Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu kae ɖe dzesi le ale si Yesu wɔ nu ɖe anyidɔlélawo ŋui ŋu?

Blema Yudatɔwo vɔ̃na na anyidɔ si ƒomevi bɔ le Biblia-ŋlɔɣiwo la. Dɔléle dziŋɔ sia wɔnɛ be nu siwo nana ame sea nu le lãme la kuna eye wòva gblẽa nu le amea ŋu vevie mlɔeba, si wɔnɛ be eƒe ŋutinuwo abe, asiwo kple afɔwo ene, nyina alo wɔa abi. Wometea ŋu daa dɔ sia ɣemaɣi o. Eya ta woɖea ame siwo le dɔ sia lém la ɖe aga eye wobia tso wo si be woaxlɔ̃ nu amewo le woƒe nɔnɔmea ŋu ale be woagate ɖe wo ŋu o.—3 Mose 13:45, 46.

Yuda subɔsubɔhakplɔlawo de se bubuwo kpe esiwo le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe anyidɔ ŋu, si wɔe be agbea va sesẽ ɖe edzi na anyidɔlélawo madzemadzee. Le kpɔɖeŋu me, rabiwo de se be ele be anyidɔléla nanɔ adzɔge tso ame bubuwo gbɔ abɔklugui 4 (alo meta 2). Gake ne ya le ƒoƒom la, ele be amewo nanɔ adzɔge abɔklugui 100 (alo meta 45). Ame siwo léa Yuda-kɔnyinyiwo me ɖe asi kpaɖii la gblɔna be Ŋɔŋlɔawo me nudidi si nye be anyidɔlélawo nanɔ “asaɖa la godo” la fia be mele be woanɔ du siwo ŋu woɖo gli ɖo la me o. Eya ta rabi aɖe ya daa kpe anyidɔléla si wòkpɔ le dua me hegblɔna be: “Heyi nɔwòƒe, eye mègana ame bubuwo hã nazu ame makɔmakɔwo o.”

Aleke gbegbe Yesu ya ƒe nɔnɔme to vovoe nye esi! Yesu ya menyaa wo o, ko boŋ elɔ̃ faa ka asi wo ŋu heda gbe le wo ŋu gɔ̃ hã.—Mateo 8:3

Nu kawo dzie Yuda subɔsubɔhakplɔlawo nɔa te ɖo daa asi ɖe srɔ̃gbegbe dzi?

Srɔ̃gbegbalẽ si woŋlɔ le ƒe 71 alo 72 K.Ŋ. me lɔƒo

Le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me la, subɔsubɔhakplɔlawo ʋlia nya le srɔ̃gbegbe ƒe nyaa ŋu. Eya ta gbe ɖeka Farisitɔwo bia Yesu be: “Ðe se ɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a le nya sia nya ta?”—Mateo 19:3.

Le Mose ƒe Sea nu la, ŋutsu ate ŋu agbe srɔ̃a ne ekpɔ “nu manyomanyo aɖe le nyɔnua ŋu.” (5 Mose 24:1) Le Yesu ŋɔli la, rabiwo ƒe hatsotso eve ƒe nufiafiawo mewɔ ɖeka le gɔmesese si le se ma ŋu la ŋu o. Shammai hatsotsoa me tɔwo, siwo ƒe nya me le kpaɖii wu la, gblɔna be “nuteƒemawɔmawɔ,” si nye ahasiwɔwɔ, dzi koe woate ŋu anɔ te ɖo agbe srɔ̃. Ke Hillel Hatsotsoa me tɔwo ya gblɔna be ŋutsu ate ŋu agbe srɔ̃a le masɔmasɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ta, le nu suetɔ kekeake gɔ̃ hã ta. Le hatsotso sia ƒe nya nu la, ŋutsu ate ŋu agbe srɔ̃a ne srɔ̃anyɔnua gblẽ eƒe fiẽnuɖuɖu dome alo ne ekpɔ nyɔnu bubu aɖe si wòbu be edze tugbe wu ye srɔ̃.

Ke aleke Yesu ɖo Farisitɔwo ƒe nyaa ŋui? Egblɔ tẽe be: “Ame sia ame si gbe srɔ̃a, ne menye le ahasiwɔwɔ ta o, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi.”—Mateo 19:6, 9.