Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Miɖo To Ne Miase Egɔme’

‘Miɖo To Ne Miase Egɔme’

“Mi katã miɖo tom, ne miase egɔme.”MARKO 7:14.

1, 2. Nu ka tae ame geɖe mete ŋu se nya siwo tututu gblɔm Yesu nɔ la gɔme o?

NE AME aɖe le nu ƒom na mí la, míesea nya si gblɔm wòle hetea ŋu dea dzesi gbe si wòtsɔ le nua ƒomee gɔ̃ hã. Gake hafi eƒe nyaa me nakɔ na mí la, ehiã be míase nu si tututu gblɔm wòle la gɔme. (1 Korintotɔwo 14:9) Yesu ƒo nu na ame akpe geɖe le woawo ŋutɔwo degbe me. Gake menye wo katãe se eƒe nyawo gɔme ŋutɔŋutɔ o. Eya ta Yesu gblɔ be: “Mi katã miɖo tom, ne miase egɔme.”Marko 7:14.

2 Nu ka tae ame geɖe mete ŋu se nya siwo tututu gblɔm Yesu nɔ la gɔme o? Susu bubuwo nɔ wo dometɔ aɖewo si xoxo, eye susu nyuitɔ menɔ ame aɖewo hã si ɖe nya si gblɔm wònɔ ŋu o. Yesu gblɔ tso ame siawo ŋu be: “Mieto ayemɔ dzi ɖe Mawu ƒe se la ɖa, ale be miaƒe kɔnyinyiwo nanɔ anyi na mi.” (Marko 7:9) Womeɖe afɔ aɖeke be yewoase Yesu ƒe nyawo gɔme o. Wodi be yewoayi edzi alé yewoƒe kɔnuwo kple susuwo me ɖe asi. Ame siawo se nyawo kple to gake meɖo woƒe dzi gbɔ o. (Mixlẽ Mateo 13:13-15.) Gake aleke míana dzi ƒe nɔnɔme nyuitɔ nanɔ mía si ɣesiaɣi be míasrɔ̃ nu tso Yesu ƒe nufiafiawo me?

 ALE SI YESU ƑE NUFIAFIAWO ATE ŊU AÐE VI NA MÍ

3. Nu ka tae nusrɔ̃lawo te ŋu se Yesu ƒe nyawo gɔme?

3 Ele be míasrɔ̃ Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo bɔbɔ wo ɖokui la ƒe kpɔɖeŋu. Egblɔ na wo be: “Miaƒe ŋkuwo kpɔa dzidzɔ, elabena wokpɔa nu, kple miaƒe towo hã, elabena wosea nu.” (Mateo 13:16) Nu ka tae wote ŋu se Yesu ƒe nyawo gɔme evɔ ame bubuwo ya mese egɔme o? Esi woɖe afɔ etɔ̃ aɖewo tae. Gbã la, wolɔ̃ faa bia nyawo eye wodze agbagba be yewoase nya si tututu gblɔm Yesu nɔ la gɔme. (Mateo 13:36; Marko 7:17) Evelia, wolɔ̃ faa tsɔ nu yeye siwo srɔ̃m wonɔ la kpe ɖe nu siwo dzi wolɔ̃ ɖo le woƒe dzi me xoxo la ŋu. (Mixlẽ Mateo 13:11, 12.) Etɔ̃lia, wolɔ̃ faa be yewoatsɔ nu siwo srɔ̃m yewonɔ la awɔ dɔe ahatsɔe akpe ɖe ame bubuwo hã ŋu.Mateo 13:51, 52.

4. Afɔ etɔ̃ kawoe míaɖe hafi ase Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo gɔme?

4 Abe ale si nusrɔ̃lawo wɔe ene la, ele be míawo hã míaɖe afɔ etɔ̃ aɖewo ne míedi be míase Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo gɔme. Gbã la, ehiã be míagbɔ dzi ɖi adzro Yesu ƒe nyawo me ahade ŋugble le wo ŋu, míaku nu me, eye míabia nya siwo sɔ. Esiae nye sidzedze. (Lododowo 2:4, 5) Evelia, ele be míakpɔ kadodo si le sidzedze sia kple nu siwo míenya xoxo la dome, kpakple ale si wòate ŋu aɖe vi na míawo ŋutɔwo. Esiae nye gɔmesese. (Lododowo 2:2, 3) Etɔ̃lia, ele be míawɔ nu siwo srɔ̃m míele la ŋu dɔ, si fia be míatsɔe ade dɔwɔna me. Esiae nye nunya.Lododowo 2:6, 7.

