Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

DZEÐOÐO KPLE AƑELIKA

Nu Ka Tae Wòle Be Woaɖo Ŋku Yesu Ƒe Kua Dzi?

Nu Ka Tae Wòle Be Woaɖo Ŋku Yesu Ƒe Kua Dzi?

Na míakpɔ ale si Yehowa Ðasefowo ɖoa dze kple amewoe la ƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖa. Tsɔe be Ðasefo si ŋkɔe nye Esenam trɔ yi nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Venunye gbɔ le eƒeme.

“MINƆ ESIA WƆM HENA ŊKUÐOÐO DZINYE”

Esenam: Ŋdi na wò, Venunye. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be nèva Yesu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le Kwasiɖa si va yi me. * Aleke nèkpɔ wɔna lae?

Venunye: Wɔnaa do dzidzɔ nam, gake ne mato nyateƒea, menye nya sia nya gɔmee mese o. Menya be amewo ɖua Yesu ƒe dzigbezã le Kristmas dzi eye woɖua eƒe tsitretsitsi ƒe azã hã le Easter (alo Pâques) dzi, ke hã nyemesee kpɔ be ame aɖewo ɖoa ŋku eƒe ku dzi o.

Esenam: Nyateƒee, ame geɖe nya nu tso Kristmas kple Easter ŋu le xexea me godoo. Gake Yehowa Ðasefowo xɔe se be, ele vevie be woaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi. Ne ɣeyiɣi vi aɖe le asiwòa, adzɔ dzi nam be maɖe susu siwo tae la me na wò.

Venunye: Yoo, ɣeyiɣi vi aɖe le asinye.

Esenam: Susu vevi si tae Yehowa Ðasefowo ɖoa ŋku Yesu ƒe kua dzie nye be Yesu ŋutɔe de se na eyomedzelawo be woanɔ esia wɔm. Bu nu si dzɔ le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe kua me ŋu kpɔ. Èɖo ŋku edzi be woa kple eyomedzela wɔnuteƒewo woɖu nuɖuɖu tɔxɛ aɖe le zã ma mea?

Venunye: Fiẽnuɖuɖu Mamlɛa ye nèwɔnɛa?

Esenam: Tututu. Wogayɔnɛ hã be Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu. Le nua ɖuɣi la, Yesu de se aɖe si me kɔ nyuie la na eyomedzelawo. Àdi be yeaxlẽ eƒe nya si dze le Luka 22:19 la na mía?

Venunye: Ɛ̃. Afi ma gblɔ be: “Azɔ etsɔ abolo, da akpe, ŋe eme, eye wòtsɔe na wo gblɔ be: ‘Esia le tsitre ɖi na nye ŋutilã si woatsɔ ana ɖe mia ta. Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.’”

Esenam: Akpe na wò. Kpɔ se si Yesu de le mawunyakpukpuia ƒe nuwuwu ɖa. Egblɔ be: “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.” Eye hafi Yesu nade se ma na eyomedzelawo be woanɔ ŋku ɖom ye dzi la, egblɔ nu si tututu dzi wòle be woaɖo ŋkui ku ɖe eya amea ŋu la eme kɔ nyuie. Egblɔ be yele yeƒe agbe tsɔ ge asa vɔe ɖe ye yomedzelawo ta. Nya ma tɔgbi kee Yesu gblɔ abe ale si wòdze le Mateo 20:28 ene. Kpukpui sia gblɔ be: ‘Amegbetɔvi la meva be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ eye yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe na ame geɖewo.’ Kpuie ko la, susu sia tae Yehowa Ðasefowo ƒoa ƒu ƒe sia ƒe le Yesu ƒe kuzãa dzi be yewoaɖo ŋku tafevɔsa si Yesu na ɖe mía ta dzi ɖo. Eƒe kua ate ŋu axɔ amegbetɔ toɖolawo katã ɖe agbe.

NU KA TAE TAFEA HIÃ ÐO?

Venunye: Mesenɛ amewo gblɔna be Yesu ku ɖe mía ta ale be míate ŋu akpɔ agbe. Gake le nyateƒe mea, nyemese ale si esia ate ŋu anya wɔe la gɔme o.

