Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | DZIMAÐITSITSI—ALE SI NÀWƆ AÐU EDZI

Dzimaɖitsitsi Le Afɔkuwo Ta

Dzimaɖitsitsi Le Afɔkuwo Ta

Alona gblɔ be: “Ne mese kpẽa ƒe ɖiɖi ko la, nye dzi katã nɔa tsotsom eye mesia du yia sitsoƒe siwo kpɔa ame ta tso bɔmb ƒe wówo nu la dometɔ ɖeka. Ne mele afi ma gɔ̃ hã, nye dzi medzea eme o. Gake ne mele gota afi si bebeƒe aɖeke mele o la, eya ganyrana wu. Gbe ɖeka esi menɔ zɔzɔm le ablɔ dzi la, ɖeko mete avifafa eye gbɔgbɔtsixe tsi ƒonye. Exɔ gaƒoƒo geɖe hafi nye dzi dze eme. Gake kasia, kpẽa gaɖi ake.”

Alona

Nu siwo nana míaƒe agbe ɖoa afɔku me la dometɔ ɖeka koe aʋawɔwɔ nye. Le kpɔɖeŋu me, ne wogblɔ na wò be wò ŋutɔ alo wò ame vevi aɖe le kudɔ lém la, ate ŋu ana nàtɔtɔ ale gbegbe. Eye le ame aɖewo ya gome la, vɔvɔ̃ na nu siwo adzɔ le etsɔme ate ŋu ana woatsi dzimaɖi. Wogblɔna be: ‘Ðe mía viwo alo wo viwo ava kpɔ wo ɖokuiwo le aʋawɔwɔ ƒe xexe aɖe si me nu vlo wɔwɔ, ɖiƒoƒo anyigba, yame ƒe gbegblẽ, kple dɔlélewo bɔ ɖo la mea?’ Aleke míawɔ aɖu dzimaɖitsitsi mawo dzi?

Nyanya be afɔkuwo le dzɔdzɔm ɖeɖe kpena ɖe ‘aɖaŋudzela ŋu wòɣlaa eɖokui.’ (Lododowo 27:12) Eye abe ale si ko míedzea agbagba be míakpɔ mía ɖokui ta be nu vevi nagawɔ mí o ene la, míate ŋu aɖe afɔ aɖewo atsɔ akpɔ míaƒe tamesusu kple dzi hã ta. Modzakaɖeɖe kple nyadzɔdzɔ ŋuti nyatakaka siwo me ŋutasẽnuwɔwɔ le fũu gɔ̃ hã kpɔkpɔ ate ŋu awɔe be míawo ŋutɔwo kple mía viwo míagatsi dzimaɖi geɖe wu. Asaƒoƒo na ŋutasẽnuwɔna siawo kpɔkpɔ mefia be míeŋe aɖaba ƒu nu siwo le dzɔdzɔm dzi o. Mawu mewɔ míaƒe susua be míatsɔe anɔ nu vlowo ŋu bum o. Ke boŋ ele be míanɔ ‘nu siwo katã nye nyateƒe, nu siwo katã le dzɔdzɔe, kple nu siwo katã le dzadzɛ’ la ŋu bum. Ne míewɔe alea la, “ŋutifafa ƒe Mawu la” ana míaƒe tamesusu kple míaƒe dzi nadze eme.—Filipitɔwo 4:8, 9.

GBEDODOÐA LE VEVIE

Xɔse vavãtɔ kpena ɖe mía ŋu míeɖua dzimaɖitsitsi dzi. Biblia de dzi ƒo na mí be, “minɔ ŋudzɔ hena gbedodoɖa.” (1 Petro 4:7) Míate ŋu abia Mawu be wòana nunya kple dzideƒo mí eye wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuitɔ le nɔnɔme si me tom míele me, eye míaka ɖe edzi be “eɖoa to mí le nu sia nu si biam míele me.”—1 Yohanes 5:15.

