Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | NE WÒ AME VEVI AÐE KU

Ame Siwo Ku La Agava Nɔ Agbe Ake!

Ame Siwo Ku La Agava Nɔ Agbe Ake!

Àɖo ŋku edzi be Gail, nyɔnu si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati siwo do ŋgɔ dometɔ ɖeka me la, gblɔ be yemesusui be yeate ŋu ava dzudzɔ vevesese le ye srɔ̃, Rob, ƒe ku ta gbeɖe o. Ke hã ele mɔ kpɔm be yeagava kpɔe ake le xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la me. Egblɔ be: “Mawunyakpukpui si faa akɔ nam wue nye Nyaɖeɖefia 21:3, 4.” Afi ma gblɔ be: “Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”

Gail gblɔ be: “Akɔfafa gã aɖee ŋugbedodo sia nye nam. Mesea veve ɖe ame siwo ƒe ame veviwo ku evɔ womenya naneke tso mɔkpɔkpɔ si nye be woagate ŋu ava kpɔ woƒe lɔlɔ̃tɔwo ake ŋu o la nu.” Le ɖekawɔwɔ me kple Gail ƒe dzixɔsewo la, etsɔ eɖokui na faa le gome kpɔm le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me hele nu ƒom tso Mawu ƒe ŋugbedodo si nye be “ku maganɔ anyi akpɔ o” la ŋu na amewo.

Hiob ka ɖe edzi be yeagava nɔ agbe ake

Ðewohĩ asesẽ na wò be nàxɔe se be ku maganɔ anyi o. Gake bu ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hiob ŋu kpɔ. Eva dze dɔ vevie ŋutɔ. (Hiob 2:7) Togbɔ be ku dzro Hiob hã la, exɔe se be ŋusẽ le Mawu si be wòafɔ ye ɖe tsitre yeaganɔ agbe le anyigba dzi ake. Egblɔ kakaɖedzitɔe be: “Oo, ne ɖe nàɣlam ɖe Tsiẽƒe . . . ɖe! Àyɔm, eye matɔ na wò. Wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu [adzro wò] vevie.” (Hiob 14:13, 15) Hiob ka ɖe edzi be yeƒe Mawu asusu ye eye wòadi vevie be yeafɔ ye ɖe tsitre.

Nu sia tututu wɔ ge Mawu le na Hiob kple ame gbogbo siwo xexlẽme meli na o la kpuie esime wòava trɔ anyigbaa wòazu paradiso. (Luka 23:42, 43) Biblia ɖo kpe edzi le Dɔwɔwɔwo 24:15 be “tsitretsitsi li” na kukuawo. Eye Yesu ka ɖe esia dzi na mí esi wògblɔ be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o, elabena gaƒoƒo la gbɔna, esi me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.” (Yohanes 5:28, 29) Hiob akpɔ ŋugbedodo ma me vava teƒe. Mɔnukpɔkpɔ asu esi be “eƒe ɖekakpuimeŋusẽ [nagaɖo] eŋu,” eye eƒe ŋutilã ‘azu yeye wu ale si wònɔ le eƒe ɖevime’ yi ɖe mavɔmavɔ me. (Hiob 33:24, 25) Esi Mawu kpɔ nublanui na ameƒomea ta la, nenema kee wòava eme na ame siwo katã akpɔ ŋudzedze ɖe ɖoɖo si Mawu wɔ be yeafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre woava nɔ agbe le anyigba dzi la ŋu.

Ne èle nu xam le wò ame vevi aɖe ƒe ku ta la, ɖewohĩ nya siwo me míedzro la maɖe wò nuxaxaa ɖa keŋkeŋ ya o. Ke hã ne wò susu le Mawu ƒe ŋugbedodo siwo le Biblia me dzi la, mɔkpɔkpɔ vavã asu asiwò eye wòana ŋusẽ yeye nàɖo ŋuwò.—1 Tesalonikatɔwo 4:13.

Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso ale si nàwɔ ado dzi ne èle wò ame vevi aɖe si ku fam ŋua? Alo ɖe nyabiase bubu siwo do ƒome kple nya sia abe, “Nu ka tae Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe li ɖo?” ene le asiwòa? Ekema míeɖe kuku, yi míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org/ee be nàkpɔ Biblia ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le afi ma.