Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI

Aleke Mawu Bua Aʋawɔwɔe?

Aleke Mawu Bua Aʋawɔwɔe?

Aleke nàɖo biabia ma ŋui? Ame geɖe susui be Mawu daa asi ɖe aʋawɔwɔ dzi. Wogblɔna be ebia tso esubɔla aɖewo si le blema be woawɔ aʋa; Biblia me nuŋlɔɖiwo hã ɖo kpe edzi nenema. Gake ame aɖewo gblɔna be Yesu, Mawu ƒe Vi la, fia eyomedzelawo be woalɔ̃ woƒe futɔwo. (Mateo 5:43, 44) Esia ta wosusuna be Mawu va trɔ eƒe susu le ale si wòbua aʋawɔwɔe ŋu, si wɔe be megadaa asi ɖe aʋawɔwɔ dzi egbea o.

Nu kae nye wò susu? Ðe Mawu daa asi ɖe aʋawɔwɔ dzia? Ne edaa asi ɖe edzi la, ke ame ka ƒe akpa dzie wònɔna le aʋawɔwɔwo me egbea? Ne èkpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo la, ate ŋu ana nàgbugbɔ alé ŋku ɖe ale si nèbua aʋawɔwɔe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne èxɔe se be menye ɖeko Mawu daa asi ɖe aʋawɔwɔ dzi ko evɔ o, ke ele megbe na akpa si dzi dem nèle le aʋawɔwɔ aɖe me la, esia ado dzidzɔ na wò godoo, elabena àka ɖe edzi be ame siwo dzi dem yele la aɖu dzi godoo. Gake ne èkpɔe be Mawu le megbe na ame kemɛawo le aʋawɔwɔa me la, aleke nàse le ɖokuiwò me? Ðikeke mele eme o be àgbugbɔ abu akpa si dzi nànɔ la ŋu.

Nu bubu aɖe gale vevie wu le nya sia me. Eyae nye be, ne ènya ale si Mawu bua aʋawɔwɔe la, esia akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nèbua Mawui dzi. Ne wò hã èle ame miliɔn geɖe siwo ŋu amegbetɔwo ƒe aʋawɔwɔwo gblẽ nu le vevie dome la, ekema ɖikeke mele eme o be àdi be yeanya ŋuɖoɖo na nyabiase siawo: Abe ale si ame aɖewo susunɛ ene la, ɖe Mawu nye ame si dɔa aʋa, alo ɖe wòle megbe na aʋawɔwɔ siwo le nu gblẽm le amewo ŋu gɔ̃ hã? Ðe wònye ame si metsɔ ɖeke le fu siwo gbegbe amewo kpena le aʋawɔwɔ ta la me o eye metsɔ ɖeke le woƒe dedienɔnɔ me oa?

Ðewohĩ awɔ nuku na wò ne ènyae be ale si Biblia ɖo nya siawo ŋui la to vovo sãsãsã na susu mawo siwo le amewo si. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, tso blema ke va de asi na egbea la, ale si Mawu bua aʋawɔwɔe la metrɔ o. Azɔ míadzro nya si Biblia gblɔ tso ale si Mawu bu aʋawɔwɔe le blema kple esime Yesu nɔ anyigba dzi le ƒe alafa gbãtɔ me la me. Esia akpe ɖe mía ŋu míanya ale si Mawu bua aʋawɔwɔe egbea, eye míanya hã nenye be aʋawɔwɔ aganɔ anyi le etsɔme.