Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Di Fiaɖuƒea, Ke Menye Xexemenuwo O

Di Fiaɖuƒea, Ke Menye Xexemenuwo O

“Minɔ [Mawu] Fiaɖuƒe la didi dzi . . . eye woatsɔ nu siawo akpee na mi.”—LUKA 12:31.

HADZIDZI: 40, 98

1. Vovototo kae le nuhiahiã kple nudzodzro dome?

WOGBLƆNA be amegbetɔ ƒe nuhiahiãwo le ʋɛe gake eƒe nudzodzrowo sɔ gbɔ. Edze abe ame geɖe menya vovototo le nu si hiã wo kple nu si le wo dzrom dome o ene. Vovototo kae le wo dome? “Nuhiahiã” nye nu si wòle be wòasu asiwò godoo elabe wò agbe nɔ te ɖe edzi. Míaƒe nuhiahiã veviwoe nye nuɖuɖu, nudodo kple mlɔƒe. “Nudzodzro” ye nye nu si nèdi be wòasu ye si evɔ mehiã hafi nànɔ agbe o.

2. Nu siwo dzroa amewo dometɔ aɖewo ɖe?

2 Afi si amewo le kpɔa ŋusẽ ɖe nu siwo dzroa wo dzi. Le dukɔ dahewo me la, nu si dzroa ame geɖe ye nye be yewoakpɔ ga aƒle asitelefon, dzokeke alo anyigba sue aɖe. Gake le dukɔ deŋgɔwo me la, nu si amewo dina ye nye be yewoaƒle awu xɔasi gbogbowo, aƒe gãwo alo ʋu xɔasiwo. Afi siae afɔkua le—be ŋutilãmenudidi nazu mɔ̃ aɖe mí, ale be míadi be nu geɖe nasu mía si, esiwo nu míaƒe ga ade kple esiwo nu míaƒe ga made o siaa.

KPƆ NYUIE BE ŊUTILÃMENUDIDI ƑE MƆ̃ NAGAÐE WÒ O

3. Ŋutilãmenudidi gɔme ɖe?

3 Nu kae nye ŋutilãmenudidi? Enye nunɔamesiwo didi vivivo ahagblẽ nu siwo do ƒome kple mawusubɔsubɔ ya ɖi. Nu siwo dzroa ame, nu siwo ŋu eƒe susu le kple nu siwo wòtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me ye ɖenɛ fiana be enye ŋutilãmenudila. Nɔnɔme sia nana nunɔamesiwo meɖia ƒo na ame gbeɖe o. Ate ŋu adzɔ be ame siwo si ga geɖe mele o alo wometea ŋu ƒlea nu xɔasiwo o nanye ŋutilãmenudilawo. Eye ame siwo da ahe kolikoli hã ate ŋu anye ŋutilãmenudilawo nenye be womedia Fiaɖuƒea gbã o.—Heb. 13:5.

4. Aleke Satana wɔa míaƒe “ŋkuwo ƒe nudzodzro” ŋuti dɔe?

4 Satana zãa xexemesitsalawo tsɔ flua mí be míaxɔe ase be ele vevie be nu siwo mehiã mí boo o la nasu mía si hafi míakpɔ dzidzɔ le agbe me. Ebi ɖe “ŋkuwo ƒe nudzodzro” ŋu dɔ wɔwɔ me ŋutɔ. (1 Yoh. 2:15-17; 1 Mose 3:6; Lod. 27:20) Xexea doa nu sia nu ko ɖe ŋgɔ, esiwo biãa ŋu na ame kple esiwo mele bo aɖeke nu o siaa. Ðe nèƒle nane kpɔ le esi nèkpɔe le boblododo alo fiase aɖe me ta, eye emegbe nèva de dzesii be mehiã ye hafi oa? Ðe nèkpɔe be anye ne yeate ŋu anɔ agbe ne nu ma mele ye si o gɔ̃ hã? Ðeko nu mawo va zua agba kpekpe na mí henana nu tia kɔ na mí. Woate ŋu azu ka abla mí goŋgoŋ ahahe míaƒe susu ɖa le Biblia xexlẽ, dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu, kpekpeawo kple gbeadzi dede edziedzi kple esiawo tɔgbi ŋu. Ðo ŋku edzi be apostolo Yohanes xlɔ̃ nu mí be: “Xexea kple eƒe nudzodzrowo nu va yina.”

