Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Toɖoɖo Nuxlɔ̃ame Ate Ŋu Ana Nàtsi Agbe!

Toɖoɖo Nuxlɔ̃ame Ate Ŋu Ana Nàtsi Agbe!

LE December 26, 2004, dzi la, anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe si ƒe dzidzemee nye 9.1 la ʋuʋu Simeulue Ƒukpo si le Sumatra, le Indonesia ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome la sesĩe. Ame sia ame trɔ kpɔ ƒu gome ɖaa. Wokpɔe be atsiaƒua nɔ hehem ɖe megbe wu ale si wòle be wòanɔ. Enumake ame sia ame de afɔ du me ɖo ta togbɛwo dzi henɔ ɣli dom be, “Smong! Smong!” si nye ale si du ma me tɔwo yɔa tsunami alo ƒugɔmenyigbaʋuʋui. Anɔ abe miniti 30 ene megbe la, ƒutsotsoe sesẽwo mli va ƒo ɖe ƒukpoa dzi hegbã aƒewo kple kɔƒe geɖewo.

Simeulue Ƒukpoa ye nye teƒe gbãtɔ si tsunami dziŋɔ ma gblẽ nu le. Ke hã ame 7 pɛ koe ku le ƒukpoa dzi tɔ 78,000 la dome. Nu ka gbɔe wòtso be ame ʋɛ mawo koe ku? * Ƒukpoa dzi tɔwo gblɔna zi geɖe be: ‘Ne anyigba ʋuʋu eye atsiaƒua te yi megbemegbee la, si yi togbɛwo dzi, elabena eteƒe madidi hafi atsiaƒua nava gba ɖe go dzi o.’ Esi Simeulue Ƒukpoa dzi tɔwo kpɔ esia teƒe zi geɖe ta la, wotea ŋu kpɔnɛ dzea sii le atsiaƒua ƒe nɔnɔme ŋu be madidi o, ƒugɔmenyigbaʋuʋu ana tsi naɖe ƒukpoa. Wɔwɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi kpɔ woƒe agbe ta.

Biblia ƒo nu tso nudzɔdzɔ dziŋɔ aɖe si gbɔna ŋu be enye “xaxa gã si tɔgbi meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o . . . , eye etɔgbi megale vava ge ake o.” (Mateo 24:21) Gake esia mefia be ale si amegbetɔwo le anyigba gblẽm alo dzɔdzɔmefɔku aɖe ana míaƒe anyigbaa natsrɔ̃ o—elabena Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be anyigbaa nanɔ anyi tegbee. (Nyagblɔla 1:4) Eya ta Mawu ŋutɔe ahe xaxa si gbɔna la vɛ be yeatsɔ atsrɔ̃ “ame siwo le anyigba la gblẽm.” Esia awɔe be nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple fukpekpewo katã nu nayi. (Nyaɖeɖefia 11:18; Lododowo 2:22) Yayra ka gbegbee nye esi wòanye!

Azɔ hã, togbɔ be tsunamiwo, anyigbaʋuʋuwo, alo dzotowo ƒe wówo wua nu nyui wɔlawo hã la, manɔ alea le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ya gome o. Biblia gblɔ be, “Mawu nye lɔlɔ̃,” eye Mawu, ame si ƒe ŋkɔe nye Yehowa la, do ŋugbe be “ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (1 Yohanes 4:8; Psalmo 37:29) Gake nu kae nàwɔ be nàtsi agbe le xaxa gã la me be nàkpɔ yayra siwo ƒe ŋugbe Mawu do la teƒe? Nu vevitɔ si nàwɔe nye esi: Ðo to nuxlɔ̃amea!

NƆ ŊUDZƆ ÐE TƆTRƆ ÐEDZESIAWO ŊU

Míate ŋu anya ŋkeke si tututu dzi nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple fukpekpewo katã nu ayi o, elabena Yesu gblɔ be: “Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o, mawudɔla siwo le dziƒo la menyae o, eye Vi la hã menyae o, negbe Fofo la ko.” Ke hã Yesu de dzi ƒo na mí be ‘míanɔ ŋudzɔ.’ (Mateo 24:36; 25:13) Míanɔ ŋudzɔ na nu ka? Biblia ƒo nu tso nu siwo anɔ dzɔdzɔm le xexea me hafi Mawu nahe nuwuwua avɛ la ŋu. Ale si ko atsiaƒua ƒe hehe ɖe megbe le vo me na Simeulue Ƒukpoa dzi tɔwo nya be ƒugɔmenyigbaʋuʋu ana tsi naɖe ƒukpoa la, nenema kee tɔtrɔ ɖedzesi siwo ava le xexemenudzɔdzɔwo me la ana míakpɔe adze sii be nuwuwua tu aƒe. Wohe susu yi tɔtrɔ ɖedzesi siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la dometɔ aɖewo dzi le aɖaka si le etame la me.