Esenam: Ame geɖewo hã sena le wo ɖokuiwo me abe wò ke ene. Yesu ƒe tafevɔsaa ŋuti nufiafiaa gɔme sese sesẽ. Ke hã nufiafia ma kee galéa dzi na ame wu le Mawu ƒe Nya la me. Gake gbã gbɔ, èle wò gamea kpɔma?

Venunye: Oo, mègatsi dzi o, miniti ʋɛ aɖewo le asinye.

Esenam: Enyo ŋutɔ. Mele nu xlẽm tso tafea ŋu le ŋkeke siawo me, eye madze agbagba aɖe eƒe nufiafiaa me na wò be nàte ŋu ase egɔme.

Venunye: Adzɔ dzi nam.

Esenam: Hafi míate ŋu ase ale si tafea ana míakpɔ agbe gɔme la, gbã la, ele be míase nu si tututu dzɔ esime Adam kple Xawa wowɔ nu vɔ̃ le Eden-bɔa me la gɔme. Nya si le Romatɔwo 6:23 la akpe ɖe mía ŋu míase nu gbegblẽ si do tso woƒe nuwɔnaa me la gɔme. Anyo be míaxlẽe. Meɖe kuku, àdi be yeaxlẽe na mía?

Venunye: Ɛ̃. Afi ma gblɔ be: ‘Nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe nunanae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.’

Esenam: Akpe. Na míadzro nya siawo me nyuie. Gbã, de dzesi ale si mawunyakpukpuia dze egɔmee; egblɔ be: “Nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku.” Esia nye se si me kɔ nyuie, si Mawu de tso gɔmedzedzea me ke—esi fia be, nu vɔ̃ ƒe tohehee nye ku. Evɔ le gɔmedzedzea me la, ame aɖeke menye nu vɔ̃ wɔla o. Wowɔ Adam kple Xawa wode blibo, eye esia fia be, ne wodzi viwo la, wo viwo hã anye ame deblibowo. Eya ta susu aɖeke menɔ anyi si tae ame naku ɖo o. Mɔnukpɔkpɔa nɔ ʋuʋu ɖi na Adam kple Xawa kpakple woƒe dzidzimeviwo be woanɔ agbe ɖaa ahanɔ dzidzɔ kpɔm tegbee. Gake abe ale si míenyae enea, nuwo meva tsɔ afɔ nyuie o. Alo, ɖe nuwo tsɔ afɔ nyuiea?

Venunye: Ao. Adam kple Xawa woɖu atikutsetse si nu wode se ɖo la.

Esenam: Nenema tututue. Eye esi Adam kple Xawa woɖu atikutsetsea la, efia be woɖoe koŋ gbe toɖoɖo Mawu, eye ema fia be wowɔ nu vɔ̃. Ne míagblɔe la, woƒe nuwɔnaa ɖee fia be wotiae be yewoazu ame madeblibowo, alo nu vɔ̃ wɔlawo. Afɔ si woɖe la he vɔ̃ gã aɖe va woawo ŋutɔwo kple woƒe dzidzimeviwo katã dzi.

Venunye: Wò nyaa gɔme ɖe?

Esenam: Enyo, le afi sia la, ɖewohĩ anyo be mawɔ kpɔɖeŋu aɖe atsɔ aɖe eme na wò. Meɖe kuku, abolomeme doa dzidzɔ na wòa?

Venunye: Ɛ̃! Edoa dzidzɔ nam.

Esenam: Tsɔe be èƒle abolomegba nyui aɖe be yeatsɔe amè abolo. Gake hafi nàzãe zi gbãtɔ la, ege ɖe anyigba eye wònyè ɖe eme. Azɔ, ne ètsɔ abolomegba ma mè abolo la, aleke abolo ɖe sia ɖe si nàmè le eme la ƒe nɔnɔme anɔ? Ðe wo dometɔ ɖe sia ɖe manyè ɖe eme nenema ke oa?

Venunye: Woanyè ɖe eme godoo.