5. Nu kae ate ŋu adzɔ ɖe ame siwo vuna ɖe kesinɔnuwo didi ŋu la dzi?

5 Satana ƒe didie nye be míanye kluviwo na Kesinɔnuwo ke menye na Yehowa o. (Mat. 6:24) Ame siwo vuna ɖe dɔ ŋu henɔa kɔ lim kesinɔnuwo la, taɖodzinu vavã aɖeke meva nɔa woƒe agbe ŋu o, dzi ɖena le wo ƒo eye wotsɔa vevesese geɖe ŋɔa wo ɖokuiwo flofloflo. Esi gavɔ̃ɖi wue nye be, woƒe xɔse me gbɔdzɔna. (1 Tim. 6:9, 10; Nyaɖ. 3:17) Ðeko wòsɔ kple nya si Yesu gblɔ le nukuwula ƒe lododoa me. Egblɔ be ne Fiaɖuƒegbedeasia ge “ɖe ŋùwo me” la, “nu bubuawo katã ƒe amedzodzro gena ɖe wo me hevuna tsyɔa nya la dzi, eye metsea ku o.”—Marko 4:14, 18, 19.

6. Nu kae míesrɔ̃ tso Baruk ƒe kpɔɖeŋua me?

6 De ŋugble le Baruk si nye nyagblɔɖila Yeremiya ƒe agbalẽŋlɔla ŋu kpɔ. Esi wòsusɔ vie woatsrɔ̃ Yerusalem abe ale si wogblɔe ɖi ene la, Baruk va nɔ “nu gãwo dim,” evɔ viɖe aɖeke mava nɔ nu mawo ŋu o. Ðe wòle be eƒe susu nanɔ ŋugbe si Yehowa do be, “mana wò agbe nazu aboyonu na wò” ŋu boŋ. (Yer. 45:1-5) Nyateƒeae nye be, Mawu makpɔ ame aɖeke ƒe nunɔamesiwo ta le du si tsrɔ̃ ge wogbɔna kpuie me o. (Yer. 20:5) Esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu te tu míawo hã alea la, menye fifiae wòle be míanɔ kɔ lim kesinɔnuwo ɖi na mía ɖokuiwo o. Mele be míable mía ɖokuiwo kura be woakpɔ míaƒe nunɔamesiwo hã ta le xaxa gã la me o, asixɔxɔ ka kee ɖale wo ŋu o.—Lod. 11:4; Mat. 24:21, 22; Luka 12:15.

7. Nu ka mee míadzro fifia, eye nu ka tae?

7 Yesu ɖo aɖaŋu nyui aɖe na mí le ale si míakpɔ míaƒe nuhiahiã veviwo gbɔ evɔ naneke mahe míaƒe susu loo, alo míazu ŋutilãmenudilawo, alo atsi dzimaɖi dzodzro o la ŋu. Eɖo aɖaŋu sia le Todzimawunya la me. (Mat. 6:19-21) Na míaxlẽ eƒe akpa si le Mateo 6:25-34 ne míadzro eme akpɔ. Ewɔwɔ alea ana míakpɔe be ele be ‘míadi Fiaɖuƒea’ ke menye xexemenuwo o.—Luka 12:31.

YEHOWA KPƆA AGBE ME NUHIAHIÃ VEVIWO GBƆ NA MÍ

8, 9. (a) Nu ka tae mele be míatsi dzimaɖi ɖe míaƒe nuhiahiãwo ŋu o? (b) Nu kae Yesu nya tso amegbetɔwo kple woƒe nuhiahiãwo ŋu?

8 Xlẽ Mateo 6:25. Esi Yesu gblɔ na eƒe nyaselawo be ‘woadzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe woƒe agbewo ŋu’ la, efia be woadzudzɔ fuɖeɖe na wo ɖokui. Wonɔ dzi tsim ɖe nu siwo ŋu mehiã be woatsi dzi ɖo o ŋu. Yesu gblɔ be woadzudzɔ, eye susu nyui aɖe tae. Dzimaɖitsitsi alo tamebubu fũu le nu siwo hiã ŋutɔŋutɔ gɔ̃ hã ŋu ate ŋu atɔtɔ ame alo ahe eƒe susu ɖa le gbɔgbɔmenuwo ŋu. Yesu tsɔ ɖe le eme na eƒe nusrɔ̃lawo ale gbegbe be wòxlɔ̃ nu wo tso afɔku sia ŋu zi ene kpee le eƒe nuƒo ma me.—Mat. 6:27, 28, 31, 34.

