Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Da Akpe Ðe Mawu Ƒe Amenuveve Ta

Da Akpe Ðe Mawu Ƒe Amenuveve Ta

“Míexɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi.”—YOH. 1:16.

HADZIDZI: 95, 13

1, 2. (a) Gblɔ Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe waingbletɔ la ŋu kpuie. (b) Aleke kpɔɖeŋu sia na míekpɔ nu si dɔmenyo kple amenuveve fia?

GBE ÐEKA ŋdi la, waingbletɔ aɖe yi asi me be yeadi amewo woava wɔ dɔ le yeƒe waingble me. Ame siwo wòkpɔ la lɔ̃ ɖe fetu si wòbe yeaxe na wo dzi eye woyi dɔa me. Gake esi agbletɔa hiã dɔwɔla geɖe wu ta la, etrɔ yi ɖadi apadɔwɔlawo enuenu le ŋkekea me hedo fetu si sɔ ŋugbe na wo, wo dometɔ siwo wòkpɔ le ɣetrɔ me gɔ̃ hã. Esi fiẽsi ɖo la, eƒo dɔwɔlawo nu ƒu, eye wòxe fe sɔsɔe na ame siwo wɔ dɔ gaƒoƒo geɖe kple esiwo wɔ dɔ gaƒoƒo ɖeka la siaa. Ame siwo wòtsɔ gbã be woawɔ dɔ na ye la to nyatoƒoe le eŋu. Waingbletɔa ɖo eŋu na wo dometɔ ɖeka be: ‘Ðe mèlɔ̃ ɖe fetu si mebe maxe na wò dzi xoxo oa? Ðe nyemekpɔ mɔ axe fe na nye dɔwɔlawo katã ale si medi oa? Alo dɔmenyo si mewɔ lae le ŋu biãm na wòa?’—Mat. 20:1-15, etenuŋɔŋlɔ.

2 Yesu ƒe lododoa ɖoa ŋku Yehowa ƒe nɔnɔme aɖe si ŋu Biblia ƒo nu tsoe zi geɖe la dzi na mí, si nye eƒe “amenuveve.” [1] (Xlẽ 2 Korintotɔwo 6:1.) Edze abe dɔwɔla siwo wɔ dɔ gaƒoƒo ɖeka ko la medze na ŋkeke blibo ƒe fetu o ene, gake agbletɔa ɖe dɔmenyo si tɔgbi mebɔ o fia wo. Biblia-nyala aɖe gblɔ tso nya si gɔme woɖe be “amenuveve” ŋu be: “Susu vevi si le nya sia mee nye be, enye nunana si ŋu womekpe fu ɖo loo alo dze na o, si nunalaa ŋutɔ tso le eɖokui si na dɔmenyotɔe.”

YEHOWA ƑE NUNANA FAA LA

3, 4. Nu ka tae míagblɔ be Yehowa ve amewo katã nu, eye aleke wòwɔe?

3 Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso “Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana faa” ŋu. (Ef. 3:7) Nu ka tae Yehowa na “nunana faa” sia mí, eye aleke wòwɔe? Ne ɖe míewɔna ɖe Yehowa ƒe nudidiwo katã dzi pɛpɛpɛ la, anye ne míedze na eƒe dɔmenyo. Gake míedo kpo nu. Eya tae nunyala Fia Salomo gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ eye mewɔa nu vɔ̃ o.” (Nyagb. 7:20) Apostolo Paulo hã gblɔ be: “[Amewo] katã wɔ nu vɔ̃, eye wometea ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o,” azɔ hã “nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku.” (Rom. 3:23; 6:23a) Ɛ̃, emae míedze na.

4 Gake Yehowa lɔ̃ amegbetɔ nuvɔ̃mewo ale gbegbe be wòɖe amenuveve si ɖeke mesɔ kplii o fia wo. Edɔ “eƒe Tenuvi la” ɖo ɖe anyigba dzi wòva ku ɖe mía ta, eye esiae nye amenuvevenunana gãtɔ kekeake. (Yoh. 3:16) Paulo gblɔ le Yesu ŋu be: “Fifia woɖɔ ŋutikɔkɔe kple bubu nɛ esi wòkpe fu heku, ale be to Mawu ƒe amenuveve me la, wòaɖɔ ku kpɔ ɖe amewo katã ta.” (Heb. 2:9) Nyateƒee, “Mawu ƒe amenuvevenunanae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.”—Rom. 6:23b.

5, 6. Nu kae ado tso eme ne (a) nu vɔ̃ le mía dzi ɖum? (b) amenuveve le mía dzi ɖum?