Esenam: Esime Adam kple Xawa ɖoe koŋ gbe toɖoɖo Mawu la, le mɔ aɖe nu la, “wonyè ɖe eme,” alo fɔɖiɖi va le wo ŋu, le nu vɔ̃ kple blibomademade ta. Eye esi wozu nu vɔ̃ wɔlawo hafi va dze vidzidzi gɔme ta la, wo viwo katã hã “anyè ɖe eme” godoo. Esia fia be woadzi wo viwo katã ɖe nu vɔ̃ me. Le Biblia me la, menye nuwɔna koe nya “nu vɔ̃” fiana o, ke efiaa nu vɔ̃ ƒe nɔnɔme si ƒe dome míenyi hã. Emetsonua ye nye be, togbɔ be nye kpli wò míewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, eye womekpɔ dzi mí esime Adam kple Xawa wowɔ nu vɔ̃ o hã la, esi wònya wɔ nu vɔ̃ ko la, ɖeko wòle abe ɖe wotsɔ mía kple woƒe dzidzimeviwo katã dzra na blibomademade kple nu vɔ̃ si ahe ku vɛ na mí mlɔeba ene. Ðeko wòle abe ale si míekpɔe le Romatɔwo 6:23 be nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku ene.

Venunye: Esia mesɔ o ɖe! Nu ka tae wòle be amegbetɔwo katã nakpe fu ɖe nu vɔ̃ si Adam kple Xawa wɔ ta?

Esenam: Wò nyaa le eme—edze abe nu si mesɔ o ene. Gake susu bubu aɖewo tae. Esia tae Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la tso kufia na Adam kple Xawa le woƒe nu vɔ̃a ta ɖo. Gake Mawu megblẽ mí ame siwo nye woƒe dzidzimeviwo la ɖi ɖikaa o. Ewɔ ɖoɖo be yeaɖe mí tso nɔnɔme sesẽ sia me. Afi siae Yesu ƒe tafevɔsaa hiã le. Galé ŋku ɖe nya si dze le Romatɔwo 6:23 la ŋu ake. Esi mawunyakpukpuia gblɔ be “nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku” vɔ la, eyi edzi gblɔ be: ‘Mawu ƒe nunanae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.’ Eya ta Yesu ƒe ku lae ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí be míava vo tso nu vɔ̃ kple ku si me. *

TAFE LAE NYE NUNANA GÃTƆ KEKEAKE SI MAWU NA MÍ

Esenam: Numeɖeɖe bubu aɖe le mawunyakpukpui sia me si dzi madi be mahe wòsusu ayi.

Venunye: Nu kae wònye?

Esenam: De dzesii be kpukpuia gblɔ be: ‘Mawu ƒe nunanae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.’ Azɔ, esi wònye be Yesue nye ame si kpe fu heku, eye eyae tsɔ eƒe agbe sa vɔe ɖe mía ta ta la, nu ka tae mawunyakpukpuia gblɔ be ‘Mawu ƒe nunanae’ tafea nye? Nu ka tae womegblɔ be “Yesu ƒe nunanae” o? *

Venunye: Hmm. Nyemenya o.

Esenam: Nya lae nye be, Mawue wɔ Adam kple Xawa, eye esime wodze aglã le Eden-bɔa me la, eya ŋue wowɔ nu vɔ̃ ɖo. Esi amegbetɔ eve gbãtɔawo gbe toɖoɖoe la, anya te ɖe edzi ŋutɔ. Ke hã Yehowa wɔ ɖoɖo enumake be yeatsɔ akpɔ kuxia gbɔ. * Eɖoe be yeadɔ yeƒe gbɔgbɔmeviwo dometɔ ɖeka ɖe anyigba dzi be wòava nɔ agbe abe amegbetɔ ene, eye mlɔeba wòatsɔ eƒe agbe asa vɔ wòanye fe si woaxe ɖe mía ta. Eya ta le nyateƒe me la, Mawu ƒe nunanae tafe ƒe ɖoɖo bliboa nye. Susu bubu aɖe hã li si tae tafea nye Mawu ƒe nunana ɖo. Èbu ale si Mawu anya se le eɖokui me esime wowu Yesu ŋu kpɔa?

