Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu kae nya si Yeremiya gblɔ be Raxel le fafam na viaŋutsuwo la fia?

Wogblɔ le Yeremiya 31:15 be: “Ale Yehowa gblɔ esi: ‘Wose konyifagbe le Rama kple avifafa vevie, Raxel le fafam na viawo, eye wògbe be, womegafa akɔ na ye le ye viwo ŋuti o, le esi womegali o la ta.’”

Raxel viŋutsu eveawo metre kuku na Raxel o. Eya ta ate ŋu adze abe ɖe nya mawo si Yeremiya ŋlɔ anɔ abe ƒe 1,000 ene le Raxel ƒe ku megbe la mede tututu o ene.

Raxel viŋutsu gbãtɔe nye Yosef. (1 Mose 30:22-24) Emegbe Raxel ku le viaŋutsu evelia, si nye Benyamin, dziɣi. Eya ta ɖewohĩ míabia be, Ekema nu ka tae Yeremiya 31:15 gblɔ be enɔ fafam na viaŋutsu siwo ‘megali o’?

Yosef dzi ŋutsuvi eve. Woawoe nye Manase kple Efrayim. (1 Mose 41:50-52; 48:13-20) Emegbe Efrayim-toa va kpɔ ŋusẽ wu le Israel ƒe dziehefiaɖuƒea ƒe to mamlɛawo dome eye wova yɔa to sia ŋkɔ wòtsia tsitre ɖi na dziehefiaɖuƒea ƒe to ewoawo katã. To si va do tso Raxel viŋutsu kemɛa, si nye Benyamin me la va nye anyiehefiaɖuƒe si nye Yuda la ƒe akpa aɖe. Eya ta míate ŋu agblɔ be Raxel va le tsitre ɖi na Israel vidadawo katã, esiwo le dziehefiaɖuƒea kple anyiehefiaɖuƒea siaa me.

Kaka woaŋlɔ Yeremiya ƒe agbalẽa la, Asiriatɔwo ɖu Israel ƒe dziehefiaɖuƒea dzi xoxo hekplɔ ame akpa gãtɔ yi aboyo mee. Gake anɔ eme be Efrayim ƒe dzidzimeviwo dometɔ aɖewo si yi Yuda. Le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, Babilontɔwo ɖu Yuda ƒe anyiehe to-eve-fiaɖuƒea dzi heɖe aboyo wo. Wokplɔ aboyomeawo dometɔ geɖe yi Rama, si didi tso Yerusalem gbɔ abe kilometa enyi ene. (Yeremiya 40:1) Ðewohĩ wowu wo dometɔ aɖewo le Benyamin-toa ƒe anyigba dzi, si nye nuto si me woɖi Raxel ɖo. (1 Samuel 10:2) Eya ta anye be Raxel ƒe avifafa la le tsitre ɖi na ale si wofa konyii le Benyamintɔwo ƒe ku alo ame siwo katã wowu le afi si te ɖe Rama ŋu ta. Ate ŋu anɔ eme hã be Yeremiya ƒe nyawo ku ɖe Israel vidada siwo katã nɔ konyi fam le Mawu ƒe ame siwo wowu alo wokplɔ yi aboyo me ta la ŋu.

Gake le wo katã me la, nya siwo Yeremiya gblɔ tso Raxel ƒe avifafa le viawo ƒe ku ta ŋu la nye nyagblɔɖi. Woku ɖe nu si dzɔ ƒe alafawo megbe esime Yesu nye ɖevi sue la ŋu. Fia Herodes de se be woawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o la le Betlexem, si le Yerusalem ƒe anyiehe godzi. Bu dzigbagbã ƒe ɣli si de dzi esime vidadawo nɔ avi fam le wo vi siwo ‘megali o’ ta la ŋu kpɔ. Ðeko wòle abe ɖe wonɔ woƒe avifafaa ŋkɔ sem le keke Rama ke, si le Yerusalem ƒe dziehe godzi la ene.Mateo 2:16-18.

Eya ta le Yeremiya kpakple Yesu siaa ŋɔli la, wotsɔ Raxel ƒe ‘fafa na viawo’ ɖɔ Yuda vidadawo ƒe blanuiléle le wo viwo ƒe ku ta. Ke hã anɔ eme be ame siwo wowu eye woyi ɖe ku, si nye ‘futɔ la ƒe anyigba dzi’ la, agbɔ agbe le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la me.Yeremiya 31:16; 1 Korintotɔwo 15:26.