5 Aleke wòdzɔe be amegbetɔwo nyi nu vɔ̃ kple ku si le fu wɔm mí katã la dome? Biblia gblɔ be: “Ame ɖeka [Adam] ƒe vodada wɔe be ku ɖu fia” ɖe amewo katã dzi. Míenye Adam ƒe dzidzimeviwo, eya ta míekuna. (Rom. 5:12, 14, 17) Gake dzidzɔtɔe la, míate ŋu atiae be nu vɔ̃ mayi edzi aɖu fia, alo akpɔ ŋusẽ, ɖe mía dzi o. Ne míexɔ Kristo ƒe vɔsa dzi se la, míava nɔ Yehowa ƒe amenuveve te. Le mɔ ka nu? “Afi si nu vɔ̃ sɔ gbɔ le la, amenuveve ya sɔa gbɔ geɖe wu. Kple susu ka? Ale be ale si ko nu vɔ̃ kple ku ɖu fiae la, amenuveve hã naɖu fia nenema ke to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.”—Rom. 5:20, 21.

6 Togbɔ be míenye nu vɔ̃ mewo hã la, mele be míaɖe asi le mía ɖokui ŋu nu vɔ̃ nanɔ fia ɖum ɖe mía dzi o. Ne nu vɔ̃ aɖe ɖi ɖe mí la, ele be míaɖe kuku na Yehowa be wòatsɔe ake mí. Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mele be nu vɔ̃ naɖu aƒetɔ ɖe mia dzi o, elabena miele se te o, ke amenuveve tee miele.” (Rom. 6:14) Eya ta ele be míana amenuveve boŋ naɖu fia ɖe mía dzi. Aleke esia aɖe vi na mí? Paulo ɖo eŋu be: “Mawu [ƒe] amenuveve . . . fia mí be míatsri mawumavɔmavɔ̃ kple xexea me nudzodzrowo, eye be míanɔ agbe le ŋuɖɔɖo kple dzɔdzɔenyenye kpakple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu me le fifi nuɖoanyi sia me.”—Tito 2:11, 12.

“MAWU ƑE AMENUVEVE SI WÒÐE FIA LE MƆ VOVOVOWO NU”

7, 8. Esi wogblɔ be Yehowa ‘ɖe eƒe amenuveve fia le mɔ vovovowo nu’ la, nu kae wòfia? (Kpɔ foto siwo le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

7 Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Nunana ale si nu ame sia ame xɔ le Mawu ƒe amenuveve si wòɖe fia le mɔ vovovowo nui la, mitsɔe subɔ mia nɔewo abe aƒedzikpɔla nyuiwo ene.” (1 Pet. 4:10) Nu kae nya mawo fia? Efia be dodokpɔ ka ke mee míato le agbe me o, Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ mí míanɔ te ɖe enu. (1 Pet. 1:6) Mawu ƒe amenuvevenunana aɖe akpɔ míaƒe nɔnɔmea gbɔ kokoko.

8 Vavãe, Yehowa ɖea eƒe amenuveve fiana le mɔ vovovowo nu. Apostolo Yohanes gblɔ be: “Esi amenuveve kple nyateƒe yɔe fũu ta la, míexɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi.” (Yoh. 1:16) Yehowa ƒe amenuveve si wòɖe fia le mɔ vovovowo nu la he yayra gbogbowo vɛ na mí. Wo dometɔ aɖewoe nye kawo?

9. Aleke Yehowa ƒe amenuveve ɖea vi na mí, eye aleke míada akpe ɖe esia ta?

9 Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí. Le Yehowa ƒe amenuveve ta la, etsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí ne míetrɔ dzi me heyi edzi le avu wɔm kple nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo. (Xlẽ 1 Yohanes 1:8, 9.) Ele be míada akpe ɖe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ta eye esia naʋã mí míakafui. Paulo gblɔ na hati Kristotɔ amesiaminawo be: “[Yehowa ɖe] mí tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòkplɔ mí yi Via lɔlɔ̃a ƒe fiaɖuƒe la me, ame si dzi woto ɖe mí to tafe la dzi, si fia be wotsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí.” (Kol. 1:13, 14) Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí, eye esia ʋu yayra bubu geɖewo ƒe ʋɔtru ɖi na mí.

10. Nu kae su mía si le Mawu ƒe amenuveve ta?

10 Míate ŋu anɔ ŋutifafa me kple Mawu. Esi wodzi mí ɖe nu vɔ̃ me ta la, míenye Mawu ƒe futɔwo. Paulo lɔ̃ ɖe esia dzi esi wògblɔ be: “Woto Via ƒe ku dzi dzra mía kple Mawu dome ɖo esime míenye eƒe futɔwo.” (Rom. 5:10) Ale si Yehowa dzra mía kplii dome ɖo alea na míeva le ŋutifafa me kplii. Paulo ɖe eme be Yehowa ƒe amenuvevee ʋu esia ƒe mɔ na mí. Egblɔ be: “Esi wobu mí [Kristo nɔvi amesiaminawo] ame dzɔdzɔewoe azɔ to xɔse me ta la, mina míanɔ ŋutifafa me kple Mawu to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi. To eya dzi la, mɔ ʋu na mí be amenuveve sia su mía si fifia to xɔse me.” (Rom. 5:1, 2) Yayra gã kae nye esi!