9 Nu ka tae Yesu gblɔ na mí be míadzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe nu si míaɖu, nu si míano alo nu si míado ŋu? Ðe menye míaƒe agbemenuhiahiã vevi aɖewoe nye esiawo oa? Tututu! Ne nu siawo mesu mía si o la, ɖe míatsi dzi godoo oa? Ɛ̃, míatsi dzi, eye Yesu hã nya esia. Enya nu siwo amewo hiãna gbe sia gbe. Gakpe ɖe eŋu la, enya be le ƒe alafa geɖe megbe la, yeƒe nusrɔ̃la siwo ava nɔ agbe le ‘ŋkeke mamlɛ siwo me nɔnɔ sesẽ’ me la, ato xaxa geɖewo me. (2 Tim. 3:1) Xaxa mawo ƒe ɖee nye dɔmakpɔwɔe, nuwo ƒe asixɔxɔ, nuɖuɖu ƒe veve kple ahedada kolikoli. Gake Yesu nyae hã be ‘agbe xɔ asi wu nuɖuɖu eye ŋutilãa xɔ asi wu nudodo.’

10. Esi Yesu nɔ gbedodoɖa fiam eyomedzelawo la, nu kae wògblɔ be woabia gbã?

10 Yesu fia eƒe nyaselawo le eƒe nuƒoa me be woado gbe ɖa na wo Fofo si le dziƒo abia woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo ale: “Na míaƒe abolo si asu mía nu egbe la mí.” (Mat. 6:11) Alo abe ale si wògagblɔe ɣebubuɣi ene be: “Na abolo si asu mía nu gbe sia gbe la mí.” (Luka 11:3) Gake aɖaŋuɖoɖo ma mefia be míaƒe nuhiahiãwo naxɔ susu me na mí o. Le kpɔɖeŋugbedodoɖa ma ke me la, nu gbãtɔ si Yesu gblɔ be woabiae nye be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava. (Mat. 6:10; Luka 11:2) Azɔ be Yesu nana eƒe nyaselawo ƒe susu nadze akɔ anyi la, eƒo nu tso ale si Yehowa kpɔa nu gbagbewo ƒe nuhiahiãwo gbɔe ŋu.

11, 12. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yehowa léa be na dziƒoxewo me? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

11 Xlẽ Mateo 6:26. Ele be ‘míalé ŋku ɖe dziƒoxewo ŋu.’ Ne xevi le sue gɔ̃ hã la, eɖua nu gbogbo aɖewo: atikutsetsewo, nukuwo, nudzodzoewo alo ŋɔviwo. Ne míetsɔ nu siwo xeviwo ɖuna sɔ kple woƒe lolome la, efia be woɖua nu wu amegbetɔwo. Ke hã womedea agble ƒãa nu hafi kpɔa nu ɖuna o. Yehowa ye naa nu siwo wohiã la wo. (Ps. 147:9) Gake mefia be ekea woƒe nu kɔa nuɖuɖua ɖe eme na wo o! Ele be woayi aɖadi nuɖuɖua, eye woakpɔe hã, le agbɔsɔsɔ me.

12 Le Yesu ƒe nya nu la, manya wɔ be Fofoa si le dziƒo nana nuɖuɖu xeviwo evɔ wòagblẽ amegbetɔwo ya ɖi o. [1] (1 Pet. 5:6, 7) Gake mekea míaƒe nu kɔa nuɖuɖua ɖe eme na mí o, ke boŋ eyrana ɖe agbagba siwo míedzena be míade agble alo awɔ dɔ akpɔ ga aƒle nu siwo míehiã gbe sia gbe la dzi. Ne míeɖo hiã me la, etea ŋu ʋãa amewo ƒe dzi be woanyo dɔme na mí. Togbɔ be Yesu meƒo nu tso ale si dziƒoxewo wɔna kpɔa mlɔƒe ŋu o hã la, Yehowa de ŋutetea kple aɖaŋua wo me hena nu siwo woazã atsɔ awɔ atɔ amlɔ eme la wo. Nenema kee Yehowa ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu be míakpɔ mlɔƒe na míaƒe ƒomea.