Nunya ate ŋu akpɔ míaƒe agbe ta!

5. Wɔ kpɔɖeŋu si ɖe vovototo si le sidzedze, gɔmesese kple nunya dome fia.

5 Vovototo kae le sidzedze, gɔmesese kple nunya dome? Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be yetɔ ɖe mɔ ƒe domedome eye ʋu gã aɖe gbɔna. Gbã la, ède dzesii be ʋu ye—esiae nye sidzedze. Evelia, èkpɔe be ne yetɔ ɖe afi ma la, ʋua ate ŋu ava lɔ ye—esiae nye gɔmesese! Eya ta èwɔ kaba dze na ʋua—esiae nye nunya! Biblia gblɔ na mí be ‘míalé nunya vavã me ɖe asi sesĩe’ elabena ate ŋu axɔ mí ɖe agbe!Lododowo 3:21, 22; 1 Timoteo 4:16.

6. Nya ene kawoe míabia esime míele Yesu ƒe kpɔɖeŋu adre aɖewo me dzrom? ( Kpɔ aɖakaa.)

6 Le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me la, míadzro kpɔɖeŋu adre aɖewo siwo Yesu wɔ la me. Míabia nya siawo: Nu kae kpɔɖeŋua fia? (Esiae nye sidzedze.) Nu ka tae Yesu wɔ kpɔɖeŋu sia? (Esiae nye gɔmesese.) Aleke míate ŋu awɔ kpɔɖeŋu sia ŋu dɔ wòaɖe vi na míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo? (Esiae nye nunya.) Mlɔeba la, nu kae wòfia mí tso Yehowa kple Yesu ŋu?

ATIKU SUE LA

7. Nu kae Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe atiku suea ŋu la fia?

7 Mixlẽ Mateo 13:31, 32. Nu kae Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe atiku suea  ŋu la fia? Atiku suea le tsitre ɖi na Fiaɖuƒegbedeasi si míeɖea gbeƒãe kpakple Kristo hamea siaa. Esi woɖo Kristo hamea anyi le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) la, ɖeko wònɔ abe “nuku suetɔ kekeake” ene. Gake to gbeƒãɖeɖedɔa dzi la, etsi kabakaba le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Ame geɖe menɔ mɔ kpɔm be atsi nenema gbegbe le ɣeyiɣi kpui ma ko me o. (Kolosetɔwo 1:23) Yesu gblɔ na mí be “dziƒoxewo va nɔa eƒe alɔwo me.” Esia fia be esi Kristo hamea va tsi ɖe edzi la, ame siwo si dzi nyui le la kpɔ nuɖuɖu, vɔvɔli kple dzeƒe le eme.—Tsɔe sɔ kple Xezekiel 17:23.

Kristo hamea tsi kabakaba nukutɔe

8. Nu ka tae Yesu wɔ kpɔɖeŋu si ku ɖe atiku suea ŋu?

8 Nu ka tae Yesu wɔ kpɔɖeŋu sia? Etsɔ atiku sue si tsina kabakaba ƒe kpɔɖeŋua ɖe ale si Mawu Fiaɖuƒea tsinae, ale si wòkpɔa ame tae kple ale si womate ŋu axe mɔ nɛ o la me. Tso ƒe 1914 dzi yina la, Kristo hamea tsi kabakaba nukutɔe. (Yesaya 60: 22) Wokpena ɖe ame siwo le hame sia me ŋu wotena ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli, eye esia nyea gbɔgbɔmetakpɔkpɔ na wo. (Lododowo 2:7; Yesaya 32:1, 2) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, tsitretsiɖeŋu aɖeke mate ŋu axe mɔ ɖe hamea ƒe tsitsi nu o.Yesaya 54:17.

9. (a) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si ku ɖe atiku suea ŋu me? (b) Nu kae esia fia mí tso Yehowa kple Yesu ŋu?