Mɔ aɖewo siwo nu Mawu ɖe eƒe amenuveve fia mí le: Ena mɔnukpɔkpɔ amewo be woase nya nyuia (Kpɔ memama 11)

11. Aleke amesiaminawo wɔ kplɔ ‘alẽ bubuawo’ va dzɔdzɔenyenyemɔ dzi?

11 Mawu ate ŋu abu mí ame dzɔdzɔewoe. Mí katã míenye ame madzɔmadzɔwo. Gake nyagblɔɖila Daniel gblɔ be le ŋkeke mamlɛawo me la, “ame siwo si gɔmesese deto le,” siwo nye amesiamina susɔeawo, akplɔ “ame geɖewo [ava] dzɔdzɔenyenyemɔ dzi.” (Xlẽ Daniel 12:3.) Woto gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa dzi na ame akpe teƒe akpe geɖe siwo nye ‘alẽ bubuawo’ zu ame dzɔdzɔewo le Yehowa ŋkume. (Yoh. 10:16) Yehowa ƒe amenuvevee esia hã nye. Paulo gblɔ le wo ŋu be: “Nunana faa wònye be woto tafe si Kristo Yesu xe la dzi na ablɔɖe wo, eye wobu wo be wole dzɔdzɔe le [Mawu ƒe] amenuveve me.”—Rom. 3:23, 24.

Eʋu mɔ na mí be míado gbe ɖa na ye (Kpɔ memama 12)

12. Nu ka tae míagblɔ be gbedodoɖa nye Mawu ƒe amenuvevenunana?

12 Míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me. Le Yehowa ƒe amenuveve ta la, míate ŋu ado gbe ɖa nɛ faa. Le nyateƒe me la, Paulo yɔ Yehowa ƒe fiazikpuia be “amenuvevezikpui,” eye wòkpe mí be míate ɖe eŋu “aƒo nu faa.” (Heb. 4:16a) Yehowa na mɔnukpɔkpɔ sia mí to Via dzi, “ame si na míeƒoa nu faa alea, eye esi míexɔ edzi se ta la, dzi ɖoa mía ƒo míetena ɖe eŋu” bɔbɔe. (Ef. 3:12) Gbedodoɖa na Yehowa nye eƒe amenuveve ɖeɖe fia wɔnuku aɖe vavã!

Ekpena ɖe mía ŋu le hiahiãgbe (Kpɔ memama 13)

13. Aleke Mawu vea mía nu le “hiahiãgbe”?

13 Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le hiãɣi. Paulo gblɔ be míate ɖe Yehowa ŋu ado gbe ɖa nɛ faa, “ale be wòakpɔ nublanui na mí, eye wòave mía nu le hiahiãgbe.” (Heb. 4:16b) ‘Fu vi metsia fu me o,’ eya ta ɣesiaɣi si míege ɖe fukpekpe me la, míate ŋu aƒo koko na Yehowa be wòave mía nu. Togbɔ be míenye nu vɔ̃ mewo hã la, zi geɖe la, etoa hati Kristotɔwo dzi ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu, “ale be dzi naɖo mía ƒo bliboe míagblɔ be: ‘Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o. Nu kae amegbetɔ ate ŋu awɔm?’”—Heb. 13:6.

14. Dɔ kae Yehowa ƒe amenuveve wɔna ɖe míaƒe dziwo dzi?

14 Míekpɔa akɔfafa. Yayra gã bubu si míekpɔna le Yehowa ƒe amenuveve mee nye be, míekpɔa akɔfafa ne míaƒe dzi gbã. (Ps. 51:17) Esi wonɔ Tesalonika Kristotɔwo yome tim vevie la, Paulo ŋlɔ ɖo ɖe wo be: “Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Fofo, ame si lɔ̃ mí, eye wòto eƒe amenuveve me na akɔfafa mavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui mí la, nafa akɔ na miaƒe dziwo, eye wòado ŋusẽ mi.” (2 Tes. 2:16, 17) Efaa akɔ na mí ŋutɔ be míanyae be Yehowa léa be na mí lɔlɔ̃tɔe le eƒe dɔmenyo geɖe la ta!

