Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ALEKE MAWU BUA AƲAWƆWƆE?

Ale Si Mawu Bu Aʋawɔwɔe Le Blema

Ale Si Mawu Bu Aʋawɔwɔe Le Blema

Wonɔ fu wɔm dukɔa vevie. Wodo ɣli yɔ Mawu enuenu gake xɔnametɔ aɖeke meva o—womexɔ na wo esime wonɔ mɔ kpɔm nɛ o. Mawu ƒe dukɔ Israel si nɔ anyi le blema dzie nu sia dzɔ ɖo. Dukɔ sesẽ si nɔ wo tem ɖe anyi lae nye Egipte. (2 Mose 1:13, 14) Israel-viwo kpɔ Mawu sinu ƒe geɖe be wòaɖe yewo tso Egiptetɔwo ƒe ŋutasesẽa me. Mlɔeba ɣeyiɣia de be Mawu nade asi nyaa me. (2 Mose 3:7-10) Biblia ka nya ta be Mawu ŋutɔe wɔ aʋa kple Egiptetɔwo. Gbã la, ehe fuwɔame vovovo siwo nu sẽ ŋutɔ la va Egiptetɔwo dzi, eye emegbe wòtsrɔ̃ Egipte fia la kple eƒe aʋakɔa le Ƒudzĩa me. (Psalmo 136:15) Yehowa Mawu zu “aʋakalẽtɔ” hexɔ na eƒe dukɔa.—2 Mose 15:3, 4.

Nyateƒe si wònye be Mawu ŋutɔ wɔ aʋa kple Egiptetɔwo la fia be metsi tsitre ɖe aʋawɔwɔwo katã ŋu o. Ɣebubuɣiwo la, edɔ eƒe dukɔ Israel be woawɔ aʋa. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ na wo be woawɔ aʋa kple Kanaantɔwo, elabena wovɔ̃ɖi ale gbegbe. (5 Mose 9:5; 20:17, 18) Ede se na Israel Fia David be wòawɔ aʋa kple Filistitɔ siwo nɔ Israel-viwo tem ɖe anyi. Mawu fia nu si David awɔ be wòaɖu aʋaa dzi gɔ̃ hã lae.—2 Samuel 5:17-25.

Biblia me ŋutinyawo ɖee fia be ne amewo ɖo nugbe vɔ̃ɖi ɖe Israel-viwo ŋu hele wo tem ɖe anyi la, Mawu nana wowɔa aʋa be woakpɔ dukɔa ta eye woakpɔ mawusubɔsubɔ vavãtɔa hã ta. Gake de dzesi nu vevi etɔ̃ siwo ɖe dzesi le aʋa siwo Mawu de se be woawɔ ŋu.

  1. MAWU ÐEKA KOE TSOA NYA ME LE AME SI AWƆ AƲA LA ŊU. Ɣeaɖeɣi la, Mawu gblɔ na Israel-viwo be: “Miele asi de ge aʋa la me o.” Susu ka tae? Esi wònye be Mawu ŋutɔe le aʋaa wɔ ge ɖe wo nu tae. (2 Kronika 20:17; 32:7, 8) Ewɔ esia zi geɖe. Esia ƒe ɖe ŋue míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze. Ɣebubuɣiwo la, Mawu de se na eƒe blemadukɔ Israel be woawɔ aʋa siwo dzi wòda asi ɖo, siwo nye aʋa siwo wowɔ be woaxɔ Ŋugbedodonyigbaa eye woakpɔ eta.—5 Mose 7:1, 2; Yosua 10:40.

  2. MAWU ÐEKA KOE TSOA NYA ME LE ƔEYIƔI SI WÒLE BE WOAWƆ AƲA ŊU. Le blema la, ele na Mawu subɔlawo be woalala dzigbɔɖitɔe va se ɖe Mawu ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi hafi woawɔ aʋa kple ame siwo le wo tem ɖe anyi hele ŋuta sẽm le wo ŋu. Ne Mawu ƒe ɣeyiɣia meɖo edzi o la, mele be woatso le wo ɖokui si aɖawɔ aʋa o. Ne womekpɔ Mawu sinu hafi ho aʋa o la, eya hã menɔa megbe na wo o. Eye Biblia ɖee fia be ne Israel-viwo tso le wo ɖokui si yi ɖawɔ aʋa aɖe si Mawu megblɔ na wo be woawɔ o la, vɔ̃ koe dona tso eme na wo. *