 9 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si ku ɖe atiku suea ŋu me? Ðewohĩ míele nuto si me Ðasefo ʋɛ aɖewo ko le eye woƒe xexlẽme mele dzidzim ɖe edzi kabakaba o la me. Gake mele be míaŋlɔ be gbeɖe o be naneke mate ŋu axe mɔ na Fiaɖuƒea o. Esia ado ŋusẽ mí be míado dzi. Le kpɔɖeŋu me, esi Nɔviŋutsu Edwin Skinner yi India le ƒe 1926 me la, Ðasefo ʋɛ aɖewo koe nɔ afi ma, eye dɔa “menɔ afɔ tsɔm o,” elabena dzidziɖedzi menɔ vavam kabakaba o. Gake eyi edzi nɔ gbeƒã ɖem eye wòkpɔ ale si Fiaɖuƒegbedeasia ɖu kplamatsedonuwo dzii la teƒe. Egbea, Ðasefo siwo wu 37,000 ye le India, eye ame 108,000 kple edzivɔ ye de Ŋkuɖodzia le ƒe 2013 me. Le ƒe si tututu me Nɔviŋutsu Skinner yi India la, dɔa dze egɔme le Zambia teti koe nye ema. Ðasefo 170,000 kple edzivɔ ye le afi ma egbea, eye ame 763,915 ye de Ŋkuɖodzia le ƒe 2013 me. Esia fia be ame 1 le ame 18 ɖe sia ɖe me le Zambia ye de Ŋkuɖodzia. Dzidziɖedzi wɔnuku kae nye esi!

AMƆWƆƲÃNU LA

10. Nu kae kpɔɖeŋu si ku ɖe amɔwɔʋãnua ŋu la fia?

10 Mixlẽ Mateo 13:33. Nu kae kpɔɖeŋu si ku ɖe amɔwɔʋãnua ŋu la fia? Kpɔɖeŋu sia ku ɖe Fiaɖuƒegbedeasia kple ŋusẽ si wòkpɔna ɖe amewo ƒe agbe dzi ŋu. “Amɔwɔ bliboa” le tsitre ɖi na dukɔwo katã. Amɔwɔa ƒe ʋaʋã le tsitre ɖi na ale si Fiaɖuƒegbedeasia le ta kekem to gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Togbɔ be atiku sue la ƒe tsitsi dzena wokpɔna enumake hã la, amɔwɔa ya ƒe ʋaʋã mele nenema o. Ɣeyiɣi aɖe megbe hafi wòva dzena wokpɔna.

11. Nu ka tae Yesu wɔ kpɔɖeŋu si ku ɖe amɔwɔʋãnua ŋu?

11 Nu ka tae Yesu wɔ kpɔɖeŋu sia? Yesu nɔ eɖem fia be ŋutete le Fiaɖuƒegbedeasia ŋu be wòaɖo “anyigba ƒe seƒe ke” eye wòawɔ dɔ ɖe amewo ƒe dziwo dzi be woawɔ tɔtrɔ gãwo le woƒe agbe me. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Ðewohĩ le gɔmedzedzea me la, míakpɔ tɔtrɔ siawo o, gake wole edzi yim hafi. Ame gbogbo aɖewo le Fiaɖuƒegbedeasia xɔm le teƒeteƒewo eye wole mɔ ɖem be gbedeasi wɔdɔɖeamedzi sia natrɔ woƒe agbenɔnɔ.Romatɔwo 12:2; Efesotɔwo 4:22, 23.

12, 13. Ƒo nu tso ale si gbeƒãɖeɖedɔa keke tae, abe ale si wòdze le kpɔɖeŋu si ku ɖe amɔwɔʋãnua ŋu me ene la ŋu.

