Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Yehowa Ve Nunye Ŋutɔ

Yehowa Ve Nunye Ŋutɔ

Esime mexɔ ƒe 17 la, nu siwo ŋu metsia dzi ɖo kple nye agbemetaɖodzinuwo nɔ ko abe ƒewuivi bubuwo tɔ ke ene. Hadede kple xɔ̃nyewo, tsiƒuƒu kple bɔlƒoƒo doa dzidzɔ nam. Gake gbe ɖeka fiẽ la, nuwo va trɔ kura le nye agbe me. Medze afɔku vevie esime menɔ dzokeke dzi, si wɔe be metu tso nye kɔ va se ɖe nye afɔ gbɔ. Anɔ abe ƒe 30 ye nye esi va yi nu sia dzɔ, eye ɣeyiɣi didi aɖee nye esia metsi teƒe ɖeka.

Ƒutadu si nye Alicante, si le Spain ƒe ɣedzeƒe ye menɔ tsi. Míaƒe ƒomea gbã, si wɔe be meva zu gbɔdomevi esime menye sɔhɛ. Ʋudzraɖoƒe aɖe te ɖe míaƒe aƒea ŋu. Ame siwo wɔa dɔ le afi ma la dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye José María la va zu xɔ̃nye. Nye ƒometɔwo metsɔ ɖeke le eme nam o, gake José ya tsɔ ɖe le eme nam vevie eye wòkpɔa vovo ɖe ŋunye. Ne xaxawo tum la, ekpena ɖe ŋunye abe nɔvinye kpamkpam ene. Ɛ̃, enye xɔlɔ̃ vavã nam togbɔ be etsi wum ƒe 20 hã.

Ɣemaɣi la, Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kple José María. Mede dzesii be ekpɔa dzidzɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu, eye eƒoa nu tso Biblia me nyateƒea ŋu nam zi geɖe. Meɖoa toe bubutɔe, gake nyemetsɔ ɖeke le nya siwo wògblɔna nam la me o. Esi menye ɖekakpui ta la, nye dzi ku ɖe nu bubuwo ŋu. Gake eteƒe medidi hafi meva trɔ nye nɔnɔme o.

AFƆKU AÐE NA NYE AGBE TRƆ KURA

Nyemelɔ̃a nuƒoƒo fũu tso afɔku ma ŋu o. Nya si magblɔ koe nye be nyemedze nunya o eye mewɔ nu ɖekematsɔlemetɔe. Gbe ɖeka kple eƒe zãdodo ko la, nye agbe trɔ keŋkeŋ. Nye si nye ɖekakpui si ŋu ŋusẽ nɔ lae nye ema va zu lãmetututɔ si tsi dɔba dzi le kɔdzi. Ete ɖe dzinye ŋutɔ be nyee va zu alea. Menɔ ɖokuinye biam be, ‘Nu ka tae maganɔ agbe ɖo?’

José María va srãm kpɔ le kɔa dzi, eye wòwɔ ɖoɖo enumake Yehowa Ðasefowo tsoa hame si le nutoa me la me va srãam kpɔ. Ale si wova kpɔam ɖa edziedzi la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Esi woɖem le kɔdzixɔ si me wokpɔa dɔléle sesẽwo gbɔ le teti ko la, mete Biblia sɔsrɔ̃. Meva nya nu si tututu tae amewo kpea fu hekuna kple nu si tae Mawu ɖe mɔ afɔkuwo dzɔna. Mesrɔ̃ nu tso ŋugbe si Mawu do ku ɖe etsɔme ŋu, esime anyigba bliboa ava yɔ fũu kple ame deblibowo eye ame aɖeke magagblɔ be, “Mele dɔ lém” o la, hã ŋu. (Yesaya 33:24) Emae nye zi gbãtɔ le nye agbe me si meva nya nu tso mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia ŋu.

Esi woɖe asi le ŋunye le kɔa dzi la, metsɔ dzo ɖe Biblia-sɔsrɔ̃a ŋu. Bunɔkeke tɔxɛ aɖe si nɔ asinye la wɔe be mete ŋu de Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo hekpɔ gome le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me gɔ̃ hã. Mexɔ nyɔnyrɔ le November 5, 1988 dzi le tsilezɔ tɔxɛ aɖe me esime mexɔ ƒe 20. Yehowa Mawu na mekpɔe be agbe nyo wu ku. Gake aleke maɖee afia be mekpɔ ŋudzedze ɖe nu si wòwɔ nam la ŋu?

MELE ZƆ ÐEM TOGBƆ BE MENYE NUWƆAMETƆ HÃ

Meɖoe kplikpaa be mawɔ nye ŋutete katã le Yehowa subɔsubɔ me, togbɔ be metsi teƒe ɖeka hã. Medi be mawɔ geɖe le mawusubɔsubɔ me. (1 Timoteo 4:15) Le gɔmedzedzea me la, esia menɔ bɔbɔe o, elabena nye ƒometɔwo tsi tsitre ɖe ŋunye le nye dzixɔse yeyea ta. Gake nye haxɔsetɔwo megblẽm ɖi o, wova le nam abe nɔvinyewo ene. Wokpɔ egbɔ be kpekpe aɖeke meto ŋunye o, eye wokpe ɖe ŋunye mekpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me.

Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva dze ƒãa be ehiã be asi nanɔ ŋunye ɣesiaɣi eye woalé be nam etɔxɛe. Eya ta míenɔ dɔnɔdzikpɔƒe si asɔ nam la dim. Le agbagbadzedze geɖe megbe la, míeva ke ɖe nuwɔametɔwo dzi kpɔƒe aɖe si sɔ la ŋu le Valencia, si didi tso Alicante gbɔ kilometa 160 le dziehe gome. Teƒe siae va zu nɔnyeƒe koŋ.

Togbɔ be metsi teƒe ɖeka hã la, medzea agbagba be maƒo nu tso nye dzixɔsewo ŋu na amewo

Togbɔ be metsi teƒe ɖeka hã la, meɖoe kplikpaa be mayi edzi asubɔ Yehowa. Mezã ga si dziɖuɖua nanam dzinukukui le nye wɔametɔnyenye ta kple gakpekpeɖeŋu bubuwo tsɔ ƒle kɔmpiuta si wova tsi ɖe nye abatia gbɔ. Meƒle asitelefon hã. Ŋdi sia ŋdi la, dɔnɔdzikpɔla aɖe va sia nye kɔmpiuta kple asitelefon la nam. Mezãa dɔwɔnu aɖe si metsɔa nye glã fiaa mɔe la wɔa kɔmpiutaa ŋu dɔ. Ati tɔxɛ aɖe hã li si meléna ɖe nu tsɔ zia ŋɔŋlɔdzesiwo kple xexlẽdzesiwo dzi le nye kɔmpiutaa kple asitelefon la dzi.

Mezãa ati tɔxɛ aɖe tsɔ ƒoa ka na amewo le asitelefon dzi

Aleke elektrɔnikdɔwɔnu siawo kpe ɖe ŋunyee? Gbã la, ewɔe be metea ŋu yia jw.org Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea hezãa Gbetakpɔxɔ INTERNET DZI AGBALẼDZRAÐOƑE la hã. Dɔwɔnu nyui siawo ɖe vi nam ale gbegbe! Gbe sia gbe la, mezãa gaƒoƒo geɖe ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo me dzodzro kple wo sɔsrɔ̃ ŋu ale be mate ŋu ayi edzi anya nu geɖe tso Mawu kple eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu. Eye ɣesiaɣi si metsi akogo alo dzi ɖe le ƒonye la, mekpɔa nane le nyatakakadzraɖoƒea si dea dzi ƒo nam godoo.

Ne míaƒe hamea me tɔwo ƒo ƒu le Biblia srɔ̃m le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la, nye kɔmpiutaa kpena ɖe ŋunye hã metea ŋu sea nuƒoawo hekpɔa gome le numedzodzrowo me. Metea ŋu ɖoa nya ŋu, doa gbe ɖa, ƒoa nufiamenuƒowo, alo xlẽa Gbetakpɔxɔ la gɔ̃ hã nenye be eɖo dzinye be maxlẽe. Esia wɔe be togbɔ be nyemetea ŋu dea kpekpeawo o hã la, mesena le ɖokuinye me be mele ha dem kplikplikpli kple hamea.