Venunye: Ao, nyemeka ɖe edzi o.

Esenam: Mekpɔ ɖeviwo ƒe fefenu aɖewo le wò aƒea me esi mege ɖe eme. Meka ɖe edzi be vidadae nènye, alo?

Venunye: Ɛ̃, vi eve le asinye—ŋutsuvi ɖeka kple nyɔnuvi ɖeka.

Esenam: Abe dzila enea, tɔ sẽe nàde ŋugble le ale si Yesu Fofo, Yehowa Mawu, si le dziƒo la anya se le eɖokui me esime Yesu ku ŋu kpɔ. Wò ya bu eŋu kpɔ be aleke wòase le eɖokui me esime wònɔ Via si gbɔ melɔ̃a nu le o la kpɔm tso dziƒo esi wolée, wonɔ fewu ɖum le eŋu henɔ kɔ tumee ŋu kpɔ? Eye aleke Fofoa se le eɖokui me esime woklã Via ɖe ati ŋu hefɔ atia ɖe tsitrenu eye wogblẽe ɖe afi ma wònɔ veve sem helĩhelĩ ʋuu kaka va ku mlɔeba?

Venunye: Meka ɖe edzi be ase veve ŋutɔ. Nyemebu eŋu alea kpɔ o!

Esenam: Nyateƒee, gake nya aɖeke meli míate ŋu atsɔ aɖɔ ale si tututu Mawu se le eɖokui me gbe ma gbe o. Ke hã míenya be enye ame si sea veve, eye míenya nu si tae wòɖe mɔ nu siawo katã dzɔ ɖo hã. Woɖe eme wòwɔ dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe le mawunyakpukpui si ame geɖe nya nyuie, si nye Yohanes 3:16 la me. Àdi be yeaxlẽe míasea?

Venunye: Ɛ̃. Afi ma gblɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”

Tafevɔsa lae nye lɔlɔ̃ɖeɖefia gãtɔ kekeake

Esenam: Akpe na wò. Galé ŋku ɖe kpukpui sia ƒe nya gbãtɔwo ŋu ake. Egblɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea.” Nya vevitɔa ye nye emalɔlɔ̃. Lɔlɔ̃e ʋã Mawu wòdɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi be wòava ku ɖe mía ta. Le nyateƒe me la, tafevɔsa lae nye lɔlɔ̃ɖeɖefia gãtɔ kekeake. Eye lɔlɔ̃ siae Yehowa Ðasefowo ƒoa ƒu ɖoa ŋkui ƒe sia ƒe le Yesu ƒe kuzãa dzi. Ðe numedzodzro sia ɖe vi na wòa?

Venunye: Ɛ̃, akpe na wò. Edzɔ dzi nam be èxɔ dzigbɔɖi zã wò ɣeyiɣi tsɔ ɖe nya sia me nam.

Ðe Biblia ƒe nufiafia aɖewo gɔme sese sesẽna na wòa? Ðe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse alo woƒe subɔsubɔnuwɔna aɖe li si gɔme nàdi be yeasea? Ne wò ŋuɖoɖoa nye ɛ̃ la, ekema míade dzi ƒo na wò be nàte ɖe wo dometɔ ɖeka ŋu faa. Adzɔ dzi na wo be yewoadzro eme kpli wò.

^ mm. 5 Yehowa Ðasefowo ƒoa ƒu ɖoa ŋku Yesu ƒe kua dzi ƒe sia ƒe le eƒe kuzãa dzi. Le ƒe sia me la, eƒe ku ƒe ŋkuɖodzizãa dze Fiɖa, April 3 lia dzi.

^ mm. 32 Míava dzro ale si Yesu ƒe tafevɔsaa wɔe be míate ŋu ava vo tso nu vɔ̃ si me kpakple nu si wòle be míawɔ be tafea naɖe vi na mí la me la nyati bubu aɖe si míava ta ɖe esia yome la me.

^ mm. 36 Le Biblia ƒe nufiafia nu la, Mawu kple Yesu wonye ame vovovo eve. Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 4 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae.