Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | AME KAWOE YEHOWA ÐASEFOWO NYE?

Nu Ka Tae Míeɖea Gbeƒã?

Nu Ka Tae Míeɖea Gbeƒã?

Ðewohĩ nu si ɖe dzesi le mía ŋu wue nye gbeƒãɖeɖedɔ si míewɔna tso aƒe me yi aƒe me, le dutoƒo kple afi sia afi si amewo le ko, le xexea me godoo. Nu ka tae míewɔa dɔ sia?

Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã tsɔ kafua Mawu henana amewo nyaa eƒe ŋkɔa. (Hebritɔwo 13:15) Azɔ hã, míedi be míawɔ ɖe se si Kristo Yesu de la dzi be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.”—Mateo 28:19, 20.

Gakpe ɖe eŋu la, míelɔ̃ mía havi. (Mateo 22:39) Míenya be ame akpa gãtɔ le subɔsubɔha aɖe me xoxo eye menye ame sia amee kpɔa ŋudzedze ɖe gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la ŋu o. Ke hã míeka ɖe edzi be Biblia me gbedeasia xɔa amewo ɖe agbe. Esia tae míeyia ‘edzi nɔa nu fiam henɔa nya nyuia gblɔm le Kristo la ŋu madzudzɔmadzudzɔe,’ abe ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔe ene.—Dɔwɔwɔwo 5:41, 42.

Hadomegbenɔnɔŋutinunyala Antonio Cova Maduro ŋlɔ nu tso “agbagba si Yehowa Ðasefowo dzena kple kutri si wokuna . . . , be ŋɔŋlɔ kɔkɔea naɖo anyigba ƒe seƒe ke, togbɔ be esia tea ŋu nana ɖeɖi tea wo ŋu” la ŋu.—Venezuela ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye El Universal

Ame siwo xlẽa míaƒe agbalẽwo la dometɔ akpa gãtɔ menye Yehowa Ðasefowo o. Eye ame miliɔn geɖe siwo míesrɔ̃a Biblia kplii la le subɔsubɔha bubuwo me. Ke hã enyea dzidzɔ na wo be Yehowa Ðasefowo vaa yewo gbɔ.

Anɔ eme be nyabiase bubuwo gale asiwò ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu. Be nàkpɔ ŋuɖoɖoawo la, míade dzi ƒo na wò be

  • Nàbia Yehowa Ðasefo aɖe wòaɖo eŋu na wò.

  • Nàyi míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe, si nye www.pr418.com/ee.

  • Nàde míaƒe kpekpeawo. Míedzɔa ga le amewo si o, eye ame sia ame ate ŋu ava faa.