Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | DZIMAÐITSITSI—ALE SI NÀWƆ AÐU EDZI

Dzimaɖitsitsi Le Ƒomea Ta

Dzimaɖitsitsi Le Ƒomea Ta

Janet gblɔ be: “Le fofonye ƒe ku megbe kpuie la, srɔ̃nye gblɔ nam be yele nyɔnu bubu aɖe kpɔm le gbɔ me. Esia megbe kpuie la, megagblɔ nya aɖeke na mí hafi fɔ eƒe awuwo katã hegblẽ nye kple mía vi eveawo ɖi dzo o.” Janet di dɔ le wɔwɔm, gake fetua mesɔ gbɔ be wòatsɔ akpɔ eƒe ƒomea dzi nyuie o. Eye menye gakuxiwo koe dze ŋgɔe o; kuxi bubuwo hã li. Egblɔ be: “Agbanɔamedzi yeye siwo katã gbɔ wòle be nye ɖeka makpɔ fifia la wɔe be metsi dzimaɖi ʋuu nu te ŋunye. Ne nyemete ŋu kpɔ vinyewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo abe ale si dzila bubuwo le ewɔm ene o la, etena ɖe dzinye. Eye fifia gɔ̃ hã la, metsia dzi ɖe ale si amewo bua nye kple vinyewoe la ŋu. Ðe wosusuna be nyemewɔ nu sia nu si wòle be mawɔ atsɔ akpɔ nye srɔ̃ɖeɖea tae oa?”

Janet

Gbedodoɖa kpena ɖe Janet ŋu wòɖua eƒe seselelãmewo dzi eye wònana xɔlɔ̃wɔwɔ si le woa kple Mawu dome gasẽna ɖe edzi. Egblɔ be: “Ne zã do eye ɖoɖoe zi toŋtoŋ la, ɣemaɣie metsia dzimaɖi wu. Gbedodoɖa kple Biblia xexlẽ kpena ɖe ŋunye medɔa alɔ̃. Mawunyakpukpui si léa dzi nam wue nye Filipitɔwo 4:6, 7, si gblɔ be: ‘Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.’ Menɔa gbedodoɖa dzi zã sia zã, eye Yehowa ƒe ŋutifafa na nye dzi dze eme.”

Kakaɖedzinya siwo Yesu gblɔ tso gbedodoɖa ŋu le eƒe Todzimawunyaa me la ɖea vi na ame siwo katã le dzimaɖi tsim. Egblɔ be: “Mia Fofo la nya nu siwo le mia hiãm hafi mieva bianɛ gɔ̃ hã.” (Mateo 6:8) Eye ele be míabiae hã. Gbedodoɖae nye mɔ vevitɔ si dzi míato ‘ate ɖe Mawu ŋu.’ Viɖe kae ado tso esia wɔwɔ me? Esia awɔe be ‘Mawu ate ɖe mia ŋu.’—Yakobo 4:8.

Ɛ̃, menye ɖeko gbedodoɖa nana míekpɔa akɔfafa le míaƒe dzimaɖitsitsiwo me ko evɔ o, ke eɖea vi geɖe wu ema. Enana Yehowa, “Gbedodoɖasela” la, ɖea afɔ hekpena ɖe ame siwo katã dinɛ le xɔse me la ŋu. (Psalmo 65:2) Esia tae Yesu fia eyomedzelawo be “woanɔ gbe dom ɖa ɣesiaɣi, eye womagana ta o.” (Luka 18:1) Ele be míayi edzi anɔ Mawu ƒe mɔfiafia kple eƒe kpekpeɖeŋu biam eye míaka ɖe edzi be aɖo míaƒe xɔse teƒe na mí godoo. Mele be míake ɖi gbeɖe ahasusui be medi be yeakpe ɖe mía ŋu o loo alo be mate ŋu akpe ɖe mía ŋu o. Ne míenɔa “gbedodoɖa dzi ɣeawokatãɣi” alea la, eɖenɛ fiana be xɔse vavã le mía si.—1 Tesalonikatɔwo 5:17.

NU SI KOŊ WÒFIA BE XƆSE NANƆ AME SI

Gake nu ka tututue nye xɔse? Xɔse fia be ‘woava nya’ Mawu be enye ame ŋutɔŋutɔ. (Yohanes 17:3) Gake hafi míaxɔ Mawu dzi ase la, afɔ gbãtɔ si wòle be míaɖe ye nye be míato Biblia-xexlẽ dzi anya eƒe susuwo. Míenyae be eƒe ŋku le mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu eye wòdina be yeakpe ɖe mía ŋu. Ke hã xɔse vavãtɔ bia nu geɖe wu nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu. Efia hã be Mawu nava nɔ na mí abe xɔlɔ̃ si ŋu míedea bubui vevie la ene. Abe ale si ko wònye nyateƒe le amegbetɔwo gome ene la, míate ŋu adze xɔlɔ̃ Mawu gbe ɖeka kple eƒe zãdodo o. Ne míeyi edzi le nu srɔ̃m tso eŋu ‘hewɔa nu siwo dzea eŋu,’ eye míekpɔe be ele kpekpem ɖe mía ŋu la, míaƒe xɔse anɔ “sesẽm ɖe edzi.” (2 Korintotɔwo 10:15; Yohanes 8:29) Xɔse ma ƒomevie kpe ɖe Janet ŋu wòɖu eƒe dzimaɖitsitsiwo dzi.

Janet gblɔ be: “Nu si koŋ kpe ɖe ŋunye ŋusẽ ɖo nye xɔse ŋue nye dzesidede Yehowa ƒe asi le afɔ ɖe sia ɖe si meɖena me. Amewo wɔa nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu zi geɖe eye ewɔna na mí be míate ŋu ado dzi o. Gake ne míedo gbe ɖa tso eŋu na Yehowa vevie la, ekpena ɖe mía ŋu ɣesiaɣi míedona le eme le mɔ si mate ŋu ava susu me nam gbeɖe o la nu. Ɣesiaɣi si meda akpe nɛ la, meɖoa ŋku nu siwo gbegbe wòwɔ nam la dzi. Ekpena ɖe mía ŋu ɣesiaɣi le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, eye zi geɖe la, le gaƒoƒo si tututu dzi míehiãe dzi. Eye ena medze xɔlɔ̃ vavã siwo nye nyateƒe Kristotɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Wokpɔa ɣeyiɣi ɖe mía ŋu ɣesiaɣi eye wonye ame ɖɔʋu siwo ƒe kpɔɖeŋu vinyewo ate ŋu asrɔ̃.” *

“Meva se nu si tae Yehowa gblɔ le Malaki 2:16 be: ‘Melé fu srɔ̃gbegbe’ ɖo la gɔme. Srɔ̃tɔ maɖifɔ la bua srɔ̃gbegbe be enye nuteƒemawɔmawɔ vɔ̃ɖi. Ƒe geɖee enye esi va yi tso esime srɔ̃nye gblẽm ɖi, ke hã metsia akogo ɣeaɖewoɣi, eye mesena le ɖokuinye me be asixɔxɔ aɖeke mele ŋunye o. Ne nu te ɖe dzinye alea la, medzea agbagba wɔa nane tsɔ kpena ɖe ame aɖe ŋu, eye zi geɖe la, esia kpena ɖe nye hã ŋunye.” Esi Janet dzea agbagba wɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiafiawo dzi be yeagaɖe ye ɖokui ɖe aga o ta la, esia kpena ɖe eŋu be megatsia dzimaɖi fũu o. *Lododowo 18:1.

Mawu nye ‘tsyɔ̃eviwo fofo kple ahosiwo takpɔla.’—Psalm 68:5

Janet gblɔ be: “Nu si faa akɔ nam wue nye nyanya be Mawu nye ‘tsyɔ̃eviwo fofo kple ahosiwo takpɔla.’ Magblẽ mí ɖi gbeɖe abe ale si srɔ̃nye gblẽ mí ɖi ene o.” (Psalmo 68:5) Janet nyae be Mawu metsɔa “nu vɔ̃ɖiwo” tea mí kpɔna o. Ke boŋ ɖe wònaa nunya “amewo katã faa” hekpe ɖe “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la ŋu be woakpe ɖe mía ŋu míaɖu míaƒe dzimaɖitsitsiwo dzi.—Yakobo 1:5, 13; 2 Korintotɔwo 4:7.

Ke ne míele dzimaɖi tsim le esi míaƒe agbe ɖo afɔku me ta ya ɖe?

^ mm. 10 Kpɔ nyati siwo ƒe tanya vevitɔe nye “Èle Ta Kpɔm Na Wò Agbea?,” si dze le July 2015 ƒe Nyɔ! me, be nàkpɔ aɖaŋuɖoɖo bubuwo ku ɖe ale si nàwɔ aɖu dzimaɖitsitsi dzii la ŋu. Àkpɔe le Internet hã dzi le www.pr418.com/ee.