13. Nu kae ɖo kpe edzi be míexɔ asi wu xeviwo?

13 Yesu bia eƒe nyaselawo be: “Ðe miexɔ asi sãsãsã wu [dziƒoxewo] oa?” Yesu nya nyuie be yele yeƒe agbe tsɔ ge ana ɖe amegbetɔwo ta kpuie. (Tsɔe sɔ kple Luka 12:6, 7.) Kristo meku ɖe nu gbagbe bubu aɖeke ta wu amegbetɔwo o. Yesu meku ɖe dziƒoxewo ta o, ke boŋ míawo tae wòku ɖo, ale be míakpɔ agbe mavɔ.—Mat. 20:28.

14. Nu kae dzimaɖitsila mate ŋu awɔ akpɔ gbeɖe o?

14 Xlẽ Mateo 6:27. Nu ka tae Yesu gblɔ be ame si tsia dzimaɖi mate ŋu atsɔ abɔklugui ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔƒe ŋu o? Elabena dzitsitsi ɖe míaƒe nuhiahiãwo ŋu madzemadzee mana míanɔ agbe didi o. Ke boŋ hũɖeɖe ɖe dɔme ɖe wòtsoa míaƒe agbe dzi kaba.

15, 16. (a) Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yehowa léa be na dzogbenya siwo le gbedzi la me? (Gakpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nya kawoe wòanyo be míabia mía ɖokui, eye nu ka tae?

15 Xlẽ Mateo 6:28-30. Mía dometɔ kae madi be yeado awu nyuiwo, vevietɔ ne míele gome kpɔm le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me alo yina kpekpewo alo takpekpewo o? Ke ema tae wòle be ‘míatsi dzimaɖi ɖe nudodo ŋutia?’ Yesu gatrɔ míaƒe susu ɖe Yehowa ƒe asinudɔwo ŋu. Egblɔ be míasrɔ̃ nu tso ale si “dzogbenya siwo le gbedzi” tsinae ŋu. Seƒoƒo dzeani vovovo siwo le abe dzogbenya ene lae anya nɔ susu me na Yesu. Seƒoƒo siawo metrea ɖeti, tɔa awu alo lɔ̃a avɔ o. Gake wonya kpɔ eteƒe mekɔ o! Wonya kpɔ ale gbegbe be, “le Salomo ƒe ŋutikɔkɔe la katã me gɔ̃ hã la, meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o”!

16 Nɔvi, bu Yesu ƒe nya siawo ŋu nyuie: “Ne Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe si le gbe me . . . la, ɖe maɖo atsyɔ̃ na miawo ya geɖe wu oa?” Awɔe godoo! Gake Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo nye “xɔseʋɛtɔwo.” (Mat. 8:26; 14:31; 16:8; 17:20) Wohiã xɔse geɖe, eye ele be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Ke míawo ya ɖe? Ðe míeka ɖe edzi vevie be Yehowa le klalo be yeakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye ate ŋu awɔea?

17. Nu kae ate ŋu agblẽ mía kple Yehowa dome?

17 Xlẽ Mateo 6:31, 32. Mele be míasrɔ̃ “dukɔwo” o, elabe womexɔ mía Fofo lɔlɔ̃a si le dziƒo, ame si léa be na esubɔla siwo katã tsɔa eƒe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le agbe me la dzi se ŋutɔŋutɔ o. Ðeko agbagbadzedze be míali kɔ ‘nu siwo katã yome dukɔwo tina vevie’ ɖi la agblẽ mía kple Yehowa dome. ‘Banamee wobana na.’ Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be, ne míetsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me la, Yehowa hã mate nu nyui aɖeke mí o. Míaƒe “ɖokuitsɔtsɔ na Mawu” neʋã mí be “nuɖuɖu kple nudodo” si le mía si nadze mía ŋu.—1 Tim. 6:6-8.

ÐE MAWU FIAÐUƑEA XƆ NƆƑE GBÃTƆ LE WÒ AGBE MEA?

