesɔ be míazã Mawu ƒe ŋkɔa yakayaka, abe ale si ko míazã mía xɔlɔ̃ vevi aɖe ƒe ŋkɔ madzemadzee o ene. Ke hã, enye Yehowa ƒe didi be ame siwo lɔ̃ ye la nade bubu yeƒe ŋkɔa ŋu ahana amewo nanyae. (Psalmo 69:31, 32; 96:2, 8) Ðo ŋku edzi be Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa ale: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” Ne míena amewo nya Mawu ƒe ŋkɔa la, efia be míawo hã míele eƒe ŋkɔa ŋuti kɔm. Esia ana be míate ɖe eŋu kplikplikpli.Mateo 6:9.

Biblia ɖee fia be Mawu tsɔa ɖe le eme na “ame siwo léa ŋku ɖe” alo dea asixɔxɔ eƒe ŋkɔ ŋu etɔxɛe. (Maleaxi 3:16) Yehowa do ŋugbe na ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe be: “Maɖee, elabena eku ɖe ŋunye; makɔe aɖo kɔkɔƒe, elabena enya nye ŋkɔ. Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me.” (Psalmo 91:14, 15) Ne míedi be mí kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli la, ehiã be míanya eƒe ŋkɔ ahazãe.

^ mm. 4 Ewɔ nublanui ŋutɔ be Biblia-gɔmeɖela geɖewo mena Mawu ƒe ŋkɔa dze le woƒe Biblia-gɔmeɖeɖewo me o, togbɔ be ŋkɔ ma dze zi geɖe le Hebri Ŋɔŋlɔawo, si ame geɖe yɔna be Nubabla Xoxoa me hã. Wotsɔ dzesideŋkɔwo abe “Aƒetɔ” alo “Mawu” ɖɔli Mawu ƒe ŋkɔa. Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, ƒe axa 195-197 me. Yehowa Ðasefowoe tae.