  3. Togbɔ be Mawu na wowɔ aʋa kple Kanaantɔwo hã la, ekpɔ ame aɖewo, abe Rahab kple eƒe ƒomea ene ta

    AMEGBETƆWO ƑE KU MEVIVIA MAWU NU O, NE WONYE AME VƆ̃ÐIWO GƆ̃ HÃ. Yehowa Mawue nye Agbedzɔtsoƒe kple amegbetɔƒomea Wɔla. (Psalmo 36:9) Eya ta, medina be amewo naku o. Gake nublanuitɔe la, ame aɖewo ɖoa nugbe vɔ̃ɖi ɖe ame bubuwo ŋu be yewoate wo ɖe anyi alo awu wo gɔ̃ hã. (Psalmo 37:12, 14) Esia tae ɣeaɖewoɣi la, Mawu de se be woawɔ aʋa atsɔ atsi nugbeɖoɖo vɔ̃ɖi mawo nu. Ke hã, le ɣeyiɣi siwo katã me Mawu ɖe mɔ na Israel-viwo be woawɔ aʋa la, egakpɔtɔ ‘kpɔa nublanui’ na Israel dukɔa ƒe futɔwo kokoko, eye ‘medoa dziku kabakaba o.’ (Psalmo 86:15) Le kpɔɖeŋu me, ede se be hafi Israel-viwo naho aʋa ɖe du aɖe ŋu la, ele be “[woagblɔ] ŋutifafaɖoɖo siwo li la nɛ,” ale be woana mɔnukpɔkpɔ dua me tɔwo woatrɔ woƒe zɔzɔme, si awɔe be mahiã be woawɔ aʋa o. (5 Mose 20:10-13) Mawu to esia dzi ɖee fia be “ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia [ye nu] o, ke boŋ be ame vɔ̃ɖi la natrɔ ɖa le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, ne wòanɔ agbe.”—Ezekiel 33:11, 14-16. *

Numeɖeɖe siawo na míekpɔe be le blema la, Mawu bu aʋawɔwɔ be enye mɔ si sɔ, si dzi yeato atsi ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ ƒomevi ɖe sia ɖe nu. Ke hã Mawu ɖeɖe ko sie gome le be wòatso nya me le ɣeyiɣi si wòle be woawɔ aʋaa kple ame si awɔ aʋaa ŋu, ke menye amegbetɔwoe o. Eye ɖe Mawu tsɔ dzitsitsi wɔ aʋa abe ame si lɔ̃ ʋukɔkɔɖi enea? Kura o. Le nyateƒe me la, elé fu ŋutasẽnuwɔwɔ. (Psalmo 11:5) Ðe ale si Mawu bua aʋawɔwɔe la trɔ tso esime Via, Yesu Kristo, dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme le ƒe alafa gbãtɔ mea?

^ mm. 7 Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi Mawu de se na Israel-viwo be woagawɔ aʋa kple Amalektɔwo kpakple Kanaantɔwo o eye wosẽ to yi ɖawɔ aʋa kpli wo la, futɔawo ɖu wo dzi. (4 Mose 14:41-45) Ƒe geɖe megbe, esi Fia Yosiya nuteƒewɔla la yi ɖakpe aʋa kple dukɔ aɖe evɔ Mawu megblɔ nɛ be wòayi o la, eƒe dzitsitsia wɔe be eƒe agbe tsi eme.—2 Kronika 35:20-24.

^ mm. 8 Gake Israel-viwo metsɔ ŋutifafaɖoɖo aɖeke ɖo Kanaantɔwo ŋkume hafi ho aʋa ɖe wo ŋu o. Nu ka tae? Elabena Mawu na mɔnukpɔkpɔ Kanaantɔwo ƒe 400 sɔŋ be woatrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi. Kaka Israel-viwo nava ho aʋa ɖe Kanaantɔwo ŋu la, wovɔ̃ɖi ale gbegbe be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali be woatrɔ o. (1 Mose 15:13-16) Eya ta ɖeko wòle be woatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ. Ke hã, wokpɔ Kanaantɔ ɖekaɖeka siwo trɔ woƒe agbenɔnɔ la ƒe agbe ta.—Yosua 6:25; 9:3-27.