12 Ɣeaɖewoɣi la, ƒe geɖe va yina hafi dɔ si gbedeasia wɔ ɖe ame siwo see dzi la dzena. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1982 me la, Franz kple Margit, siwo nye atsu kple asi aɖe siwo nɔ dɔ  wɔm le Betel le Brazil la ɖe gbeƒã le du sue aɖe me. Woɖo Biblia nusɔsrɔ̃ anyi kple ame geɖe, hekpe ɖe vidada aɖe kple via ene ŋu. Viaŋutsuvi tsitsitɔ xɔ ƒe 12 ɣemaɣi. Ŋu kpenɛ ŋutɔ, eye zi geɖe la, edzea agbagba be yeayi aɖabe ne nusɔsrɔ̃a wɔɣi ɖo. Gake wova ɖe Franz kple Margit yi teƒe bubu, si wɔe be womegate ŋu yi nusɔsrɔ̃a dzi o. Le ƒe 25 megbe la, wogaɖi tsa yi dua me. Bu dzidzɔ si gbegbe wokpɔ esi wokpɔe be gbeƒãɖela 69, siwo dome ame 13 nye gbesiagbe mɔɖelawo la katã le kpekpem le Fiaɖuƒe Akpata yeye me ŋu kpɔ! Eye ŋutsuvi ma si ŋu kpena la tsi va zu hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla! Abe ale si wòdze le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe amɔwɔʋãnua ŋu me ene la, Fiaɖuƒegbedeasia keke ta eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe ƒe agbe dzi.

13 Le dukɔ siwo me womeɖe mɔ be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa le gaglã o gɔ̃ hã la, ŋusẽ si le Fiaɖuƒegbedeasia ŋu la le amewo ƒe agbenɔnɔ trɔm. Ne míese nu tso ale si gbegbe gbedeasia kaka le dukɔ mawo me ŋu la, ewɔa nuku na mí ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, Fiaɖuƒegbedeasia ɖo Cuba le ƒe 1910 me, eye Nɔviŋutsu Russell zɔ mɔ yi afi ma le ƒe 1913 me. Le gɔmedzedzea me la, dzidziɖedzia nɔ blewu. Aleke dɔa le edzi yim le Cuba egbea? Gbeƒãɖela 96,000 kple edzivɔ ye le gbeƒã ɖem nya nyuia le afi ma, eye ame 229,726 ye de Ŋkuɖodzia le ƒe 2013 me. Esia fia be dukɔa me tɔ 1 le ame 48 ɖe sia ɖe me ye de Ŋkuɖodzia. Le dukɔ siwo womeɖo asi dɔa dzi le o gɔ̃ hã me la, Fiaɖuƒegbedeasia ɖo nuto siwo me nɔviawo mesusui be woate ŋu aɖi ɖase le o la me. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)Nyagblɔla 8:7; 11:5.

Yehowa akpɔ egbɔ be wowɔ dɔa de goe

14, 15. (a) Nufiame kae le kpɔɖeŋu si ku ɖe amɔwɔʋãnua ŋu me na mí? (b) Nu kae esia fia mí tso Yehowa kple Yesu ŋu?

14 Nufiame kae le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe amɔwɔʋãnua ŋu me na mí? Ne míede ŋugble le nu si Yesu ƒe kpɔɖeŋua fia ŋu la, míakpɔe be mehiã be míatsi dzimaɖi le ale si Fiaɖuƒegbedeasia awɔ aɖo ame miliɔn geɖe siwo mesee haɖe o gbɔ la ŋu o. Yehowa akpɔ egbɔ be wowɔ dɔa de goe. Ke akpa kae míawɔ? Mawu ƒe Nya la ɖo eŋu be: “Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye mègadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye esi alo ekeme alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.” (Nyagblɔla 11:6) Ke hã ehiã be míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be míabia Yehowa ƒe yayra ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi, vevietɔ le dukɔ siwo me woɖo asi dɔa dzi le.Efesotɔwo 6:18-20.

15 Azɔ hã, mele be dzi naɖe le mía ƒo ne ku si tsem míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa le medze enumake o. Mele be míado  vlo “gɔmedzedze nyaŋui” o. (Zaxarya 4:10) Nu nyui wɔnukuwo ate ŋu ado tso míaƒe agbagbadzedzewo me wu ale si míawo ŋutɔwo míesusui gɔ̃ hã!Psalmo 40:6; Zaxarya 4:7.

