Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Medo Kpo Nu Zi Geɖe Hafi Kpɔ Dzidzedze

Medo Kpo Nu Zi Geɖe Hafi Kpɔ Dzidzedze
  • ƑE SI ME WODZII: 1953

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: AUSTRALIA

  • AME SI WÒNYE TSÃ: AMAMAÐEÐENUWƆNAWO KPƆKPƆ ZU NUMAME NƐ

NYE ŊUTINYA:

Fofonye ʋu tso Germany yi Australia le ƒe 1949 me. Eyi be yeadi dɔ le tomenukuƒewo kple elektrikŋusẽdɔwɔƒewo, eye wòɖanɔ kɔƒenuto si nye Victoria me. Afi mae wòle hafi ɖe danye eye wodzim le ƒe 1953 me.

Ƒe ʋɛ aɖewo ko megbe la, Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kple danye, eya ta meɖoa ŋku Biblia me nufiafia siwo mese le nye ɖevime ke la dzi. Ke hã fofonye ya tsri mawusubɔsubɔnyawo keŋkeŋ. Eva zu adãwɔla si ŋu ŋɔdzi nɔ, eye danye vɔ̃nɛ ŋutɔ. Danye yi edzi nɔ Biblia srɔ̃m le adzame eye Biblia me nufiafiawo lé dzi nɛ. Ne Papa do go la, Dada ƒoa nu tso nu siwo wòsrɔ̃ ŋu la na nye kple nɔvinyenyɔnua. Eƒo nu tso ale si anyigba ava zu paradiso le etsɔme kple ale si míakpɔ dzidzɔ ne míenɔ agbe wòsɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu ŋu na mí.—Psalmo 37:10, 29; Yesaya 48:17.

Esi mexɔ ƒe 18 la, Papa ƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo na meʋu le aƒea me. Togbɔ be mexɔ nu siwo Dada fiam tso Biblia me dzi se hã la, nyemekpɔ woƒe vevienyenye dze sii o. Eya ta nyemenɔ agbe ɖe wo nu o. Meva zu elektrikdɔwɔla le afi si wokua tomeka le. Esi mexɔ ƒe 20 la, meɖe srɔ̃. Le ƒe etɔ̃ megbe la, míedzi mía vinyɔnu gbãtɔ, eye megagbugbɔ de ŋugble le nu si wòle be wòanɔ vevie nam le agbe me ŋu. Menyae be Biblia ate ŋu akpe ɖe nye ƒomea ŋu, eya ta mena Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kplim. Gake srɔ̃nye melɔ̃ Ðasefowo ƒe nya kura o. Esi mede Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe la, srɔ̃nye gblɔ nam be ne nyemedzudzɔ Biblia-sɔsrɔ̃ o la, ke ɖeko míaklã. Esi wòva glom la, mewɔ eƒe didia dzi nɛ hetso kadodo me kple Ðasefoawo. Eva vem emegbe be nyemete ŋu wɔ nu si menya be eyae nye nyuitɔ la o.

Gbe ɖeka, nye dɔwɔhatiwo tsɔ amamaɖeɖenuwɔna aɖewo fiam. Ekpɔkpɔ do dzidzɔ nam gake egana nye lãme ble fu hã, eye nye dzitsinya bu fɔm vevie ŋutɔ. Nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me va yi la na mexɔe se be Mawu ahe to nam. Gake esi meyi edzi le nu mawo kpɔm geɖe wu la, wo kpɔkpɔ megaɖea fu na nye dzitsinya o. Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ va zu numame nam mlɔeba.

Le ƒe 20 siwo kplɔe ɖo me la, ɖeko meva nɔ tetem ɖa xaa tso nu nyui siwo danye fiam va yi la gbɔ. Nu siwo ƒãm menɔ ɖe susu me la va nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe nye nuwɔnawo dzi. Megblɔa nya ƒaƒãwo hetsɔa gbegblẽnyawo ka ahatsee. Susu nyuitɔ meganɔ asinye ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu o. Togbɔ be nye kple srɔ̃nye míegali hã la, meganɔ nyɔnu bubuwo gbɔ dem. Gbe ɖeka, mekpɔ ahuhɔ̃e me hegblɔ na ɖokuinye be, ‘Melé fu wò.’ Meva nyɔ ŋu ɖokuinye le esi teƒe be made bubu ɖokuinye ŋu.