Woa kple srɔ̃a, Avi

Biblia na míenya be Satanae nye “xexe sia dzi ɖula,” ke menye Mawue o, eye ena míenya hã be “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (Yohanes 12:31; 1 Yohanes 5:19) Esi Yesu nɔ gbedodoɖa fiam mí la, ena eme kɔ nyuie be Satana li ŋutɔŋutɔ; esia tae wòfia mí be míado gbe ɖa be: “Ðe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.” (Mateo 6:13) Alona gblɔ be: “Ɣesiaɣi si kpẽa ɖi la, mebiaa Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye maɖu nye seselelãmewo dzi. Eye srɔ̃nye lɔlɔ̃a hã doa gbe ɖa kplim. Gbedodoɖa kpena ɖe ŋunye ale gbegbe.” Ele abe ale si Biblia gblɔe ene be: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ, ɛ̃, ɖe ame siwo katã yɔnɛ le anukware me la gbɔ.”—Psalmo 145:18, etenuŋɔŋlɔ.

MÍAƑE MƆKPƆKPƆ

Yesu gblɔ na eyomedzelawo le eƒe Todzimawunyaa me be woado gbe ɖa be: “Wò Fiaɖuƒe nava.” (Mateo 6:10) Mawu Fiaɖuƒea aɖe dzimaɖitsitsi siwo katã gblẽa nu le mía ŋu la ɖa tegbee. Mawu ato Yesu, “Ŋutifafafia” la, dzi ‘atsi aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi.’ (Yesaya 9:6; Psalmo 46:9) “[Mawu atso] afia na dukɔ geɖewo . . . Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o. . . . Ame aɖeke mado voɖi na wo o.” (Mika 4:3, 4) Ƒome kpɔdzidzɔwo “[atu] xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse.” (Yesaya 65:21) “Dua me tɔ aɖeke magblɔ be, ‘Mele dɔ lém’ o.”—Yesaya 33:24.

Gake egbea la, ne míedze agbagba alekeleke hã, míate ŋu aƒo asa na ‘nuɖiɖeamewo’ alo teƒe siwo mesɔ o nɔnɔ le ɣeyiɣi si mesɔ o me keŋkeŋ gbeɖe o. (Nyagblɔla 9:11) Aʋawɔwɔ, ŋutasẽnuwɔwɔ, kple dɔléle kpɔtɔ le nu gblẽm le ame nyuiwo ŋu egbea abe ale si ko wòle ƒe alafa geɖewoe nye esia ene. Mɔkpɔkpɔ kae li na ame siwo kpe vɔ̃ mawo ƒe fu dzodzro?

Woafɔ ame gbogbo manyaxlẽ siwo ƒe xexlẽme le nyanya na Mawu ɖeɖe ko la ɖe tsitre. Gake fifia la, wole alɔ̃ dɔm, eye Mawu si meŋlɔa nu be o la ɖoa ŋku wo dzi pɛpɛpɛ va se ɖe ŋkeke si dzi “ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la [nado] go.” (Yohanes 5:28, 29) Esi Biblia ƒo nu tso tsitretsitsia ŋu la, eka ɖe edzi na mí be: “Mɔkpɔkpɔ sia le mía si abe seke ene na míaƒe luʋɔwo, kakaɖedzi le eŋu, eye wòli ke.” (Hebritɔwo 6:19) Eye Mawu na “eŋuti kpeɖodzi amewo katã esi [wòfɔ Yesu] ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.”—Dɔwɔwɔwo 17:31.

Gake fifia la, nu siwo hea dzimaɖitsitsi vanɛ la le fu ɖem na ame siwo le agbagba dzem be yewoadze Mawu ŋu la gɔ̃ hã. Esi Paul, Janet kple Alona wote ɖe Mawu ŋu to gbedodoɖa dzi, woxɔ etsɔme nyui si ƒe ŋugbe Biblia do la dzi se tsɔ do ŋusẽ woƒe xɔse eye wowɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo ɖea vi dzi la, wole woƒe dzimaɖitsitsia dzi ɖum. Abe ale si Mawu wɔe na wo ene la, neva eme be “Mawu si naa mɔkpɔkpɔ la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã ayɔ mi fũu le esi miexɔ edzi se ta.”—Romatɔwo 15:13..