Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wò Awudodo Dea Bubu Mawu Ŋua?

Ðe Wò Awudodo Dea Bubu Mawu Ŋua?

“Miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.”—1 KOR. 10:31.

HADZIDZI: 34, 61

1, 2. Nu ka tae Yehowa Ðasefowo doa awu ɖe nɔnɔme nyui me? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

ESI Holandgbe me nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe nɔ nya ta kam le sɔlemehakplɔlawo ƒe kpekpe aɖe ŋu la, egblɔ be: “Àkpɔe be hakplɔlaawo do awu ɖewoɖewoe, vevietɔ ne dzodzo li.” Egblɔ yi edzi be: “Mele alea le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpewo me o. . . . Ŋutsuwo kple ŋutsuviwo do kotu hebla taya, eye nyɔnuwo kple nyɔnuviwo do awu siwo didi nyuie, gake henye egbegbe ƒe atsyãwo.” Le nyateƒe me la, wokafua Yehowa Ðasefowo zi geɖe ɖe ale si ‘wodoa awu si ŋu bubu le, le ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo me . . . abe ale si wòdze [ame] siwo vɔ̃a Mawu la ene’ ta. (1 Tim. 2:9, 10, etenuŋɔŋlɔ) Nyɔnuwoe apostolo Paulo nɔ nu ƒom na, gake mɔfiame vevi siawo yi na ŋutsu Kristotɔwo hã.

2 Awudodo ɖe nɔnɔme nyui me le vevie na mí Yehowa ƒe amewo kple Mawu si míesubɔna siaa. (1 Mose 3:21) Nya siwo Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso awudodo kple dzadzraɖo ŋu na wòdze ƒãa be xexea katã ƒe Dziɖulagã la ɖo awudodo ƒe dzidzenu nyuiwo ɖi na esubɔla vavãwo. Eya ta menye awu siwo dze mía ŋu ye míado o. Ke boŋ ele be míakpɔ egbɔ be edze Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ŋu.

3. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso awudodo ŋu le Se si Mawu de na Israel-viwo me?

3 Mawu de sewo na Israel-viwo siwo kpɔ wo ta tso agbe ƒaƒã siwo dukɔ siwo ƒo xlã wo nɔna me. Sea ɖee fia be Yehowa tsri awudodo siwo menaa vovototo si le ŋutsu kple nyɔnu dome dzena nyuie o, abe awu siwo ŋu wogblɔna le egbea be wonye ŋutsuwu ganye nyɔnuwu hã ene. (Xlẽ 5 Mose 22:5.) Mawu ƒe mɔfiamewo me kɔ, ena míekpɔe be Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe awu siwo nana ŋutsuwo ɖia nyɔnuwo eye nyɔnuwo ɖia ŋutsuwo, alo esiwo nana wòsesẽna be woanya ne amea nye ŋutsu alo nyɔnu la ŋu o.

4. Nu kae akpe ɖe Kristotɔ ŋu wòatso nya me nyuie le awudodo ŋu?

4 Mɔfiame geɖewo le Mawu ƒe Nya la me siwo akpe ɖe Kristotɔ ŋu wòatso nya me nyuie le awudodo ŋu. Ele alea metsɔ le dukɔ si me wòle, eƒe dekɔnu alo yame ƒe nɔnɔme me o. Mehiã be woaŋlɔ awu ƒe atsyã siwo sɔ kple esiwo mesɔ o la katã ɖe agbalẽ me na mí o. Ke boŋ Ŋɔŋlɔawo kpena ɖe mía ŋu be míatia awu si míedi be míado. Eya ta na míadzro Biblia me mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo” la adze sii ne míele nya me tsom le awu si míado ŋu la me kpɔ.—Rom. 12:1, 2.

‘MÍEÐEA MÍA ÐOKUI FIANA BE MÍENYE MAWU SUBƆLAWO’

5, 6. Ŋusẽ kae wòle be míaƒe awudodo nakpɔ ɖe amewo dzi?

5 Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòte gbe ɖe mɔfiame vevi si le 2 Korintotɔwo 6:4 dzi. (Xlẽe.) Míaƒe dzedzeme gblɔa nya geɖe tso mía ŋu. Enaa amewo bua susu vovovowo ɖe mía ŋu, elabe ‘nu si le dzedzem ye amegbetɔ kpɔna.’ (1 Sam. 16:7) Esi míenye mawusubɔlawo ta la, mele be míaƒe awudodo nanye nu sia nu si sɔ na mí la dodo ko o. Mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nya la me aʋã mí be míagado awu miamia kpaɖii siwo me ametia dzena le alo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me o. Esia fia be míatsri awu siwo ahe amewo ƒe susu ayi míaƒe vidzinuwo dzi tẽe. Mele be awu si míedo natɔ ŋku na ame aɖeke alo ana wòade vovo ge le eɖokui me do kpoe o.

