Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE DZƆDZƆMEŊUTINUNYA VA XƆ ÐE BIBLIA TEƑEA?

Seɖoƒe Li Na Dzɔdzɔmeŋutinunya

Seɖoƒe Li Na Dzɔdzɔmeŋutinunya

Nyitsɔ laa la, wota agbalẽ gbogbo aɖewo siwo me woŋlɔ mawudzimaxɔsela yeyewo ƒe susuwo ɖo. Amewo kpɔ ŋudzedze ɖe agbalẽawo ŋu eye woƒo nu tso wo ŋu hewɔ numedzodzro le wo ŋu ale gbegbe be eteƒe mekɔ o. David Eagleman si nye ahɔhɔ̃ŋutinunyala gblɔ tso esia ŋu be: “Ame siwo xlẽ agbalẽawo la dometɔ aɖewo susu be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nya nu sia nu azɔ.” Eye egblɔ kpee be: “Gake dzɔdzɔmeŋutinunya vavãtɔ ya kpɔa mɔ be woake ɖe nu yeyewo ŋu ɣesiaɣi, eye eŋuti nuŋlɔɖiwo yɔ fũu kple nu wɔnukuwo.”

Enye nyateƒe be tso blema ke la, dzɔdzɔmeŋutinunyala bibiwo ke ɖe nu wɔnukuwo ŋu eye wokpɔ ŋuɖoɖo na nya ɖefuname siwo amewo biana tso dzɔdzɔmenuwo ŋu. Ke hã wo dometɔ aɖewo wɔ vodada gãwo le woƒe numekukuwo wɔwɔ me. Isaac Newton nye dzɔdzɔmeŋutinunyala gãwo dometɔ ɖeka. Eɖe ale si nuheŋusẽ na ɣletinyigbawo, ɣletiviwo kple ɣletivihatsotsowo le ɖoɖo nu nyuie le xexe gbahooa me la me. Eyae to akɔntabubu si va zu akɔntabubu ŋuti nusɔsrɔ̃ ƒe akpa vevi aɖe si wozãna le kɔmpiutaɖaŋu, yamenutomemɔzɔzɔ kple nukliaŋutinunya me la vɛ. Ke hã Newton zã numekuku aɖe hã si woyɔ be yeaɖidzɔdzɔmeŋutinunya, si me wòwɔ ɣletivimefakaka kple akunyawɔwɔ ƒe aɖaŋu ŋu dɔ le tsɔ tee kpɔ be yeatrɔ tumi kple ga bubuwo woazu sika.

Ƒe 1,500 kple edzivɔ do ŋgɔ na Newton la, Helatɔ ɣletiviŋutinunyala Ptolemy zã eƒe ŋku gbɔlo ko tsɔ lé ŋku ɖe dziƒonuwo ŋu. Ede dzesi ɣletinyigbawo le yame le zã me, eye wònye nutala bibi aɖe si ta anyigba ƒe nɔnɔmetata hã. Gake exɔe se be míaƒe anyigba lae le xexe gbahooa titina. Ɣletiviŋutinunyala Carl Sagan ŋlɔ tso Ptolemy ŋu be: “Nyateƒe si wònye be amewo lɔ̃ ɖe eƒe susu totroa dzi ƒe 1,500 sɔŋ la ɖo kpe edzi be, ne ame ƒe tagbɔ kɔ alekeleke hã, ate ŋu ada ƒu kura.”

Kuxi ma kee dzea ŋgɔ dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo li egbea hã le woƒe numekukuwo wɔwɔ me. Ðe woava se ale si tututu xexe gbahooa le la gɔme bliboe gbe ɖeka? Togbɔ be esɔ be míalɔ̃ ɖe ŋgɔyiyi si wowɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me kple ale si wòɖea vi na míi dzi hã la, ele vevie be wòanɔ susu me na mí hã be dzɔdzɔmeŋutinunya mate ŋu aɖe nanewo gɔme gbeɖe o. Dzɔdzɔmeŋusẽŋutinunyala Paul Davies gblɔ be: “Manya wɔ be woaɖe ale si tututu xexe gbahooa le la me gɔmesese blibo nanɔ eŋu le goawo katã me gbeɖe o.” Nya mawo ɖee fia ɖikekemanɔmee be: Amegbetɔwo mate ŋu ase dzɔdzɔmenuwo gɔme bliboe gbeɖe o. Eya ta ne wogblɔ be mɔkpɔkpɔ li be dzɔdzɔmeŋutinunya ate ŋu aɖe dzɔdzɔmenu ɖe sia ɖe gɔme la, nunya anɔ eme be míagatsɔ dzi aku ɖe ŋugbedodo mawo ŋu bliboe o.

Eme kɔ ƒãa be Biblia naa mɔfiame siwo dzɔdzɔmeŋutinunya mate ŋu ana o la mí

Biblia ƒo nu tso nuwɔwɔ wɔnukuwo ŋu ale: “Kpɔ ɖa! Esiawoe nye [Mawu ƒe] mɔwo ƒe nugbɔ ko.” (Hiob 26:14) Nu gbogbo manyaxlẽ aɖewo gali siwo amegbetɔwo mekpɔ nya kaka ahayi wo gɔme se ge o. Kakaɖedzitɔe la, nya si apostolo Paulo gblɔ ƒe 2,000 kloe enye esi va yi la gakpɔtɔ nye nyateƒe kokoko, esi wògblɔ be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kpakple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me o ale!”—Romatɔwo 11:33.