Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ame kae nye Yosef fofo?

Yosef, si nye atikpala le Nazaret lae xɔ Yesu nyi. Gake ame kae nye Yosef fofo? Yesu ƒe dzidzimenuŋlɔɖi si le Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa me la gblɔ be ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yakob ye nye fofoa, ke Luka ƒe Nyanyuigbalẽa ya gblɔ be Yosef nye “Eli vi.” Nu ka tae wòdze abe woƒe nyawo to vovo ene?—Luka 3:23; Mateo 1:16.

Mateo ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Yakob dzi Yosef,” eye le afi sia la, ezã Helagbe me nya aɖe si ɖee fia kɔtɛ be Yakob ye nye Yosef fofo ŋutɔŋutɔ. Eya ta ƒome si me Yosef dzɔ tso, si nye David ƒe fiaƒomea ŋue Mateo ƒe nuŋlɔɖia ƒo nu tsoe. Eye esi Yosef si xɔ Yesu nyi la nye ƒome ma me tɔ ta la, esia wɔe be fianyenye ƒe gomea su Yesu si le se nu.

Gake Luka ƒe nuŋlɔɖia ya gblɔ be: ‘Yosef nye Eli vi.’ Nya “vi” si wòzã le afi sia ate ŋu afia “toyɔvi.” Esia tɔgbi dze le Luka 3:27, afi si gblɔ be Sealtiel nye “Neri vi,” evɔ Yekoniya ye dzi Sealtiel. (1 Kronika 3:17; Mateo 1:12) Edze ƒãa be Sealtiel ɖe Neri vinyɔnu aɖe si ŋkɔ womeyɔ o, si wɔe be wòzu Neri ƒe toyɔvi. Gɔmesese ma ke nue wogblɔ le be Yosef nye Eli “vi” le, elabena eɖe Eli vinyɔnu Maria. Eya ta Luka ƒo nu tso ƒome si me Yesu dzɔ tso “le ŋutilã nu,” le ƒome si me dadaa Maria dzɔ tso la nu. (Romatɔwo 1:3) Ale Biblia na Yesu ƒe dzidzime ŋuti nyatakaka ƒomevi eve siwo le vevie la mí.

Ama siwo wodea avɔ kple avɔ kawoe nɔ anyi le Biblia-ŋlɔɣiwo?

Lãfuvɔ si wode amae, si ŋu woke ɖo le agado aɖe si te ɖe Ƒu Kukua ŋu me, si wolɔ̃ do ŋgɔ na ƒe 135 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.)

Alẽfu koŋ ye wozãna tsɔ lɔ̃a avɔwo le Titina Ɣedzeƒenutowo me le blema, eye nenema kee wozãa gbɔ̃fu kple kposɔfu hã. Avɔ siwo bɔ ɣemaɣi wue nye lãfuvɔwo, eye Biblia ƒo nu tso alẽwo, fukoko na lãwo kple alẽfuvɔ ŋu zi geɖe. (1 Samuel 25:2; 2 Fiawo 3:4; Hiob 31:20) Gbe si woyɔna be flaks, si le abe ɖeti ene, si ƒe agble wodena le Egipte kple Israel lae wotsɔ wɔa aklala. (1 Mose 41:42; Yosua 2:6) Le Biblia-ŋlɔɣiwo la, anɔ eme be Israel-viwo medea ɖetigble o, gake Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be amewo zãnɛ le Persia. (Esta 1:6) Seda nye avɔ xɔasi aɖe si kesinɔtɔwo zãna, eye anɔ eme be asitsala mɔzɔla siwo tso Ɣedzeƒe Ʋĩ ke la koe tsɔnɛ vanɛ.—Nyaɖeɖefia 18:11, 12.

Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso Yesu kple eŋɔlimetɔwo ŋu la gblɔ be: ‘Lãfuwo nɔa amadede vovovowo me le dzɔdzɔme nu, tso esiwo fu tititi dzi va ɖo esiwo nyɔ̀ dzi.’ (Jesus and His World) Gakpe ɖe eŋu la, wodea ama lãfuwo zi geɖe. Woɖea ama dzĩ aɖe si xɔ asi ŋutɔ la tso ƒumebɔbɔ ƒomevi aɖewo me, eye woɖea ama siwo le dzĩ, aŋutiɖiɖi, blɔ kple yibɔ la tso atiwo, atiwo ƒe kewo, aŋgbawo kple nu dzodzoe ƒomevi vovovowo me.