Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la?

AME AÐEWO XƆE SE be eyae nye Mawu ƒe dziɖuɖu le ame ƒe dzi me; ame bubuwo hã susu be amegbetɔwoe ato agbagba siwo dzem wole be yewoana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ xexea me la dzi ahe Mawu Fiaɖuƒea vɛ. Nu kae nèsusu?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o. . . . Agbã [amegbetɔwo ƒe] fiaɖuƒe mawo katã gudugudu, eye wòahe wo va nuwuwui.” (Daniel 2:44) Esia fia be, dziɖuɖu ŋutɔŋutɔe Mawu Fiaɖuƒea nye.

NU BUBU SI MÍESRƆ̃ LE BIBLIA ME

  • Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum tso dziƒo.—Mateo 10:7; Luka 10:9.

  • Mawu toa Fiaɖuƒea dzi nana wowɔa eƒe lɔlɔ̃nu le dziƒo kple anyigba dzi.—Mateo 6:10.

Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Ava?

ÐE NÀGBLƆ BE

  • Ame aɖeke menya oa?

  • Eva kpuiea?

  • Mava gbeɖe oa?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” (Mateo 24:14) Ne wonya wu gbeƒãɖeɖe nya nyuia nu keŋkeŋ ko la, Fiaɖuƒea ava ɖe fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖia ɖa.

NU BUBU SI MÍESRƆ̃ LE BIBLIA ME

  • Anyigbadzinɔla aɖeke menya ɣeyiɣi si me Mawu Fiaɖuƒea ava o.—Mateo 24:36.

  • Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia be Fiaɖuƒea ava kpuie.—Mateo 24:3, 7, 12.