Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Nu kae ʋãa amewo wodina be yewonya ne Wɔla aɖe li?

Ðe ale si wowɔ míi la mewɔ nuku ŋutɔ oa?

Ƒe 3,000 aɖewoe nye esia hakpanyaŋlɔla aɖe ŋlɔ bena: “Meda akpe na wò le ale si wowɔm nukutɔe la ta.” (Psalmo 139:14) Ne ède ŋugble tso ale si ʋukɔe sue aɖe tsina va zua vidzĩ ŋu la, ɖe esia mewɔa ŋku na wò ŋutɔa oa? Ame geɖe daa akpe na Wɔlaa ɖe ale si wòwɔ nu gbagbewoe la ta.Xlẽ Psalmo 139:13-17; Hebritɔwo 3:4.

Ame si wɔ xexe bliboa eye wòwɔ anyigba le mɔ aɖe nu be agbe nanya nɔ le edzi la kee wɔ nu gbagbewo hã. (Psalmo 36:10) Eƒo nu kple amegbetɔwo eye wòna míenya ame si ƒomevi wònye.Xlẽ Yesaya 45:18.

Lãwo mee míedzɔ tsoa?

Míaƒe ŋutinuwo de sɔsɔ ge kple lãwo tɔ le mɔ geɖe nu. Gake esi wònye be ɖe Mawu wɔ amegbetɔwo kple lãwo siaa be woanɔ agbe le anyigba dzi tae wòwɔ wo nenema ɖo. Menye lã aɖeke mee Mawu ɖe ame gbãtɔ la tsoe o, ke boŋ anyi ye wòtsɔ mèe.Xlẽ 1 Mose 1:24; 2:7.

Amegbetɔwo to vovo na lãwo le mɔ ɖedzesi eve nu. Gbã la, nunya le amegbetɔwo si, eye ŋutete hã le wo si be woalɔ̃ wo Wɔla la ahade bubu eŋu. Eveliae nye be wowɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe tegbee, gake womewɔ lãwo ya nenema o. Gake nu si ta amegbetɔwo katã kuna fifiae nye be míenyi ku ƒe dome tso ame gbãtɔ si gbe Mawu ƒe mɔfiafiawo dzi wɔwɔ la gbɔ.Xlẽ 1 Mose 1:27; 2:15-17.