Nye srɔ̃ɖeɖea me va gblẽ eye metɔtɔ le agbe me ŋutɔ. Medo gbe ɖa na Yehowa tso dzi blibo me. Megadze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme ake togbɔ be ƒe blaeve sɔŋ va yi tso esime medzudzɔ hã. Kaka ɣemaɣi naɖo la, fofonye ku xoxo eye danye xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Vovototo gã aɖe va nɔ nye agbenɔnɔ kple mɔ nyuitɔ si nu Biblia fia mí be míanɔ agbe le la dome. Gake fifia ya meɖoe kplikpaa be makpɔ susu me ƒe akɔdzeanyi si ƒe ŋugbe Biblia do la. Medze agbagba vevie be madzudzɔ nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ eye madzudzɔ dzikudodo kabakaba. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, medzudzɔ agbe gbegblẽ nɔnɔ, tsatsadada, aha tsu nono kple nye dɔtɔ fifi.

Nye dɔwɔhatiwo mese nu si tae medi be matrɔ nye agbenɔnɔ keŋkeŋ azɔ la gɔme o. Wodze agbagba ƒe etɔ̃ sɔŋ be yewoana magatrɔ ɖe agbe si menɔ tsã la ŋu ake. Ne meda ƒu vie, le kpɔɖeŋu me, ne medo dɔmedzoe alo gblɔ nya madzeto aɖe la, wodoa dzidzɔɣli gblɔna be: “Aha! Joe si míenya la trɔ gbɔ.” Nya mawo veam ŋutɔ! Ewɔna nam enuenu be medo kpo nu.

Kɔmpiuta dzi amamaɖeɖenuwɔnawo kple agbalẽ me tɔwo siaa bɔ ɖe nye dɔwɔƒea ŋutɔ. Nye dɔwɔhatiwo ɖoa nu ƒaƒã mawo ɖe wo nɔewo to kɔmpiuta dzi edziedzi, abe ale si nye hã menɔ ewɔm tsã ene. Menɔ agbagba dzem be maɖe asi le nye numamea ŋu, gake woawo hã woɖoe kplikpaa be yewoade afɔ atame nam. Meɖe nyaa dzi na ame si nɔ Biblia srɔ̃m kplim la be wòakpe ɖe ŋunye ahade dzi ƒo nam. Exɔ dzigbɔɖi ɖo tom esime menɔ nye dzimenyawo gblɔm nɛ. Ezã mawunyakpukpui siwo ku ɖe nye kuxia ŋu tsɔ fia ale si mawɔ aɖu ɖokuinye dzi lam, eye wòde dzi ƒo nam be manɔ gbe dom ɖa na Yehowa madzudzɔmadzudzɔe be wòakpe ɖe ŋunye.—Psalmo 119:37.

Gbe ɖeka, meyɔ nye dɔwɔhatiwo míekpe ta. Esi wova ƒo ƒu la, megblɔ na wo be woana biya ŋutsuawo dometɔ eve siwo ʋu eme be aha tsu nono zu numame na yewo tsã la. Wo katã woxɔ edzi be: “Aleke wɔ nàgblɔ nya ma? Ŋutsu siawo le agbagba dzem be yewoaɖu nu si zu numame na wo la dzi!” Eya ta megblɔ na wo be: “Avu ma ke wɔm nye hã mele.” Tso gbe ma gbe dzi koa, wose egɔme nam be avu blibo wɔm mele be maɖu amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ƒe numamea dzi, eye womegaƒonɛ ɖe nunye be magatrɔ ɖe nye agbenɔnɔ tsãtɔa ŋu o.

Mlɔeba le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, medzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ. Le ƒe 1999 me la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo, eye meda akpe na Mawu be wògana mɔnukpɔkpɔm be manɔ agbe dzadzɛ ahakpɔ dzidzɔ le agbe me.

Fifia meva se nu si tae Yehowa lé fu nu siwo me meƒo ɖokuinye ɖo vĩi ɣeyiɣi didi ma gbegbe ɖo la gɔme. Esi wònye Fofo lɔ̃ame ta la, edi be yeakpɔ tanye tso nu siwo amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽna le ame ŋu la si me. Lododowo 3:5, 6 me nyawo le eteƒe vavã! Afi ma gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, eye mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ana wò mɔwo nadzɔ.” Menye ɖeko Biblia me mɔfiamewo kpɔ tanye ko evɔ o, ke wona mekpɔ dzidzedze ŋutɔŋutɔ hã.—Psalmo 1:1-3.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Tsã la, menyɔa ŋu ɖokuinye, gake fifia ya mesena le ɖokuinye me be bubu le ŋunye eye nye dzi dze eme. Mele agbe dzadzɛ nɔm, eye mekpɔe be Yehowa tsɔ nye nu vɔ̃wo kem eye wòle kpekpem ɖe ŋunye. Le ƒe 2000 me la, meɖe Karolin, si nye Kristotɔ dzetugbe aɖe si lɔ̃ Yehowa abe ale si nye hã melɔ̃ Yehowa ene. Míeli ɖekae le ŋutifafa me. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be míele xexea me godoo ƒe Kristotɔwo ƒe habɔbɔ dzadzɛ si me tɔwo lɔ̃ wo nɔewo la me.