15. Mɔkpɔkpɔ kae su mía si le Mawu ƒe amenuveve ta?

15 Agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le mía si. Esi míenye nu vɔ̃ wɔlawo ta la, anye ne mɔkpɔkpɔ aɖeke manɔ mía si hafi o. (Xlẽ Psalmo 49:7, 8.) Gake Yehowa na mɔkpɔkpɔ nyui aɖe mí. Yesu do ŋugbe na eyomedzelawo be: “Esiae nye Fofonye ƒe lɔlɔ̃nu be ame sia ame si kpɔa Vi la, eye wòxɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ.” (Yoh. 6:40) Ɛ̃, agbe mavɔ mɔkpɔkpɔa nye Mawu ƒe amenuvevenunana gã aɖe. Paulo lɔ̃ ɖe esia dzi hegblɔ be: “Mawu ɖe eƒe amenuveve fia, eye esia hea ɖeɖekpɔkpɔ vɛ na amewo katã ƒomevi.”—Tito 2:11.

MÈGAWƆ MAWU ƑE NUNANA FAA LA ŊU DƆ YAKAYAKA O

16. Aleke Kristotɔ gbãtɔ aɖewo wɔ Mawu ƒe amenuvevenunanaa ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu?

16 Ele eme be Yehowa ƒe amenuveve he yayra geɖewo vɛ na mí ya, gake mele be míasusui gbeɖe be eɖea mɔ ɖe agbenɔnɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu o. Kristotɔ gbãtɔawo dometɔ aɖewo “trɔa mía Mawu ƒe amenuveve la wòzua mɔɖeɖe ɖe ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe ŋu.” (Yuda 4) Anɔ eme be Kristotɔ mawɔnuteƒe mawo bui be yewoate ŋu anɔ nu vɔ̃ wɔm faa ahanɔ mɔ kpɔm be Yehowa atsɔe ake yewo. Esi gavɔ̃ɖi wue nye be, wodina be yewoaƒoe ɖe yewo nɔviwo nu ne woawo hã woanɔ agbe baɖa abe yewo ene. Egbea hã, ame sia ame si wɔa nu alea do “vlo amenuvevegbɔgbɔ la.”—Heb. 10:29.

17. Aleke Petro xlɔ̃ nu mí kple ŋkubiãe?

17 Egbea, Satana flu Kristotɔ aɖewo wosusui be le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ta yewoate ŋu aɖoe awɔ nu vɔ̃ eye woatsɔe ake yewo godoo. Togbɔ be Yehowa lɔ̃na faa tsɔ kea nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me hã la, ekpɔa mɔ be míaʋli sesĩe awɔ avu kple nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo. Etsɔ eƒe gbɔgbɔ ʋã Petro wògblɔ be: “Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, esi mienya nu siawo do ŋgɔ ta la, minɔ ŋudzɔ, be sedzimawɔlawo ƒe vodada nagakplɔ mi atrae kpe ɖe wo ŋu o, ale be miage tso teƒe si mieli ke ɖo la o. Ao, ke boŋ miyi edzi miatsi le mía Aƒetɔ kple mía Ðela Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me.”—2 Pet. 3:17, 18.

MAWU ƑE AMENUVEVE BIA NANEWO TSO MÍA SI

18. Nu kae Yehowa ƒe amenuvevea bia tso mía si?

18 Ne míedaa akpe ɖe Yehowa ƒe amenuveve ta la, ke ele be míazã míaƒe amenuvevenunanawo wòaɖe vi na mía haviwo eye míatsɔe ade bubu Mawu ŋu. Aleke míawɔ esiae? Paulo ɖo eŋu be: “Esi wònye nunana vovovowoe le mía si le amenuveve si wona mí nu ta la, . . . ne subɔsubɔdɔe la, mina míanɔ subɔsubɔdɔ sia dzi; alo ame si fiaa nu la, nenɔ eƒe nufiafia la dzi; alo ame si dea dzi ƒo la, nenɔ eƒe dzidede ƒo na ame la dzi; . . . ame si kpɔa nublanui la, nenɔ edzi kple dzidzɔ.” (Rom. 12:6-8) Yehowa ƒe amenuvevea bia tso mía si be míatsɔ dzo ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu, míafia Biblia amewo, ade dzi ƒo na mía nɔvi Kristotɔwo, eye míatsɔ ake ame sia ame si dze agɔ le mía dzi.

19. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

19 Ne míedaa akpe ɖe lɔlɔ̃ si gbegbe Mawu ɖe fia mí ta la, ke ele be wòaʋã mí míawɔ míaƒe ŋutete katã aɖi “ɖase le Mawu ƒe amenuveve nya nyui la ŋu tsitotsito.” (Dɔw. 20:24) Míadzro dɔdeasi sia me nyuie le nyati si kplɔ esia ɖo me.

^ [1] (memama 2) Kpɔ “Amenuveve” le “Biblia Me Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒe” si le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖea me.