Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuwo Tsɔtsɔ Sɔ Kple Wo Nɔewo Si Ate Ŋu Aɖe Vi Gãtɔ Na Wò

Nuwo Tsɔtsɔ Sɔ Kple Wo Nɔewo Si Ate Ŋu Aɖe Vi Gãtɔ Na Wò

ÐE NÈBUA ɖokuiwò Kristotɔea? Ne nenemae la, ke èle anyigbadzitɔ biliɔn eve kple edzivɔ, si nye ame 1 le 3 ɖe sia ɖe me kloe, siwo gblɔna be yewonye Kristo yomedzelawo la dome. Egbea, xɔseha akpe geɖe tɔ ŋkɔ Kristotɔwo, gake womewɔ ɖeka o eye woƒe dzixɔsewo kple nufiafiawo le vovovo. Eya ta anɔ eme be wò dzixɔsewo to vovo sãa na ha bubu siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la tɔwo. Ðe nu si dzi nèxɔ se la le veviea? Ɛ̃, ele vevie nenye be èdi be yeanye Kristotɔ si tɔgbi ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me.

Woyɔ Yesu Kristo yomedzela gbãtɔwo be “Kristotɔwo.” (Dɔwɔwɔwo 11:26) Esi wònye be Kristotɔwo ƒe ha ɖeka koe nɔ anyi ɣemaɣi ta la, womegahiã na ŋkɔ bubu aɖeke si woatsɔ ade dzesi woe o. Kristotɔawo wɔ ɖeka hezɔ ɖe Yesu Kristo, ame si ɖo Kristotɔnyenye anyi la, ƒe nufiafiawo kple mɔfiamewo dzi. Ke sɔleme si nèdena ya ɖe? Ðe nèka ɖe edzi be sɔlemehaa ƒe nufiafiawo wɔ ɖeka kple Kristo ƒe nufiafiawo kpakple Kristo yomedzela gbãtɔwo ƒe dzixɔsewoa? Aleke nàte ŋu akpɔ kakaɖedzi le nya sia ŋu? Mɔ ɖeka kolia si dzi nàto awɔ esiae nye be nàtsɔ Biblia ƒe nufiafia ado wò dzixɔsewo kpɔ.

Bu nya sia ŋu kpɔ: Yesu Kristo de bubu Ŋɔŋlɔawo ŋu heka ɖe edzi be enye Mawu ƒe Nya. Eƒo nu tsi tsitre ɖe ame siwo tɔ tsi Biblia ƒe nufiafiawo le amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo ta la ŋu. (Marko 7:9-13) Eya ta míate ŋu agblɔe wòasɔ be Yesu yomedzela vavãwo tua woƒe dzixɔsewo ɖe Biblia dzi. Eya ta ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, ‘Ðe ha si me mele ƒe nufiafiawo wɔ ɖeka kple Biblia tɔa?’ Be nàkpɔ ŋuɖoɖo na nya sia la, ɖe manyo be nàtsɔ miaƒe hamenufiafiawo asɔ kple nu si Biblia fia ŋutɔŋutɔ oa?

Yesu gblɔ be ele be míade ta agu na Mawu le nyateƒe me, eye Biblia mee nyateƒe ma le. (Yohanes 4:24; 17:17) Eye apostolo Paulo gblɔ be “nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ” si asu mía si la gbɔe wòatso be míakpɔ ɖeɖe. (1 Timoteo 2:4) Eya ta ele vevie be míana míaƒe dzixɔsewo nawɔ ɖeka kple Biblia me nyateƒe si de pɛpɛpɛ la. Esia le vevie na míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ!

ALE SI MÍATSƆ MÍAƑE DZIXƆSEWO ASƆ KPLE BIBLIA ƑE NUFIAFIA

Míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ biabia ade siwo le nyati sia me eye nàde dzesi ale si Biblia ɖo wo ŋui. Xlẽ mawunyakpukpuiawo le Biblia me eye nàde ŋugble le ŋuɖoɖoawo ŋu. Eyome bia ɖokuiwò be, ‘Ðe ha si me mele ƒe nufiafiawo wɔ ɖeka kple Biblia tɔa?’

Numedzodzro sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtsɔ nuwo asɔ kple wo nɔewo le mɔ si aɖe vi gãtɔ na wò la nu. Ðe nàdi be yeatsɔ sɔleme si nèdena la ƒe nufiafiawo asɔ kple nya si Biblia gblɔa? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàdzro Biblia me nyateƒe siwo me kɔ la me. Ðe manyo be nàna Ðasefo aɖe nava nɔ Biblia srɔ̃m kpli wò femaxee oa? Alo àte ŋu ayi míaƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org/ee.