Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ALEKE NÀWƆ AKPƆ AKƆFAFA?

Ale Si Mawu Faa Akɔ Na Mí

Ale Si Mawu Faa Akɔ Na Mí

Apostolo Paulo gblɔ be Yehowa * nye “akɔfafawo katã ƒe Mawu, ame si faa akɔ na mí le míaƒe tetekpɔwo katã me.” (2 Korintotɔwo 1:3, 4) Aleae Biblia ka ɖe edzi na mí be ame aɖeke meli si Mawu mate ŋu afa akɔ na o, eye mía Fofo si le dziƒo la ate ŋu afa akɔ na mí le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me.

Gake hafi Mawu nafa akɔ na mí la, ele be míaɖe afɔ aɖe. Ne mímeyi ɖɔkta aɖe gbɔ be wòado mí akpɔ o la, ɖe ɖɔktaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋua? Nyagblɔɖila Amos bia be: “Ðe ame eve dzea mɔ ɖekae ne womeɖo gbe ɖi oa?” (Amos 3:3) Eya ta Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8.

Aleke míawɔ aka ɖe edzi be Mawu ate ɖe mía ŋu? Gbã, ye ŋutɔ gblɔe na mí zi gbɔ zi geɖe be yedi be yeakpe ɖe mía ŋu. (Kpɔ  aɖaka si kpe ɖe nyati sia ŋu.) Evelia, ame siwo Mawu fa akɔ na le ɣeyiɣi siawo me kple blema siaa la ƒe ŋutinya geɖewo li akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe edzi be Mawu ate ɖe mía ŋu.

Egbea, nɔnɔme sesẽwo ɖe kpe na ame gbogbo siwo le didim be Mawu nakpe ɖe yewo ŋu, abe ale si wònɔ le Fia David gome ene. Eɖe kuku na Yehowa gbe ɖeka be: “Se nye kokoƒogbe ne medo ɣli na wò.” Ðe Mawu ɖo eŋu nɛa? Ɛ̃. David yi edzi gblɔ be: “Exɔ nam, eya ta nye dzi le aseye tsom.”—Psalmo 28:2, 7.

AKPA SI YESU WƆNA LE AKƆFAFA NA KONYIFALAWO ME

Mawu ɖoe be Yesu nawɔ akpa vevi aɖe le akɔfafa na amewo me. Hekpe ɖe dɔ bubu siwo Mawu de asi na Yesu be wòawɔ ŋu la, ele hã be Yesu nada “gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu” eye wòafa “akɔ na konyifalawo katã.” (Yesaya 61:1, 2) Abe ale si wogblɔe ɖi ene la, Yesu tsɔ ɖe le eme na ame siwo nɔ ‘dagbadagbam, eye agba nɔ wo wum la.’—Mateo 11:28-30.

Yesu ɖo aɖaŋu nyuiwo na amewo tsɔ fa akɔ na wo; nenema kee wòfa akɔ na amewo esi wòwɔ nu ɖe wo ŋu dɔmenyotɔe, eye le go aɖewo gɔ̃ hã me la, eda woƒe dɔlélewo na wo. Gbe ɖeka, anyidzela aɖe ɖe kuku na Yesu be: “Ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.” Eƒe nu wɔ nublanui na Yesu eye wògblɔ nɛ be: “Melɔ̃! Ŋutiwò nekɔ.” (Marko 1:40, 41) Eye anyidzela la ƒe anyia vɔ nɛ.

Egbea, Mawu ƒe Vi la mele anyigba dzi afa akɔ na mí o. Gake Fofoa, Yehowa, “akɔfafawo katã ƒe Mawu” la gakpɔtɔ le akɔ fam na ame siwo hiã akɔfafa. (2 Korintotɔwo 1:3) De ŋugble le mɔ vevi ene siwo dzi wòtona faa akɔ na amewo ŋu kpɔ.

  • Biblia La. “Nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi be woatsɔ afia nu mí, ale be to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔ tso Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.”—Romatɔwo 15:4.

  • Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe La. Le Yesu ƒe ku megbe kpuie la, Kristo hame blibo la ƒe tome fa. Nu ka tae? “Le esi woyi edzi zɔ le Yehowa vɔvɔ̃ me eye gbɔgbɔ kɔkɔe na akɔfafa wo ta.” (Dɔwɔwɔwo 9:31) Gbɔgbɔ kɔkɔe la, si nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ la, nye ŋusẽ triakɔ aɖe. Mawu ate ŋu azãe atsɔ afa akɔ na ame ɖe sia ɖe le nɔnɔme ɖe sia ɖe ƒomevi me.

  • Gbedodoɖa. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o.” Ke egblɔ be le esia teƒe la, “[mina] Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

  • Hati Kristotɔ siwo dome míenɔa dedie le la nye xɔlɔ̃ vavã siwo faa akɔ na mí. Apostolo Paulo gblɔ tso eƒe zɔhɛwo ŋu be ‘wozu akɔfafa gã aɖe’ na ye le “hiãkame kple xaxawo” me.—Kolosetɔwo 4:11; 1 Tesalonikatɔwo 3:7.

Gake ɖewohĩ èle ɖokuiwò biam be, aleke wòdzɔna ŋutɔŋutɔ be Mawu toa mɔ mawo dzi faa akɔ na amewo egbea? Na míalé ŋku ɖe ame siwo to kuxi siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati gbãtɔa me la me ƒe ŋutinyawo ŋu kpɔ. Abe woawo ke ene la, wò hã àva kpɔe be Mawu gakpɔtɔ le eƒe ŋugbedodo lédziname si nye, “Ale si vidada faa akɔ na via la, nenemae manɔ akɔ fam na mi” la dzi wɔm.—Yesaya 66:13.

^ mm. 3 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.