Asitelefon kple kɔmpiutaa wɔe hã be mekpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe. Ele eme be nyemetea ŋu yia amewo gbɔ tso aƒe me yi aƒe me abe ale si Yehowa Ðasefo akpa gãtɔ wɔnɛ ene ya o. Gake esia mena mede asi asitɛ me o. Dɔwɔnu mawo kpena ɖe ŋunye meƒoa nu tso nye dzixɔsewo ŋu na amewo. Le nyateƒe me la, metsɔa dzo ɖe gbeƒãɖeɖe to telefon dzi ŋu ale gbegbe be hamemetsitsiwo de dɔ asi nam be makpɔ telefon dzi ɖaseɖiɖidɔa dzi. Gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnu sia kpe ɖe hamea me tɔ siwo tsi teƒe ɖeka la ŋu ŋutɔ.

Mele Biblia fiam ŋutsu aɖe

Ke hã menye elektrɔnikdɔwɔnu mawoe xɔa nye ɣeyiɣia katã o. Xɔ̃nyewo va srãnam kpɔ gbe sia gbe. Ne wogbɔna gbɔnye la, wokplɔa woƒe ƒometɔwo kple ame nyanyɛ siwo di be yewoasrɔ̃ Biblia la ɖe asi. Zi geɖe la, wonana mexɔa ŋgɔ le Biblia me dzodzro kpli wo me gɔ̃ hã. Ɣebubuɣiwo la, ƒomewo va srãnam kpɔ henana mekpɔa gome le woƒe ƒomea ƒe fiẽsi Biblia-nusɔsrɔ̃a me. Ne ɖevi suewo nɔ nye aba dzi le xanye hegblɔ nu si tae wolɔ̃ Yehowa ɖo nam la, edzɔa dzi nam ŋutɔ.

Mele gome kpɔm le ƒome Biblia-nusɔsrɔ̃ me kple xɔ̃nyewo

Dzidzɔe wònye nam be ame geɖe va srãnam kpɔ. Enuenu la, nye xɔa me yɔna kple xɔ̃nye siwo tso didiƒe kple kpuiƒe siaa va be yewoakpɔm ɖa. Abe ale si nàsusui ene la, woƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia sia wɔa nuku na dɔnɔdzikpɔlaawo. Medaa akpe na Yehowa gbe sia gbe be wòna mele nɔviwo ƒe habɔbɔ nyui sia me.

MELE AVUA DZI

Ne ame aɖe do gbe nam hebia nye fɔfɔme ta se la, ɖeko meɖoa eŋu be, “Nyee nye esi, mele avua dzi!” Menyae kɔtɛ be menye nye ɖekae le avua dzi o. Kristotɔwo katã ʋlia “xɔse ƒe ʋiʋli nyui la,” metsɔ le eme nɔnɔme alo kuxi si me tom wole o. (1 Timoteo 6:12) Nu kae kpe ɖe ŋunye mele ʋiʋlia dzi ƒe geɖewoe nye esia? Medoa gbe ɖa daa akpe na Yehowa gbe sia gbe be wòna mɔkpɔkpɔ su asinye le agbe me. Azɔ hã, medzea agbagba be mawɔ geɖe ale si mate ŋui le mawusubɔsubɔ me eye menana nye ŋku nɔa nye mɔkpɔkpɔa dzi.

José María

Medea ŋugble le ale si agbea anɔ le xexe yeyea me kple ale si maganɔ du ƒum ahanɔ kpo tim ake la ŋu zi geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, megblɔna na xɔ̃nye vevi José María, si ŋu atatutudɔ le la fefetɔe be mía kplii míake duɖime ɣemaɣi. Mebianɛ be, “Ame kae aɖu dzi?” Eɖoa eŋu nam be, “Menye ame si aɖu dzi lae le vevie o. Nu vevitɔe nye be míanɔ Paradiso la me ale be míate ŋu ake duɖimea.”

Tenɔnɔ ɖe nye lãmesẽkuxia nu mele bɔbɔe o. Menya be bometsinu aɖe si mewɔ esime menye sɔhɛ lae gblẽ nu le ŋunye vevie alea. Gake medaa akpe na Yehowa be megblẽm ɖi o. Ena nu geɖem. Le kpɔɖeŋu me, haxɔsetɔ gbogboawo zu ƒome nam, ede agbenɔnɔ ƒe didi menye, kpekpe ɖe amewo ŋu doa dzidzɔ nam, eye wòna etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖem. Ne wobe matsɔ nyagbe ɖeka aɖɔ nye seselelãmee la, magblɔ be, Yehowa ve nunye ŋutɔ vavã.