Ele eme be nu siwo ŋu woƒo nu tsoe le aɖakaa me la dometɔ aɖewo dzɔ le ŋutinya me kpɔ le mɔ sue aɖewo nu ya. Gake Yesu gblɔ be ne míekpɔ “nu siawo katã la,” ekema míanyae be nuwuwua gogo. (Mateo 24:33) Bia ɖokuiwò be, ‘Le ŋutinya me la, ɣekaɣie nu siwo katã ŋu woƒo nu tsoe la dzɔ (1) le xexea me godoo, (2) le ɣeyiɣi ɖeka me, eye (3) wòdo gã ɖe edzi alea gbegbe kpɔ?’ Eme kɔ ƒãa be ɣeyiɣi ma mee míele fifia.

MAWU ƑE LƆLƆ̃ ÐEÐE FIAE WÒNYE

Amerika ƒe dukplɔla tsãtɔwo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Ne woxlɔ̃ nu amewo do ŋgɔ la . . . , ekpɔa woƒe agbe ta.” Esi ƒe 2004 ƒe tsunamia dzɔ vɔ megbe la, wowɔ ɖoɖo be woato mɔ aɖe dzi anɔ toklã nam nutoa me tɔwo ale be afɔku ma tɔgbi nagawu amewo nenema gbegbe le etsɔme o. Nenema kee Mawu hã wɔ ɖoɖo be woaxlɔ̃ nu amewo do ŋgɔ hafi nuwuwua nava. Biblia gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mateo 24:14.

Le ƒe si va yi me la, Yehowa Ðasefowo zã gaƒoƒo biliɔn 1 kple miliɔn 900 kple edzivɔ tsɔ ɖe gbeƒã nya nyuia le dukɔ 240 me, le gbegbɔgblɔ siwo wu 700 me. Gbeƒãɖeɖedɔ sia si wɔm wole le míaƒe ŋkekea me la nye kpeɖodzi sẽŋu be nuwuwua gogo. Esi Yehowa Ðasefowo lɔ̃ wo haviwo ta la, wole nu xlɔ̃m amewo tso Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke si le aƒe tum kabakaba la ŋu kple woƒe ŋutete katã. (Mateo 22:39) Nyateƒe si wònye be èle nya vevi siawo xlẽm la nye kpeɖodzi be Yehowa lɔ̃ wò. Ðo ŋku edzi be, “[Mawu] medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.” (2 Petro 3:9) Ðe nàwɔ ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃ame si me lɔlɔ̃ le la dzia?

SI YI DEDIENƆƑE!

Ðo ŋku edzi be esi Simeulue Ƒukpoa dzi tɔ siwo ƒe kɔƒewo le ƒuta la nya kpɔe be atsiaƒua le hehem ɖe megbe ko la, wosi yi kɔkɔƒe be yewoanɔ dedie; womelala be atsiaƒua nava gbagba ɖi hafi o. Esi wowɔ nu kpata tae wotsi agbe ɖo. Be nàtsi agbe le xaxa si gbɔna me la, ele be wò hã nàsi ayi kɔkɔƒe le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu hafi wòatsi megbe akpa. Nu kae wòle be nàwɔ? Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Yesaya wòŋlɔ nya si wotsɔ le amewo kpem le ‘ŋkeke mamlɛ’ siwo me míele fifia la ɖi. Eŋlɔ ɖi be: “Miva míayi Yehowa ƒe to la dzi . . . Afia eƒe mɔwo mí, eye míazɔ eƒe toƒewo.”—Yesaya 2:2, 3.

Ne èyi to aɖe tame la, àte ŋu akpɔ adzɔge ʋĩi, eye ànɔ dedie hã. Nenema kee, egbea, ame miliɔn geɖe siwo le xexea me godoo la to Biblia-sɔsrɔ̃ dzi va le Mawu ƒe mɔwo nyam, eye esia kpe ɖe wo ŋu wowɔ tɔtrɔ geɖe siwo le vi ɖem na wo. (2 Timoteo 3:16, 17) Esia wɔe be wova le Mawu ƒe ‘toƒewo zɔm,’ eye Mawu hã kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu eye wònana wonɔa dedie.

Ðe nàwɔ ɖe amekpekpe ma dzi be Mawu nakpɔ tawò lɔlɔ̃tɔe le ɣeyiɣi sesẽ siawo mea? Míele dzi dem ƒo na wò be nàdzro Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi siwo ku ɖe “ŋkeke mamlɛawo” ŋu, siwo le aɖakaa me la me nyuie. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me la be yewoana kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si nèhiã la wò be nàse ŋɔŋlɔ siwo dze le aɖakaa me la gɔme kple ale si nàwɔ wo dzii. Àte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na wò biabiawo hã ne èyi míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye, www.pr418.com/ee. Àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO.

^ mm. 3 Ƒe 2004 ƒe tsunamia wu ame 220,000 kple edzivɔ sɔŋ—enye tsunami siwo wu ame wu le ŋutinya me la dometɔ ɖeka.