6 Ne míedo awu siwo le dzadzɛ, siwo sɔ hele nɔnɔme nyui me eye míedzra ɖo nyuie la, ana amewo nade bubu mía ŋu eye woakpɔe be míenye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa subɔlawo. Esia ate wo ɖe Mawu si subɔm míele la ŋu. Azɔ hã ne míedzra ɖo nyuie la, aƒo nu nyui tso habɔbɔa ŋu. Awɔe be amewo nadi be yewoaɖo to agbenya si míetsɔ vɛ na yewo la.

7, 8. Ɣeyiɣi kawoe wòle vevie be míado awu siwo sɔ?

7 Mía Mawu kɔkɔe la kple mía nɔviwo kpakple míaƒe anyigbamamaa me tɔwo siaa kpɔa mɔ be míaƒe dzadzraɖo nasɔ. Eya ta ele be míaƒe awudodo nade bubu Yehowa kple gbedeasi si míeɖea gbeƒãe ŋu. (Rom. 13:8-10) Vevietɔ ne míele Kristotɔwo ƒe dɔ vovovowo wɔm, abe ne míeyina kpekpeawo alo gbeadzi ene. Ele be míaɖo atsyɔ̃ “abe ale si wòdze [ame] siwo vɔ̃a Mawu la ene.” (1 Tim. 2:10) Enye nyateƒe be awu si asɔ be míado le teƒe aɖe masɔ le teƒe bubu o. Eya ta Yehowa ƒe ame siwo le afi sia afi bua wo gbɔ dekɔnuwo ŋu ale be woagaɖia amewo nu o.

Ðe wò awudodo nana amewo dea bubu Mawu si nèsubɔna ŋua? (Kpɔ memama 7, 8)

8 Xlẽ 1 Korintotɔwo 10:31. Ne míeyina takpekpe suewo kple gãwo la, ele be míado awu ɖe nɔnɔme nyui me ke menye esiwo ƒe atsyã ɖea xexea ƒe gbɔgbɔ fiana o. Ne míeyina míaƒe dzeƒewo, alo ne takpekpea wu enu míetrɔ yina aƒe, alo ne míele tsa ɖim le kpakpã megbe la, mele be míado awu abe aƒe mee míele ene o. Esia ana wòanye dzidzɔ na mí be míaɖe mía ɖokui afia amewo be míenye Yehowa Ðasefowo. Eye wòana míaɖi vomeɖase na amewo bɔbɔe.

9, 10. Nu ka tae wòle be míabu Filipitɔwo 2:4 ŋu ne míele awu si míado tiam?

9 Xlẽ Filipitɔwo 2:4. Nu ka tae wòle be mí Kristotɔwo míabu mía nɔviwo ŋu ne míele awu si míado tiam. Susu ɖekae nye be, Mawu ƒe amewo kua kutri vevie wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Miwu miaƒe ŋutinu siwo le anyigba dzi, le gbɔdɔdɔ manɔsenu, makɔmakɔnyenye [kple] gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃” gome. (Kol. 3:2, 5) Míadi gbeɖe be míana aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ nasesẽ na mía nɔviwo o. Anɔ eme be nɔvi siwo ʋli vevie ɖu gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe dzodzrowo dzi la kpɔtɔ le avu wɔm be yewoayi edzi alé agbe dzadzɛ nɔnɔ me ɖe asi. (1 Kor. 6:9, 10) Eya ta míadi gbeɖe be míawɔ naneke si ana avuwɔwɔa nasesẽ ɖe edzi na wo o.

10 Ɣesiaɣi si míele haxɔsetɔwo dome la, anyo be míaƒe dzadzraɖo nado agbe nyui nɔnɔ ɖe ŋgɔ. Ele be wòanɔ alea míeɖale hame ƒe kpekpe alo míeƒo ƒu le modzaka ɖem o. Míekpɔ mɔ atso nya me le awu si míado ŋu. Ke hã, agba le mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi be wòado awu si ana mía nɔviwo nayi edzi anɔ agbe nyui ahanɔ kɔkɔe le susu, nuƒoƒo kple nuwɔna me abe ale si Mawu di tso mía si ene. (1 Pet. 1:15, 16) Lɔlɔ̃ vavã “mewɔa nu si medze o, media eya ŋutɔ tɔ o.”—1 Kor. 13:4, 5.

AWU SI SƆ ÐE TEƑEA KPLE WƆNAA NU

11, 12. Nu kawo ŋue wòle be míabu ne míele awu si míado tiam?