18. Nu kae Yehowa nya tso mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, eye nu kae wòawɔ na mí?

18 Xlẽ Mateo 6:33. Ele be Fiaɖuƒea naxɔ nɔƒe gbãtɔ le Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ƒe agbe me. Ne míewɔe la, “woatsɔ nu bubu siawo katã akpe ɖe eŋuti” na mí abe ale si Yesu gblɔe ene. Nu kae na wògblɔ nya ma? Eɖe eme le kpukpui si do ŋgɔ me be: “Mia Fofo si le dziƒo la nyae be nu siawo katã hiã mi.” Nu siwo Yesu wɔnɛ ye nye míaƒe agbemenuhiahiãwo. Yehowa ate ŋu anya nuɖuɖu, awudodo kple mlɔƒe si mía dometɔ ɖe sia ɖe hiã la do ŋgɔ na míawo ŋutɔwo gɔ̃ hã. (Flp. 4:19) Enya míaƒe awu siwo le vuvu ge kpuie. Eye nuɖuɖu si tututu míehiã egbea kple teƒe si asu na míaƒe ƒomea be míaziɔ ta ɖo la katã le nyanya nɛ. Ɛ̃, Yehowa akpɔ egbɔ be nu siwo míehiã ŋutɔŋutɔ nasu mía si.

19. Nu ka tae mele be míatsi dzimaɖi ɖe etsɔ si gbɔna ŋu o?

19 Xlẽ Mateo 6:34. Esiae nye zi evelia si Yesu gblɔ be, “migatsi dzimaɖi gbeɖe” o. Edi be míabu ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe nuhiahiã ko ŋu ahaka ɖe edzi be Yehowa ado alɔ mí. Ne míetsia dzimaɖi ɖe etsɔ si gbɔna ŋu la, efia be míele ŋu ɖom ɖe mía ɖokuiwo ŋu ke menye ɖe Mawu ŋu o, eye ema ate ŋu agblẽ mía kple Yehowa ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me.—Lod. 3:5, 6; Flp. 4:6, 7.

DI FIAÐUƑEA GBÃ, EYE YEHOWA ATSƆ NU BUBUAWO AKPEE NA WÒ

Ðe nàte ŋu anɔ agbe tsɛ be nàti Fiaɖuƒea ƒe nuwo yome geɖe wua? (Kpɔ memama 20)

20. (a) Taɖodzinu kae nàte ŋu aɖo le Yehowa subɔsubɔ me? (b) Nu kae nàwɔ be nànɔ agbe tsɛ?

20 Susu mele eme be míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo asa vɔ ɖe ŋutilãmenuwo ta o. Ke boŋ ele be míatsɔ míaƒe nu nyuitɔwo ana Yehowa. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàte ŋu aʋu ayi hame aɖe si me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu mea? Ðe nàte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa? Ne gbesiagbe mɔɖelae nènye la, ɖe nède ŋugble le Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua dede ŋua? Ðe nàte ŋu ayi aɖanɔ asi kpem ɖe dɔ ŋu le Betel alo gbegɔmeɖedɔwɔƒe si mele alɔdzedɔwɔƒea o ŋkeke aɖewoa? Ðe nàte ŋu anɔ asi kpem ɖe Dukɔa Me Xɔtudɔwo abe Fiaɖuƒe Akpata tutudɔwo ene ŋu ŋkeke aɖewoa? Bu mɔ siwo dzi nàto aɖe wò gazazãwo dzi kpɔtɔ be nàƒo ɖokuiwò ɖe Fiaɖuƒedɔwo me geɖe wu la ŋu. Do gbe ɖa nàde ŋugble le aɖaka si nye “ Ale Si Nànɔ Agbe Tsɛ” ŋu, eye nàɖe zɔ be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ.

21. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Yehowa ŋu?

21 Susu nyui aɖe tae Yesu fia mí be míadi Fiaɖuƒea, ke menye xexemenuwo o. Ne míele esia wɔm la, mele be míatsi dzimaɖi ɖe míaƒe nuhiahiãwo ŋu gbeɖe o. Ne míedi be míate ɖe Yehowa ŋu ahaɖo ŋu ɖe eŋu la, ke mele be míanɔ nu sia nu si dzro mí la yome, alo anɔ nu sia nu si xexea to vɛ la ƒlem o, ne ga le mía si gɔ̃ hã. Ne míenɔa agbe tsɛ fifia la, akpe ɖe mía ŋu míaƒe “asi nasu agbe vavã” si gbɔna dzi.—1 Tim. 6:19.

^ [1] (memama 12) Be nàse nu si tae Yehowa ɖea mɔ ɣeaɖewoɣi be dɔ nawu Kristotɔ alo makpɔ nuɖuɖu si asu nɛ o gɔme la, kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le September 15, 2014 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 22.