Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ALEKE NÀWƆ AKPƆ AKƆFAFA?

Ale Si Nàkpɔ Akɔfafa Le Xaxaɣiwo

Ale Si Nàkpɔ Akɔfafa Le Xaxaɣiwo

Xaxa ƒomevi vovovowo vaa mía dzi. Míate ŋu aƒo nu tso xaxa ɖe sia ɖe ŋu le nyati sia me o, gake na míalé ŋku ɖe xaxa ƒomevi ene siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi ŋu. Xaxa siwo me ameawo dometɔ ɖe sia ɖe to la le vovo, gake de dzesi ale si wo katã wokpɔ akɔfafa vavã tso Mawu gbɔ.

NE DƆ GE LE AME SI

“Mewɔa dɔ ɖe sia ɖe si menya kpɔ ko, eye nu siwo hiã mí ŋutɔŋutɔ koe míeƒlena.”—Jonathan

Seth * gblɔ be: “Dɔ ge le nye kple srɔ̃nye si le ɣeyiɣi ɖeka me. Ƒometɔwo ƒe dɔmenyonunanawo kple dɔ vivivi siwo mewɔna la nue míenɔ agbe ɖo ƒe eve sɔŋ. Esia wɔe be srɔ̃nye Priscilla lé blanui vevie, eye nye hã mese le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele ŋunye o.

“Nu kae kpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme ma me? Priscilla nɔa ŋku ɖom Yesu ƒe nya si le Mateo 6:34 la dzi na eɖokui edziedzi. Yesu gblɔ be míagatsi dzimaɖi le etsɔ ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Eye Priscilla ƒe gbedodoɖa tso dzi blibo me kpe ɖe eŋu wòdo dzi. Le gonyeme la, Psalmo 55:22 ye fa akɔ nam. Nye hã medro nye agbawo ɖe Yehowa dzi abe ale si hakpalaa wɔe ene, eye mekpɔe be Yehowa lém ɖe te. Togbɔ be mekpɔ dɔ le wɔwɔm fifia hã, míetia kesinɔnuwo yome o, le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo si dze le Mateo 6:20-22. Gawu la, míeva te ɖe Mawu ŋu geɖe wu eye nye kple srɔ̃nye dome va le kplikplikpli wu tsã.”

Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Jonathan la gblɔ be: “Esi asitsadɔwɔƒe sue si míaƒe ƒomea ɖo ɖu agba la, metsi dzimaɖi ɖe etsɔme ŋu. Ganyawo ƒe sesẽ le dukɔa me wɔe be dɔ siwo katã míeku kutri wɔ ƒe 20 sɔŋ la dome gblẽ. Nye kple srɔ̃nye míeva te nyahehe le ganyawo ta. Míegatea ŋu tsɔa míaƒe agbananuƒlegbalẽvi ƒlea nu o, elabena míenɔ vɔvɔ̃m be womaxɔe o.

“Gake Mawu ƒe Nyaa kple eƒe gbɔgbɔa kpe ɖe mía ŋu míetso nya me nyuie. Mewɔa dɔ ɖe sia ɖe si menya kpɔ ko, eye nu siwo hiã mí ŋutɔŋutɔ koe míeƒlena. Esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, míaƒe haxɔsetɔwo hã kpena ɖe mía ŋu. Wona míese le mía ɖokui me be asixɔxɔ le mía ŋu eye wodoa alɔ mí ne nɔnɔmeawo sesẽ.”

NE SRƆ̃ÐEÐE ME GBLẼ

Raquel gblɔ be: “Esi srɔ̃nye dzo le gbɔnye gbe ɖeka kple eƒe zãdodo la, nye dzi gbã eye dzi kum vevie. Melé blanui ale gbegbe. Gake nu si kpe ɖe ŋunyee nye be mete ɖe Mawu ŋu, eye eya hã fa akɔ nam. Medoa gbe ɖa na Mawu gbe sia gbe eye eƒe ŋutifafa kpɔ nye dzi ta. Ðeko wòwɔ abe ɖe wòɖɔ nye dzi si gbã gudugudu la ɖo ene.