11 Ne Mawu subɔlawo le nya me tsom le awu si woado ŋu la, woɖoa ŋku edzi be “ɣeyiɣi li na nu sia nu kple dɔ sia dɔ.” (Nyagb. 3:1, 17) Enye nyateƒe be yame ƒe nɔnɔme kple ƒea ƒe ɣeyiɣiwo, abe dzomeŋɔli alo vuvɔŋɔli ene, kpɔa ŋusẽ ɖe ale si míedoa awui dzi. Eye míaƒe ganyawo kple nɔnɔmewo hã kpɔa ŋusẽ ɖe edzi. Gake xexea me ɖaxɔ dzo alo fa o, Yehowa ƒe nudidiwo ya metrɔna o.—Mal. 3:6.

12 Ne xexea me xɔ dzo la, ate ŋu asesẽ na mí be míado awu siwo tri nyuie siwo ŋu bubu le kple esiwo ɖe ameŋububu fia. Gake ne míetsri awu siwo lolo akpa kple esiwo mia mí kpaɖii siwo ana míaƒe teƒeteƒewo nanɔ dzedzem dodo la, edzea mía nɔviwo ŋu. (Hiob 31:1) Azɔ hã ne míele modzaka ɖem le ƒuta alo le tsiƒuƒe la, ele vevie be tsiƒuwu si míado nasɔ. (Lod. 11:2, 20) Ne dzimaxɔsetɔ geɖewo doa tsiƒuwu siwo nana woƒe teƒeteƒewo nɔa dzedzem ŋumakpemakpetɔe le ƒuta hã la, mí Yehowa subɔlawo ya míetsia dzi ɖe bubudede mía Mawu kɔkɔe si míelɔ̃ vevie ŋu ŋuti.

13. Nu ka tae wòle be aɖaŋuɖoɖo si le 1 Korintotɔwo 10:32, 33 nafia mɔ mí le míaƒe awudodowo me?

13 Mɔfiame vevi bubu aɖe gali si akpe ɖe mía ŋu míatia awu siwo sɔ. Eyae nye be míabu mía nɔvi xɔsetɔwo kple egodotɔwo siaa ƒe dzitsinya ŋu. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 10:32, 33.) Agba le mía dzi be míatsri awu siwo aɖia amewo nu la dodo. Paulo gblɔ be: “Mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nadze ehavi ŋu hena eƒe nyonyo, be wòatui ɖo.” Egblɔ susu si tae la kpee be: “Elabena Kristo la gɔ̃ hã medze eɖokui ŋu o.” (Rom. 15:2, 3) Kpekpe ɖe amewo ŋu nɔ vevie na Yesu wu eya ŋutɔ ƒe didiwo. Edi vevie be yeawɔ nu si adze Mawu ŋu. Eya ta ele be míawo hã míatsri awu ƒe atsyã siwo dzɔa dzi na mí gake awɔe be amewo naɖe to ɖa le nya nyuia ŋu.

14. Aleke dzilawo akpe ɖe wo viwo ŋu be woatia awu siwo ade bubu Mawu ŋu?

14 Wobia tso dzila Kristotɔwo si be woafia wo viwo be woawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi. Esia bia be woakpɔ egbɔ be wo kple wo viwo ƒe awudodo kple dzadzraɖo nado dzidzɔ na Mawu ƒe dzi. (Lod. 22:6; 27:11) Ne dzilawo ɖoa kpɔɖeŋu nyui na wo viwo hefiaa mɔ wo le lɔlɔ̃ me la, ana woade bubu Mawu kɔkɔe si subɔm míele la ŋu. Anyo ŋutɔ be dzilawo nafia wo viwo afi si woakpɔ awu siwo sɔ aƒle le! Esia fia be menye nu si míawo míedi ye le vevie o, ke boŋ awu si dea bubu Yehowa Mawu si subɔm míele ŋu lae.

WƆ WÒ TIATIAWƆBLƆÐEA ŊU DƆ NYUIE

15. Nu kae afia mɔ mí le awu siwo sɔ tiatia me?

15 Mɔfiame siwo sɔ na agbenɔnɔ la le Mawu ƒe Nya la me, siwo akpe ɖe mía ŋu be míaƒe tiatiawo nahe kafukafu vɛ na Mawu. Ame sia ame kple awu si tɔgbi wòdi. Nu siwo dzɔa dzi na mí le vovovo, eye míaƒe ganyawo hã to vovo. Ke hã ele be mí katã míaƒe awudodo nanɔ dzadzɛ, wòada asɔ, wòasɔ ɖe wɔnaa nu, eye bubu nanɔ eŋu le nutoa me tɔwo ŋkume.

