Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÀDI BE WOASRƆ̃ BIBLIA KPLI YEA?

Biblia-Sɔsrɔ̃ Ƒe Ðoɖo Si Nyo Na Ame Sia Ame

Biblia-Sɔsrɔ̃ Ƒe Ðoɖo Si Nyo Na Ame Sia Ame

Wonya Yehowa Ðasefowo nyuie be woɖea gbeƒã na amewo le dutoƒo. Gake ɖe nènya be míewɔa Biblia-sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo hã kple amewo le xexea me godooa?

Le ƒe 2014 me la, Ðasefo siwo wu ame 8,000,000, siwo le dukɔ 240 me la srɔ̃ Biblia kple ame siwo ade 9,500,000 kloe ɣleti sia ɣleti. * Le nyateƒe me la, ame siwo míesrɔ̃a Biblia kplii la sɔ gbɔ wu dukɔ 140 aɖewo me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ kura!

Yehowa Ðasefowo taa Bibliawo, agbalẽwo, magazinewo, kple nu bubu siwo wotsɔ srɔ̃a Biblia kple amewo la ƒe xexlẽme biliɔn ɖeka kple afa kloe ɖe gbegbɔgblɔ 700 sɔŋ me ƒe sia ƒe, ale be woate ŋu awɔ nufiafiadɔ sia nyuie! Agbalẽtatadɔ sia si ɖeke mesɔ kplii o la na wòle bɔbɔe na amewo be woasrɔ̃ Biblia le gbegbɔgblɔ si woawo ŋutɔwo di me.

NYA SIWO AMEWO BIANA EDZIEDZI TSO BIBLIA-SƆSRƆ̃ ƑE ÐOÐO SI MÍEWƆNA ŊU ƑE ŊUÐOÐOWO

Ðoɖo ka nue nusɔsrɔ̃a zɔna ɖo?

Míetiaa Biblia me nyati aɖe eye míedzroa mawunyakpukpui siwo do ƒome kplii la me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ɖo nyabiase vovovowo ŋu; wo dometɔ aɖewoe nye: Ame kae nye Mawu? Aleke wòle? Ðe ŋkɔ le esia? Afi kae wòle? Ðe míate ŋu ate ɖe eŋua? Kuxiae nye be mele bɔbɔe be woanya afi si ŋuɖoɖoawo le le Biblia me o.

Zi geɖe la, míezãa axa 224 ƒe agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? * tsɔ kpena ɖe amewo ŋu wokena ɖe ŋuɖoɖoawo ŋu. Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu etɔxɛe be wòakpe ɖe amewo ŋu woase Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme. Nufiafia siawo ku ɖe nyati siwo nye Mawu, Yesu Kristo, amegbetɔwo ƒe fukpekpewo, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi, gbedodoɖa, kple nyati bubu geɖewo ŋu.

Ɣekaɣie woate ŋu asrɔ̃ nua kplim, eye le afi ka?

Woate ŋu asrɔ̃ nua kpli wò le ɣeyiɣi si sɔ na wò me kple teƒe si nèdi.

Ɣeyiɣi didi kae nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe xɔna?

Ame aɖewo tsɔa gaƒoƒo ɖeka ɖoa anyi kwasiɖa sia kwasiɖa na Biblia-sɔsrɔ̃. Gake míetea ŋu trɔa asi le nusɔsrɔ̃a ƒe didime ŋu faa. Míate ŋu awɔe wòasɔ ɖe wò nɔnɔmewo nu. Miniti 10 alo 15 koe ame aɖewo ƒe nusɔsrɔ̃a xɔna kwasiɖa sia kwasiɖa.

Ho nenie woxɔna ɖe nusɔsrɔ̃a ta?

Míexɔa ga aɖeke ɖe nusɔsrɔ̃a kple nusrɔ̃gbalẽawo ta o. Esia wɔ ɖeka kple nya si Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Faa miexɔe, faa minae.”Mateo 10:8.

Ɣeyiɣi didi kae nusɔsrɔ̃ bliboa xɔna?

Míate ŋu ayi edzi anɔ nua srɔ̃m kpli wò zi ale si nèdi ko. Nusɔsrɔ̃nyati 19 ye le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? me. Woate ŋu asrɔ̃ wo dometɔ ɖe sia ɖe alo wo katã kpli wò ɣeyiɣi didime si wò ŋutɔ nèdi.

Ðe wòle be mava zu Yehowa Ðasefoa?

Ao. Míenyae be gome le ame sia ame si be wòatia eƒe dzixɔse eye míedea bubu woƒe tiatiawo ŋu. Ke hã, ne ame aɖe va se Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme nyuie la, esia kpena ɖe eŋu wòwɔa tiatia si wòkpɔ be enyo.

Afi kae magate ŋu akpɔ nyatakaka bubuwo le?

Àte ŋu akpɔ nyatakaka vavãwo le Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org/ee ku ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo kple woƒe dɔwɔnawo ŋu.

Aleke mawɔ abia be woava srɔ̃ Biblia kplim?

  • Àte ŋu awɔ esia to Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye www.pr418.com/ee dzi.

  •  
  • Ƒo ka na Yehowa Ðasefowo. Àte ŋu adi ŋkɔ “Jehovah’s Witnesses” alo “Témoins de Jéhovah” le telefongbalẽ si le miaƒe nutoa me la me alo nàbia wo dometɔ siwo le miaƒe nutoa me.

^ mm. 4 Zi geɖe la, míesrɔ̃a Biblia kple ame ɖekaɖekawo eye míesrɔ̃nɛ kple amewo le ƒuƒoƒo suewo hã me.

^ mm. 9 Yehowa Ðasefowoe tae. Wota agbalẽ sia ɖekaɖeka miliɔn 230 kple edzivɔ le gbegbɔgblɔ siwo wu 260 me.