“Eye dzidzɔtɔe la, eƒe Nya, Biblia, kpe ɖe ŋunye medzudzɔ dzikudodo. Metsɔ apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Romatɔwo 12:21 la wɔ dɔe. Afi ma gblɔ be: ‘Mègaɖe mɔ nu vɔ̃ɖi naɖu dziwò o, ke boŋ yi edzi nàtsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.’

“Ɣeaɖewoɣi la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be ‘nu vevi aɖe bu’ na mí eye míaɖe asi le eŋu. . . . Fifia, mele taɖodzinu bubuwo minyam.”—Raquel

“Xɔ̃nye aɖe ɖo aɖaŋu nyui aɖe nam si kpe ɖe ŋunye mekpɔe be ehiã be maɖe susu ɖa le nu si dzɔ la ŋu. Etsɔ nya si le Nyagblɔla 3:6 la fiam eye wògblɔ nam tufafatɔe be, ɣeaɖewoɣi la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be ‘nu vevi aɖe bu’ na mí eye míaɖe asi le eŋu. Aɖaŋuɖoɖoa nu sẽ, gake ema tututue mehiã ɣemaɣi. Fifia, mele taɖodzinu bubuwo minyam.”

Elizabeth gblɔ be: “Ne wò srɔ̃ɖeɖe me gblẽ la, èhiã na amewo ƒe kpekpeɖeŋu. Xɔ̃nye vevi aɖe na kpekpeɖeŋu mam gbe sia gbe. Ne mele avi fam la, efaa avi kplim, eye wòna mese le ɖokuinye me be ame aɖe lɔ̃m, ke menye be asixɔxɔ aɖeke mele ŋunye o. Meka ɖe edzi be Yehowa ye to xɔ̃nye sia dzi fa akɔ nam.”

DƆLÉLE KPLE TSITSIMEKUXIWO

“Ne medo gbe ɖa na Mawu ko la, mesena le ɖokuinye me be eƒe gbɔgbɔa le ŋusẽ domem.”—Luis

Dzidɔ sesẽ aɖe le Luis, si ŋu nya míegblɔ le nyati siawo ƒe gbãtɔ me la ŋu, eye wòde kuku ge kloe zi eve sɔŋ. Fifia, ehiã be woanɔ ɔksidzin-ya namee wòanɔ gbɔgbɔm to ŋɔti me gaƒoƒo 16 gbe sia gbe. Egblɔ be: “Medoa gbe ɖa na Yehowa madzudzɔmadzudzɔe. Eye ne medo gbe ɖa na Mawu ko la, mesena le ɖokuinye me be eƒe gbɔgbɔa le ŋusẽ domem. Gbedodoɖa nana dzi ɖoa ƒonye, elabena mexɔ eyama dzi se eye menyae be eléa be nam.”

Petra si xɔ ƒe 80 kple edzivɔ la gblɔ be: “Nu geɖe li madi be mawɔ, gake nyemate ŋui o. Ne mekpɔ ale si ŋusẽ le vɔvɔm le ŋunye la, etena ɖe dzinye ŋutɔ. Ðeɖi tea ŋunye belibeli eye ele be manɔ atikenono dzi. Enuenu la, medea ŋugble le ale si Yesu bia tso Fofoa si be, ne anya wɔ la, wòana nɔnɔme sesẽ aɖe nato ye ŋu la ŋu. Gake Yehowa meɖe nɔnɔme sesẽa ɖa o, ke boŋ edo ŋusẽ Yesu, eye edoa ŋusẽ nye hã. Gbedodoɖa léam ɖe te gbe sia gbe. Ne menya do gbe ɖa na Mawu ko la, nye dzi dzea eme.”—Mateo 26:39.

Nenema kee Julian hã sena le eɖokui me. Dɔléle si gblẽa nu le lãmekawo ŋu eye wònana ameti bliboa nɔa gbɔdzɔgbɔdzɔm la le fu ɖem nɛ ƒe 30 kloe ye nye esia. Egblɔ be: “Dɔmemegã ƒe zikpui mee menɔna tsã, gake fifia, meva tsi bunɔkeke me. Ke hã viɖe le nye agbe ŋu, elabena meléa fɔ ɖe kpekpeɖeŋunana amewo ŋu. Nunana amewo tea ŋu ɖea vevesese dzi kpɔtɔna, eye Yehowa wɔa ŋugbe si wòdo be yeado ŋusẽ mí le xaxaɣi la dzi. Nye hã mate ŋu agblɔ abe ale si apostolo Paulo gblɔ ene be: ‘Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.’”—Filipitɔwo 4:13.