16. Nu ka tae wòanyo be míaku kutri vevie adi awu siwo sɔ?

16 Míalɔ̃ ɖe edzi be menye ɣesiaɣie wònɔa bɔbɔe na mí be míatso nya me nyuie, le ŋuɖɔɖo me ahabu nu sia nu ŋu do ŋgɔ o. Awu siwo le tsia dzi ye yɔ fiase gã geɖewo me, eya ta ate ŋu abia ɣeyiɣi kple kutrikuku geɖe hafi míake ɖe awu siwo sɔ, abe nyɔnuwo ƒe skɛt (jupe) kple woƒe dziwuiwo, alo kotu kple atawui siwo memiaa ame kpaɖii o ene ŋu. Gake haxɔsetɔwo ade dzesii ne míedzea agbagba ƒlea alo tɔa awu siwo sɔ, eye esia dzea wo ŋu. Nu si ko dim míelee nye be míade bubu mía Fofo lɔlɔ̃a si le dziƒo ŋu. Eya ta fu vi si míakpe hafi akpɔ awu siwo hea kafukafu vɛ nɛ la mave mí akpɔ o.

17. Nu kae afia ne nɔviŋutsu aɖo ge alo maɖoe o?

17 Ke ɖe wòsɔ be nɔviŋutsuwo naɖo gea? Mose ƒe Sea ɖe mɔ na ŋutsuwo be woaɖo ge. Gake mí Kristotɔwo míele Mose ƒe Sea te o, eye womebia tso mía si be míawɔ ɖe edzi o. (3 Mose 19:27; 21:5; Gal. 3:24, 25) Le dukɔ aɖewo me la, enye kɔnu be ŋutsuwo naɖo ge ahafɔ edzi nyuie wòanya kpɔ, eye esia mehea afi ma tɔwo ƒe susu ɖa kura le Fiaɖuƒegbedeasia dzi o. Le teƒe mawo la, hamemetsitsi kple subɔsubɔdɔwɔla aɖewo hã tea ŋu ɖoa ge faa. Ke hã nɔviŋutsu aɖewo siwo le afi ma tiae be yewomaɖo ge o. (1 Kor. 8:9, 13; 10:32) Le dukɔ alo nuto aɖewo me la, menye kɔnu wònye be woaɖo ge o, eya ta womebunɛ be esɔ na Kristotɔ siwo le afi ma o. Esia ta ne nɔviŋutsu aɖe ɖo ge le nuto mawo me la, eƒe dzadzraɖo manye kafukafu na Mawu o, eye ana mokaka nava nɔ eŋu.—Rom. 15:1-3; 1 Tim. 3:2, 7.

18, 19. Aleke Mika 6:8 akpe ɖe mía ŋu esi míele agbagba dzem be míaƒe awudodo nadze Mawu ŋu?

18 Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be Yehowa meŋlɔ awu siwo tɔgbi sɔ míado la ŋuti se gbogbowo ɖi na mí o. Ke boŋ ena ablɔɖe mí be míanɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo dzi atso nya me nyuie. Eya ta míate ŋu ato míaƒe awudodo kple dzadzraɖo dzi aɖee afia be míedi be ‘míabɔbɔ mía ɖokuiwo ɖe anyi ahazɔ kple Mawu!’—Mika 6:8.

19 Ðokuibɔbɔ bia be míadzro mía ɖokuiwo me akpɔ be míaƒe didiwo sɔ ɖe Yehowa ƒe kɔkɔenyenye ƒe nudidiwo nu mahã, elabena eyae nye ame si afia mɔ nyuitɔ mí. Eye ɖokuibɔbɔ bia hã be míade bubu amewo ƒe seselelãme kple nuŋububuwo ŋu. Ɛ̃, ‘míebɔbɔa mía ɖokuiwo ɖe anyi hezɔna kple Mawu’ ne míena míaƒe nuwɔna kple agbenɔnɔ sɔ ɖe eƒe nudidi deŋgɔwo nu eye míedea bubu amewo ƒe dzitsinya ŋu.

20. Ŋusẽ kae wòle be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nakpɔ ɖe amewo dzi?

20 Ele be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nana wòadze ƒãa na ame sia ame be Yehowa subɔlawoe míenye. Azɔ hã ele be mía nɔviwo kple ame siwo menye Ðasefowo o siaa nade dzesii be míewɔna ɖe Mawu dzɔdzɔetɔ la ƒe mɔfiamewo dzi pɛpɛpɛ. Eƒe nudidiwo de ŋgɔ, eye enyea dzidzɔ na mí be míadze agbagba ɖe sia ɖe aɖo wo gbɔ. Míele mi nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒe awudodo kple agbenɔnɔ nyuiwo hea dzianukwaretɔwo ɖe Biblia ƒe gbedeasi si naa agbe ŋu la kafum vevie, elabena esia nyea kafukafu kple dzidzɔ na Yehowa. Mina mí katã míayi edzi atia míaƒe awudodowo nyuie be wòade bubu Mawu, Ame si ta “gãnyenye kple atsyɔ̃” ŋu ɖaa.—Ps. 104:1, 2.