ASITSALA MƆZƆLAA KPLE KESINƆNU SI WOƔLA LA

16. Nu kae kpɔɖeŋu siwo ku ɖe asitsala mɔzɔlaa kple kesinɔnu si woɣlaa ŋu fia?

16 Mixlẽ Mateo 13:44-46. Nu kae kpɔɖeŋu siwo ku ɖe asitsala mɔzɔlaa kple kesinɔnu si woɣlaa ŋu fia? Le Yesu ƒe ŋkekeawo me la, asitsala aɖewo zɔa mɔ legbeewo ɖadia dzonu nyuitɔwo ƒlena. “Dzonu xɔasi nyui” si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la tsi tsitre ɖi na Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒe xɔasia, eye asitsalaa le tsitre ɖi na ame siwo si dzi nyui le, siwo tsana le afi sia afi be yewoake ɖe nyateƒea ŋu. Asitsalaa lɔ̃ faa dzra nu siwo katã le esi la “enumake,” ale be wòate ŋu aƒle dzonu xɔasi sia. Yesu gawɔ kpɔɖeŋu bubu ku ɖe ŋutsu aɖe si ke ɖe kesinɔnu aɖe si “woɣla” ŋu esime wònɔ dɔ wɔm le agble me ŋu. Menye ɖe ŋutsu sia nɔ tsatsam nɔ kesinɔnua dim, abe ale si wònɔ le asitsalaa gome ene o. Gake esi wòkpɔe be exɔ asi ŋutɔ la, eya hã lɔ̃ faa dzra “nu sia nu” si le esi eye wòƒlee.

17. Nu ka tae Yesu wɔ kpɔɖeŋu si ku ɖe asitsala mɔzɔlaa kple kesinɔnu si woɣla la ŋu?

17 Nu ka tae Yesu wɔ kpɔɖeŋu eve mawo? Enɔ eɖem fia be amewo toa mɔ vovovowo dzi kena ɖe nyateƒea ŋu. Ame aɖewo dia nyateƒea hetsɔa nanewo saa vɔe hafi kena ɖe eŋu. Le ame aɖewo gome la, ɖewohĩ ame aɖee va ɖe gbeƒã na wo, ke menye woawo ŋutɔwoe nɔ nyateƒea dim o. Le kpɔɖeŋuawo me la, ame evea siaa de asixɔxɔ nu siwo ŋu woke ɖo la ŋu, eye wotsɔ nu geɖewo sa vɔe hafi woƒe asi su edzi.

Lɔ̃ faa nàwɔ wò ŋutete ɖe sia ɖe be nàtsɔ nyateƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me

18. (a) Nufiame kae le kpɔɖeŋu eve siawo me na mí? (b) Nu kae esia fia mí tso Yehowa kple Yesu ŋu?

18 Nufiame kae le kpɔɖeŋu eve siawo me na mí? (Mateo 6:19-21) Bia ɖokuiwò be: ‘Nɔnɔme si nɔ ŋutsu eve siawo si ku ɖe nyateƒea ŋu la kee nye hã meɖena fiana? Ðe nyateƒea nye kesinɔnu nama? Ðe melɔ̃na faa tsɔa nuwo saa vɔe ɖe eta, alo ɖe meɖea mɔ nu bubuwo, abe gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ene hea nye susua?’ (Mateo 6:22-24, 33; Luka 5:27, 28; Filipitɔwo 3:8) Ne míelɔ̃ nyateƒea vavã la, míalɔ̃ faa awɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míatsɔe aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me.

19. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Neva eme be míaɖee afia be míelé to ɖe kpɔɖeŋu siawo ŋu hese nu si tututu wofia la gɔme. Ðo ŋku edzi be menye nu si wofia la ɖeɖe nyanya koe hiã o. Ele vevie be míatsɔ nu siwo míesrɔ̃ tso wo me la awɔ dɔe. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro kpɔɖeŋu etɔ̃ bubu me eye míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo me.

^ mm. 13 Àte ŋu axlẽ nuteƒekpɔkpɔwo abe esia ene tso Argentina (Ƒe 2001 ƒe Ƒegbalẽ, axa 186); East Germany (Ƒe 1999 ƒe Ƒegbalẽ, axa 83); Papua New Guinea (Ƒe 2005 ƒe Ƒegbalẽ, axa 63); kple Robinson Crusoe Island (Gbetakpɔxɔ, June 15, 2000, axa 9) ŋu.