NE MÍAƑE AME VEVI AÐE KU

Antonio gblɔ be: “Esi fofonye ku le ʋufɔku aɖe me la, gbã la, nyemexɔe se o. Ewɔ nam be mesɔ kura be nu ma nadzɔ ɖe edzi o, elabe afɔzɔla ko wònye va yina. Gake naneke meli mawɔ o. Eyi ɖi me ŋkeke atɔ̃ hafi ku. Medze agbagba ɖe sia ɖe be magafa avi le danye ŋkume o, gake ne nye ɖeɖe meli la, mewóa avi henɔa biabiam be, ‘Nu ka tae? Nu ka tae?’

“Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, menɔ Yehowa biam enuenu be wòakpe ɖe ŋunye maɖu nye seselelãmewo dzi eye wòana dzidzemem. Eye vivivi la, nye dzi va dze eme. Meɖo ŋku edzi be Biblia gblɔ be ‘nuɖiɖeame’ ate ŋu adzɔ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Esi wònye be Mawu mekaa aʋatso o ta la, meka ɖe edzi be magava kpɔ fofonye ake le tsitretsitsia me.”—Nyagblɔla 9:11; Yohanes 11:25; Tito 1:2.

“Togbɔ be yameʋu si ge la ɖe mía viŋutsua ƒe agbe ɖa hã la, míegakpɔa dzidzɔ ne míeɖo ŋku ɣeyiɣi nyui siwo me mí katã míese vivi le va yi la dzi.”—Robert

Nenema kee Robert, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati gbãtɔ me la hã se le eɖokui me. Egblɔ be: “Ŋutifafa si ŋu woƒo nu tsoe le Filipitɔwo 4:6, 7 la su nye kple srɔ̃nye Maribel si. Gbedodoɖa na Yehowa ye na wòva eme na mí nenema. Ŋutifafa sia si sua ame si le ememe la wɔe be míete ŋu ƒo nu tso tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu na nyadzɔdzɔgblɔlawo. Togbɔ be yameʋu si ge la ɖe mía viŋutsua ƒe agbe ɖa hã la, míegakpɔa dzidzɔ ne míeɖo ŋku ɣeyiɣi nyui siwo me mí katã míese vivi le va yi la dzi. Míedzea agbagba be míana míaƒe susu nanɔ ɣeyiɣi mawo dzi.

“Esi mía nɔvi Ðasefowo gblɔ na mí be yewokpɔe be míeɖe dzi ɖi nɔ míaƒe dzixɔse me ɖem le television dzi la, míegblɔ na wo be ɖikeke mele eme o be gbe gbogbo siwo dom wole ɖa ɖe mía ta lae wɔe be wòva eme nenema. Meka ɖe edzi bliboe be Yehowa to woƒe akɔfanya gbogboawo dzi lé mí ɖe te.”

Kpɔɖeŋu siwo me míedzro fifia la ɖee fia be Mawu faa akɔ na ame siwo le xaxa kple kuxi ƒomevi vovovowo me tom. Ðe wòate ŋu afa akɔ na wò hã? Xaxa ka kee ɖava dziwò o, àte ŋu akpɔ akɔfafa le ɣeyiɣi sesẽwo me. * Eya ta, ɖe manyo be nàna Yehowa nakpe ɖe ŋuwò oa? Eyae nye “akɔfafawo katã ƒe Mawu” la.—2 Korintotɔwo 1:3.

^ mm. 5 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

^ mm. 23 Ne èdi be yeate ɖe Mawu ŋu be wòafa akɔ na wò la, míeɖe kuku, te ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu alo nàŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe woƒe alɔdzedɔwɔƒe si tsɔ gbɔwò wu.